INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 4/15 axa 19-22
  • Naḥmanides—Kristotɔnyenyee Wòbe Menyo Oa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Naḥmanides—Kristotɔnyenyee Wòbe Menyo Oa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nukae Fɔ Nyaʋiʋlia Ðe Te?
  • Nukata Wotia Naḥmanides?
  • Naḥmanides Kple Pablo Christiani
  • Afikae Nyateƒea Le?
  • Yuda-subɔsubɔ—Mawu Didi le Ŋɔŋlɔ Kple Xotutu Me
    Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee
  • Nukae Nye Talmud La?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Maimonides—Amesi trɔ Yuda-subɔsubɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Biblia Gɔmeɖeɖe Si Trɔ Xexeame
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 4/15 axa 19-22

Naḥmanides—Kristotɔnyenyee Wòbe Menyo Oa?

TITINAƔEYIƔIWO. Nukawo dzie wohea susu yinɛ? Atitsogaʋawoa? Ŋutasẽʋɔnuwoa? Funyafunyawɔamea? Togbɔ be menye ɣeyiɣi si me wowɔ mawusubɔsubɔ numedzodzrowo le zi geɖe o hã la, le ƒe 1263 me la, Yudatɔwo kple Kristotɔwo dome nyaʋiʋli siwo ɖe dzesi wu dometɔ ɖeka yi edzi le Europa ƒe ŋutinya me ɣemaɣi. Amekawoe ʋli nyaa? Nya kawoe wofɔ ɖe te? Aleke wòate ŋu akpe ɖe mía ŋu egbea míade dzesi subɔsubɔha vavãtɔe?

Nukae Fɔ Nyaʋiʋlia Ðe Te?

Le Titinaɣeyiɣiawo katã me la, Roma Katolikoha la gblɔ be yewoe nye subɔsubɔha vavãtɔ. Gake Yudatɔwo hã gblɔna kokoko be yewoe nye Mawu ƒe ametiatiawo. Alesi sɔlemeha la mete ŋu na Yudatɔwo kpɔe be ehiã be yewoatrɔ dzime o la he dziɖeleameƒo kple zi geɖe la ŋutasesẽ kple yometiti vɛ. Wowu Yudatɔ akpe blananewo le Atitsogaʋawo me alo wotɔ dzo wo ɖe ati ŋuti esi wotsɔ mawutsideta kple ku ɖo wo ŋkume be woatia ɖeka. Sɔlemeha la na wolé fu Yudatɔwo vevie le dukɔ geɖe me.

Gake amewo ƒe nuwɔna to vovo le Spain si Katolikoha kpɔ ŋusẽ ɖo le ƒe alafa 12 kple 13 lia me. Wona subɔsubɔblɔɖe Yudatɔwo—ne womenyatso ɖe Kristotɔwo ƒe xɔse ŋu o ko—eye woɖo wo ɖoƒe veviwo le fiasã me gɔ̃ hã. Gake esi wove wo nu nenema anye ƒe alafa ɖeka megbe la, Dominik-nunɔlawo wɔ afɔɖeɖe aɖewo be woatsɔ aɖe Yudatɔwo ƒe ŋusẽ dzi akpɔtɔ ahana Yudatɔwo nazu Katolikotɔwo. Dominiktɔwo ƒo nya ɖe Aragon-fia James I nu vevie be wòayɔ nyaʋlitakpekpe kple susu be woada Yuda-subɔsubɔ ɖe anyi ahaɖee afia be ehiã be Yudatɔwo katã natrɔ dzime.

Menye esiae nye Yudatɔwo kple Kristotɔwo dome nyaʋiʋli gbãtɔ o. Le ƒe 1240 me la, dziɖuɖua na woʋli nya le Paris, France. Susu vevi si ta woʋli nya lae nye be woado Talmud si nye agbalẽ kɔkɔe na Yudatɔwo akpɔ. Gake womeɖe mɔ na Yudatɔ siwo de woƒo nu fũ o. Esi sɔlemeha la gblɔ be yewoe ɖu dzi le nyaʋiʋli sia me vɔ megbe la, wotɔ dzo Talmud gbogbo aɖewo le ablɔdzi.

Gake Aragon-fia James I ƒe mɔɖeɖeɖenuŋu melɔ̃ ɖe fewuɖuɖu ma dzi o. Esi Dominiktɔwo kpɔe alea ta la, wogaɖe afɔ bubu. Abe alesi Hyam Maccoby gblɔ ɖe eƒe agbalẽ si nye Judaism on Trial me ene la, woyɔ Yudatɔwo ɖe nyaʋlitakpekpe me eye “wobua wɔe wònye nudzeamewɔwɔ kple amenubeble, ke menye fɔbuame abe alesi wònɔ le Paris ene o.” Dominiktɔwo tia Pablo Christiani si nye Yudatɔ si trɔ zu Katolikotɔ eye wòzu Dominiktɔwo ƒe nunɔla la koŋ be wòanɔ yewo teƒe. Pablo Christiani ƒe Talmud kple rabiwo ƒe nuŋɔŋlɔawo nyanya nyuie na Dominikɔtwo ka ɖe edzi be yewoaɖo kpe yewoƒe nyawo dzi.

Nukata Wotia Naḥmanides?

Ame ɖeka koe nɔ Spain si sẽ ŋu le gbɔgbɔ me anɔ Yudatɔwo teƒe le nyaʋiʋlia me—eyae nye Moses ben Naḥman alo Naḥmanides.a Wodzi Naḥmanides le ƒe 1194 me lɔƒo le Gerona-dua me eye eɖee fia xoxoxo le eƒe ƒewuiwo me be yenya Biblia kple Talmud nyuie. Kaka wòaxɔ ƒe 30 la, eŋlɔ numeɖegbalẽwo le Talmud ƒe akpa gãtɔ ŋu eye emegbe kpuie la, eyae nye nyanuɖela kɔkɔtɔ nɔ nyahehe si fɔ ɖe te le Maimonides ƒe nuŋɔŋlɔwo ŋu si de Yudatɔwo dome mã ge la nu.b Wobua Naḥmanides be eyae nye Yudatɔwo ƒe Biblia kple Talmud nyala gãtɔ le eƒe dzidzimea me, eye ɖewohĩ eyae kplɔ Maimonides ɖo le ŋusẽkpɔkpɔ ɖe Yuda-subɔsubɔ dzi me ɣemaɣi.

Naḥmanides kpɔ ŋusẽ ɖe Yudatɔwo dzi le Catalonia ale gbegbe, eye Fia James I gɔ̃ hã tsɔa Dziɖuɖunya vovovowo va ɖoa eŋkume. Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔlawo siaa dea bubu eŋu le susu ɖaɖɛ si nɔ esi ta. Dominiktɔwo kpɔe be hafi yewoaɖi gbɔ Yudatɔwo keŋkeŋ la, eya si nye woƒe rabi kɔkɔtɔe le be wòava ʋli nya la.

Naḥmanides medi be yealɔ̃ ɖe nyaʋiʋlia dzi o elabena ekpɔe be Dominiktɔwo ƒe nya anye amedzidede. Wobe woabia nyawoe wòaɖo wo ŋu gake eya mabia ɖeke o. Gake ebia fia la be wòaɖe mɔ na ye yeaƒo nu faa le yeƒe nyaŋuɖoɖowo me. Fia James I lɔ̃ ɖe edzi. Womena nuƒoblɔɖe sue ma ame aɖeke kpɔ do ŋgɔ o eye womegana ame aɖeke emegbe le Titinaɣeyiɣiawo katã me o, si na wòdze kɔte be fia la dea bubu Naḥmanides ŋu ŋutɔ. Gake Naḥmanides ganɔ vɔvɔ̃m kokoko. Ne wobu be etsi tre ɖe yewo ŋu vevie le nyaʋiʋlia me la, azu afɔku gã aɖe na eya kple Yudatɔwo katã. Ʋunyaʋunya ate ŋu adzɔ zi ɖeka kpata.

Naḥmanides Kple Pablo Christiani

Nyaʋliƒea ŋutɔe nye fiasã me le Barcelona. Zi ene ye wowɔ kpekpea—July 20, 23, 26, kple 27, 1263. Fia la ŋutɔe nɔ zime na kpekpe ɖesiaɖe, Sɔlememegã kple Dziɖuɖumegã vovovowo kpakple Yudatɔ siwo nɔ nutoa me hã va.

Sɔlemeha la nya alesi nyaʋiʋlia ayi. Dominiktɔwo gblɔ susu si le nyaʋiʋlia ŋu le woƒe nuŋlɔɖi me be ‘menye be woaʋli nya le xɔse la ŋu abe ɖe ɖikeke le eŋu ene o, ke bene woatsrɔ̃ Yudatɔwo ƒe vodadawo ahaɖe xɔse sẽŋu si nɔ Yudatɔ geɖe si hã ɖa.’

Togbɔ be esusɔ vie Naḥmanides naxɔ ƒe 70 ɣemaɣi hã la, eɖe eƒe tamebubuŋutete ɖaɖɛ la fia esi wòbe yewoadzro nya veviwo ɖeɖeko me. Edze egɔme be: “Nyaʋiʋli siwo nɔ trɔ̃subɔlawo kple Yudatɔwo dome [tsã] la ku ɖe subɔsubɔkɔnu vovovowo ŋu si dzi xɔse ƒe gɔmeɖose veviwo menɔ te ɖo o. Gake le ʋɔnu gã sia me la, nya siwo tsɔ nyahehe bliboa vɛ ŋu koe medi be maʋli nya le.” Eyata wolɔ̃ ɖe edzi azɔ be nyati siwo me yewoadzro koe nye be yewoanya nenye be Mesia la va xoxo, nenye be Mawue wònye alo amegbetɔe, kple nenye be Yudatɔwo alo Kristotɔwo sie se vavãtɔ le.

Pablo Christiani dze eƒe nyaʋiʋlia gɔme be yeaɖo kpe edzi tso Talmud la me be Mesia la va xoxo. Naḥmanides xɔ edzi be ne nenemae la, ke nukatae rabi siwo xɔ Talmud la mexɔ Yesu o? Le esi teƒe be Christiani natsɔ Ŋɔŋlɔawo me nya siwo me kɔ aɖe nu mee la, rabiwo ƒe nuŋɔŋlɔ siwo me mekɔ o lae wòyɔ zi geɖe tsɔ ɖo kpe eƒe nyawo dzii. Naḥmanides gbe nya siawo ɖekaɖeka be menye gɔmesese mae le rabiawo ƒe nyawo ŋu o. Susu le eme be Naḥmanides ɖee fia be yesu te wu sã aʋli nya le nuŋɔŋlɔ siawo siwo yetsɔ yeƒe agbenɔƒewo katã srɔ̃ la ŋu. Ne Christiani yɔ Ŋɔŋlɔ aɖe hã la, wote ŋu gbena bɔbɔe be eƒe nyawo mele eme o.

Togbɔ be biabiawo ŋu koe wobe Naḥmanides naɖo hã la, ete ŋu he nya vevie si fia nusita Yudatɔwo kple ame butame bubuwo maxɔ Katolikoha ƒe subɔsubɔ o. Egblɔ le Triniti ƒe nufiafia ŋu be: “Yudatɔ alo amegbetɔ aɖeke ƒe susu maɖe mɔ nɛ be wòaxɔe ase be dziƒo kple anyigba Wɔla la . . . Yuda-nyɔnu aɖee dzii . . . eye emegbe wotsɔe de eƒe futɔwo si me . . . wowu o.” Naḥmanides gblɔ kpuie ko be: “[Ame] butame aɖeke malɔ̃ ɖe nusi dzi miexɔ se—si dzi mietu miaƒe xɔse ɖo—dzi o.”

Naḥmanides tɔ asi nuwɔna si mesɔ kple woƒe nyagbɔgblɔ o, si na Yudatɔ geɖe mesusui gɔ̃ hã vaseɖe egbea be ɖewohĩ Yesue nye Mesia la o dzi, eye wòte gbe ɖe sɔlemeha la ƒe ʋufɔɖiɖi vɔ̃ɖivɔ̃ɖi dzi. Egblɔ be: “Nyagblɔɖila la gblɔ be le Mesia ƒe ɣeyiɣia me la, woatsɔ woƒe yiwo atu kodziwoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe; dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ hã azɔ o. Tso Nazaretetɔwo ŋɔli vaseɖe fifia la, ŋutasesẽ kple adzodada sɔŋ ye xɔ xexeame. [Le nyateƒe me la] Kristotɔwo kɔ ʋu ɖi wu dukɔ bubuwo katã eye wonɔ agbe gbegblẽ hã. Nye aƒetɔ fia, kpɔ alesi gbegbe wòasesẽ na wò ŋutɔ kple wò asrafo siawo be miagasrɔ̃ . . . aʋawɔwɔ azɔ o ɖa!”—Yesaya 2:4.

Le kpekpe enelia megbe la, fia la na wodzudzɔ nyaʋiʋlia. Egblɔ na Naḥmanides be: “Nyemekpɔ ame aɖeke si ƒe nya medzɔ o la ɖe nu me nyuie alea gbegbe abe wò ene kpɔ o.” Aragon-fia James I wɔ ɖe eƒe ŋugbedodo dzi, ena ablɔɖe Naḥmanides wòƒo nu eye wòkpɔ eta, emegbe eɖoe ɖe aƒe kple nunana si nye dinars 300. Bisiɔp si nɔ Gerona bia Naḥmanides wòŋlɔ nyaʋiʋlia da ɖi.

Dominiktɔwo do dziku vevie esi woyɔ dziɖula si dze kɔte. Emegbe wonɔ te ɖe nusiwo Naḥmanides ŋlɔ le nyaʋiʋlia ŋu dzi tsɔ nya ɖe eŋu be egblɔ busunya ɖe sɔlemeha la ŋu. Alesi fia la ve Naḥmanides nu medzɔ dzi na Dominiktɔwo kura o, eyata wotsɔ nyaa yi Papa Clement IV gbɔe. Togbɔ be Naḥmanides xɔ wu ƒe 70 ɣemaɣi hã la, wonyãe le Spain.c

Afikae Nyateƒea Le?

Ðe akpa eveawo ƒe nyaʋiʋli na míekpɔ subɔsubɔha vavãtɔ dze siia? Togbɔ be ɖesiaɖe ɖe nɔvia ƒe vodada ɖe go hã la, wo dometɔ aɖeke megblɔ nyateƒenya si me kɔ o. Menye Kristotɔnyenye vavãtɔe Naḥmanides be menyo o, ke boŋ amegbetɔ ƒe nufiafia abe Triniti ƒe nufiafia ene si Kristodukɔa to vɛ le ƒe alafa siwo va ɖe Yesu yome ŋue wòtsi tre ɖo. Kristodukɔa ƒe agbegbegblẽnɔnɔ kple ʋukɔkɔɖi vɔ̃ɖivɔ̃ɖi si Naḥmanides gblɔ dzideƒotɔe hã nye nudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ le ŋutinya me.

Míate ŋu ase egɔme bɔbɔe nusitae le nɔnɔme siawo me la, nya siwo woʋli tsɔ de Kristotɔnyenye dzi la mewɔ dɔ ɖe Naḥmanides kple Yudatɔ bubuwo dzi o. Azɔ hã menye Hebri Ŋɔŋlɔ siwo me kɔ dzie Pablo Christiani tu eƒe numeɖeɖewo ɖo o, ke etui ɖe rabiwo ƒe agbalẽ siwo gɔme wòse bubui dzi.

Ao, menye Kristotɔnyenye vavãtɔe Naḥmanides be menyo o. Le eƒe ɣeyiɣia me la, aʋatsonyagbɔgblɔwo tsyɔ Kristo ƒe nufiafiawo ƒe gɔmesese vavã kple eƒe Mesianyenye ŋuti kpeɖodziwo dzi. Yesu kple apostoloawo gblɔ xɔsegbegbe nufiafia mawo ƒe dodo ɖi.—Mateo 7:21-23; 13:24-30, 37-43; Timoteo I, 4:1-3; Petro II, 2:1, 2.

Gake woate ŋu ade dzesi subɔsubɔha vavãtɔ nyuie egbea. Yesu gblɔ le eyomedzela vavãwo ŋu be: “Mitsɔ woƒe tsetsewo dze si wo. . . . Nenema ke ati nyui sia ati nyui tsea ku nyui; eye ati manyomanyo tsea ku manyomanyo.” (Mateo 7:16, 17) Míekpe wò be nàda ŋku ɖi akpɔe. Na Yehowa Ðasefowo nakpe ɖe ŋuwò nàwɔ numekuku tamebubutɔe le Ŋɔŋlɔawo me kpeɖodziwo ŋu. Ana nàse ŋugbe siwo katã Mawu do le Mesia la kple eƒe dziɖuɖu ŋu gɔme nyuie.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Yudatɔ geɖe yɔa Naḥmanides be “Ramban,” si nye Hebrigbe me ŋkɔ “Rabbi Moses Ben Naḥman” gɔmedzeŋɔŋlɔdzesiwo.

b Kpɔ nyati si nye “Maimonides—Amesi Trɔ Yuda-subɔsubɔ” le Gbetakpɔxɔ March 1, 1995, axa 20-3.

c Le ƒe 1267 me la, Naḥmanides va ɖo dukɔ si woyɔna fifia be Israel me. Ewɔ nu geɖe le eƒe agbenɔƒe mamlɛawo me. Egbugbɔ Yuda-subɔsubɔ ɖo anyi kple nusrɔ̃ƒe ɖe Yerusalem. Eŋlɔ Torah si nye Biblia-gbalẽ gbãtɔ atɔ̃awo ŋuti numeɖegbalẽ hã, eye wòzu Yudatɔwo ƒe gbɔgbɔ me nunɔla le Acre ƒe dzigbeƒuta, afisi wòku ɖo le ƒe 1270 me.

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Naḥmanides ʋli eƒe nya ta le Barcelona

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 19]

Nɔnɔmetata siwo le axa 19-20: Illustrirte Pracht - Bibel/Heilige Schrift des Alten und Neuen Testaments, nach der deutschen Uebersetzung D. Martin Luther’s tɔe wokpɔ gbugbɔ ta

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe