INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 12/15 axa 22-27
  • Woke Ðe Kesinɔnu Ɣaɣla Aɖe Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Woke Ðe Kesinɔnu Ɣaɣla Aɖe Ŋu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Russiagbe me Biblia ƒe Hiahiã La
  • Agbagba Siwo Wova Dze ɖe Egɔmeɖeɖe Ŋu
  • Biblia Gɔmeɖeɖe Atɔ Tea?
  • Dɔ si Pavsky Wɔ
  • Mawu ƒe Ŋkɔ Kafukafu
  • Bisiɔptenɔla Makarios
  • Makarios ƒe Tenɔnɔ Kalẽtɔe
  • Wova Tae Mlɔeba!
  • Makarios Biblia la Egbea
  • Mawu ƒe Nya la Nɔa Anyi Tegbee
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Yehowa Ðasefowo ƒe Dukɔwo Dome Takpekpe Gbãtɔ si Wowɔ le Russia
    Nyɔ!—1993
  • Nu Ðedzesi Aɖe Na Mawu Ƒe Nya La Lɔ̃lawo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Èɖo Ŋku Wo Dzia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 12/15 axa 22-27

Woke Ðe Kesinɔnu Ɣaɣla Aɖe Ŋu

Makarios Biblia ƒe Ŋutinya

LE ƑE 1993 me la, numekula aɖe kpɔ Orthodox Review ƒe magazine xoxo siwo ƒe ŋkume biã ƒe babla aɖe le Russia Dukɔa ƒe Agbalẽdzraɖoƒe le St. Petersburg. Nu xɔasi aɖe si ɣla ɖe Russiatɔwo ƒe alafa ɖeka kple edzivɔ la nɔ ƒe 1860 vaseɖe 1867 ƒe magazineawo me. Enye Russiagbe me Biblia-gɔmeɖeɖe si me Hebri Ŋɔŋlɔawo, alo “Nubabla Xoxo” bliboa katã le!

Amesiwo ɖe Ŋɔŋlɔawo gɔmee nye Mikhail Iakovlevich Glukharev, si woyɔna be Bisiɔptenɔla Makarios, kple Gerasim Petrovich Pavsky. Wo ame evea wonye ame ŋkutawo le Russia Orthodɔks Ha la me kple gbeŋutinunyalagãwo hã. Esime ŋutsu siawo dze woƒe dɔa gɔme le ƒe alafa si va yi ƒe gɔmedzedze la, Biblia bliboa menɔ Russiagbe me o.

Nyateƒee, Biblia nɔ Slavoniagbe si nye gbe si me egbegbe Russiagbe do tso me. Gake kaka ƒe alafa 19 lia ƒe domedome naɖo la, woɖe asi le Slavoniagbe zazã ŋu xoxoxo negbe le sɔlemewɔwɔ me ko, afisi osɔfowo zãnɛ le. Nɔnɔme ma tɔgbe nɔ Ɣetoɖoƒedukɔwo me, afisi Roma Katoliko Ha la dze agbagba be yeana Biblia nanɔ Latingbe ɖeɖeko me esime amewo dzudzɔ Latingbedodo ɣeyiɣi didi aɖe megbe.

Makarios kple Pavsky dze agbagba be yewoana ame tsɛwo nate ŋu axlẽ Biblia. Eyata woƒe agbalẽa si woŋlɔ be xoxoxo la kpɔkpɔ na wote ŋu gaɖo Russiatɔwo ƒe domenyinu ƒe akpa vevi aɖe anyi le agbalẽwo kple mawusubɔsubɔ gome.

Gake amekawo koŋue nye Makarios kple Pavsky? Eye nukata woxe mɔ ɖe agbagba si wodze be yewoaɖe Biblia gɔme ɖe gbe si ame akpa gãtɔ dona le wo gbɔ me nu nenema gbegbe? Woƒe ŋutinya sese doa dzidzɔ na Biblia-lɔ̃lawo katã eye edoa ŋusẽ woƒe xɔse hã.

Russiagbe me Biblia ƒe Hiahiã La

Menye Makarios kple Pavsky ye nye ame gbãtɔ siwo kpɔe be ele be Biblia nanɔ gbe si ameawo ƒe akpa gãtɔ dona me o. Ƒe alafa ɖeka do ŋgɔ la, Russia-fiagã Peter I, alo Peter Gãtɔ, hã kpɔ hiahiã sia. Eɖe dzesi be ede bubu Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo ŋu eye wobe egblɔ be: “Biblia nye agbalẽ si ƒo bubu ɖesiaɖe ta, eye nusianu si ku ɖe dɔ si amegbetɔ awɔ na Mawu kple ehavi ŋu le eme.”

Eyata le ƒe 1716 me la, Peter ɖe gbe na eƒe fiaŋutimewo be woana woata Biblia aɖe le Amsterdam, eye woazã ye ŋutɔ yeƒe ga. Egblɔ be axa ɖesiaɖe ƒe akpa ɖeka nanye Russiagbe me tɔ eye evelia nanye Netherlandsgbe me tɔ. Le ƒe ɖeka ko megbe, le ƒe 1717 me la, wowɔ dɔ tso Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo, alo “Nubabla Yeye,” ŋu vɔ xoxo.

Kaka ƒe 1721 naɖo la, wota Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe gɔmeɖeɖe si le babla ene me ƒe akpa si nye Netherlandsgbe me tɔ la hã. Wogblẽ axa ɖesiaɖe ƒe akpa ɖeka ɖi, be woava ta Russiagbe me tɔ ɖe afima emegbe. Peter tsɔ Bibliaawo de asi na Russia Orthodɔks Ha ƒe “Aɖaŋuɖoha Kɔkɔe” la—sɔlemeha la me tatɔwo ƒe ha kɔkɔtɔ kekeake—be woata mamlɛa akpee eye woakpɔ emamã dzi. Gake aɖaŋuɖoha la mewɔe o.

Mede ƒe ene o, Peter ku. Nukae dzɔ ɖe eƒe Bibliawo dzi? Teƒe siwo wogblẽ ɖi be woata Russiagbe me tɔwo ɖo la tsi ƒuƒlu nenema. Woli kɔ Bibliaawo ɖe xɔtexɔ aɖe me, afisi wovo ɖo—emegbe womekpɔ ɖeka hɔ̃ hã si megblẽ o! Nyametsotso si aɖaŋuɖoha la wɔe nye be “woadzra esiwo kpɔtɔ katã na asitsalawo.”

Agbagba Siwo Wova Dze ɖe Egɔmeɖeɖe Ŋu

Le ƒe 1812 me la, John Paterson si nye Britain Kple Duta Biblia Habɔbɔa me tɔ la va Russia. Paterson nyɔ agbalẽnyalagã siwo le St. Petersburg ƒe ɖetsɔleme ɖe Biblia-habɔbɔ ɖoɖo ŋu. Le December 6, 1812 dzi—ƒe si me Russia-ʋakɔa nyã Napoléon I ƒe asrafo siwo va dze wo dzi me tututu—la, Fiagã Alexander I lɔ̃ ɖe ɖoɖo si wowɔ ɖe Russia Biblia-habɔbɔ ŋu la dzi. Le ƒe 1815 me la, fiagã la ɖe gbe na Fiavi Aleksandr Golitsyn si nye habɔbɔ ma ƒe zimenɔla la be wòadoe ɖe aɖaŋuɖoha la gbɔ be “ele be mɔnukpɔkpɔ nasu Russiatɔwo hã si be woaxlẽ Mawu ƒe Nya le woa ŋutɔwo degbe si nye Russiagbe me.”

Enyo ŋutɔ be woda asi ɖe edzi be woaɖe Hebri Ŋɔŋlɔawo gɔme ɖe Russiagbe me tso Hebrigbe me tɔ gbãtɔa me tẽ. Blema Helagbe me Septuagint la gɔmee woɖe Hebri Ŋɔŋlɔawo tsoe va Slavoniagbe me. Wogblɔ na amesiwo aɖe Biblia gɔme ɖe Russiagbe me be gbegɔmeɖeɖea ŋuti se veviawoe nye be nyawo nasɔ pɛpɛpɛ, eme nakɔ, eye wòanye akuakua. Nukae dzɔ ɖe agbagba gbãtɔ siwo wodze alea be woaɖe Biblia gɔme ɖe Russiagbe me la dzi?

Biblia Gɔmeɖeɖe Atɔ Tea?

Eteƒe medidi o amesiwo kuna ɖe blemakɔnuwo ŋu le sɔlemeha la kple dziɖuɖua siaa me va ke ŋku ɖe duta mawusubɔsubɔ kple dunyahehe ƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo ŋu. Sɔlemeha la ƒe ŋgɔnɔla aɖewo va gblɔ be Biblia me gbedasia me kɔ le Slavoniagbe—gbe si wozãna le sɔlemewɔwɔ me—me wu Russiagbe me tɔ.

Eyata wogbã Russia Biblia Habɔbɔa le ƒe 1826 me. Wotɔ dzo gɔmeɖeɖe akpe geɖe siwo Biblia habɔbɔa ta. Esia na kɔnu kple blemakɔnyinyi va nɔ vevie na wo wu Biblia. Aɖaŋuɖoha la va srɔ̃ Roma Katoliko Ha la ƒe kpɔɖeŋu eye wòde se le ƒe 1836 me be: “Mɔɖeɖe li be sɔlemevi ɖesiaɖe si doa vevie mawusubɔsubɔ nase Ŋɔŋlɔawo me nyawo, gake mɔɖeɖe meli na ame aɖeke be wòatso le eɖokui si axlẽ Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa aɖewo o, vevietɔ Nubabla Xoxo la.” Edze abe Biblia gɔmeɖeɖe atɔ te keŋkeŋ ene.

Dɔ si Pavsky Wɔ

Le ɣeyiɣi ma me la, Gerasim Pavsky si nye Hebrigbenyala bibi aɖe dze Hebri Ŋɔŋlɔawo gɔmeɖeɖe ɖe Russiagbe me gɔme. Le ƒe 1821 me la, ewu Psalmowo gɔmeɖeɖe nu. Fiagã la da asi ɖe edzi enumake, eye kaka January 1822 naɖo la, woɖe Psalmowo ɖe go be wòasu amesiame si. Amewo kpɔ dzidzɔ ɖe eŋu enumake eye wòva hiã be woagbugbɔ atae zi gbɔ zi 12—wota ɖekaɖeka 100,000 sɔŋ!

Gbeŋutinunyala bibiwo kple mawunyaŋutinunyala geɖe de bubu Pavsky ŋu le eƒe agbagbadzedze le agbalẽsɔsrɔ̃ me ta. Wogblɔ be enye amesi ƒe nuwɔna toa mɔ ɖeka kple anukwareɖila si dzi nugbeɖoɖo siwo nɔ anyi la mekpɔ ŋusẽ ɖo o. Togbɔ be sɔlemeha la tsi tre ɖe Russia Biblia Habɔbɔa ŋu eye ame aɖewo bui be edoa dutatɔwo ƒe viɖedidi ɖe ŋgɔ hã la, Nufialagã Pavsky yi edzi ɖe mawunyakpukpuiwo gɔme ɖe Russiagbe me ne ele nu fiam. Eƒe nusrɔ̃vi siwo wòdzɔ dzi na la tsɔ asi ŋlɔ eƒe gɔmeɖeɖeawoe eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wote ŋu ƒo eƒe gɔmeɖeɖea nu ƒu ɖekae. Le ƒe 1839 me la, wolé dzi ɖe ƒo ta ɖekaɖeka 150 le nusrɔ̃ƒea ƒe agbalẽtaƒe—numetolawo ƒe mɔɖeɖe mabiamabiae.

Pavsky ƒe gɔmeɖeɖea wɔ dɔ ɖe exlẽlawo dzi vevie, eye ame geɖe wu va nɔ didim be ɖe nasu yewo si. Gake le ƒe 1841 me la, ame aɖe si ƒe ŋkɔ womeyɔ o na nutsotso le “afɔku” si le gɔmeɖeɖe sia ŋu ŋuti, eye egblɔ be etra tso Orthodɔks-ha la ƒe nufiafia gbɔ. Le ƒe eve megbe la, aɖaŋuɖoha la de se be: “Mixɔ Nubabla Xoxo si gɔme G. Pavsky ɖe ƒe asinuŋɔŋlɔ tɔ kple esiwo wota katã le amewo si eye migblẽ wo dome.”

Mawu ƒe Ŋkɔ Kafukafu

Gake Pavsky na Biblia gɔmeɖeɖe gava dzro amewo. Eɖo kpɔɖeŋu vevi aɖe hã ɖi na gbegɔmeɖela siwo agava le nya vevi bubu gome—eyae nye Mawu ƒe ŋkɔa.

Russiatɔ numekula Korsunsky ɖe eme be: ‘Hebri-ŋɔŋlɔdzesi ene יהוה ye wotsɔ ŋlɔ Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ, si nye ŋkɔ kɔkɔetɔ kekeake eye fifia míeyɔnɛ be Yehowa.’ Le Biblia siwo woŋlɔ le blema me la, Mawu ƒe ŋkɔ ɖedzesi ma dze zi akpe geɖe le Hebri Ŋɔŋlɔawo ɖeɖe dzaa me. Gake Yudatɔwo va bui vodadatɔe be Mawu ƒe ŋkɔa le kɔkɔe akpa be woaŋlɔe alo ayɔe. Korsunsky gblɔ le esia ŋu be: ‘Le nuƒoƒo alo nuŋɔŋlɔ me la, wotsɔa Adonai, si nye nya si gɔme woɖena be “Aƒetɔ” la ɖoa eteƒe zi geɖe.’

Edze ƒã be vɔvɔ̃ si tso aʋatsodzixɔse gbɔe na wodzudzɔ Mawu ƒe ŋkɔa zazã—menye le mawuvɔvɔ̃ ta o. Biblia la ŋutɔ ƒe teƒe aɖeke megblɔ be womegazã Mawu ƒe ŋkɔa o. Mawu ŋutɔ gblɔ na Mose be: “Ale nàgblɔ na Israel-viwoe nye si, ‘Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu . . . dɔm ɖe mia gbɔ.’ Esia nye nye ŋkɔ tegbee, eye nye ŋkɔ sia dzidzimewo katã woayɔ.” (Mose II, 3:15, NW) Ŋɔŋlɔawo ƒoe ɖe tadeagulawo nu enuenu be: “Mikafu Yehowa, miyɔ eƒe ŋkɔ.” (Yesaya 12:4) Ke hã Biblia-gɔmeɖela akpa gãtɔ nɔa Yudatɔwo ƒe blemadzixɔsea yome eye womezã Mawu ƒe ŋkɔ la o.

Gake Pavsky ya menɔ blemadzixɔse siawo yome o. Ezã Yehowa ƒe ŋkɔa wòwu zi 35 le eƒe Psalmowo ƒe gɔmeɖeɖea ɖeɖeko me. Dzideƒo si nɔ esi va kpɔ ŋusẽ ɖe eŋɔlimetɔ aɖe dzi wòɖe dzesi.

Bisiɔptenɔla Makarios

Eŋɔlimetɔ siae nye bisiɔptenɔla Makarios, Russiatɔ Orthodɔks-ha ƒe mawunyadɔgbedela si nye gbeŋutinunyala bibi aɖe. Esime wònye ɖevi xɔ ƒe adre la, ete ŋu ɖea Russiagbe me nya kpuiwo gɔme ɖe Latingbe me. Kaka wòatsi axɔ ƒe 20 la, ese Hebrigbe, Germanygbe, kple Fransegbe. Gake ɖokuibɔbɔ kple ekpɔkpɔ dzesii kɔte be agba le ye dzi le Mawu ŋkume na meka ɖe eɖokui dzi fũ o. Exɔ aɖaŋuɖoɖo tso gbeŋutinunyalawo kple agbalẽnyala bubuwo gbɔ enuenu.

Makarios di be yeawɔ ɖɔɖɔɖo le mawunyadɔgbededɔ ŋu le Russia. Ebui be hafi Kristotɔnyenye nate ŋu aɖo Moslem kple Yuda tɔwo gbɔ le Russia la, ele be sɔlemeha la “nafia nu ameawo to sukuwo ɖoɖo kple Biblia siwo le Russiagbe me mamã me.” Le March 1839 me la, Makarios va ɖo St. Petersburg, eye enɔ mɔ kpɔm be woaɖe mɔ na ye yeaɖe Hebri Ŋɔŋlɔawo gɔme ayi Russiagbe me.

Makarios ɖe Biblia-gbalẽ siwo nye Yesaya kple Hiob gɔme xoxo. Gake aɖaŋuɖoha la meɖe mɔ nɛ be wòaɖe Hebri Ŋɔŋlɔawo gɔme ɖe Russiagbe me o. Le nyateƒe me la, wogblɔ na Makarios be wòaɖe asi le Hebri Ŋɔŋlɔawo gɔmeɖeɖe ɖe Russiagbe me ƒe nya la ŋu. Aɖaŋuɖoha la de se aɖe le April 11, 1841 dzi, eye wogblɔ na Makarios be “wòawɔ dzimetɔtrɔdɔ kwasiɖa etɔ̃ va ɖo ade le bisiɔp aɖe ƒe aƒeme le Tomsk be wòakɔ eƒe dzitsinya ŋu to gbedodoɖa kple tadedeagu me.”

Makarios ƒe Tenɔnɔ Kalẽtɔe

Makarios wɔ eƒe dzimetɔtrɔdɔa tso December 1841 vaseɖe January 1842 me. Gake esi wònya wɔe na wo vɔ ko la, edze Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa susɔeawo gɔmeɖeɖe gɔme. Pavsky ƒe Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe gɔmeɖeɖe ɖeka su esi eye ezãe tsɔ to eya ŋutɔ ƒe gɔmeɖeɖewo me. Egbe Mawu ƒe ŋkɔ la ɣaɣla, abe Pavsky ke ene. Le nyateƒe me la, ŋkɔ Yehowa dze zi gbɔ zi 3,500 kple edzivɔ le Makarios ƒe gɔmeɖeɖea me!

Makarios ɖo eƒe gɔmeɖeɖea ƒe ɖewo ɖe exɔlɔ̃ siwo kpɔ dzidzɔ ɖe eŋu. Togbɔ be ʋee aɖewo siwo woŋlɔ kple asi te ŋu su amewo si hã, sɔlemeha la yi edzi xe mɔ ɖe eƒe gɔmeɖeɖea tata nu. Makarios ɖoe be yeava ta yeƒe Biblia la le dukɔ bubu me. Esi ŋu ake wòadzo la, edze dɔ eye wòku emegbe kpuie, le ƒe 1847 me. Mete ŋu ta eƒe Biblia-gɔmeɖeɖea le eƒe agbenɔɣi gbeɖe o.

Wova Tae Mlɔeba!

Mlɔeba la, dunyahehe kple mawusubɔsubɔ me zazɛ̃nyahehea nu fa. Wova nɔ mɔ ɖem ɖe nuwo ŋu le nutoa katã me, eye le ƒe 1856 me aɖaŋuɖoha la va lɔ̃ ɖe edzi azɔ be woaɖe Biblia gɔme ɖe Russiagbe me. Esi nɔnɔmea va ka ɖe eme alea ta la, wota Makarios Biblia la vivivi ɖe Orthodox Review me tso ƒe 1860 vaseɖe 1867 me, eye eƒe tanyae nye An Experiment of Translation Into the Russian Language (Gbegɔmeɖeɖe ɖe Russiagbe me ƒe Nuwɔkpɔ).

Bisiɔpgã Filaret Chernigov si nye Russia-subɔsubɔgbalẽwo ŋuti nunyala da Makarios Biblia la kpɔ hegblɔ le eŋu be: “Eƒe gɔmeɖeɖea sɔ ɖe Hebrigbe me tɔa nu pɛpɛpɛ, eye nya siwo wòtsɔ ɖe wo gɔmee la dze to eye wosɔ ɖe nyaawo nu.”

Gake womeɖe Makarios Biblia ɖe go be amesiame nakpɔ o. Le nyateƒe me la, woŋlɔe be keŋkeŋ kloe. Mlɔeba le ƒe 1876 me la, woɖe Biblia bliboa gɔme, Hebri kple Hela Ŋɔŋlɔawo siaa, ɖe Russiagbe me le aɖaŋuɖoha la ƒe mɔɖeɖe nu. Woyɔa Biblia blibo sia zi geɖe be aɖaŋuɖoha ƒe gɔmeɖeɖe. Nukutɔe la, Makarios ƒe gɔmeɖeɖea, kpakple Pavsky tɔ dzi koŋue wokpɔ wɔ dɔ tso Russia Orthodɔks Ha ƒe gɔmeɖeɖe si dzi “woda asi ɖo” la ŋu. Gake teƒe ʋee aɖewo koe wozã Mawu ƒe ŋkɔa le teƒe siwo wòdze le le Hebrigbe me tɔa me.

Makarios Biblia la Egbea

Makarios Biblia la nɔ ɣaɣla vaseɖe ƒe 1993 me. Abe alesi míegblɔe le gɔmedzedzea me ene la, woke ɖe tata ɖeka ŋu ɣemaɣi le Orthodox Review magazine xoxowo me le Russia Dukɔa ƒe Agbalẽdzraɖoƒea ƒe akpa si wodea agbalẽ siwo mebɔ o. Yehowa Ðasefowo kpɔe dze sii be ele vevie be woana Biblia sia nasu amesiame si. Agbalẽdzraɖoƒea ɖe mɔ na Yehowa Ðasefowo ƒe Subɔsubɔha si le Russia be woaxɔ Makarios Biblia la ɖeka ale be woatrɔ asi le eŋu atae.

Emegbe Yehowa Ðasefowo wɔ ɖoɖo be woata Biblia sia ɖekaɖeka 300,000 le Italy be woamã le Russia katã kple dukɔ bubu geɖe siwo me wodoa Russiagbe le me. Tsɔ kpe ɖe Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa gãtɔ si gɔme Makarios ɖe ŋu la, Psalmowo si gɔme Pavsky ɖe kpakple Hela Ŋɔŋlɔawo si gɔme Orthodɔks Ha la ƒe aɖaŋuɖoha na woɖe hã le tata sia me.

Le ƒe sia me ƒe January me la, woɖee ɖe go le nyadzɔdzɔŋlɔlawo ƒe nyamedzroƒe aɖe le St. Petersburg, Russia. (Kpɔ axa 26.) Biblia yeye sia akɔ nu me na Russiagbe xlẽlawo godoo ahatu wo ɖo.

Eyata Biblia sia tata nye dziɖuɖukpɔkpɔ le mawusubɔsubɔ kple agbalẽwo ŋɔŋlɔ gome! Eɖoa ŋku Yesaya 40:8 ƒe nyateƒenyenye si doa ŋusẽ xɔse la hã dzi na mí be: “Gbe ƒuna, eye seƒoƒo yrɔna, ke mía Mawu ƒe nya anɔ anyi tegbee.”

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 26]

Numetolawo Kafu Biblia

“WOGAÐE ŋkuɖodzigbalẽ bubu aɖe ɖe go: eyae nye Makarios Biblia la.” Nya mae nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Komsomolskaya Pravda gblɔ tsɔ ɖe gbeƒã Makarios Biblia ɖeɖe ɖe goe.

Esi nyadzɔdzɔgbalẽa de dzesii be “ƒe 120 siwo va yi me” hafi Biblia do zi gbãtɔ le Russiagbe me la, efa konyi be: “Sɔlemeha la tsi tre ɖe agbalẽ kɔkɔewo gɔmeɖeɖe ɖe gbe si nya xlẽna bɔbɔe me ŋu ƒe geɖe. Esi sɔlemeha la gbe gɔmeɖeɖe geɖe megbe la, eva lɔ̃ ɖe wo dometɔ ɖeka dzi le 1876 me, eye wova yɔe be aɖaŋuɖoha la ƒe gɔmeɖeɖe. Gake womeɖe mɔ wòɖo sɔlemeawo me o. Vaseɖe egbegbe la, Biblia si ko wolɔ̃na zãna le afimae nye Slavoniagbe me tɔ.”

Nyadzɔdzɔgbalẽ St. Petersburg Echo hã ƒo nu tso viɖe si le Makarios Biblia la tata ŋu hegblɔ be: “Agbalẽnyalagã siwo tso St. Petersburg Dukɔa ƒe Yunivɛsiti, Herzen Agbalẽsɔsrɔ̃ ƒe Yunivɛsiti, kple Dukɔa ƒe Mawusubɔsubɔ Ŋutinya ƒe Blemanudzraɖoƒe la kafu Biblia ƒe tata yeye sia vevie.” Esi nyadzɔdzɔgbalẽa nɔ nu ƒom tso alesi Makarios kple Pavsky ɖe Biblia gɔme ɖe Russiagbe me le ƒe alafa si va yi ƒe afã gbãtɔ me ŋu la, ede dzesii be: “Vaseɖe ɣemaɣi la, Slavoniagbe si subɔsubɔhakplɔlawo koe te ŋu sea egɔme la me koe woate ŋu axlẽ Biblia le le Russia.”

Wogblɔe le nyadzɔdzɔŋlɔlawo ƒe nyamedzroƒe aɖe le St. Petersburg le ƒe sia ƒe gɔmedzedze me be Yehowa Ðasefowo ɖe Makarios Biblia ɖe go. Afima nyadzɔdzɔgbalẽ Nevskoye Vremya gblɔ be: “Agbalẽnyalagãwo . . . te gbe ɖe edzi be ele be woabu tata la be enye nusi ɖedzesi ŋutɔ le Russia kple St. Petersburg ƒe dekɔnuwo me. Eɖanye aleke ke ame aɖe bua subɔsubɔha sia ƒe dɔwɔnawoe o, ɖikeke mele eme o be Biblia-gɔmeɖeɖe sia si ŋu míenya nu le tsã o si wota la nye viɖenu gã aɖe.”

Nyateƒee, edzɔa dzi na Mawu lɔ̃lawo katã ne woɖe eƒe Nya si woŋlɔ ɖi gɔme ɖe gbe si ame tsɛwo ate ŋu axlẽ ase egɔme me. Edzɔ dzi na Biblia-lɔ̃lawo le afisiafi be Biblia-gɔmeɖeɖe bubu gato na Russiagbedola miliɔn geɖe siwo le xexeame katã.

[Nɔnɔmetata]

Woɖe gbeƒã Makarios Biblia ɖeɖe ɖe go le nyadzɔdzɔŋlɔlawo ƒe nyamedzroƒe sia

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Russia Dukɔa ƒe Agbalẽdzraɖoƒe afisi woke ɖe kesinɔnu ɣaɣlaa ŋu le

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Peter Gãtɔ te kpɔ be yeana woata Biblia ɖe Russiagbe me

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Corbis-Bettmann

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Gerasim Pavsky, amesi hã kpe asi ɖe eŋu woɖe Biblia gɔme ɖe Russiagbe me

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Bisiɔptenɔla Makarios, amesi ƒe ŋkɔ woda ɖe Russiagbe me Biblia yeyea dzi

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe