Tertio—Paulo ƒe Agbalẽŋlɔla Nuteƒewɔla
DƆ SESẼ aɖe dze ŋgɔ Tertio. Apostolo Paulo di be wòanye yeƒe agbalẽŋlɔla esime wònɔ agbalẽ legbee aɖe ŋlɔm na hati Kristotɔwo le Roma. Dɔ sia wɔwɔ asesẽ.
Nukatae agbalẽŋɔŋlɔ nye dɔ sesẽ le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me? Aleke wowɔ dɔ siae? Agbalẽŋlɔnu kawoe nɔ anyi ɣemaɣi?
Agbalẽŋlɔlawo le Blema
Le blema Hela kple Roma tɔwo dome la, agbalẽŋlɔla vovovowoe nɔ anyi. Wo dometɔ aɖewo nye dziɖuɖua ƒe agbalẽŋlɔlawo—siwo wɔa dɔ le dukɔa ƒe dɔwɔƒewo alo nye dziɖuɖudɔwɔlawo. Agbalẽŋlɔlawo hã nɔ anyi siwo wɔa dɔ na wo de viwo le nudzraƒewo. Agbalẽŋlɔla siwo (nyea kluviwo zi geɖe) nɔa kesinɔtɔwo si. Azɔ hã xɔlɔ̃ siwo lɔ̃na faa kple dzidzɔ ŋlɔa agbalẽ na ame bubuwo la nɔ anyi. Le agbalẽnyala E. Randolph Richards ƒe nya nu la, agbalẽŋlɔla siawo siwo metsɔe ɖo dɔ koŋ wɔna o “ate ŋu anye amesiwo mebi ɖe gbea zazã me henya mɔ siwo nu wotona ŋlɔa agbalẽ boo o loo alo amesiwo bi ɖe ewɔwɔ me nyuie eye woŋlɔa lɛta wòtsɔna eye emenyawo dena pɛpɛpɛ, enyona, hevivina.”
Amekawoe wɔa agbalẽŋlɔlawo ŋudɔ? Gbã la, amesiwo menya nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ o ye. Le blemadɔ kple dɔwɔɖoɖo gbogbo aɖewo ŋuti gbalẽwo me la agbalẽŋlɔlaa ŋlɔa nane ɖe woƒe nuwuwu tsɔ ɖia ɖase be le esi amesi de dɔa asi na ye la ŋutɔ mate ŋu aŋlɔ agbalẽ o tae yeŋlɔe ɖo. Blemalɛta aɖe si tso Thebes, Egipte la ɖe susu evelia si tae amewo xɔa agbalẽŋlɔlawo wowɔa dɔ na wo fia. Woŋlɔe na ame aɖe si woyɔ be Asklepiades, eye woŋlɔ ɖe agbalẽa ƒe nuwuwu be: “Eumelus si nye Herma viŋutsue ŋlɔe nɛ . . . elabena nuŋɔŋlɔ metsɔna nɛ o.”
Gake edze abe menye nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ nyanya ta koe wowɔa agbalẽŋlɔla ŋudɔ ɖo o ene. Le Bibliametola John L. McKenzie ƒe nya nu la, “ɖewohĩ menye alesi nusi woŋlɔ la xexlẽ nanɔ bɔbɔe gɔ̃ hã ŋue wotsia dzi ɖo o, ke boŋ eƒe anidzedze alo ne mede ɖeke o hã woaŋlɔe eme nakɔ” enye nusi zi amewo dzi wozã agbalẽŋlɔla. Le agbalẽnyalawo gɔ̃ hã gome la, nuŋɔŋlɔ tea ɖeɖi wo ŋu vevitɔ ne nusi woaŋlɔ la sɔ gbɔ hedidi. Agbalẽnyala J. A. Eschlimann gblɔ be amesiwo ate ŋui la, “tsɔ dzidzɔ ƒoa asa na dɔ sia wɔwɔ, ke woxɔa kluviwo alo agbalẽŋlɔlawo dea dɔ sia asi na wo.” Hekpe ɖe eŋu la, míase nusita amewo melɔ̃a woa ŋutɔwo ƒe agbalẽwo ŋɔŋlɔ o gɔme ne míebu dɔwɔnu kple nɔnɔme siwo me wowɔa dɔ le la ŋu.
Papyrus-gbalẽ dzi koŋ ye woŋlɔa nu ɖo le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me. Wodzea ati sia eye woɖea eƒe tu falɛfalɛa. Woɖoa esiwo wodze la ɖe ɖoɖo nu. Wogaɖoa bubuwo ɖe gbãtɔa dzi. Wotea evea woléna ɖe wo nɔewo ŋu, eye wòzua “pepa” si dzi woŋlɔa nu ɖo.
Nuŋɔŋlɔ ɖe nusia tɔgbe dzi menɔ bɔbɔe o. Edzi le ƒlatsaƒlatsa eye mezrɔ o. Le agbalẽnyala Angelo Penna ƒe nya nu la, “alesi papyrus dzi nɔna ƒlatsaƒlatsa na nuŋlɔtsia kakana ɖe agbalẽa dzi vevietɔ ɖe mɔ lɛlɛlɛ siwo le wo dome la me.” Ele be agbalẽŋlɔla la nakpalia afɔ eye agbalẽa nanɔ ʋuƒo dzi wòalé ɖe asi ɖeka. Ne mebi ɖe eme o alo ne eƒe dɔwɔnuwo menye adodoeawo o la, eƒe xefu alo papyrus-ŋlɔtia ate ŋu aŋɔ papyrus la, avuvui, alo womate ŋu axlẽ nuŋɔŋlɔa o.
Adzɔble kple ati aɖe ƒe tsie wotsakana wɔa agbalẽŋlɔtsiae. Esi wònye ɖe womlinɛ lɔbɔɔ dzrana ta la, ele be woatsɔ tsi ablui le nuŋlɔtsigo me hafi woate ŋu atsɔe aŋlɔ nui. Dɔwɔnu siwo ɖewohĩ aganɔ agbalẽŋlɔla abe Tertio sie nye hɛ si wòatsɔ anɔ papyrus-ŋlɔtia nu kpam kple akutsa si ƒo tsi vie si wòatsɔ anɔ eƒe vodadawo tutumi. Ele be wòagbɔ dzi ɖi aŋlɔ nyakui ɖesiaɖe nyuie. Eyata ɖe woŋlɔa nua blewu kple fukpekpe vie.
‘Nye Tertio, Medo Gbe Na Mi’
Paulo ƒe agbalẽŋlɔla la ƒe gbedoname hã kpe ɖe esiwo le lɛta si woŋlɔ ɖo ɖe Romatɔwo la ƒe nuwuwu ŋu, amesi ŋlɔ be: “Nye Tertio si ŋlɔ agbalẽ sia la, medo gbe na mi le Aƒetɔ la me.” (Romatɔwo 16:22, NW) Esia koe nye ɣeyiɣi si woyɔ Paulo ƒe agbalẽŋlɔla aɖe ŋkɔ kaŋ le eƒe nuŋɔŋlɔwo me.
Míenya nu fũ tso Tertio ŋu o. Míate ŋu aƒo nya ta be enye Kristotɔ nuteƒewɔla aɖe le esi wòdo gbe na wo le “Aƒetɔ la me” ta. Anya nɔ Korinto-hamea me eye ɖewohĩ enya Kristotɔ geɖe le Roma. Biblia ŋuti nunyala Giuseppe Barbaglio gblɔ be Tertio anye kluvi loo alo kluvi si xɔ ablɔɖe. Nukata? Elabena gbã, “ame siawoe nyea agbalẽŋlɔlawo; azɔ hã eƒe Latin ŋkɔ si wòtɔ la . . . bɔ ɖe kluviwo kple kluvi siwo xɔ ablɔɖe la dome ŋutɔ.” Barbaglio gblɔ be: “Eyata menye agbalẽŋlɔla ‘kuviatɔe’ wònye o, ke boŋ enye Paulo ƒe hadɔwɔla si kpe ɖe eŋu woƒo eƒe nuŋɔŋlɔ siwo didi wu ɖesiaɖe la nu ƒu: kpekpeɖeŋu gã wònye si na dɔ metsi Paulo dzi hete ɖeɖi eŋu o.”
Tertio ƒe dɔ sia le vevie nyateƒe. Dɔ sia kee Barux wɔ na Yeremya eye Silvano hã wɔe na Petro. (Yeremya 36:4; Petro I, 5:12) Mɔnukpɔkpɔ ka gbegbe nye si nɔ hatidɔwɔla siawo si!
Agbalẽŋɔŋlɔ na Romatɔwo
Paulo anya ŋlɔ agbalẽa ɖo ɖe Romatɔwo esime wònye amedzro dze Gayo le Korinto. Anye le apostoloa ƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ etɔ̃lia me le ƒe 56 M.Ŋ. me lɔƒo. (Romatɔwo 16:23) Togbɔ be míenya kɔte be Paulo wɔ Tertio ŋudɔ wònye eƒe agbalẽŋlɔla hã la, míenya alesi tututue wòzãe o. Dɔwɔmɔnu ka ke woɖazã o, dɔa wɔwɔ manɔ bɔbɔe o. Gake míate ŋu aka ɖe nya sia ya dzi be: Paulo ƒe agbalẽ si wòŋlɔ ɖo ɖe Romatɔwo la tso “Mawu ƒe Gbɔgbɔ me” abe Biblia ƒe akpa susɔeawo ke ene.—Timoteo II, 3:16, 17.
Tertio kple Paulo zã nya akpe nanewo kple papyrus geɖe hafi wu agbalẽa ŋɔŋlɔ nu. Esi wotsiã wo ɖe wo nɔewo nu vɔ megbe la, agbalẽ siawo zu agbalẽxatsaxatsa si didi abe meta 3 vaseɖe 4 ene. Woxatsa agbalẽa nyuie eye wotre enu. Emegbe ewɔ abe Paulo tsɔe na Foibe, nɔvinyɔnu aɖe si tso Kenxrea si gbɔna mɔ zɔ ge ayi Roma la ene.—Romatɔwo 16:1, 2.
Tso ƒe alafa gbãtɔa me la, mɔ siwo dzi wotona ŋlɔa nu trɔ ale gbegbe. Gake le ƒe alafaawo me la, Mawu kpɔ agbalẽ si woŋlɔ na Kristotɔ siwo nɔ Roma la ta. Aleke gbegbe míekpɔa ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe Nya la ƒe akpa sia si Paulo ƒe agbalẽŋlɔla nuteƒewɔla kple veviedola Tertio ŋlɔ la ŋui nye si!