INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 1/1 axa 21-25
  • Agbagbadzedze Be Manye ‘Dɔwɔla si Mehiã be ŋu Nakpee O’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Agbagbadzedze Be Manye ‘Dɔwɔla si Mehiã be ŋu Nakpee O’
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Germany Ƒudzisrafo Dɔ Wɔwɔ
  • Kekeli Tsoƒe aɖe Le Akakuƒea
  • Mesrɔ̃ Alesi Maɖu Dziku Dzii
  • Ðoɖowɔɖi si me Vovo Menɔ O, Gake Eɖe Vi
  • Subɔsubɔ Mɔnukpɔkpɔ Bubuwo
  • Ŋgɔyiyi Togbɔ Be Dodokpɔwo Li Hã
  • Biblia Xexlẽ Nye Ŋusẽtsoƒe Nam Le Nye Agbe Me Katã
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Le Yehowa Ƒe Kpekpeɖeŋu Me La, Míedo Dzi Le Ŋutasẽdziɖuɖuwo Te
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Naneke Meli Si Nyo Wu Nyateƒea O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • ‘Mele Ƒu Tsom’ Wu Ƒe 50 Fifia
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 1/1 axa 21-25

Agbagbadzedze Be Manye ‘Dɔwɔla si Mehiã be ŋu Nakpee O’

ABE ALESI ANDRÉ AOPPA GBLƆE ENE

Xexemeʋa II nɔ edzi yim sesĩe, esi na wokɔ ʋu gbogbo aɖe ɖi eye amesiwo mɔkpɔkpɔ bu ɖe le aʋaa me mele gbɔgblɔ me o. Esi menye mɔfiala nɔ Germany Ƒudziʋawɔlawo dome, eye wodam ɖe afisi te ɖe Narvik ŋu le Norway ta la, mekpɔ alesi amegbetɔ sẽ ŋuta le nɔvia amegbetɔ ŋui ŋkume kple ŋkume. Ne zã do eye mele afisi atsiaƒutsiawo ɖe tsimɔ de nu anyigba me le eye mekpɔ alesi dziŋgɔli ƒe keklẽ le anyigba ƒe dziehekpa dzi ɖo atsyɔ̃ na xexeamee la, ena mebua tame le agbe ŋu ale gbegbe. Kakaɖedzi nɔ asinye be mate ŋu anye Mawu si wɔ nusiawo gbɔe aʋawɔwɔ manyatalenu sia tso o.

WODZIM le ƒe 1923 me le kɔƒedu sue aɖe si nye Lassoth (si le Poland fifia) si tsɔ ɖe Czechoslovakia ƒe liƒo gbɔ me, eye agbledelawo ƒe ƒome dahe aɖe mee menɔ tsi. Dzinyelawo nye Katolikotɔ dovevienuwo eye mawusubɔsubɔ wɔ akpa vevi aɖe le míaƒe agbe me. Gake tso gɔmedzedzea me ke medze ɖikeke tso nye subɔsubɔha ŋu. Le míaƒe kɔƒea me la, ƒome etɔ̃ aɖewo nɔ anyi siwo nye Protestanttɔwo, eye Katolikotɔ siwo le nutoa me medea ha kpli wo o. Nyemete ŋu se nusita wòle be wòanɔ nenema gɔme o. Wofia katekismo mí le suku. Gake esi mebia nunɔla gbeɖeka be wòaɖe Mawuɖekaetɔ̃ la me nam la, nusi wòtsɔ ɖo eŋu nam koe nye be eƒom ati ewo. Ke hã nane si dzɔ esi mexɔ ƒe 17 koŋue na be ha la ƒe nu gblẽ ŋunye kura. Danye dzilawo dometɔ ɖeka ku eye le ɣleti ɖeka megbe ko evelia hã gaku, eye ga menɔ danye si wòaxe ɖe kusɔleme eve ta o. Eyata ebia nunɔla ne yeate ŋu axe fea emegbe. Nya si wòtsɔ ɖo eŋui enye: “Naneke mele dziwòlawo si oa? Dzra wo nàtsɔ gaa awɔ kuae.”

Le ƒe ʋee aɖewo do ŋgɔ na ema, esi Hitler va zi dzi le ƒe 1933 me la, womegaɖe mɔ na mí be míado Polandgbe o; ele be míado Germanygbe. Amesiwo gbe, alo womete ŋu srɔ̃ Germanygbea o nɔ bubum ɖekaɖeka—eye míeva se emegbe be fuwɔamegaxɔwo mee wokplɔ wo yii. Wotrɔ míaƒe kɔƒea ƒe ŋkɔ kura gɔ̃ hã hetsɔ Germanygbe me ŋkɔ Grünfliess nɛ. Medzudzɔ suku esi mexɔ ƒe 14, eye esi nyemele Hitler ƒe Sɔhɛwo ƒe habɔbɔ me o ta, dɔkpɔkpɔ menɔ bɔbɔe nam o. Gake mlɔeba wova xɔm be manye gbede ƒe ʋuyɔvi. Esi aʋaa nya dze egɔme ko la, wote gbedodoɖa ɖe Hitler kple Germany-srafowo ta le sɔleme. Mebiaa ɖokuinye sena ne akpa kemɛa dzi tɔwo hã ado gbe ma ke ɖa hena dziɖuɖu.

Germany Ƒudzisrafo Dɔ Wɔwɔ

Le December 1941 me la, mede asi agbalẽ te be mawɔ dɔ kple Germany Ƒudzisrafowo, eye le ƒe 1942 ƒe gɔmedzedze la, woɖom ɖe Norwaytɔwo ƒe ƒugowo ŋu be mawɔ dɔ le meli si ɖoa nyatakakawo ɖa la me. Wode dɔ asi na mí ɖe Trondheim kple Oslo dome be míadzɔ meli siwo me asrafowo, tuwo, alo adzɔnuwo le ŋu. Esime míenɔ ƒua dzie mese ƒudzidela eve wonɔ nu ƒom tso xexeame ƒe nuwuwu si ŋutinya wogblɔ ɖi le Biblia me la ŋu. Togbɔ be wonɔ vɔvɔ̃m be woaƒo nu amesiame nase hã la, wogblɔ nam be yewo dzilawo nye Yehowa Ðasefowo, gake ɖeko yewometsɔ woƒe kɔ o. Esiae nye zi gbãtɔ mese Yehowa Ðasefowo ŋkɔ kpɔ.

Le aʋaa ƒe nuwuwu la, Britaintɔwo wɔ mí gamenɔlawoe, eye wotsɔ mí de Amerikatɔwo si be woagbugbɔ mí ava Germany. Woɖo mía dometɔ siwo ƒe aƒe le Soviet dziɖuɖua ƒe liƒowo dzi fifia ɖe asaɖamegaxɔ me le Liévin, le France ƒe dziehe, be míava wɔ dɔ le akakuƒe. August 1945 mee ema dzɔ. Meɖo ŋku edzi be mebia Franseawo ƒe dzɔlawo dometɔ ɖeka be ha ka mee wòle hã. Eɖo eŋu be, “Katolikotɔe menye.” Esi nye hã Katolikotɔe menye ta la, mebiae be, agɔ kae míedze le mía nɔewo dzi hã? Eɖo eŋu be: “Susu aɖeke mele esia ŋu bubu me o. Nenema koe wòlee nye ma.” Ewɔ na nye ya be susu mele eme be ha ɖeka me nɔlawo nawɔ aʋa awu wo nɔewo o.

Kekeli Tsoƒe aɖe Le Akakuƒea

Le nye ŋkeke gbãtɔ si mewɔ dɔ kple akukala siwo tso afima le akakuƒea la, aƒetɔ aɖe si ŋkɔe nye Evans Emiot ka eƒe abolo si me wode lãe ƒe ɖe nam meɖu. Etso Ohio le United States, gake enɔ France ƒe geɖe. Eƒo nu tso xexe aɖe si me aʋawɔwɔ maganɔ azɔ o ŋu nam. Dɔmenyo si wòwɔ nam la wɔ nuku nam ale gbegbe. Togbɔ be Germanytɔe menye, eye eya tso Amerika hã la, mewɔ ŋlɔmi aɖeke le ŋunye o. Míegado go kpɔ o vaseɖe ƒe 1948 esi wòtsɔ agbalẽvi aɖe si ƒe ŋkɔe nye “The Prince of Peace” nam. Mlɔeba mesrɔ̃ nu tso Mawu dɔmenyotɔ si lé fu aʋawɔwɔ la ŋu le afisia—Mawu si tɔgbe ŋu mebu esi menɔ dziŋgɔli ƒe keklẽ le dziehe kpɔm la. Meɖoe kplikpaa be madi subɔsubɔha si ƒe nufiafia nye esia. Gake esi Evans nɔ dɔ wɔm le akakuƒea ƒe akpa bubu ta la, nyemete ŋu do goe o. Metsa le subɔsubɔha vovovo ƒe ame siwo katã le asaɖamegaxɔa me dzi hebia wo be wonya nane tso agbalẽvia ŋu hã, gake ɖeko wòglom.

Mlɔeba le April 1948 me la, woɖe asi le ŋunye le asaɖamegaxɔa me mezu ɖokuisi dɔwɔla. Le Kwasiɖagbe si kplɔe ɖo ko la, ewɔ nuku nam esi mese ga vi aɖe ƒe ɖiɖi le lɔrimɔ dzi. Dzi dzɔm ale gbegbe esi mekpɔ Evans! Enɔ Yehowa Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo aɖe siwo ŋlɔ dutoƒonuƒo aɖe ƒe tanya tsɔ kpla nɔ gbeƒã ɖemee la dome. Ðasefo si nɔ gaa ƒom ŋkɔe nye Marceau Leroy, amesi zu France Alɔdzedɔwɔƒea ƒe Kɔmitia me tɔ fifia. Woɖem fia Polandtɔ aɖe si doa Germanygbe si ŋkɔe nye Joseph Kulczak, amesi kpe fu le fuwɔamegaxɔwo me le eƒe xɔse ta. Ekpem be mava kpekpea fiẽsi ma. Nyemese nya siwo wogblɔ la dometɔ geɖe me o, gake esi vavala ɖesiaɖe do asi ɖe dzi la, mebia amesi nɔ axanye nusita wodo asia ɖe dzi ɖo. Eɖo eŋu be: “Woawoe nye amesiwo ate ŋu ayi gbeƒãɖeƒe le Dunkerque le kwasiɖa si gbɔna me.” Mebiae be: “Mate ŋu ayi kpli woa?” Eɖo eŋu be: “Aleke wɔ, àte ŋu ayi ɖe!” Ale mede gbeƒãɖeƒe tso aƒeme yi aƒeme le Kwasiɖagbe si kplɔe ɖo. Togbɔ be menye amesiame si míedo goe xɔ nya la o hã la, mese vivi na dɔa, eye eteƒe medidi o medze gbeƒãɖeɖe edziedzi gɔme.

Mesrɔ̃ Alesi Maɖu Dziku Dzii

Ema megbe teti la, Ðasefoawo dze gbeƒãɖeɖe le afisi gamenɔla siwo nye Germanytɔ siwo ŋu woɖe asi le la nɔ. Esia menɔ bɔbɔe nam kura o, elabena wonya alesi medoa dziku vevie le afima. Ne ame aɖe ɖu fewu le ŋunye la, medoa ŋɔdzi nɛ be: “Ne mèkpɔ nyuie o la, mabɔbɔ na wò o.” Gbeɖeka esi menɔ dɔ wɔm le akakuƒea eye ame aɖe ɖu fewu le Yehowa ŋu la, metu kɔe kura gɔ̃ hã.

Gake le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me mete ŋu wɔ tɔtrɔ le nye agbenɔnɔ me. Gbeɖeka esi míenɔ gbeƒã ɖem le asrafonɔƒe siawo la, ŋutsu ahanomunɔtɔ aɖewo nɔ nuƒo dom na Ðasefoawo dometɔ aɖewo. Esi nɔvi siwo menɔ dɔ wɔm kple nya alesi dzi kuam kabakaba ta la, wote kpɔ ɖo asi dzinye be magade nu nyaa me o, gake ŋutsuawo dometɔ ɖeka zɔ ɖe dzinye hedze eƒe dziwui ɖeɖe gɔme kple susu be yeawɔ avu kplim. Meɖi le nye gasɔ dzi, tsɔe nɛ be wòalé ɖe asi, eye mede asi kotoku me. Nusia wɔ nuku nɛ ale gbegbe be eke to be yease nya si medi be magblɔ na ye. Megblɔ nɛ be neyi aƒeme wòaɖamlɔ anyi emegbe wòava se dutoƒonuƒoa. Vavã, le ɣetrɔ ga 3:00 me la, enɔ afima! Mlɔeba amesiwo ade 20 siwo nye gamenɔlawo tsã la va xɔ nya la. Nye ŋutɔ ya mexɔ nyɔnyrɔ le September 1948 me.

Ðoɖowɔɖi si me Vovo Menɔ O, Gake Eɖe Vi

Wotsɔ anyigbamamã siwo me míaɖe gbeƒã le ƒe dzikpɔkpɔdɔ, kple afisiwo míaƒo dutoƒonuƒowo le didi de asi nam. Le esia wɔwɔ ta mezɔa mɔ kilometa 50 ɣeaɖewoɣi kple dzokeke sue aɖe si nɔ asinye hafi agbɔ ava yi dɔme le akakuƒea le ɣetrɔ alo fiẽ me. Emegbe míeɖoa bɔs yia anyigbamamãa me le kwasiɖanuwuwuwo, eye míeɖia gbeƒãɖela eve alo ene tsɔ kpe ɖe nuƒola ŋu ɖe teƒe ɖeka. Ne míekpɔ teƒe nyui aɖe si míatɔ ɖo aƒo nuƒoa le du siwo lolo wu me la, míefɔa míaƒe mɔzɔkplowo dana ɖe wo nɔewo dzi wòzua kplɔ̃ na nuƒola. Zi geɖe la, míekplaa agbalẽ siwo dzi míeŋlɔ dutoƒonuƒoa ƒe tanya ɖo hetsɔ doa boblo nuƒo si ta míekpe amewo ɖo la.

Medo go Ðasefo aɖe si tso Reims si ŋkɔe nye Jeannette Chauffour le ƒe 1951 me. Míaƒe nu lé dzi na mía nɔewo enumake, eye le ƒe ɖeka megbe le May 17, 1952, dzi míeɖe mía nɔewo. Míeʋu yi Pecquencourt, du si me wokua aka le, si te ɖe Douai ŋu. Gake eteƒe medidi o lãmegbegblẽ te fuɖeɖe nam. Ðɔktawo gblɔ be dzitodzito me dɔ aɖe si tso ʋuʋudedi gbɔ, si naa gbɔgbɔ mesua ame nyuie o si mexɔ tso dɔwɔwɔ le akakuƒea lae nɔ fu ɖem nam, gake nyemegakpɔ dɔ bubu aɖeke wɔ o. Eyata esi wogblɔ na mí le dukɔwo dome takpekpe si míewɔ le ƒe 1955 me le Nuremberg, Germany, be míakpe ɖe hame sue aɖe ŋu le Kehl, du si me wowɔa adzɔnu ʋee aɖewo le le Rhine-tɔsisia ŋu la, naneke mexe mɔ na míaƒe afima yiyi o. Gbeƒãɖela 45 koe nɔ hamea me ɣemaɣi. Le ƒe adre siwo kplɔe ɖo siwo me míewɔ dɔ kple hame sia la, gbeƒãɖelawo dzi ɖe edzi va ɖo 95.

Subɔsubɔ Mɔnukpɔkpɔ Bubuwo

Esi míekpɔ be hamea li ke nyuie vɔ la, míebia Habɔbɔa be wòade mɔɖela vevi ƒe dɔ asi na mí le France. Ewɔ nuku na mí ŋutɔ be míase be woɖo mí ɖe Paris. Dzi dzɔ mí ale gbegbe le ɣleti enyi siwo me míenɔ afima. Mɔnukpɔkpɔ su mía kple Jeannette si míewɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kple ame 42. Míaƒe nusrɔ̃viawo dome ame atɔ̃ xɔ nyɔnyrɔ esi míenɔ afima, eye ame 11 bubu va xɔ nyateƒea emegbe.

Esi akpa si nye Latin Quarter ye míenɔ ta la, míedoa go nufialagãwo tso Sorbonne edziedzi. Xexemenunyafiala aɖe si xɔ dzudzɔ le dɔ me si nye xɔsegbedala la va srɔ̃ Biblia eye mlɔeba wòva zu Yehowa Ðasefo. Gbeɖeka medze Biblia me dzeɖoɖo gɔme kple xɔtutuŋutinunyala aɖe si nɔ ha dem kple Yesutɔwo ƒe nufialawo kplikplikpli. Eva mía nɔƒe le ŋdɔ ga etɔ̃ me, eye wòtrɔ dzo le zã ga ewo me. Kasia míakpɔ la, egava tɔ ɖe míaƒe ʋɔtru nu le gaƒoƒo ɖeka kple afã megbe. Eƒo nu kple Yesutɔ aɖe si mete ŋu ɖo nya siwo wòbiae tso Biblia me nyagblɔɖiwo ŋu la ŋu nɛ o. Etrɔ yi aƒeme le zã ga ɖeka me, le ŋdi ga adre me la, ameae nye si gava do. Eya hã va zu Yehowa Ðasefo emegbe. Alesi nyateƒea ƒe tsikɔ nɔ amewo wumee la nye dzideƒo gã aɖe na mía kple srɔ̃nye.

Le subɔsubɔ le Paris vɔ megbe la, wobia tso asinye be mava nye dzikpɔla mɔzɔla le France ƒe ɣetoɖoƒekpa dzi. Dzi dzɔ mí ale gbegbe be míayi aɖasrã hame siwo doa Franse kple Germany gbe kpɔ ado ŋusẽ nɔviwo. Esi míenɔ Rombas Hamea si le Lorraine srãm kpɔ la, medo go Stanislas Ambroszczak. Enye Polandtɔ, eye ewɔ dɔ le Dukɔ siwo tsi tre ɖe Germany ŋu la ƒe ƒugɔmeʋawɔʋu me le aʋa la wɔɣi, eye ewɔ aʋa le Norwaytɔwo ƒe atsiaƒuwo dzi. Ƒu mawo ke dzie mía kplii míenɔ evɔ míenye futɔwo. Fifia míenye nɔviwo le dɔ wɔm ɖekae le mía Mawu Yehowa subɔm. Le takpekpe aɖe me le Paris ɣebubuɣi la, mekpɔ ame aɖe si medze sii. Asaɖamegaxɔa si me menye gamenɔla le le France ƒe dziehe la ƒe asrafogbeɖelae. Aleke gbegbe wònye dzidzɔ na míi enye si be míawɔ dɔ ɖekae le takpekpea wɔɣi! Mawu ƒe Nya la sẽa ŋu ale gbegbe be wòtrɔa amesiwo nye futɔwo tsã wova zua nɔviwo kple xɔlɔ̃ kplikplikpliwo!

Nublanuitɔe le ƒe 14 megbe le mɔzɔzɔdɔa me la, eva hiã be madzudzɔ le nye lãmegbegblẽa ta. Gake mía kple srɔ̃nye míeɖoe be míayi edzi awɔ míaƒe ŋutete alesi míate ŋui le Yehowa subɔsubɔ me. Eyata míedi xɔ kple dɔwɔɖui le du si nye Mulhouse me, le France ƒe ɣetoɖoƒekpa dzi, eye míeva nye mɔɖelawo (ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔlawo).

Dɔ si gana dzi dzɔ mí ŋutɔ le ƒeawo mee nye Fiaɖuƒe Akpata tutudɔ siwo mewɔ. Le ƒe 1985 me la, wobia tso asinye be maƒo ame aɖewo nu ƒu na xɔtudɔwo wɔwɔ le France ƒe ɣedzeƒekpa dzi. Esi míezã asinudɔnyala bibiwo kple amesiwo lɔ̃na be woafia dɔ yewo ta la, ena míete ŋu kpɔ ƒuƒoƒo aɖe si tu akpata siwo wu 80 alo gbugbɔ wo dzra ɖo ale be wosɔ na Yehowa ƒe tadedeagu. Eye aleke gbegbe wònye dzidzɔ nam enye si be le ƒe 1993 me la, mekpe asi ɖe Takpexɔ ɖeka, kple Fiaɖuƒe Akpata atɔ̃ tutu ŋu le French Guiana, le Anyiehe Amerika!

Ŋgɔyiyi Togbɔ Be Dodokpɔwo Li Hã

Mate ŋu agblɔe kakaɖedzitɔe be dzidzɔ kple subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔ sɔŋ ye xɔ nye agbe me le ƒe 50 siwo va yi siwo metsɔ wɔ teokrasidɔwoe la me. Nublanuitɔe la, le December 1995 me la, srɔ̃nye lɔlɔ̃a si mía kplii míenɔ anyi ƒe 43 la ku. Togbɔ be nuxaxa xɔ menye ɣemaɣi—eye megale eƒe nu xam kokoko egbea hã—la, Yehowa doa ŋusẽm, eye nye gbɔgbɔ me nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo ɖe lɔlɔ̃ fiam eye wokpe ɖe ŋunye, esi na be esi ɣeyiɣiawo va le yiyim la, vevesesea dzi ɖe kpɔtɔ.

Megaɖoa ŋku nɔviŋutsu amesiamina aɖe ƒe nya siwo wògblɔ le takpekpe aɖe si míewɔ le Munich, Germany, le ƒe 1963 me la dzi kokoko. Egblɔ be: “André, mègakpɔ ɖusi alo mia me o. Nɔvi siwo nɔ fuwɔamegaxɔwo me to dodokpɔwo me. Eɖo míawo hã mía dzi fifia be míayi edzi. Mele be míawɔ mía ɖokui nublanuitɔwoe gbeɖe o. Eyata kpɔ ŋgɔ!” Melé nya sia ɖe susu me ɣesiaɣi. Fifia esi nyemagate ŋu awɔ geɖe o le lãmegbegblẽ kple tsitsi ta la, nya siwo dze le Hebritɔwo 6:10 faa akɔ nam ɣesiaɣi: “Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃, si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ ta, . . . la be o.” Ẽ, dɔwɔwɔ le Yehowa ƒe subɔsubɔa me nye mɔnukpɔkpɔ gãtɔ kekeake si ate ŋu asu ame si. Nye taɖodzinu le ƒe 50 siwo va yi me, kpakple fifia siaa enye be manye “dɔwɔla, si mehiã be, ŋu nakpee o.”—Timoteo II, 2:15.

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Tɔdziʋu si tɔgbe me mewɔ dɔ le le afisiwo atsiaƒua de nu anyigba me le le Norway

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Gasɔ tsɔtsɔ wɔ gbeƒãɖeɖedɔae le dziehe France

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Mɔzɔkplo siwo míeda ɖe wo nɔewo dzi wòzu nuƒola ƒe kplɔ̃ na dutoƒonuƒoa ƒola

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Mía kple srɔ̃nye Jeannette le míaƒe srɔ̃kpegbe le ƒe 1952 me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe