INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 10/15 axa 8-12
  • Alesi Biblia Wɔ Va Ka Mía Si—Akpa Etɔ̃lia

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Alesi Biblia Wɔ Va Ka Mía Si—Akpa Etɔ̃lia
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mawunyadɔgbedelawo Kple Biblia Habɔbɔwo
  • Gbegɔmeɖela aɖe ƒe Fukpekpewo
  • Nyahehe le Biblia Ŋu
  • Nufɔfɔ Siwo Ðo Kpe Biblia ƒe Asinuŋɔŋlɔwo Dzi
  • Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Kple Biblia La
  • Gɔmeɖeɖe Ðeka, Gbegbɔgblɔ Geɖe
  • Nyanyui na Dukɔwo Katã
  • Agbalẽ Si Le Amewo Ƒe Gbegbɔgblɔwo Me
    Agbalẽ si Nyo na Amesiame
  • Nu Ðedzesi Aɖe Na Mawu Ƒe Nya La Lɔ̃lawo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Wolɔ̃ Mawu Ƒe Nya La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • New World Translation Ame Miliɔn Geɖe Kpɔ Ŋudzedze Ðe Eŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 10/15 axa 8-12

Alesi Biblia Wɔ Va Ka Mía Si—Akpa Etɔ̃lia

BURMA, le ƒe 1824 me—Ðeko fia ƒe dɔlawo va tsa Adoniram kple Ann Judson ƒe aƒe si nye mawunyadɔgbedelawo nɔƒe eye wotsɔ nusianu si wosusu be enye nu xɔasi dzoe vɔ koe nye ma. Gake woƒe asi mesu kesinɔnu vevitɔ ya dzi o—Biblia gɔmeɖeɖe si woŋlɔ kple asi si Ann wɔ dzaa va ɖi ɖe tome le woƒe xɔ gɔme. Wode Adoniram si nye egɔmeɖela gaxɔ si me muwo bɔ ɖo fũ me be enye ŋkutsala. Fifia anyigba ƒe fafa ate ŋu agblẽ gɔmeɖeɖe si woŋlɔ kple asi la. Aleke woawɔ wòanɔ dedie? Ann tsɔe de suɖui sesẽ kako aɖe me tɔ nu ɖe enu tsɔ vɛ na srɔ̃a le gaxɔa me. Wokpɔ suɖuia ta, eye nusi le eme va zu Burmagbe me Biblia gbãtɔ ƒe akpa aɖe.

Biblia to afɔku siawo tɔgbe geɖe me le ŋutinya katã me. Le tata siwo do ŋgɔ me la, míeƒo nu tso Biblia gɔmeɖeɖe kple emamã tso esime wowu eŋɔŋlɔ nu va ɖo ƒe 1600 ƒeawo ƒe gɔmedzedze ŋu. Aleke nuwo nɔ na Biblia tso ɣemaɣi va ɖo fifia? Ðe wòate ŋu ava aɖo amesiame gbɔ gbaɖegbea? Akpa kae Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa wɔ le eme?

Mawunyadɔgbedelawo Kple Biblia Habɔbɔwo

Le ƒe 1600 kple 1700 ƒeawo me le dukɔ geɖe me la, amewo va biã ŋku ɖe Biblia xexlẽ ŋu. England koŋ ye Biblia xexlẽ kpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi wu le le ɣeyiɣi sia me. Le nyateƒe me, Biblia me ŋutinyawo kple eƒe nufiafiawo kpɔ ŋusẽ ɖe amesiame kloe ƒe tamesusu dzi le dukɔa me, tso fia dzi kaka va ɖo kɔƒemeviwo dzi. Gake Biblia ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi de didiƒe wu ema. England nye asitsadukɔ si me tɔwo nye ƒudzimɔzɔlawo kple dutadziɖuɖu si ɖu dukɔ bubuwo dzi ɣemaɣi, eye Eŋlisi yevu aɖewo tsɔ Biblia ɖe asi le woƒe mɔzɔzɔwo me. Esia va zu gɔmeɖokpe na Biblia-fiafiadɔ aɖe si aɖo didiƒe.

Le ƒe 1700 ƒeawo ƒe nuwuwu lɔƒo la, Biblia wɔ dɔ ɖe ame aɖewo dzi le England ale be woabu dukɔ siwo le Britain Fiaɖuƒegã la ƒe didiƒe ʋĩ ke la me tɔwo ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo ŋu. Gake menye amesiamee tsi dzi ɖe wo ŋu alea ya o. Nunɔla geɖe xɔ nuɖoɖiname dzi se, eye le esia ta wobui be enye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu be ame aɖewo ya megakpɔ ɖeɖe o. Esi William Carey si ava zu mawunyadɔgbedela emegbe ƒo dzonɔamemenuƒo aɖe be yeatsɔ ade dzi ƒo na amewo be woado alɔ nyanyuikakadɔwɔwɔ le India la, ɖeko ame aɖe gblɔ tsɔ ka mo nɛ be: “Ðekakpui, bɔbɔ nɔ afi aɖe; ne Mawu di be yeatrɔ dzime na trɔ̃subɔlawo la, menye wòe akpe ɖe Eŋu hafi o!” Gake Carey yi India le ƒe 1793 me. Nukutɔe la, eva ɖe Biblia bliboa katã alo eƒe akpa aɖewo gɔme ɖe Indiagbe 35 sɔŋ me mlɔeba.

Mawunyadɔgbedelawo nya be yewoƒe dɔwɔnu vevitɔe nye Biblia si le ameawo ŋutɔ degbe me. Gake amekae akpɔ Biblia siawo na wo? Enye dzidzɔnya be ɖetugbivi ƒe 16 vi aɖe si tso Wales si ŋkɔe nye Mary Jones ƒe nuwɔna aɖe ava na Biblia nakaka ɖe xexeame katã le eƒe manyamanya me. Le ƒe 1800 me la, Mary zɔ afɔ ƒuƒlu kilometa 40 be yeaɖaƒle Walesgbe Biblia le nunɔla aɖe gbɔ. Etsɔ ƒe ade dzra ga ɖoe ɖe eŋu, eye esi Mary se be wodzra Bibliaawo katã vɔ esi wòde la, ewo avi nublanuitɔe. Nusia wɔ dɔ ɖe nunɔla la dzi ale gbegbe be wòtsɔ eya ŋutɔ ƒe Biblia ɖeka na Mary.

Emegbe nunɔla la bu ame bubu geɖe siwo hã Biblia ahiã la ŋu, eye wòlé nya la kpɔ kple exɔlɔ̃wo le London. Nusi tso emee nye be le ƒe 1804 me la, woɖo Britain kple Duta Biblia Habɔbɔwo. Eƒe taɖodzinu me kɔ: Be woata Biblia na amewo le woawo ŋutɔ wo degbe me ɖe asi bɔbɔe dzi, si me “womaŋlɔ dzesidenya alo numeɖeɖewo ɖo o.” Habɔbɔa ɖolawo susui be ne yewomede numeɖeɖewo eme o la, ana nufiafia ŋuti nyahehewo maganɔ anyi o. Gake zi geɖe la, Biblia Habɔbɔa me mãna le agbalẽ siwo nye Ŋɔŋlɔ Ɣaɣla siwo metso gbɔgbɔ me o, nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me, kple Mawuɖekaetɔ̃ nufiafia ŋu.

Dzonɔameme si wotsɔ dze dɔa gɔmee la ɖo teƒe geɖe enumake, eye va ɖo ƒe 1813 me la, woɖo habɔbɔ bubu siwo wɔa dɔ kplii le ɖekawɔwɔ me ɖe Germany, Netherlands, Denmark, kple Russia. Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, woɖo Biblia habɔbɔwo kpee ɖe dukɔ bubuwo me. Esi Biblia habɔbɔ gbãtɔwo gblɔ woƒe taɖodzinuwo la, wosusu be gbegbɔgblɔ vevi ʋee aɖewo koe ame akpa gãtɔ dona le xexeame katã. Meva susu me na wo kpɔ be wode akpe geɖe o! Gbegɔmeɖela ʋee aɖewo koe nya Hebrigbe kple Helagbe ale be woaɖe egɔme tẽ tso wo me ayi degbewo me. Eyata esi Britain kple Duta Biblia Habɔbɔwo ɖo gbegɔmeɖedɔ la, zi geɖe la, Eŋlisigbe me King James Version ye gbegɔmeɖelawo zãna le woƒe gbegɔmeɖeɖea me.

Gbegɔmeɖela aɖe ƒe Fukpekpewo

Biblia ƒe akpa gãtɔ nye ŋutinya kple kpɔɖeŋu siwo wotu ɖe gbesiagbe nudzɔdzɔwo dzi. Esia wɔe be egɔme nya ɖena wu ne ɖe wònye xexemenunya me nya siwo gɔmesese sesẽ mee woŋlɔe ɖo. Gake àte ŋu akpɔe le susu me be le mawunyadɔgbedelawo ƒe agbagbadzedze me la, ɣeaɖewoɣi woƒe nyagbɔgblɔ aɖewo aɖi kokoe alo atɔtɔ ame. Le kpɔɖeŋu me, gbegɔmeɖeɖe aɖe na wòwɔ na India ƒe nuto aɖe me tɔwo be ame si le amadede si nye blɔtɔ mee Mawu nye. Nya si wozã na “dziƒotɔ” le ŋkɔ “dziƒo Fofo” me fia be “eƒe amadede le abe dziŋgɔli ene”—abe alesi yamenutowo me ŋutɔŋutɔ le ene!

Adoniram Judson ŋlɔ tso gbegɔmeɖelawo ƒe kuxiwo ŋu le ƒe 1819 me be: ‘Ne míele gbe si amesiwo le anyigba la ƒe akpa bubu gblɔna srɔ̃m, amesiwo ƒe nyagbɔgblɔmɔnu nye nu yeye na mí eye woƒe ŋɔŋlɔdzesiwo kple nyawo meɖi gbe siwo míese kpɔ dometɔ aɖeke tɔ o; ne nyagɔmeɖegbalẽ alo nyagɔmeɖela aɖeke meli akpe ɖe mía ŋu o eye míase nane le gbea me hafi míafia nu gbea gblɔlawo la—dɔe wònyena!’ Eye dɔ si gbegɔmeɖelawo abe Judson ene wɔ na Biblia va bɔ ŋutɔ.—Kpɔ akɔntabubu si le axa 12 lia.

Ann Judson kpe ɖe srɔ̃a ŋu le gbegɔmeɖedɔ sesẽa me. Gake menye gbegɔmeɖeɖea koe nye kuxi siwo Judson kple srɔ̃a dze ŋgɔe o. Esime fia ƒe dɔlawo he Adoniram de gaxɔa me la, fu tsi ɖe Ann ƒo. Nyɔnua tsɔ dzideƒo ɖe kuku dzinu 21 sɔŋ ɖe srɔ̃a ta na dziɖuɖumegã siwo tsi tre ɖe eŋu be woaɖe asi le eŋu. Fu mawo siwo nyɔnua kpe kple dɔ aɖe si wòva dze la ɖe fu nɛ ŋutɔ. Esi woɖe asi le Adoniram ŋu eteƒe medidi o ko asrã wu srɔ̃a Ann si wɔ kalẽ la kple nyɔnuvi si wòdzi. Adoniram ƒe dzi gbã. Ke hã ebia Mawu ƒe ŋusẽdodo eye wòyi gbegɔmeɖeɖea dzi va wu Burmagbe Biblia nu le ƒe 1835 me. Le ɣeyiɣi sia me, nyahehe bubu siwo hã agblẽ nu nɔ mo dom ɖa le Biblia ŋu.

Nyahehe le Biblia Ŋu

Wohe hadomegbenɔnɔ kple dunya ŋu nya geɖe le ƒe 1800 ƒe ƒeawo me, eye ɣeaɖewoɣi Biblia ŋu koŋ ye wokuna ɖo. Le kpɔɖeŋu me, togbɔ be gbã Russiatɔwo ƒe fiagã kple woƒe Orthodɔks Ha da megbe na Russia Biblia Habɔbɔa hã la, le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wogbã Habɔbɔa hede se ɖe enu. (Anye ƒe ɖekae nye ma Habɔbɔ ma ƒe futɔwo tɔ dzo Biblia akpe geɖe va yi xoxo.) Fifia Orthodɔks-nunɔlawo di be yewoatɔ te nusi gɔme Kristotɔ gbãtɔwo dze kple dzonɔameme la—nana be Biblia nakaka aɖo afisiafi. Le ƒe alafa 19 lia me, Orthodɔks Ha la ƒe kplɔlawo te tɔ ɖe edzi be Biblia agblẽ nu le Sɔlemeha la kple Dziɖuɖua siaa ŋu. To vovo sã na ema la, habɔbɔ yeye siwo le dunyahehe tɔtrɔ kpatawo dim la mebu Biblia be enye nusi gblẽa nu le dziɖuɖumegãwo ƒe ŋusẽ ŋu o, ke boŋ be enye Sɔlemeha la kple Dziɖuɖua ƒe aʋawɔnu si wotsɔ zi amehawo dzii be woabɔbɔ ɖe yewo te. Akpa evea siaa ho aʋa ɖe Biblia ŋu vevie!

Le ƒe siwo kplɔe ɖo me la, “agbalẽnyalawo” hã tso ɖe Biblia ŋu. Le ƒe 1831 me, Charles Darwin zɔ ƒudzimɔ si va na wòto eƒe amegbetɔ dzɔ tso lã me nufiafia vɛ. Le ƒe 1848 me, Marx kple Engels ta Communist Manifesto (Kɔmiunisttɔwo ƒe Taɖodzinuwo) si gblɔ be Kristotɔnyenye nye ameteɖeanyilawo ƒe dɔwɔnu. Le ɣeyiɣi sia ke me la, Biblia ŋuti nyahehe deŋgɔtɔ tsɔ nya ɖe Ŋɔŋlɔawo ƒe nyateƒenyenye kple Biblia me mewo ƒe anyinɔnɔ ŋutɔŋutɔ le ŋutinya me ŋu—wotsɔe ɖe Yesu ŋutɔ gɔ̃ hã ŋu! Gake tamebula aɖewo kpɔe dze sii be amebeblee nufiafia siwo gbe Mawu ƒe anyinɔnɔ kple esiwo tsi tre ɖe Biblia ŋu la nye, eye wodi mɔ siwo dzi woato aɖo kpe edzi le agbalẽnyanyamɔ nu be kakaɖedzi le Biblia ŋu. Amesiawo dometɔ ɖekae nye Konstantin von Tischendorf, si nye Germanytɔ gbegbɔgblɔŋutinunyala bibi aɖe.

Nufɔfɔ Siwo Ðo Kpe Biblia ƒe Asinuŋɔŋlɔwo Dzi

Tischendorf ɖi tsa le Titina Ɣedzeƒe nɔ Biblia ƒe blema asinuŋɔŋlɔwo dim kple susu be yeaɖo kpe edzi bliboe ɖikekemanɔŋui be nyateƒe akuakuae Biblia ƒe asinuŋɔŋlɔ gbãtɔ nye. Le ƒe 1859 si me Darwin ta The Origin of Species la, Tischendorf fɔ Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo katã ƒe asinuŋɔŋlɔ xoxotɔ kekeake si wonya la le saɖaganunɔlawo ƒe aƒe aɖe si le Sinai Toa ƒe agame la me. Woyɔnɛ be Codex Sinaiticus, eye anye be woŋlɔe wòade ƒe 50 hafi Jerome wu Latingbe me Vulgate la nu. Togbɔ be wogahea nya le eŋu kokoko be mesɔ be Tischendorf naɖe agbalẽa le saɖagakpɔa me o hã la, etae, eye esia wɔe be wòli agbalẽnyalawo nate ŋu akpɔ azã.a

Esi Sinaiticus la nɔ gbe gbãtɔawo ƒe asinuŋɔŋlɔ xoxotɔwo kekeake me ta la, ekpe ɖe agbalẽnyalawo ŋu hã be woakpɔ afisiwo vodadawo va ge ɖo le asinuŋɔŋlɔ siwo wova wɔ emegbe la me tsɔ kpe alesi wòɖee fia be wometrɔ nu gobi aɖeke le Hela Ŋɔŋlɔawo me o ŋu. Le kpɔɖeŋu me, nya si wogblɔ ku ɖe Yesu ŋu le Timoteo I, 3:16 xlẽ le Sinaiticus me be: “Woɖee [alo woɖe eyama] fia le ŋutilã me.” Le ‘eyama’ teƒe la, tɔtrɔ sue aɖe si wowɔ le Helagbe me nya si wozã na ‘eyama’ ŋu la na wòzu “Mawu” ŋɔŋlɔ kpuie si dze le asinuŋɔŋlɔ siwo wonya le ɣemaɣi ƒe akpa gãtɔ me. Gake woŋlɔ Sinaiticus la ƒe geɖe do ŋgɔ na Helagbe ƒe asinuŋɔŋlɔ siwo me “Mawu” dze le dometɔ ɖesiaɖe. Eyata eva dze be emegbee ame aɖe va ŋlɔ nane tra ɖe eme, eye anye kple susu be yeatsɔ aɖo kpe Mawuɖekaetɔ̃ nufiafia la dzii.

Tso Tischendorf ƒe ɣeyiɣiawo me dzi la, wogava fɔ asinuŋɔŋlɔ bubu geɖewo. Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe asinuŋɔŋlɔ siwo wonya be woli egbea ade 6,000, kple Hela Ŋɔŋlɔawo tɔ siwo wu 13,000. Nuŋɔŋlɔ siawo tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo na wokpɔ gbe gbãtɔ me nuŋɔŋlɔ siwo dzi woate ŋu aka ɖo ɖikeke aɖeke manɔmee. Abe alesi agbalẽnyala F. F. Bruce gblɔe ene la: “Vovototo suesuewo . . . metrɔ ŋutinya me nyateƒe alo Kristotɔwo ƒe xɔse kple nuwɔna gobi aɖeke o.” Esi Biblia gɔmeɖeɖe ɖe gbegbɔgblɔ bubu geɖe me nɔ edzi yim la, aleke woawɔ sidzedze sia si dzi ɖe edzi la naɖe vi na amewo?

Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Kple Biblia La

Le ƒe 1881 me la, Biblia fialawo kple esrɔ̃lawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si nɔ sue gake wodoa vevie nu la dze nane gɔme si va zu Watch Tower Bible and Tract Society (Gbetakpɔxɔ Biblia kple Trakt Habɔbɔ) la. Gbã la, womãa Biblia siwo Biblia Habɔbɔ bubuwo tana, siwo me Tischendorf ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo hã le. Gake va ɖo ƒe 1890 me la, wodze Biblia la ŋutɔŋutɔ tata gɔme, eye wòna wota Biblia gɔmeɖeɖe geɖe ƒe gbãtɔwo. Le ƒe 1926 me la, Habɔbɔa dze Biblia tata gɔme le eya ŋutɔ ƒe agbalẽtamɔ̃wo dzi. Gake eva nɔ dzedzem ɖe edzi geɖe wu be wohiã Biblia gɔmeɖeɖe yeye si asɔ ɖe ɣeyiɣia nu. Ðe woate ŋu ade sidzedze si ŋu woke ɖo le ƒe alafa si do ŋgɔ me ƒe nufɔfɔwo me kple nu yeye siwo gɔme agbalẽnyalawo gase la Biblia aɖe si gɔme anya se eye wòanɔ asi bɔbɔe dzi la mea? Amesiwo wɔa dɔ kplikplikpli kple Habɔbɔa dometɔ aɖewo tsɔ taɖodzinu sia dze Ŋɔŋlɔawo gɔmeɖeɖe yeye aɖe gɔmee le ƒe 1946 me.

Gɔmeɖeɖe Ðeka, Gbegbɔgblɔ Geɖe

Woɖo Kristotɔ amesiamina siwo dze ƒe gbegɔmeɖekɔmiti aɖe be woaɖe New World Translation of the Holy Scriptures ɖe Eŋlisigbe me. Wotae ɖe babla ade siwo woɖe ɖe go tso ƒe 1950 me vaseɖe ƒe 1960 me la me, eye wodze egɔme tso Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo dzi. Tso ƒe 1963 me la, wogaɖe egɔme ɖe gbe 27 bubuwo me eye wogale dɔ wɔm le eŋu le gbegbɔgblɔ bubuwo me. Taɖodzinu si nɔ Eŋlisigbe me tɔ ŋu kee le gbegbɔgblɔ bubu me tɔwo hã ŋu. Gbãtɔe nye be ele be gɔmeɖeɖea nasɔ pɛpɛpɛ, eye wòate ɖe susu siwo dze le gbe gbãtɔawo me ŋu alesi wòanya wɔe. Mele be woabi gɔmesesea be wòasɔ ɖe nufiafia aɖe koŋ ƒe gɔmesese nu o. Evelia, ele be nyawo gɔmeɖeɖe nanɔ ɖeka, woazã nya ɖeka aɖe koŋ na nya vevi ɖesiaɖe ɣesiaɣi si woado go nya ma alesi wòanya wɔe, ne nya siwo ƒo xlãe aɖe mɔ ɖe eŋu nenema. Egɔmeɖeɖemɔnu sia kpena ɖe nuxlẽlawo ŋu be woakpɔ alesi Biblia-ŋlɔlawo zã nya tɔxɛwoe. Etɔ̃lia, ele be gɔmeɖeɖea me nyawo nasɔ ɖe alesi wogblɔ nyaawoe nu alesi wòanya wɔ evɔ woakpɔ egbɔ be eƒe gɔmesese magado viviti o. Nyawo gɔmeɖeɖe tẽ ɖe alesi wogblɔa woe nu akpe ɖe nuxlẽla la ŋu be wòanya alesi tututu gbe gbãtɔawo dolawo ƒoa nu hebua tamee. Eye enelia, ele be wòanya xlẽ eye egɔme nanya se bɔbɔe na ame tsɛwo.

Alesi woɖe Eŋlisigbe me New World Translation la gɔme tẽe la wɔe be egɔme nya ɖena ɖe gbe bubuwo me. Le susu sia ta fifia Habɔbɔa ƒe gbegɔmeɖelawo zãa kɔmpiutamɔ̃ deŋgɔwo be woana tsɔtsɔe nanɔ dɔa ŋu eye wòasɔ pɛpɛpɛ wu. Esia kpena ɖe gbegɔmeɖelawo ŋu be woaŋlɔ degbe me nya siwo sɔ ɖi na nya vevi ɖesiaɖe. Egakpena ɖe wo ŋu be woalé ŋku ɖe alesi woɖe Hebri kple Hela gbe me nya siwo wozã le Biblia me ɖe Eŋlisigbe mee ŋu tsitotsito.

Viɖe geɖe le gbegɔmeɖeɖe tso Eŋlisigbe me ke menye tso Hebri kple Hela gbewo me tẽ o ŋu. Tsɔ kpe ɖe alesi wòana be gɔmeɖeɖea natsɔ ŋu la, eganaa alesi wogblɔa nyawoe toa mɔ ɖeka wu le gbegbɔgblɔwo katã me. Nukatae? Elabena ele bɔbɔe sã be woaɖe nu gɔme wòasɔ pɛpɛpɛ tso egbegbe gbegbɔgblɔ me ayi gbe bubu me wu be woaɖe egɔme tso blemagbe aɖe me ava egbe tɔ vovovowo me. Ne èbu eŋu kpɔ la, gbegɔmeɖelawo ate ŋu abia nya amesiwo nye gbea dolawo ŋutɔŋutɔ egbea gake womate ŋu abiae gbe siwo wodo ƒe akpe nanewo va yi la dolawo o.

Nyanyui na Dukɔwo Katã

Nya geɖe fũ gali míate ŋu aŋlɔ tso ŋutsu kple nyɔnu siwo ƒe tameɖoɖo kplikpaa kple agbagbadzedzewo wɔe be Biblia nye agbalẽ si bɔ ɖe afisiafi sã wu agbalẽ bubu ɖesiaɖe la ŋu. Le ƒe alafawo me la, Biblia bliboa alo Biblia ƒe akpa aɖewo siwo wota la de ɖekaɖeka biliɔn ene ya teti ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu akpe eve siwo dolawo sɔ gbɔ wu xexeamenɔla alafa memamã 90 la me!

Biblia gblɔe ɖi be woaɖe gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒea le xexeame katã le míaƒe ŋkekea me. Le esia ta edze kɔte be Yehowa Mawu ŋutɔ ƒe asi le eme be Biblia nye agbalẽ si de afisiafi kloe. (Mateo 13:47, 48; 24:14) Biblia gɔmeɖela kple etala siwo mevɔ̃na o tsɔ wo ɖokui de afɔku ɖesiaɖe me be yewoana Mawu ƒe Nya la mí—gbɔgbɔmekekelitsoƒe ɖeka kolia si le xexe doblukɔ sia me. Neva eme be woƒe kpɔɖeŋua naʋã wò be nàxlẽ Nya ma, anɔ agbe ɖe enu, eye nàgblɔe na amewo kple kakaɖedzi si wòdze ƒã be enɔ wo me. Ẽ, na Biblia si me nyawo ŋu kakaɖedzi le si le asiwò la naɖe vi na wò bliboe ŋkeke ɖesiaɖe!—Yesaya 40:6-8.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Kpɔ “Xɔxɔ na Codex Sinaiticus La” le October 15, 1988, ƒe Eŋlisigbe Gbetakpɔxɔ me.

[Nyaɖoɖo si le 12]

Biblia Gɔmeɖeɖe ƒe Dzidziɖedzi

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Gbeawo Ƒe

Xexlẽme

1 Yudatɔwo dze Hebri Ŋɔŋlɔawo gɔmeɖeɖe ɖe Helagbe me gɔme le ƒe

280 D.M.Ŋ. lɔƒo

12 Jerome wu Latin Vulgate nu le ƒe 400 M.Ŋ. lɔƒo

35 Gutenberg wu Biblia tata gbãtɔ le mɔ̃ dzi nu le ƒe 1455 lɔƒo

81 Woɖo Britain Kple Duta Biblia Habɔbɔ le ƒe 1804 me

Gbegbɔgblɔ Alesinu Wosusu Be Wota Ðe Ƒewo Nu

522

ƒe 1900

600

700

800

900

1,049

ƒe 1950

1,100

1,200

1,300

1,471

ƒe 1970

2,123

ƒe 1996

2,200

2,300

2,400

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Wo Tsoƒewo: Christianity Today, United Bible Society

[Credit Line on page 9]

Mountain High Maps® Copyright © 1995 Digital Wisdom, Inc.

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Wobla Judson hee dzo yinae

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

From the book Judson the Hero of Burma, by Jesse Page

[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]

Tischendorf tso asinuŋɔŋlɔ xɔasi aɖe xɔ le saɖagakpɔ sia si le Sinai Toa ƒe agame

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Pictorial Archive (Near Eastern History) Est.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe