INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w98 4/1 axa 22-27
  • Medze Kpodɔ—Gake Mekpɔ Dzidzɔ Kple Gbɔgbɔmeyayrawo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Medze Kpodɔ—Gake Mekpɔ Dzidzɔ Kple Gbɔgbɔmeyayrawo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mewɔ Ðeka Kple Mawu ƒe Amewo
  • Medze Kpodɔ
  • Wosusu be Meku
  • Tsitretsitsi ɖe Nye Gbeƒãɖeɖe Ŋu
  • Woyi Edzi Dze Agbagba be Woanyãm
  • Nuxexlẽ Kple Nuŋɔŋlɔ Srɔ̃ƒe
  • Fiaɖuƒe Akpata le Asaɖa la Me
  • Gbeƒãɖeɖe na Kpodɔlélawo
  • Dzidzɔkpɔkpɔ le Nɔvinyewo Subɔsubɔ Me
  • Srɔ̃ Nu Tso Se Siwo Ku Ðe Anyidɔléle Ŋu La Me
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2020
  • Ènyaa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Èɖo Ŋku Wo Dzia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Anyidɔléla Aɖe Ƒe Nu Wɔ Nublanui Na Yesu Wòda Dɔ Nɛ
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
w98 4/1 axa 22-27

Medze Kpodɔ—Gake Mekpɔ Dzidzɔ Kple Gbɔgbɔmeyayrawo

ABE ALESI ISAIAH ADAGBONA GBLƆE ENE

Akure si le Nigeria ye menɔ tsi. Te, akɔɖu, agbeli, kple koko gble ye nye ƒomea dena. Fofonye medi be made suku o. Egblɔ nam be: “Agbledelae nènye. Ame aɖeke mava bia tso asiwò be nàxlẽ te o ɖe.”

KE HÃ, medi be masrɔ̃ nuxexlẽ. Le fiẽwo me la, metsia tre ɖe aƒe aɖe si me nufiala aɖe va fiaa nu ɖevi aɖewo le ƒe fesre nu nɔa to ɖom. Ƒe 1940 mee nye ma esime mexɔ anɔ ƒe 12. Ne ɖeviawo fofo kpɔm la, edoa ɣli ɖe tanye henyãam ɖe nu. Gake meganɔa yiyim kokoko. Ɣeaɖewoɣi ne nufiala la meva o la, mewɔna dzaa gena ɖe eme eye meléa ŋku ɖe ɖeviawo ƒe agbalẽwo me kpli wo. Woɣea woƒe agbalẽwo nam ɣeaɖewoɣi. Mɔ ma dzie meto srɔ̃ nuxexlẽ.

Mewɔ Ðeka Kple Mawu ƒe Amewo

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Biblia su asinye eye mexlẽnɛ ɣesiaɣi hafi mlɔa anyi. Le fiẽ aɖe me la, mexlẽ Mateo ta 10, si ɖee fia be amewo alé fu Yesu ƒe nusrɔ̃lawo eye woati wo yome.

Meɖo ŋku edzi be Yehowa Ðasefowo va míaƒe aƒea me kpɔ eye míexɔ wo nyuie kura o. Mebui be ɖewohĩ anye amesiawo ŋue Yesu ƒo nu tsoe. Esi Ðasefoawo gava la, mexɔ magazine tso wo gbɔ. Esi mete hadede kpli wo la, amewo va nɔ fewu ɖum le ŋunye. Ke hã, zi alesi amewo dze agbagba be yewoaɖe dzi le ƒonye la, zi nenemae meka ɖe edzi hekpɔ dzidzɔ be meke ɖe subɔsubɔha vavãtɔ ŋu.

Nusi wɔ dɔ ɖe dzinye le Ðasefowo ŋue nye be wometsɔa mía gbɔ trɔ̃subɔsubɔ ƒe kɔnu kple kɔnyinyiwo tsaka kple woƒe tadedeagu abe alesi subɔsubɔha bubu siwo le míaƒe nutoa me wɔnɛ ene o. Le kpɔɖeŋu me, togbɔ be Anglikan-ha me tɔe fofonye nye hã, Ogun si nye Yorubatɔwo ƒe mawu ƒe legba nɔ esi.

Esi fofonye ku la, nyee wòle be manyi legba la dome hafi. Exɔxɔ medzrom o, elabena menya be Biblia ƒo nu tsi tre ɖe trɔ̃subɔsubɔ ŋu. Yehowa kpe ɖe ŋunye meyi ŋgɔ le gbɔgbɔ me, eye le December 1954 me la, mexɔ nyɔnyrɔ.

Medze Kpodɔ

Le ƒe ma ƒe gɔmedzedze la, mekpɔe be nye afɔ nɔ tetem eye megasea naneke o. Ne meɖo afɔ dzoka xɔxɔwo dzi hã, nyemesea veve o. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, nye ŋgonu kple nuyiwo ŋu va wɔ abi hẽ. Mía kple nye ƒomea míenya nusi gbɔ wòtso o; míebui be dzi ye. Meyi ɖe ʋetikewɔla 12 gbɔ nɔ eƒe atike dim. Mlɔeba la, wo dometɔ ɖeka gblɔ na mí be kpodɔe.

Aleke gbegbe nya ma ɖi ɖem enye si! Ena metɔtɔ eye nyemete ŋu dɔa alɔ̃ nyuie o. Mekua drɔ̃e baɖabaɖawo. Gake Biblia me nyateƒea ƒe sidzedze kple ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu kpe ɖe ŋunye metsɔ kakaɖedzi kpɔ mɔ na etsɔme.

Amewo gblɔ na danye be ne meyi bokɔ aɖe gbɔ va sa vɔwo ko la, aka ɖe eme nam. Megbe be nyemayi o, esi menya be nusiawo tɔgbe wɔwɔ madze Yehowa ŋu o ta. Esi danye xɔlɔ̃wo kpɔe be meɖoe kplikpaa ta la, wodoe ɖa be wòatsɔ bisi aka nye ŋgonu. Emegbe ate ŋu atsɔ bisi la ayi bokɔ la gbɔ wòazãe atsɔ asa vɔwo ɖe tanye. Nyemedi be makpɔ gome le esia me o eye megblɔ nɛ nenema. Mlɔeba la, ena ta le agbagba si wòdze be yeana makpɔ gome le trɔ̃subɔsubɔ me la me.

Kaka mayi kɔdzi la, dɔa gasẽ ɖe edzi. Abiwo kaka ɖe nye ameti bliboa katã ŋu. Wona atikewom le kɔdzi, eye vivivi la, nye ŋutilã gaɖɔ ɖo.

Wosusu be Meku

Gake nye kuxiawo mevɔ kura haɖe o. Dɔa ɖo nye ɖusifɔ me vevie, eye le ƒe 1962 me la, eva hiã be woalãe. Kuxiwo do mo ɖa le elalã vɔ megbe. Ðɔktaawo mekpɔ mɔ be matsi agbe o. Yevu nunɔla aɖe si nye mawunyadɔgbedela va be yeava wɔ sɔleme mamlɛa nam. Megbɔdzɔ ale gbegbe be nyemate ŋu aƒo nu o, gake dɔnɔdzikpɔla aɖe gblɔ nɛ be Yehowa Ðasefoe menye.

Nunɔla la gblɔ nam be: “Èdi be yeatrɔ azu Katolikotɔ ale be nàte ŋu ayi dziƒoa?” Ena meko nu ɖe tame. Medo gbe ɖa na Yehowa be wòana ŋusẽm matsɔ aɖo eŋu. Medze agbagba vevie gblɔ be, “Ao!” Nunɔla la trɔ dzo.

Nye nɔnɔmea gblẽ ɖe edzi ale gbegbe be kɔadzidɔwɔlawo susu be ɖe meku. Wotsɔ avɔ tsyɔ mo nam. Gake wometsɔm yi amekukudaɖoƒe o elabena ele be ɖɔkta alo dɔnɔdzikpɔla aɖe naɖo kpe edzi be meku hafi. Ðɔkta aɖeke menɔ dɔ me o, eye dɔnɔdzikpɔlaawo katã dzo yi kplɔ̃ɖoƒe aɖe. Eyata wogblẽm ɖe dɔnɔxɔa me ŋu ke. Esi ɖɔkta la nɔ dɔnɔwo dzi tsam ŋufɔke la, ame aɖeke meva nye abatia gbɔ o elabena avɔa ganɔ ŋunye eye wobui be meku. Mlɔeba la, ame aɖe kpɔe be “ame kukua” le ʋaʋãm le avɔa te!

Meva haya, eye le December 1963 me la, wokplɔm yi Abeokuta Kpodɔdaƒe si le Nigeria ƒe anyieheɣetoɖoƒe. Afimae mele vaseɖe fifia.

Tsitretsitsi ɖe Nye Gbeƒãɖeɖe Ŋu

Kpodɔléla siwo ade 400 ye nɔ teƒea esime meyi, eye nye ɖeka koe nye Ðasefo nɔ wo dome. Meŋlɔ lɛta na Habɔbɔa, eye wotso ɖe eŋu enumake ale be wona Akomoje Hamea me tɔwo vaa gbɔnye. Eyata kadodo nɔ mía kple nɔviwo dome ɣesiaɣi.

Esi menya va ɖo teƒea teti la, medze gbeƒãɖeɖe gɔme. Medzɔ dzi na osɔfo si nɔ afima la o, eye etso nunye na ɖoɖodzikpɔla si kpɔa asaɖaa dzi. Ðoɖodzikpɔla la nye ame tsitsi aɖe si tso Germany. Egblɔ nam be nyemekpɔ mɔ afia Biblia amewo o elabena nyemede suku o eye ɖaseɖigbalẽ mele asinye matsɔ awɔe o; esi nyemedze o ta la, mava fia nu gbegblẽ amewo. Ne meyi edzi la, woate ŋu anyãm le teƒea eye womagawɔ atike nam o. Meɖe mɔ be magblɔ nya aɖeke atsɔ aɖo eŋu o.

Azɔ eɖe gbeƒãe be ame aɖeke megasrɔ̃ Biblia kplim o. Esia wɔe be amesiwo ɖe ɖetsɔleme fia la dzudzɔ gbɔnye vava.

Medo gbe ɖa na Yehowa le nya la ŋu, eye mebia eƒe nunya kple mɔfiafia. Kwasiɖagbe si kplɔe ɖo la, meyi Baptist-ha si nɔ teƒea ƒe sɔleme, togbɔ be nyemekpɔ gome le woƒe subɔsubɔnuwɔnawo me o hã. Ɣeyiɣi aɖe li si me amesiwo va la ate ŋu abia nyawo. Medo asi ɖe dzi hebia be: “Ne ame nyuiwo katã ayi dziƒo eye ame vɔ̃ɖiwo katã ayi teƒe bubu aɖe la, ke nukata Yesaya 45:18 gblɔ be Mawu wɔ anyigba be woanɔ edzi?”

Ha la me tɔ geɖe va te nuƒoƒo butubutui. Mlɔeba la, osɔfo mawunyadɔgbedela la gblɔ be míate ŋu anya Mawu ƒe mɔwo o. Esi wògblɔ nya ma ko la, nye ŋutɔ meɖo nye biabia la ŋu esi mexlẽ mawunyakpukpui siwo fia be ame 144,000 ayi dziƒo, be woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo, eye be ame dzɔdzɔewo anɔ anyigba dzi tegbee.—Psalmo 37:10, 11; Nyaɖeɖefia 14:1, 4.

Amesiame ƒo asikpe tsɔ fia be ŋuɖoɖoa dze yewo ŋu. Osɔfoa gblɔ be: “Migaƒo asikpe na ŋutsu sia ake elabena enya Biblia ŋutɔ.” Esi wokpã sɔlemea la, ame aɖewo va gbɔnye va gblɔ be: “Ènya nu geɖe wu osɔfoa!”

Woyi Edzi Dze Agbagba be Woanyãm

Esia tsi yometitia ƒe akpa gãtɔ nu, eye amewo gavaa gbɔnye míesrɔ̃a Biblia. Gake tsitretsiɖeŋula aɖewo kpɔtɔ nɔ anyi siwo ƒoe ɖe ɖoɖodzikpɔla la nu be wòanyãm. Anɔ ɣleti ɖeka le sɔlemeyiyia megbe la, eyɔm eye wògblɔ be: “Nukata nèyi edzi le gbeƒã ɖem? Le dukɔ si me metso la, amewo melɔ̃a Yehowa Ðasefowo ƒe nya o, eye nenema ke wòle le afisia hã. Nukata nèle fu ɖem nam? Ènya be màte ŋu anyã wòa?”

Meɖo eŋu be: “Papa, medea bubu ŋuwò le susu etɔ̃ ta. Gbã le esi nètsi wum ta, eye Biblia gblɔ be míade bubu ame tsitsi ta ƒowɔwo ŋu. Susu evelia si ta medea bubu ŋuwòe nye be èdzo le wò dedukɔ me be yeava kpe ɖe mía ŋu le afisia. Susu etɔ̃lia enye be èvea ame nu, ènyoa dɔme, eye nèkpena ɖe amesiwo le fu kpem ŋu. Gake mɔ ka nèsusu be yekpɔ anyãm? Dukɔ sia ƒe dukplɔla menyãa Yehowa Ðasefowo o. Nuto sia ƒe fia menyãa mí o. Ne ènyãm dzoe le asaɖa sia me hã la, Yehowa ayi edzi alé be nam.”

Nyemeƒo nu nɛ kaŋ alea kpɔ o, eye mekpɔe be ewɔ dɔ ɖe edzi. Edzo le gbɔnye nya aɖeke magblɔmagblɔe. Emegbe ne ame aɖe tso nunye nɛ la, eɖoa eŋu dziɖeleameƒotɔe be: “Nyemagade nu nya sia me azɔ o. Ne eƒe gbeƒãɖeɖe le fu ɖem na wò la, yi nàva dzro eme kplii!”

Nuxexlẽ Kple Nuŋɔŋlɔ Srɔ̃ƒe

Baptist-ha la me tɔ siwo le asaɖaa me yi edzi tsi tre ɖe nye gbeƒãɖeɖea ŋu. Emegbe susu aɖe va nam. Meyi ɖoɖodzikpɔla la gbɔ eye mebiae nenye be mate ŋu aɖo nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ srɔ̃ƒe hã. Esi wòbia be ho nenie maxɔ hã la, megblɔ be mafia nua femaxee.

Wona nusrɔ̃xɔ, nuŋlɔkpe, kple akalo si wotsɔ ŋlɔa nui lam, eyata medze egɔme nɔ nuxexlẽ fiam teƒea nɔla aɖewo. Míesrɔ̃a nu gbesiagbe. Metsɔa aɖabaƒoƒo 30 gbãtɔawo fiaa nuxexlẽ, eye emegbe megblɔa Biblia me ŋutinya aɖe heɖea eme. Emegbe míexlẽa ŋutinya la le Biblia me.

Woyɔ nusrɔ̃viawo dometɔ ɖeka si nye nyɔnu be Nimota. Etsɔ ɖe le gbɔgbɔmenuwo me vevie eye ebiaa nya geɖe le mawusubɔsubɔ ŋu le sɔleme kple Moslemtɔwo ƒe gbedoɖaƒe siaa. Womete ŋu ɖoa eƒe biabiawo ŋu nɛ le teƒe mawo o, eyata etsɔa wo vaa gbɔnyee. Mlɔeba la, etsɔ eƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa eye wòxɔ nyɔnyrɔ. Míeɖe mía nɔewo le ƒe 1966 me.

Nuxexlẽsrɔ̃ƒe mae míaƒe hamea me tɔ akpa gãtɔ srɔ̃ nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ le. Menye nye ŋutɔ ƒe nunyae metsɔ do susua ɖa le nusrɔ̃ƒea ɖoɖo ŋu o. Edze ƒã be Yehowa ƒe yayrae. Ame aɖeke megate kpɔ be yeana madzudzɔ gbeƒãɖeɖe le ema megbe o.

Fiaɖuƒe Akpata le Asaɖa la Me

Esime mía kple Nimota míeɖe mía nɔewo la, mí ame enee kpea ta edziedzi wɔa Gbetakpɔxɔ nusɔsrɔ̃a ɖekae. Míekpena le xɔ si me woklɔa kpodɔlélawo ƒe abiwo le la anɔ ƒe ɖeka. Emegbe ɖoɖodzikpɔlaa si va zu xɔ̃nye azɔ la gblɔ nam be: “Menyo be mianɔ miaƒe Mawu subɔm le abiklɔxɔ me o.”

Egblɔ be míate ŋu akpe le atikpalawo ƒe agbadɔ si tsi ƒuƒlu la me. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, míetrɔ agbadɔa wòzu Fiaɖuƒe Akpata. Le ƒe 1992 me la, nɔvi siwo le dua me kpe ɖe mía ŋu míewu etutu nu. Abe alesi nèkpɔe le foto si le axa 24 me ene la, míaƒe akpataa nye xɔ ɖɔʋu—míezrɔ̃ eŋu hesi aŋɔ nɛ, eye míede siminti anyigba hegbae nyuie.

Gbeƒãɖeɖe na Kpodɔlélawo

Metsɔ kpodɔlélawo ƒe nɔƒea wɔ nye anyigbamamãe ƒe 33 enye sia. Aleke gbeƒãɖeɖe na kpodɔlélawo le? Le Afrika afisia la, ame akpa gãtɔ xɔe se be Mawu gbɔe nusianu tso. Eyata ne wodze kpodɔ la, woxɔnɛ sena be Mawu gbɔe wòanya tso. Ame aɖewo léa blanui vevie le woƒe nɔnɔmea ta. Ame bubuwo doa dziku gblɔna be: “Mègagblɔ Mawu lɔ̃ame si nyoa dɔme ŋu nya aɖeke na mí o. Ne nyateƒee nya ma nye la, anye ne dɔlélea vɔ na mí!” Ekema míexlẽa Yakobo 1:13 si gblɔ be: ‘Mawu metea ame aɖeke kpɔna kple nuvɔ̃ o,’ eye míeɖea eme. Azɔ míeɖea nusita Yehowa ɖe mɔ dɔléle wɔa fu amewo me, eye míeƒoa nu tso paradisonyigba si dzi ame aɖeke magalé dɔ le o si ƒe ŋugbe wòdo la ŋu.—Yesaya 33:24.

Ame geɖe xɔ nyanyuia nyuie. Tso esime meva asaɖa sia me la, Yehowa zãm mekpe ɖe amesiwo wu 30 ŋu woɖe adzɔgbe xɔ nyɔnyrɔ, eye wo katã nye kpodɔlélawo. Ame geɖe trɔ yi woƒe aƒewo me esi woda dɔ na wo vɔ, eye wo dometɔ ʋee aɖewo ku. Fifia míenye Fiaɖuƒegbeƒãɖela 18, eye ame siwo ade 25 dea kpekpewo edziedzi. Mía dometɔ eve nye hamemegãwo, eye subɔsubɔdɔwɔla ɖeka kple gbesiagbe mɔɖela ɖeka le mía si. Aleke gbegbe dzi dzɔam enye si be makpɔ ame gbogbo siwo le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe le asaɖa sia me! Esime meva afisia la, mevɔ̃ be nye ɖeka matsi akogo, gake Yehowa yram le mɔ wɔnuku aɖe nu.

Dzidzɔkpɔkpɔ le Nɔvinyewo Subɔsubɔ Me

Meno kpodɔtikewo tso ƒe 1960 vaseɖe abe ƒe atɔ̃ si va yi ene. Fifia dɔa vɔ nam keŋkeŋ, abe alesi wòvɔ na hamea me tɔ bubuwo ke ene. Kpodɔa gblẽ nu le ŋunye—wolã nye afɔ, eye nyemete ŋu dzɔa nye asiwo o—gake dɔa vɔ nam.

Esi mehaya ta ame aɖewo biam be nukata nyemedzo le asaɖaa me trɔ yi aƒeme o. Susu geɖe tae megale afisia, gake vevitɔe nye be medi be mayi edzi akpe ɖe nɔvinye siwo le afisia ŋu. Dzidzɔ si le Yehowa ƒe alẽwo dzi kpɔkpɔ me la ƒo nusianu si nye ƒomea ate ŋu awɔ nam ne metrɔ yi wo gbɔ ta.

Medaa akpe geɖe be medze si Yehowa hafi va kpɔe be kpodɔ le ŋunye. Ne menye nenema o la, ɖewohĩ ne mewu ɖokuinye. Meto nɔnɔme sesẽ kple kuxi geɖe me le ƒeawo me, gake menye atikea ye lém ɖe te o—Yehowae. Dzi dzɔam ne mebu ɣeyiɣi siwo va yi ŋu; eye ne mebu etsɔme le Mawu ƒe Fiaɖuƒea te ŋu la, ena dzi dzɔam geɖe wu.

[Aɖaka si le axa 25]

Kpodɔ Ŋu Nya Veviwo

Nukae Wònye?

Egbegbe kpodɔ nye dɔléle si dɔlékui aɖe si Armauer Hansen kpɔ le ƒe 1873 me hena vɛ. Ðɔktawo yɔa kpodɔ hã be Hansen ƒe dɔléle be woatsɔ akafu dɔ si wòwɔ.

Dɔlékuia gblẽa lãmekawo, ƒuwo, ŋkuwo, kple ŋutinu aɖewo. Zi geɖe la enaa asi kple afɔ kuna. Ne womelé fɔ ɖe eŋu o la, dɔlélea ate ŋu aɖu ame ƒe mo kple asi kpakple afɔ ɖa. Ƒã hafi wòwua ame.

Eƒe Atike Lia?

Amesiwo ŋu kpodɔ siwo nu mesẽ boo o le hayana atikemawɔmawɔe. Woate ŋu atsɔ atikewo ada esiwo nu sẽ wu.

Kpodɔ ƒe atike gbãtɔ si woto vɛ le ƒe 1950 ƒe ƒeawo me mete ŋu da dɔa kabakaba o eye vivivi la, megate ŋu va nɔ dɔa dam o elabena kpodɔ ƒe dɔlékuiawo te ŋu va nɔ te ɖe enu. Woto atike yeyewo vɛ, eye tso ƒe 1980 ƒe ƒeawo me la, Atike Ƒokpli ƒe Dɔdamɔnu (MDT) ye wozãna tsɔ danɛ le xexeame katã. Atike etɔ̃e wozãna zi ɖeka le dɔdamɔnu sia me—Dapsone, Rifampicin, kple Clofazimine. Togbɔ be MDT wua dɔlékuiawo hã, meɖɔa nusi wògblẽ le ame ŋu xoxo ya ɖo o.

MDT te ŋu kpea dɔlélea dzi nyuie ŋutɔ. Eyata amesiwo ŋu kpodɔ le ƒe xexlẽme dzi ɖe kpɔtɔ kabakaba tso miliɔn 12 le ƒe 1985 me va ɖo abe miliɔn 1.3 ene le ƒe 1996 ƒe domedome lɔƒo.

Alekee Nye Exɔxɔ le Ame Ŋu?

Womete ŋu xɔa kpodɔ le ame ŋu bɔbɔe o; ame akpa gãtɔ ƒe dɔlélenutsiŋutete te ŋu nɔa te ɖe enu. Ne adzɔ be woaxɔe le ame ŋu la, zi geɖe la, amesiwo li kplikplikpli kple dɔa lélawo ɣeyiɣi didi lae xɔnɛ. Ðɔktawo menya alesi tututu dɔlékuia wɔna gena ɖe amegbetɔ ƒe ŋutilã me o, gake wobui be ɖewohĩ ŋutigbalẽa alo ŋɔti mee wòtona.

Etsɔme Mɔkpɔkpɔwo

Wotɔ ŋku kpodɔ be kaka ƒe 2000 naɖo la, “woaɖee ɖa eye maganye nusi gblẽa nu le ameha hoo ƒe lãmesẽ ŋu o.” Esia fia be amesiwo ŋu kpodɔ anɔ le nuto ɖesiaɖe me ɣemaɣi la masɔ gbɔ wu 1 le ame 10,000 dome o. Woaɖee ɖa keŋkeŋ le Mawu ƒe Fiaɖuƒea te.—Yesaya 33:24.

Etsoƒewo: Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ; Dukɔwo Dome Kpodɔdada Habɔbɔwo ƒe Nubabla; kple Manson’s Tropical Diseases, Ƒe 1996 me Tɔ.

[Aɖaka si le axa 27]

Ðe Egbegbe Kpodɔ Sɔ Kple Biblia Ƒe Ɣeyiɣiwo Me Tɔa?

Egbegbe atikewɔwɔ ŋuti gbalẽwo ɖɔa kpodɔ tututu; ŋkɔ si dzɔdzɔmeŋutinunyalawo tsɔ na dɔlékui sue si henɛ vɛ lae nye Mycobacterium leprae. Le nyateƒe me la, menye atikewɔgbalẽe Biblia nye o. Hebri kple Hela gbe me nya si gɔme woɖe be “anyi” le Biblia gɔmeɖeɖe geɖe me ƒe gɔmesese le gbadzaa wu. Le kpɔɖeŋu me, kpodɔ si ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me ƒe dzesiwo menɔa amegbetɔwo ɖeɖeko ŋu o ke enɔa nudodowo kple xɔwo hã ŋu, si nye nusi dɔlékuia mewɔna o.—Mose III, 13:2, 47; 14:34.

Tsɔ kpe ɖe eŋu la, kpodɔ ƒe dzesi siwo nɔa amegbetɔwo ŋu egbea mesɔ ɖe alesi woɖɔ kpodɔ le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me nu tututu o. Ame aɖewo gblɔ be ɖewohĩ etso alesi dɔlélewo ƒe nɔnɔme trɔnae ne ƒewo va le yiyim la gbɔ. Ame bubuwo xɔe se be kpodɔ si ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me la nye dɔléle hamehame aɖewo ƒe ƒuƒoƒo, siwo dome ɖewohĩ dɔléle si M. leprae hena vɛ ate ŋu anɔ alo manɔ o.

Theological Dictionary of the New Testament gblɔ be Hela kple Hebri gbe me nya siwo gɔme woɖena zi geɖe be anyi la “fia dɔléle ma ke, alo dɔlélewo ƒe ƒuƒoƒo aɖe . . . Ðeko míenya tututu ne dɔléle siae míeyɔna fifia be kpodɔ o. Gake alesi tututu atikenyalawo ayɔ dɔlélea metrɔa naneke le alesi wòle be míabu [Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo] ƒe dɔdada na [kpodɔlélawo] ŋuti nuŋlɔɖiwoe ŋu o.”

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Hamea le Fiaɖuƒe Akpata la gbɔ le kpodɔlélawo ƒe asaɖaa me

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Isaiah Adagbona kple srɔ̃a Nimota

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe