Agbemeŋutinya
Tsyɔ̃evi Tsiakogo Aɖe Ke Ðe Fofo Lɔ̃ame Ŋu
ABE ALESI DIMITRIS SIDIROPOULOS GBLƆE ENE
Asrafomegã la tsɔ tu da ɖe ŋkunye me heblu gblɔ be, “Xɔ tu sia kaba nàda.” Megbe tufafatɔe. Ŋɔdzi lé asrafo siwo nɔ eteƒe kpɔm la esime amegã la te tu dada to abɔta nam. Edze abe nye kuɣi ɖo ene. Dzidzɔtɔe la, meto eme do. Gake menye esiae nye zi gbãtɔ si nye agbe ɖo afɔku me o.
MÍAƑE ƒomea tso kɔƒe si metɔwo mesɔ gbɔ o, si nye kɔƒe si tsɔ ɖe Kayseri gbɔ, le Cappadocia, Turkey, la me. Anye be alafa gbãtɔ Mía Ŋɔli mee nuto sia me tɔ aɖewo zu Kristotɔwo le. (Dɔwɔwɔwo 2:9) Gake kaka ƒe alafa 20 lia nadze egɔme la, nuwo trɔ kura.
Sitsoƒedila si Va Zu Tsyɔ̃evi
Esi wodzim le ƒe 1922 me ƒe ɣleti ʋɛ aɖewo megbe la, gbevovovodolawo dome ʋa si wowɔ la ƒoe ɖe míaƒe ƒomea nu be míasi aɖadi sitsoƒe le Greece. Dzinyela siwo vɔvɔ̃ ɖo ŋutɔ la metsɔ naneke ɖe asi tsɔ wu nye, amesi nye ɣleti ʋɛ aɖewo ƒe vidzĩ la ko, o. Le fu manyagblɔwo kpekpe megbe la, woɖo Kiria-kɔƒe si me nɔnɔ mede ame dzi o la me, le Drama gbɔ, le Greece ƒe dziehe.
Esi mexɔ ƒe ene, eye wodzi vi ɖe yonyeme la, fofonye ku. Ƒe 27 koe wòxɔ, gake ɣeyiɣi dziŋɔ mawo me ƒe nɔnɔme wɔnublanuiwo na be nu ti kɔ nɛ. Nɔnɔmeawo va sesẽ na Dada ale gbegbe, eye eteƒe medidi o eya hã ku. Mía kple nɔvinyea míetsi asi keŋkeŋ. Woɖea mí tsoa tsyɔ̃eviwodzikpɔƒe ɖeka yia tsyɔ̃eviwodzikpɔƒe bubu, eye esime mexɔ ƒe 12 la, wokplɔm yi ɖade tsyɔ̃eviwodzikpɔƒe aɖe me le Thessalonica, afisi mesrɔ̃ mɔ̃ɖaŋudɔ le.
Esime menɔ tsitsim le tsyɔ̃eviwodzikpɔƒe siwo me vividoɖeameŋu kple lɔlɔ̃ɖeɖefia aɖeke menɔ o me la, nyemenɔ nusitae ame aɖewo ya toa fukpekpe kple ŋlɔmiwɔwɔ me nenema gbegbe ɖo la gɔme sem o. Mebiaa nusitae Mawu ɖe mɔ ɖe nɔnɔme wɔnublanui sia ŋu ɖo la ɖokuinye. Wofiaa mí le míaƒe subɔsubɔ ŋuti nusɔsrɔ̃wo me be ŋusẽkatãtɔe Mawu nye, gake womeɖea nusita vɔ̃ɖinyenye li hedo agbogbo la me wòkɔna o. Wolɔ̃a gbɔgblɔ be Greece Orthodɔks Sɔlemeha lae nye subɔsubɔha nyuitɔ. Ne mebia be, “Ne Orthodɔks ye nye subɔsubɔha nyuitɔ la, ke nukatae amesiame menye Orthodɔkstɔ o mahã?” la, womenaa ŋuɖoɖo gbagbe aɖekem o.
Ke hã, míaƒe nufiala dea bubu deto Biblia ŋu, eye wòte gbe ɖe edzi na mí be agbalẽ kɔkɔe wònye. Tsyɔ̃eviwodzikpɔƒea ƒe amegã hã ɖe nɔnɔme sia ke fia, gake míenya susu si tae mekpɔa gome le subɔsubɔnuwɔnawo me ɖo o. Esi mebia nya le esia ŋu la, wogblɔ nam be esrɔ̃ nu kple Yehowa Ðasefowo, si nye subɔsubɔha aɖe si nyemenya o, kpɔ.
Mexɔ ƒe 17 esi mewu dɔa sɔsrɔ̃ nu le tsyɔ̃eviwodzikpɔƒe si le Thessalonica. Xexemeʋa II dze egɔme, eye Nazitɔwoe nɔ Greece dzi ɖum. Dɔ nɔ amewo wum wonɔ kukum ɖe ablɔwo dzi. Be mate ŋu atsi agbe la, mesi yi agbledekɔƒe aɖe me ɖaɖi apa xɔa fetu sue aɖe ko.
Biblia Na Ŋuɖoɖowo
Esi metrɔ yi Thessalonica le April 1945 me la, nye ɖevimexɔlɔ̃ siwo mía kpli wo míenɔ tsyɔ̃eviwodzikpɔƒe vovovowo la dometɔ ɖeka nɔvinyɔnu va gbɔnye. Nyɔnuvia ŋkɔe nye Paschalia, eye wògblɔ nam be ye nɔviŋutsua bu eye wòbiam be mese aflui aɖe tso afisi wòle ŋu hã. Le dzeɖoɖoa me la, egblɔ be yenye Yehowa Ðasefo eye wògblɔ be Mawu tsɔ ɖe le eme na amegbetɔwo.
Megbe nya mawo dometɔ geɖe dzikutɔe. Nukatae mele fu kpem tso ɖeviɖevi ɖo? Nukatae mezu tsyɔ̃evi ɖo? Afikae Mawu nɔ esime míehiãe vevie? Eɖo eŋu be, “Èka ɖe edzi be Mawue he nɔnɔme siawo vɛa?” Ezã eƒe Biblia tsɔ fiam be Mawu menaa amewo kpea fu o. Esia kpe ɖe ŋunye mekpɔe be Wɔla la lɔ̃ amegbetɔwo eye eteƒe madidi o aɖɔ nuwo ɖo. Ezã mawunyakpukpuiwo abe Yesaya 35:5-7 kple Nyaɖeɖefia 21:3, 4 ene tsɔ fiam be woaɖe aʋawɔwɔ, dzrewɔwɔ, dɔléle, kple ku ɖa kpuie, eye nuteƒewɔlawo anɔ anyigba dzi tegbee.
Keke Ðe Ƒome si Kpena Ðe Ame Ŋu la Ŋu
Mese be Paschalia nɔviŋutsua ku le aʋa aɖe si vivimeʋawɔlawo ho me. Meyi ɖasrã woƒe ƒomea kpɔ bene mafa akɔ na wo, gake ɖe eteƒe la, woawo boŋ tsɔ Ŋɔŋlɔawo fa akɔ nam. Megatrɔ yi ɖase akɔfanyawo tso Biblia me, eye eteƒe medidi o mezu Yehowa Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe si kpena srɔ̃a nu hedea ta agu le adzame la me tɔ. Togbɔ be wonɔ fu fiam Ðasefoawo hã la, meɖoe kplikpaa be mayi edzi ade ha kpli wo.
Meke ɖe ƒome doviviɖeameŋu, si me lɔlɔ̃ le, si bu ɖem la ŋu le Kristotɔ ɖokuibɔbɔla mawo ƒe ƒuƒoƒoa me. Wona gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu kple alɔdodo siwo hiãm ŋutɔ lam. Meke ɖe xɔlɔ̃ ɖokuitɔmadila kple ɖetsɔlemetɔ siwo le klalo helɔ̃ faa be yewoakpe ɖe ŋunye ahafa akɔ nam la ŋu. (Korintotɔwo II, 7:5-7) Vevietɔ wokpe ɖe ŋunye mete ɖe Yehowa, amesi mebuna azɔ be enye Fofonye lɔlɔ̃tɔ si le dziƒo la, ŋu wu. Eƒe nɔnɔme siwo nye lɔlɔ̃, dɔmetɔtrɔ, kple ɖetsɔleme deto la dze ŋunye ŋutɔ. (Psalmo 23:1-6) Ẽ, meke ɖe gbɔgbɔmeƒome aɖe kple Fofo lɔ̃ame aɖe ŋu mlɔeba! Esia lé dzi nam. Eteƒe medidi o, nusia ʋãm be matsɔ ɖokuinye ana Yehowa, eye mexɔ nyɔnyrɔ le September 1945 me.
Menye ɖeko Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede dzi nye sidzedze ɖe edzi ko o ke boŋ ena nye xɔse hã de to ɖe edzi. Esi mɔzɔzɔ mɔnu bubu aɖeke menɔ anyi o ta la, mí ame aɖewo míezɔna kilometa atɔ̃ ƒe azɔli tso míaƒe kɔƒea me yia kpekpeawo, henɔa gbɔgbɔmedze siwo míaŋlɔ be akpɔ o la ɖom le mɔa dzi. Le ƒe 1945 ƒe nuwuwu, esime mese be mɔnukpɔkpɔ ʋu be woawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigbɔgblɔdɔ la, mete mɔɖeɖedɔa wɔwɔ. Ele vevie be ƒomedodo nyui nanɔ mía kple Yehowa dome, elabena woava do nye xɔse kple nuteƒewɔwɔ akpɔ vevie kpuie.
Tsitretsiɖeŋu Do Kpo Nu
Kpovitɔwo tsɔa tu va dzea mía dzi le míaƒe nusrɔ̃ƒe zi geɖe. Esi dukɔmeviʋa nɔ edzi yim le Greece ta la, asrafowo ƒe sededewo dzie dukɔmeviwo wɔna ɖo. Dunyahehadzidelawo tsɔ fuléle ɖikaɖika kpe ŋgo kple wo nɔewo. Le alesi nuwo va nɔ yiyimee ta la, sɔlemehaŋgɔnɔlawo ble dziɖuɖumegãwo be Kɔmiunisttɔwoe míenye bene woati mía yome vevie.
Le ƒe eve me la, wolé mí zi geɖe, eye ne míetsɔ ɣeyiɣi didi siwo míetsɔ nɔ gaxɔ ade me ƒoƒui la, anye ɣleti ene sɔŋ. Gake amesiwo wode mɔ̃ ɖe dunyahehe ta la yɔ gakpɔwo me xoxo, eyata woɖe asi le mía ŋu. Míezã ablɔɖe si su mía si le vome la tsɔ yi gbeƒãɖeɖedɔa dzi, gake le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, wogalé mí ake—wolé mí zi etɔ̃ sɔŋ le kwasiɖa ma ke ko me. Míenyae be woɖe aboyo mía nɔvi geɖe yi ƒukpo madeamedziwo dzi. Ðe nye xɔse ate ŋu asẽ be mate ŋu adze ŋgɔ dodokpɔ sia ƒomevia?
Nɔnɔmeawo va sẽ ŋutɔ esime wobia tso asinye be matsɔ ɖokuinye ayi aɖanɔ kpovitɔwo fiam gbesiagbe. Be ŋku nanɔ ŋunye ta la, dziɖuɖumegãwo ɖem yi ɖe Evosmos, le Thessalonica gbɔ, afisi kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒe aɖe le. Mehaya xɔ ɖe nutoa me, eye mete tsatsa tso aƒeme yi aƒeme, nɔ akɔblizewo kple akɔbligbawo ŋu klɔm na amewo tsɔ nɔ ɖokuinye dzi kpɔmee. Esime menɔ mɔɖeɖedɔa wɔm le kɔƒe siwo ƒo xlã mí me la, dɔwɔɖui sia kpe ɖe ŋunye be mete ŋu gena ɖe aƒewo me bɔbɔe kpovitɔwo ƒe nazã aɖeke mabumabui. Esia wɔe be ame geɖe se nyanyuia eye woxɔe hã. Wo dometɔ siwo wu ewo va zu Yehowa subɔla ɖeadzɔgbewo emegbe.
Metsɔ Ƒe Ewo Nɔ Gakpɔ Enyi Me
Kpovitɔawo ƒe ŋku nɔ ŋunye vaseɖe ƒe 1949 ƒe nuwuwu, eye emegbe metrɔ yi Thessalonica, kple didi vevie be maɖayi ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa dzi. Esi nye ya mebui be nye tetekpɔwo wu enu ko la, wobia tso asinye le vome le ƒe 1950 me be maɖawɔ asrafodɔ. Le nye Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade ta la, meɖoe kplikpaa be ‘nyemasrɔ̃ aʋawɔwɔ o.’ (Yesaya 2:4) Esia dzie fu gbogbo siwo woava wɔm le Greece ƒe gakpɔ vloewo me la dze egɔme tsoe.
Drama-du la mee wòdze egɔme tsoe. Le kwasiɖa gbãtɔ siwo me woɖem yi afimae me la, ame yeye siwo woxɔ ɖe asrafodɔa me la dze tudada sɔsrɔ̃ gɔme. Gbeɖeka la, wokplɔm yi ɖe tudadasrɔ̃ƒea. Asrafomegãwo dometɔ ɖeka tsɔ tu da ɖe ŋkunye me heɖe gbe nam be matsɔe da. Esi megbe la, ete tua dada to abɔta nam. Esi amegã bubuawo kpɔe be nyemele ta nage o la, wote kɔ tutum adãtɔe. Wokpea sigaretwo tsɔa takpuiawo titina ɖe asiƒome nam be wòatsi. Emegbe wotsɔm yi ɖaƒu gbe ɖe ameɖekɛgaxɔ me. Esia yi edzi ŋkeke etɔ̃ sɔŋ. Alesi sigaretiawo memee la na mese veve heliheli, eye abikukuteƒeawo nɔ nye asiƒome ƒe geɖe.
Hafi woahem ɖe asrafowo ƒe ʋɔnui la, woɖem yi ɖe asrafowo ƒe asaɖa aɖe me le Iráklion, Crete. Woƒom le afima kutɔkutɔe be yewoatsɔ agblẽ nye nuteƒewɔwɔ me. Le vɔvɔ̃ be mava na ta ta la, medo gbe ɖa vevie hebia Fofonye si le dziƒo la be wòado ŋusẽm. Meɖo ŋku Yeremya 1:19 me nyawo dzi be: “Woawɔ avu kpli wò, ke woado kpoe, elabena meli kpli wò, be maɖe wò, Yehowa ye gblɔe!” “Mawu ƒe ŋutifafa” si faa dzi na ame la na nye dzi dze eme eye meɖe dzi ɖi. Nunyanu si wònye be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe la me gakɔ nam ɖe edzi.—Filipitɔwo 4:6, 7; Lododowo 3:5.
Le ʋɔnu si wova drɔ̃m emegbe me la, wotso afia nam be mayi mɔ̃ nye agbemeŋkekeawo katã. Wobua Yehowa Ðasefowo be wonye “dukɔa ƒe futɔ” siwo vɔ̃ɖi wu. Agbemeŋkekewo katã ƒe mɔ̃ yiyia dze egɔme tso nuvlowɔlawo ƒe gakpɔ si le Itsedin, le Canea godo, afisi wokplɔm yi ɖade ameɖekɛgaxɔ me le. Itsedin nye mɔ̃ xoxo aɖe, eye afiwo yɔ nye gaxɔa me fũ. Mexatsaa ɖokuinye ɖe ɖovu aɖe si nye kundru xoxo aɖe me tso nye tagbɔ vaseɖe nye afɔbidɛwo nu bene afiawo nagaɖum ne wova le tsatsam le dzinye o. Medze axamedɔ vevie. Ðɔkta gblɔ be ele be woana manɔ ŋdɔ ƒum, eye esia wɔe be mete ŋu dzro nuwo me kple gamenɔla siwo nɔ gakpɔa me la dometɔ geɖe. Ke hã, nye lãmegbegblẽa nu va sẽ ɖe edzi, eye le alesi nye dzitodzitowo va nɔ ʋu ɖimee ta la, woxɔm ɖe Iráklion kɔdzi.
Nye gbɔgbɔmeƒome si nye hati Kristotɔwo la gado ɖe ŋunye ake esime mehiã wo. (Kolosetɔwo 4:11) Iráklion nɔviwo srãm kpɔ edziedzi hefa akɔ nam eye wode dzi ƒo nam. Megblɔ na wo be mehiã agbalẽwo be mate ŋu aɖi ɖase na ɖetsɔlemetɔwo. Wotsɔ mɔzɔkplo aɖe si gɔme wowɔ nudzraɖoƒe ɣaɣlɛ aɖe ɖo vɛ nam bene mate ŋu aɣla agbalẽawo ɖe eme. Aleke wòdzɔ dzi nam enye si be le nye gakpɔ mawo me nɔɣiwo la, mete ŋu kpe ɖe gakpɔmenɔla ade ya teti ŋu wova zu Kristotɔ vavãwo!
Le esiawo katã me la, dukɔmeviʋa ya wu enu, eye woɖe nye mɔ̃ me nɔnɔa dzi kpɔtɔ va ɖo ƒe ewo. Metsɔ ƒe mamlɛ siwo susɔ nam la nɔ gakpɔ siwo le Rethimno, Genti Koule, kple Cassandra me. Le ƒe siwo ade ewo tsɔtsɔ nɔ gakpɔ enyi me megbe la, woɖe asi le ŋunye, eye metrɔ yi Thessalonica, afisi nɔvinye Kristotɔ siwo melɔ̃a nu le gbɔnye o la tsɔ vividoɖeameŋu xɔm atuu le.
Dzidzedzekpɔkpɔ le Nɔvi Kristotɔwo ƒe Habɔbɔa Me
Ɣemaɣi la, Ðasefo siwo nɔ Greece la te ŋu wɔa woƒe subɔsubɔdɔ le ablɔɖe me azɔ. Mewɔ mɔnukpɔkpɔa ŋudɔ enumake tsɔ yi ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa dzii. Eteƒe medidi o megaxɔ yayra bubu, esime meva dze si nɔvinyɔnu Kristotɔ wɔnuteƒe, Katina, amesi lɔ̃ Yehowa eye wòkpɔa gome le gbeƒãɖeɖedɔa me vevie la. Míeɖe mía nɔewo le October 1959 me. Mía vi nyɔnuvi si ŋkɔe nye Agape dzidzi, kple Kristotɔwo ƒe ƒome si su nye ŋutɔ asinye hã kpe ɖe ŋunye meŋlɔ nye tsyɔ̃evinyenyea be. Ƒo wo katã ta la, edze míaƒe ƒomea ŋu be yewoasubɔ le míaƒe Dziƒofofo lɔ̃ame, Yehowa, ƒe ametakpɔkpɔ te.—Psalmo 5:12.
Le alesi nɔnɔmeawo va gbɔ alɔme nam ta la, eva hiã be madzudzɔ mɔɖeɖedɔa wɔwɔ, gake medo alɔ srɔ̃nye le eƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa dzi yiyi me. Nusi ɖe dzesi ŋutɔ le nye Kristotɔnyenye me la dzɔ le ƒe 1969 me, esime wowɔ Yehowa Ðasefowo ƒe dukɔwo dome takpekpe le Nuremberg, Germany. Esi menɔ dzadzram ɖo ayi la, mebia be woana mɔzɔgbalẽm. Esi srɔ̃nye yi ɖe kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒea ɖabia nusitae ɣleti eve va yi gake mɔzɔgbalẽa meka asinye o ta se la, woƒe amegã aɖe ɖe nuŋlɔɖigbalẽ gã aɖe do goe tso eƒe kplɔ̃ŋuɖaka me hegblɔ be: “Ðe nèle mɔzɔgbalẽ biam na amesia bene wòayi aɖatrɔ dzime na amewo le Germany hã? Mekpɔ mɔ o! Ŋɔdzi le eyamea ŋu.”
To Yehowa kple nɔvi aɖewo ƒe kpekpeɖeŋu me la, wodem nɔvi siwo le ƒuƒoƒo me la ƒe mɔzɔgbalẽ me eye esia wɔe be mete ŋu de takpekpe vevi ma. Vavalawo sɔ gbɔ wu ame 150,000, eye mete ŋu kpɔe dze sii be Yehowa ƒe gbɔgbɔe le mɔ fiam dukɔwo dome gbɔgbɔmeƒome sia hele woƒom ƒu ɖekae. Magava kpɔ asixɔxɔ si le nɔvi Kristotɔwo ƒe habɔbɔa ŋu emegbe.
Le ƒe 1977 me la, srɔ̃nye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o eye wònye zɔhɛ wɔnuteƒe nam la trɔ megbe. Medze agbagba wɔ tɔnye sinua be matsɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo ahe vinyenyɔnuae, gake menye nye ɖekae wɔe o. Gbɔgbɔmeƒome si me mele la ganya aƒa nam ake. Manɔ akpe dam ɖe kpekpeɖeŋu si nɔviawo nam le ɣeyiɣi sesẽ mawo me ta ɖaa. Wo dometɔ aɖewo va nɔ míaƒe aƒea me vie gɔ̃ hã hekpɔ vinyenyɔnua dzi. Nyemaŋlɔ ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ si woɖe fia la be akpɔ gbeɖe o.—Yohanes 13:34, 35.
Agape tsi heɖe nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Elias. Viŋutsu ene ye le wo si eye wo katã wole nyateƒea me. Le ƒe siawo me la, tutudɔ ɖe fu nam enuenu eye nye lãme gblẽ ɖe edzi. Vinyenyɔnua kple eƒe ƒomea léa be nam nyuie. Togbɔ be nye lãme gblẽ hã la, susu geɖewo gakpɔtɔ le asinye si tae wòle be dzi nadzɔm ɖo. Meɖoa ŋku ɣeyiɣi si me nɔvi siwo anɔ abe alafa ɖeka ko ene la nɔ Thessalonica bliboa, henɔa kpekpem le adzame le amewo ƒe aƒewo me la dzi. Fifia, Ðasefo veviedonula siwo ade akpe atɔ̃ lae le nuto ma me. (Yesaya 60:22) Le takpekpewo me la, nɔvi sɔhɛwo tena ɖe ŋunye hebianam be: “Èɖo ŋku esime nètsɔa magazineawo vaa míaƒe aƒeme la dzia?” Ðewohĩ togbɔ be wo dzilawo manya nɔ magazine mawo xlẽm o la, wo viwo ya xlẽe, eye woyi ŋgɔ le gbɔgbɔ me!
Ne mekpɔ alesi Yehowa ƒe habɔbɔa le tsitsimee la, mesena le ɖokuinye me be tetekpɔ siwo katã ƒe dzi medo la ɖe vi. Megblɔna na tɔgbuiyɔvinyewo kple sɔhɛ bubuwo ɣesiaɣi be woaɖo ŋku wo Fofo si le dziƒo la dzi le woƒe ɖevime, eye magblẽ wo ɖi gbeɖegbeɖe o. (Nyagblɔla 12:1) Yehowa wɔ ɖe eƒe nya dzi eye wòzu “tsyɔ̃eviwo fofo” nam. (Psalmo 68:6) Togbɔ be menye tsyɔ̃evi si tsi akogo le ɖevime hã la, meva ke ɖe Fofo lébename aɖe ŋu mlɔeba!
[Nɔnɔmetata si le axa 22]
Menye nuɖala le Drama gakpɔa me
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Le mía kple Katina ƒe srɔ̃ɖegbe, ƒe 1959
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Takpekpe aɖe si míewɔ le ave aɖe si tsɔ ɖe Thessalonica gbɔ me le ƒe 1960-awo ƒe nuwuwu
[Nɔnɔmetata si le axa 24]
Mía kple mía vinyɔnu la, ƒe 1967