Yehowa Ŋu Dzedzee Nye Nu Vevitɔ Si Ŋu Metsia Dzi Ðo
ABE ALESI THEODOROS NEROS GBLƆE ENE
Gaxɔ si me menɔ ƒe ʋɔtru ʋu gbla, eye amegã aɖe do ɣli gblɔ be: “Amekae nye Neros?” Esi megblɔ be nyee la, eɖe gbe be: “Tsi tre. Míeyina wu wò ge.” Asrafogaxɔ aɖe mee nu ma dzɔ le le ƒe 1952 me le Corinth, Greece. Nukatae nye agbe ɖo afɔku me nenema? Mina maƒo nu tso ɖokuinye ŋu vie gbã hafi aɖe eme.
BIBLIA Nusrɔ̃viwo ƒo nu na fofonye le ƒe 1925 me lɔƒo (nenemae woyɔa Yehowa Ðasefowoe tsã). Medidi o eva zu wo dometɔ ɖeka eye efia eƒe dzixɔsewo nɔviaŋutsu kple nɔvianyɔnu enyi, eye wo katã xɔ Biblia me nyateƒea. Edzilawo hã xɔe. Eva ɖe srɔ̃ emegbe hedzim le ƒe 1929 me le Agrinio, Greece.
Ƒe mawo dzi ŋɔ ale gbegbe le Greece! Gbã Aʋafia Metaxas ƒe ŋutasesẽ ƒe dzizizidziɖuɖue nɔ anyi. Emegbe le ƒe 1939 me la, Xexemeʋa II dzɔ, eye ema megbe teti Nazitɔwo va xɔ aƒe ɖe dukɔa me. Dɔléle kple dɔwuame bɔ. Gbelɔkeke suewo mee wotsɔa ame kuku vovówo ɖo ɖaƒua gbe. Vɔ̃ɖinyenye si nɔ xexeame ɖe dzesi ale gbegbe eye nenema ke míekpɔe be Mawu Fiaɖuƒea hã hiãe.
Meƒo Ðokuinye Ðe Subɔsubɔdɔ Wɔwɔ Me
Le August 20, 1942, dzi esi míeƒo ƒu be míawɔ kpekpe le Thessalonica-gbɔto la, míaƒe dzikpɔla zimenɔla fia asi Britaintɔwo ƒe aʋawɔyameʋu siwo nɔ bɔmb dam ɖe dua me eye wòte gbe ɖe alesi míaƒe toɖoɖo nuxlɔ̃ame be ‘míagagblẽ míaƒe ƒuƒoƒewo ɖi o’ la kpɔa mía tae dzi. (Hebritɔwo 10:25) Le ŋkeke ma dzi la míekpe ta ɖe ƒuta eye menɔ amesiwo tsɔ wo ɖokui na be yewoaxɔ nyɔnyrɔ dome. Esi míedo le tsia me la, míetɔ ɖe fli me eye mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo dzi ha tsɔ kafu mí le nyametsotso si míewɔ ta. Enye ŋkeke si míaŋlɔ be akpɔ o!
Ema megbe teti esi mía kple ŋutsuvi bubu míenɔ amewo gbɔ yim le aƒeme yi aƒeme dɔa me la, kpovitɔwo va lé mí hekplɔ mí yi kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒee. Be woana míanya be Kɔmiunisttɔwoe wobu míe eye be woxe mɔ ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa nu la, woƒo mí hegblɔ na mí be: “Yehowa kee nye Stalin, mi movitɔwo!”
Dukɔmeviʋa nɔ edzi yim sesĩe le Greece ɣemaɣi, eye ame geɖe nɔ tsitre tsim ɖe Kɔmiunisttɔnyenye ŋu ŋutɔ. Le ŋufɔke la, wode ga alɔ na mí kplɔ mí tsae to míaƒe aƒewo ŋu yii abe hlɔ̃dolawoe míenye ene. Gake menye dodokpɔ mawo ko mee meto o.
Xɔse ƒe Dodokpɔ le Suku
Meganɔ suku dem kokoko le ƒe 1944 ƒe gɔmedzedze me, eye Nazitɔwo gakpɔtɔ nɔ Thessalonica. Gbeɖeka le suku la, míaƒe mawunyafialagã si nye Greece Orthodɔks-ha nunɔla gblɔ nam be wole dodokpɔ ɖo ge nam mawɔ tso nusi míesrɔ̃ le ŋkekea me ŋu. Ðevi mamlɛawo gblɔ be: “Menye Orthodɔks Kristotɔe wònye o.”
Nufialagã la bia be: “Amekae wònye?”
Meɖo eŋu be: “Yehowa Ðasefoe menye.”
Eblu be “amegãxi le alẽwo dome,” eye wòlém heƒo mo nam.
Mebu le ɖokuinye me be, ‘Aleke wòadzɔe be alẽ nalé amegãxi?’
Ŋkeke ʋee aɖewo megbe la, míanɔ ame 350 ye nɔ míaƒe kplɔ̃wo ŋu nɔ lalam be míaɖu ŋdɔ nu. Tatɔa gblɔ be: “Neros negblɔ gbedodoɖa kpui aɖe.” Megblɔ nusi woyɔna be ‘Mía Fofo,’ si nye gbedodoɖa si Yesu fia eyomedzelawo si woŋlɔ ɖe Mateo 6:9-13. Esia mevivi tatɔa nu o, eyata enɔ enɔƒe le kplɔ̃ ŋu biam ɖaa be: “Nukatae nèdo gbea ɖa nenema?”
Megblɔ be: “Esi menye Yehowa Ðasefo tae.” Le ema ta eya hã lém heƒo tome nam. Nufiala bubu yɔm yi eƒe ɔfis emegbe le gbemagbe ke hegblɔ nam be: “Dɔnɔ dɔnɔ, Neros, lé nusi dzi nèxɔ se la me ɖe asi sesĩe, eye megana ta o.” Fiẽ ma la, fofonye de dzi ƒo nam kple apostolo Paulo ƒe nya siawo be: “Amesiwo katã dina be, yewoanɔ agbe ɖe mawusosroɖa nu le Kristo Yesu me la, woati woawo hã yome tsã.”—Timoteo II, 3:12.
Esi mewu kɔledzi nu la, ehiã be matia dɔ si mawɔ. Le dukɔmeviʋa si nɔ edzi yim le Greece ta la, Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade hã ƒe nya la dze ŋgɔm. (Yesaya 2:4; Mateo 26:52) Mlɔeba le ƒe 1952 ƒe gɔmedzedze la, wodem mɔ ƒe 20 le esi megbe be nyematsɔ tu le ɣeyiɣi sesẽ mawo me le Greece ƒe ŋutinya me o ta.
Wodo Nye Kristotɔwo ƒe Akpaɖekedzimademade Kpɔ
Esi menɔ asrafogaxɔwo me le Mesolóngion kple Corinth la, mɔnukpɔkpɔ su asinye meɖe eme na asrafomegãwo be nye dzitsinya si mena hehee kple Biblia la maɖe mɔ nam be mava zu asrafo ahe dunya o. Meyɔ Timoteo II, 2:3 tsɔ ɖe emee be: “Asrafoe menye xoxo na Yesu.” Esi wobia tso asinye be magbugbɔ abu nyaa ŋu la, megblɔ be nyemetso kpla ko tso nya me o ke boŋ ɖe mebu eŋu nyuie, eye adzɔgbe si meɖe be mawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu hã tae wòle nenema.
Esia ta woɖo dɔ sesẽwo nam be mawɔ eye manɔ anyi numaɖumaɖui le ŋkeke eve ɖesiaɖe dzi hena ŋkeke 20 eye mamlɔ anyigba le siminti dzi le gaxɔ si ƒe didime nye afɔ ade eye eƒe kekeme nye afɔ etɔ̃ me. Eye mía kple Ðasefo eve bubue nɔ gaxɔ sia me! Ɣeyiɣi sia me si menɔ gaxɔa me le Corinth ye woyɔm do goe yina wuwu ge.
Esi míeɖo ta afisi woawum le la, amegãa biam be: “Mele nya aɖeke gblɔ ge oa?”
Meɖo eŋu be: “Ao.”
“Mele lɛta ŋlɔ ge na ƒowòmetɔwo oa?”
Megaɖo eŋu ake be “Ao, wonya xoxo be woate ŋu awum le afisia.”
Míeɖo amewuƒea eye woɖe gbe nam be made me gli. Azɔ le esi teƒe be amegãa naɖe gbe na asrafoawo be woada tum la, eɖe gbe be: “Mikplɔe de xɔ me.” Ðeko wowɔ esia be woatsɔ adom kpɔ.
Emegbe woɖom ɖe ƒukpo sue aɖe dzi le Makrónisos afisi mɔɖeɖe aɖeke meli nam be agbalẽ bubu aɖeke nanɔ asinye o negbe Biblia ko. Woɖe Ðasefo 13 ɖe vovo tso adzogli siwo ade 500 kloe ŋu le aƒe sue aɖe me. Gake woɣlaa agbalẽwo tsɔna vanɛ na mí. Le kpɔɖeŋu me woɖo loukoúmia (kpetike nyanyɛ aɖe) go ɖeka ɖem gbeɖeka. Agbamekalawo di vevie be yewoaɖɔ loukoúmia la kpɔ ale be womekpɔ Gbetakpɔxɔ si woɣla ɖe egɔme o. Ðasefo ɖeka gblɔ be: “Asrafoawo ɖu loukoúmia la, eye míawo ‘míeɖu’ Gbetakpɔxɔ! ƒe magazine la.”
Agbalẽ si nye What Has Religion Done for Mankind? si woɖe ɖe go ɣemaɣi ƒe ɖeka su mía si, eye Ðasefo gamenɔla ɖeka si nya Eŋlisigbe la ɖe egɔme. Míesrɔ̃ Gbetakpɔxɔ hã ɖekae, eye míewɔa míaƒe kpekpewo le bebeme. Míetsɔ gaxɔa abe suku ene, abe mɔnukpɔkpɔ si míekpɔ atsɔ ado ŋusẽ míaƒe gbɔgbɔmenyenye ene. Ƒo wo katã ta la, dzi dzɔ mí elabena míenya bena míaƒe nuteƒewɔwɔa dze Yehowa ŋu.
Gaxɔ mamlɛtɔ si me wodem la nɔ Týrintha le ɣedzeƒe Pelopónnisos. Mekpɔ gaxɔdzikpɔla aɖe le afima si nɔa ŋku lém ɖe ŋunye vevie ne mele Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔm kple hanyevi gamenɔla ɖeka. Aleke gbegbe wòwɔ nuku nam enye si esi medo go gaxɔdzikpɔla ma ƒe aɖewo megbe le Thessalonica! Eva zu Ðasefo ɣemaɣi. Emegbe woɖo viawo dometɔ ɖeka ɖe gaxɔ me, menye be wòanye gaxɔdzikpɔla o ke boŋ gamenɔla. Susu si ta wodem mɔ ke tae wode eya hã ɖo.
Dɔa Gɔmedzedze Ake le Nye Dodo Megbe
Ƒe etɔ̃ koe menɔ gaxɔ me le ƒe 20 mɔ si wodem la me. Le asiɖeɖe le ŋunye vɔ megbe la, meɖoe be manɔ Athens. Gake eteƒe medidi o ŋudzã sesẽ aɖe ƒomevi va lém ale wòva hiã be matrɔ yi Thessalonica. Metsi aba dzi ɣleti eve sɔŋ. Emegbe medo go nyɔnuvi dzetugbe aɖe si ŋkɔe nye Koula, ale míeɖe srɔ̃ le December 1959. Eva zu mɔɖela le ƒe 1962 me, si nye alesi woyɔa Yehowa Ðasefowo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawoe. Le ƒe etɔ̃ megbe medze agbagba ge ɖe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me kplii.
Le January 1965 me la, woɖo mí ɖe nutome sue dɔ si me míeyina ɖasrãa hamewo kpɔna hedea dzi ƒo na wo le gbɔgbɔ me la me. Le dzomeŋɔli ma me míekpɔ mɔnu de nutome gã takpekpe gãtɔ si wowɔ le Vienna, Austria. Menɔ abe esiwo míewɔ le Greece afisi míekpena dzaa le atiwo gɔme le esi woxe mɔ ɖe míaƒe dɔa nu la ta o. Esi ƒe 1965 yina nuwuwu la, womiã asi mí be míava wɔ dɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe le Athens. Gake le ƒonyemetɔ aɖewo ƒe dɔlényawo ta míetrɔ va Thessalonica le ƒe 1967 me.
Togbɔ be míenɔ ƒomegbawo tsɔm hã la, míeyi edzi do vevie nu le nyanyuikakadɔa me. Gbeɖeka esi menɔ nu ƒom na nɔvinye Kostas la, meƒo nu tso alesi Mawu ƒe habɔbɔa nyoe, kple lɔlɔ̃, ɖekawɔwɔ, kple alesi emetɔwo ɖoa to Mawui la ŋu. Egblɔ be: “Ne Mawu li la, anye ne esia nyo ŋutɔ.” Esi mekpee be wòana míadzro eme akpɔ be Mawu li loo alo meli o la, elɔ̃ ɖe edzi. Megblɔ nɛ be míele Yehowa Ðasefowo ƒe dukɔwo dome takpekpe yi ge le Nuremberg, Germany, le August 1969 me. Ebia ne yeate ŋu ayi kpli mí hã, eye xɔ̃a Alekos si míenɔ Biblia srɔ̃m kplii hã di be yeayi.
Nuremberg takpekpea nye nukpɔkpɔ wɔnuku aɖe ŋutɔ! Wowɔ takpekpea le lãmesẽfefewɔƒe gã aɖe, afisi Hitler ɖu eƒe aʋadziɖuzãwo le. Míaƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ kekeake nye 150,000, eye Yehowa ƒe gbɔgbɔa ƒe dɔwɔna dze le wɔnawo katã me. Ema megbe kpuie la, Kostas kple Alekos siaa xɔ nyɔnyrɔ. Kristotɔ hamemegãwoe wo ame evea siaa nye fifia, eye woƒe ƒomewo hã nye Ðasefowo.
Medze nusɔsrɔ̃ gɔme kple ɖetugbi ɖetsɔlemetɔ aɖe. Srɔ̃a gblɔ be yedi be yeaku míaƒe dzixɔsewo me, eye le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, ena menya be yekpe Aƒetɔ aɖe si ŋkɔe nye Sakkos si nye Greece Orthodɔks-ha ƒe mawunyaŋununyala hena nya aɖewo lelékpɔ. Srɔ̃aŋutsua di be yeado nya aɖewo ɖe mía kplii siaa gbɔ. Aƒetɔ Sakkos kple nunɔla aɖee va. Ŋutsu si gbɔ míenɔ dedem dze eƒe nyawo gɔme be: “Medi be Aƒetɔ Sakkos naɖo nya etɔ̃ ŋu gbã.”
Edo Biblia gɔmeɖeɖe si míezãna le míaƒe numedzodzrowo me ɖe dzi hegblɔ be: “Nyabiabia gbãtɔ: Biblia nyui esia nye loo alo Ðasefowo ƒe Bibliae?” Aƒetɔ Sakkos ɖo eŋu be gɔmeɖeɖe si ŋu bubu lee wònye, eye egaƒo nu hã tso Yehowa Ðasefowo ŋu be wonye “amesiwo lɔ̃ Biblia.”
Ŋutsua yi edzi gblɔ be: “Nyabiabia evelia: Ðe Yehowa Ðasefowo nye agbenyuinɔlawoa?” Le nyateƒe me la, ŋutsua di be yeanya amesiwo ƒomevie ye srɔ̃ va le ha dem kpli. Mawunyaŋununyala la ɖo eŋu be agbenyuinɔlawoe wonye vavã.
Ŋutsua yi edzi be: “Nyabiabia etɔ̃lia: Ðe woxea fe na Yehowa Ðasefowoa?” Mawunyaŋununyala la ɖo eŋu be: “Ao.”
Ŋutsua wu enu be: “Mekpɔ ŋuɖoɖo na nye biabiawo eye mewɔ nyametsotso.” Ema megbe eyi eƒe Biblia-sɔsrɔ̃a dzi eye medidi o exɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo.
Agbenɔnɔ si He Yayra Geɖe Vɛ
Megadze nutome sue subɔsubɔdɔa gɔme ake le January 1976 me. Ƒe ade aɖewo megbe la, mɔnukpɔkpɔ su asinye menɔ ŋgɔ na gbeƒãɖeɖedɔa ƒe akpa yeye aɖe wɔwɔ le Greece—eyae nye ablɔdziɖaseɖiɖi. Emegbe le October 1991 me la, mía kple srɔ̃nye míedze mɔɖela vevi dɔa wɔwɔ gɔme. Ɣleti ʋee aɖewo megbe la, woko nye dzi zi gbɔ zi ene si meda akpe be wowɔe dzidzedzetɔe. Fifia nye lãme sẽ vie, eye mete ŋu gadze ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme. Menye hamemegã hã le hame siwo le Thessalonica la dometɔ ɖeka me, eye mewɔa dɔ hã kple mía gbɔ Kɔdzi ƒe Kadododzikpɔkɔmitia be makpe ɖe amewo ŋu le atikewɔnyawo me.
Esi metrɔ kpɔ alesi menɔ agbee la, mekpɔ alesi dzi dzɔa amee ne ewɔ nusi dzea míaƒe dziƒo Fofoa ŋu. Enye dzidzɔ nam be tso ɣeaɖeɣi ke la melɔ̃ ɖe eƒe amekpekpe lɔlɔ̃tɔe dzi, si gblɔ be: “Vinye, dze nunya, be nado dzidzɔ na nye dzi, ne mate ŋu aɖo nya ŋu na amesiwo le alɔme ɖem le ŋunye.” (Lododowo 27:11) Nye dzi kpɔa dzidzɔ nyateƒe ne mekpɔ alesi dzi anukwaretɔ siwo le Yehowa ƒe habɔbɔa me vam le xexeame katã la le dzidzim ɖe edzii. Gomekpɔkpɔ le kpekpe ɖe amewo ŋu to Biblia me nyateƒea dzi be woazu ablɔɖemewo ale be mɔnukpɔkpɔ naʋu na wo be woanɔ agbe mavɔ le xexe yeye si me dzɔdzɔenyenye anɔ me la nye mɔnukpɔkpɔ vavã!—Yohanes 8:32; Petro II, 3:13.
Míedea dzi ƒo na sɔhɛ siwo nye Yehowa subɔlawo be woaɖo ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ woƒe taɖodzinui, eye woatsɔ woƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ asubɔe. Nyateƒee, agbenɔnɔ si me dzidzeme le wu ɖesiaɖee wònye be woaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ahase vivi le dzidzɔdodo na eƒe dzi me!—Lododowo 3:5; Nyagblɔla 12:1.
[Nɔnɔmetatawo si le axa 21]
(Tso miame yi ɖusime)
Dɔwɔwɔ le nuɖaƒe le Betel le ƒe 1965 me
Menɔ nuƒo ƒom le ƒe 1970 me esi woxe mɔ ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa nu
Mía kple srɔ̃nye le ƒe 1959 me
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Mía kple srɔ̃nye, Koula