Biblia Xexlẽ Nye Ŋusẽtsoƒe Nam Le Nye Agbe Me Katã
Abe ale si Marceau Leroy gblɔe ene
“LE GƆMEDZEDZEA me Mawu wɔ dziƒo kple anyigba.” Nya siawoe mexlẽ tso Biblia me zi gbãtɔ esi meɖe ɖokuinye ɖe aga le nye xɔ me. Nu ka tae menɔ Biblia xlẽm le adzame? Kakaɖedzitɔe la, ne fofonye, si mexɔ Mawu dzi se kura o la kpɔ Biblia le asinye la, makpɔ dzidzɔ o.
Nyemexlẽ Biblia kpɔ o, eye Mose Ƒe Agblẽ Gbãtɔ ƒe nya gbãtɔ siawo dzem kpo abe ale si dzi kea dzo mia ene. Megblɔ na ɖokuinye be, ‘Ðekawɔwɔ si le dzɔdzɔmenuwo me, si wɔa nuku nam ŋutɔ ɣeyiɣi didi aɖee nye esia la, ƒe numeɖeɖee nye esia!’ Esi nya sia do dzidzɔ nam ta la, meyi nuxexlẽa dzi tso zã ga enyi va se ɖe fɔŋli ga ene. Aleae medze Mawu ƒe Nya la xexlẽ gbe sia gbe gɔmee, eye esia va zu numame nam. Mina maɖe ale si Biblia xexlẽ nye ŋusẽtsoƒe nam le nye agbe me katã la me na mi.
“Ahiã Be Nàxlẽe Gbe Sia Gbe”
Wodzim le ƒe 1926 me le Vermelles, si nye kɔƒedu aɖe si le France ƒe dziehe, si me wokua tomeka le. Le xexemeʋa evelia wɔɣi la, tomeka nye adzɔnu xɔasi aɖe na dukɔa. Esi menye tomekakula ta la, dziɖuɖua da asi ɖe edzi be nyemawɔ asrafodɔ o. Ke hã, esi medi be agbea nadze edzi nam wu ta la, medze nusɔsrɔ̃ tso radio kple elektrikŋusẽ ŋuti nunya ŋu gɔme, eye esia na ale si dzɔdzɔmeŋusẽwo wɔa dɔ le ɖekawɔwɔ me la wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Esi mexɔ ƒe 21 la, nye sukuxɔmehati aɖe na Biblia lam zi gbãtɔ, eye wògblɔ nam be, “Enye agbalẽ aɖe si wòle be woaxlẽ.” Kaka mawu exexlẽ nu la, kakaɖedzi su asinye be Biblia la nye Mawu ƒe Nya, si wòɖe fia amegbetɔwo.
Esi mesusui be Biblia xexlẽ ado dzidzɔ na nye aƒelikawo hã ta la, mexɔ ɖekaɖeka enyi. Nukutɔe la, woɖu fewu le ŋunye, eye wotsi tsitre ɖe ŋunye. Nye ƒometɔ siwo si aʋatsodzixɔsewo le la xlɔ̃ num be, “Ne ènya dze agbalẽ sia xexlẽ gɔme ko la, ahiã be nàxlẽe gbe sia gbe hafi nàvo!” Mexlẽe hã vavã, eye mevem kpɔ gbeɖe be mewɔe nenema o. Eva zu nye agbemenuwɔna.
Esi nye aƒelika aɖewo de dzesii be metsɔ ɖe le Biblia me vevie ta la, wotsɔ agbalẽ aɖewo siwo woxɔ tso Yehowa Ðasefowo gbɔ la nam. Agbalẽ siawo dometɔ ɖekae nye One World, One Governmenta (Xexe Ðeka, Dziɖuɖu Ðeka [eƒe Fransegbe me tɔe nye ema le nɔnɔmetataa me]), si ɖe nu si ta Biblia gblɔ be Mawu Fiaɖuƒea koe nye ameƒomea ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia la me. (Mat. 6:10) Esia na meɖoe kplikpaa wu tsã be magblɔ mɔkpɔkpɔ sia ŋu nya na ame bubuwo.
Ame gbãtɔ siwo mena Biblia la dometɔ ɖekae nye Noël, ame si nye xɔ̃nye tso ɖevime ke. Esi wònye Katolikotɔ ta la, ewɔ ɖoɖo be míakpe kple ŋutsu aɖe si nɔ suku aɖe dem be yeava zu nunɔla. Mevɔ̃ vie, gake le nye Biblia xexlẽ me la, menya Psalmo 115:4-8 kple Mateo 23:9, 10 me nya siwo gblɔ be, Mawu meda asi ɖe legbawo zazã le tadedeagu me kple mawusubɔsubɔ me dzesideŋkɔwo zazã na subɔsubɔhakplɔlawo dzi o. Esia do ŋusẽm be maʋli nye dzixɔse yeyea ta. Nu si do tso emee nye be, Noël va xɔ nyateƒea, eye ekpɔtɔ nye Ðasefo wɔnuteƒe va de asi na egbea.
Meyi ɖasrã nɔvinyenyɔnu hã kpɔ. Gbɔgbɔyɔgbalẽwo nɔ srɔ̃aŋutsua si eye gbɔgbɔ vɔ̃wo nɔ fu ɖem nɛ. Togbɔ be mesusui le gɔmedzedzea me be ŋusẽ aɖeke mele ŋunye makpe ɖe eŋu o hã la, Biblia ƒe kpukpuiwo abe Hebritɔwo 1:14 ene na mekpɔe be Yehowa ƒe dɔlawo le megbe nam. Esi nyonyea wɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi eye wògblẽ nu sia nu si do ƒome kple gbɔgbɔyɔyɔ dome la, ete ŋu vo tso gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzia me. Eya kple nɔvinyenyɔnua siaa va zu Ðasefo siwo me dzo le.
Le ƒe 1947 me la, Arthur Emiot, Ðasefo aɖe si nye Amerikatɔ la va nye aƒe me. Dzi dzɔm ŋutɔ, eye mebiae afi si Ðasefowo kpena le. Egblɔ nam be, ƒuƒoƒo aɖe le Liévin, si didi tso mía gbɔ anɔ abe kilometa 10 ene. Gasɔ gɔ̃ hã kpɔkpɔ aƒle menɔ bɔbɔe ɣemaɣi o, eya ta mezɔna yia kpekpeawo gazɔna gbɔna hena ɣleti geɖewo. Ƒe enyie nye ema woɖo asi Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa dzi le France. Ðasefo 2,380 pɛ koe nɔ dukɔ bliboa me—wo dometɔ geɖe nye Polandtɔ siwo ʋu va tsi France. Gake le September 1, 1947 dzi la, wogada asi ɖe míaƒe dɔa dzi le se nu le France ake. Wogbugbɔ ʋu alɔdzedɔwɔƒe yeye ɖe dukɔa me ake, ɖe Villa Guibert, le Paris. Esi mɔɖela ɖeka teti menɔ France o ta la, December 1947 ƒe Informant (si nye Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ fifia) la ɖe gbeƒãe be wole gbesiagbe mɔɖela siwo aɖe gbeƒã gaƒoƒo 150 ɣleti ɖe sia ɖe la dim. (Le ƒe 1949 me la, woɖiɖi gaƒoƒonudidia dzi kpɔtɔ va ɖo gaƒoƒo 100.) Le ɖekawɔwɔ me kple Yesu ƒe nya siwo le Yohanes 17:17, afi si gblɔ be, “[Mawu ƒe] nya la nye nyateƒe” la, mexɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1948 me, eye le December 1949 me la, mezu mɔɖela.
Woɖe Asi Le Ŋunye Le Gaxɔ Me, Metrɔ Yi Dunkerque
Nyemewɔ dɔ le anyigbamama gbãtɔ si me woɖom ɖo, si nye Agen, le France ƒe anyiehe, la me eteƒe didi o. Esi nyemegale dɔ wɔm le tomekakuƒea o ta la, enye dzizizi nam be mawɔ asrafodɔ. Megbe be nyemazu asrafo o, eya ta wolém de ga. Togbɔ be womeɖe mɔ nam be Biblia nanɔ asinye o hã la, Psalmowo ƒe agbalẽa ƒe axa ʋɛ aɖewo te ŋu ka asinye. Wo xexlẽ de dzi ƒo nam. Esi woɖe asi le ŋunye la, nyametsotso aɖe dze ŋgɔm: Ðe maɖe asi le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ŋu ahaɖo ɖokuinye tea? Le esia hã me la, nu si mexlẽ le Biblia me la kpe ɖe ŋunye. Mede ŋugble tso Paulo ƒe nya siwo le Filipitɔwo 4:11-13 ŋu, si ƒe akpa aɖe gblɔ be: “Le nuwo katã gome la, mekpɔa ŋusẽ tso ame si doa ŋusẽm la gbɔ.” Eya ta metso nya me be mayi mɔɖeɖedɔa dzi. Le ƒe 1950 me la, mexɔ dɔdeasi yeye—woɖom ɖe Dunkerque, du aɖe si me meɖe gbeƒã le kpɔ la me.
Naneke menɔ asinye esi meɖo afi ma o. Wogblẽ nu le dua ŋu vevie le Xexemeʋa II lia me, eye xɔkpɔkpɔ sesẽ ŋutɔ. Meɖoe be mayi aɖasrã ƒome aɖe si menɔ gbeƒã ɖem na tsã la kpɔ, eye aƒenɔa kpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi wòkpɔm eye wògblɔ be: “Oo, Aƒetɔ Leroy, woɖe asi le ŋuwò mlɔeba! Srɔ̃nye gblɔna be, ne ame geɖe le abe wò ene la, aʋa madzɔ gbeɖe o.” Amedzrodzeƒe le wo si, eya ta wona teƒem medze va se ɖe esime modzakaɖetsaɖila siwo vana hayaa teƒea la ƒe ɣeyiɣi gade. Gbe ma gbe kee Arthur Emiot nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Evans la di dɔ nam.b Enye gbegɔmeɖela le melidzeƒe aɖe eye wònɔ dzɔla si anɔ tɔdziʋu aɖe ŋu dzɔm le zã me la dim. Eɖem fia melikulawo ƒe amegãwo dometɔ ɖeka. Esi wònye be medo le gaxɔ me teti koe nye ema ta la, menɔ tsralɛ abe xakui ene. Esi Evans ɖe nu si tae menɔ nenema ɖo me na amegãa la, egblɔ nam be maɖu nu siwo le nufamɔ̃a me faa. Gbe ma gbe la, mekpɔ mlɔƒe, dɔwɔɖui, kple nuɖuɖu siaa! Esia na ale si meka ɖe Yesu ƒe nya siwo dze le Mateo 6:25-33 dzi la me gasẽ ɖe edzi wu.
Esi modzakaɖetsaɖilawo ƒe ɣeyiɣia dze egɔme la, ele na mía kple Simon Apolinarski, si nye nye zɔhɛ le mɔɖeɖedɔa me la be míadi xɔ bubu, gake míeɖoe kplikpaa be míayi míaƒe dɔa dzi. Teƒe si míeva kpɔ la nye sɔwo ƒe kpɔ xoxo aɖe, afi si míemlɔa beli siwo me wotsɔ gbe ƒuƒuwo dee dzi le. Míeɖea gbeƒã le ŋkeke me. Míeɖe gbeƒã na ame si tɔe sɔwo ƒe kpɔa nye, eye wòva zu ame gbogbo siwo xɔ nyateƒea la dometɔ ɖeka. Eteƒe medidi o, nyati aɖe dze le dua ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ me si nɔ nu xlɔ̃m Dunkerquetɔwo be “Yehowa Ðasefo gbogbo aɖewo va nutoa me.” Ke hã mía kple Simon kpakple gbeƒãɖela ʋɛ aɖewo koe nye Ðasefo siwo nɔ nutoa me! Ne míedo go kuxiwo la, ŋugbledede tso Kristotɔwo ƒe mɔkpɔkpɔa ŋu kple ŋkuɖoɖo ale si Yehowa lé be na mí dzi dea dzi ƒo na mí ŋutɔ. Kaka woaɖom ɖe teƒe bubu le ƒe 1952 me la, gbeƒãɖela 30 aɖewo siwo naa gaƒoƒo ɣleti sia ɣleti lae nɔ Dunkerque dua me.
Wodo Ŋusẽm Hena Agbanɔamedzi Yeyewo Tsɔtsɔ
Le Amiens dua me nɔnɔ ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, woɖom mɔɖela vevi le Boulogne-Billancourt, si nye Paris ƒe gbɔtodu aɖe me. Biblia nusrɔ̃vi geɖewo su asinye eye wo dometɔ aɖewo va zu ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo kple dutanyanyuigblɔlawo. Ðekakpui aɖe si ŋkɔe nye Guy Mabilat la xɔ nyateƒea eye wòva zu nutome sue dzikpɔla, eye emegbe eva subɔ abe nutome gã dzikpɔla ene. Le esia hã megbe la, eyae kpɔ agbalẽtaƒe si le Betel si le Louviers fifia, si gbɔ didi vie tso Paris, la tutudɔa dzi. Dzeɖoɖo tso Biblia me nyawo ŋu na amewo edziedzi le gbeadzi kpe ɖe ŋunye be Mawu ƒe Nya la tsi nye susu me, eye esia na mekpɔa dzidzɔ eye wòkpena ɖe ŋunye be nye nufiafiaŋutete ganyona ɖe edzi.
Le ƒe 1953 me la, woɖom nutome sue dzikpɔla le vo me le Alsace-Lorraine nutowo me; tso ƒe 1871 va ɖo ƒe 1945 me la, Germany xɔ nuto sia zi eve sɔŋ. Esia wɔe be mesrɔ̃ Germangbe vi si aɖe. Esi medze nutome sue dzikpɔla dɔa gɔme la, ʋuwo, televisionwo, alo agbalẽŋlɔmɔ̃ mebɔ kura le nuto ma me o, eye radio kple kɔmpiuta menɔ amewo si o. Gake nyemeléa blanui o eye nu mete ɖe dzinye hã o. Le nyateƒe me la, emae nye ɣeyiɣi siwo me mekpɔ dzidzɔ le wu la dometɔ ɖeka. Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo si nye be ‘míaƒe ŋku nenɔ nu ɖeka ŋu’ dzi wɔwɔ nɔ bɔbɔe ɣemaɣi wu fifia, elabena nu ʋɛ aɖewo koe ate ŋu ahe ame ƒe susu ɖa le Yehowa subɔsubɔ ŋu ɣemaɣi.—Mat. 6:19-22.
Nyemaŋlɔ nutome gã takpekpe si ƒe tanyae nye “Fiaɖuƒe Si Kpɔ Dziɖuɖu,” si wowɔ le Paris le ƒe 1955 me la be akpɔ gbeɖe o. Afi mae medo go, Irène Kolanski, si dze ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ gɔme ƒe ɖeka do ŋgɔ nam, si meva ɖe emegbe, la le. Edzila siwo nye Polandtɔwo la nye Ðasefo siwo subɔ dzonɔamemetɔe hena ƒe geɖe. Adolf Weber ye fia nyateƒea wo le France. Adolf Weber nye Nɔviŋutsu Russell ƒe abɔdɔwɔla eye wòva Europa be yeava ɖe gbeƒã nya nyuia. Mía kple Irène míeɖe mía nɔewo le ƒe 1956 me, eye eva kpe ɖe ŋunye le nutome sue dzikpɔkpɔdɔa me. Enye kpeɖeŋutɔ nyui aɖe nam le ɣeyiɣi mawo katã me!
Nu wɔnuku aɖe gadzɔ le ƒe eve megbe—woɖom nutome gã dzikpɔla. Ke hã esi nɔviŋutsu siwo dze la mesɔ gbɔ o ta la, meyi edzi srã hame aɖewo kpɔ abe nutome sue dzikpɔla ene kokoko. Dɔ geɖe ŋutɔe nɔ anyi ɣemaɣi! Tsɔ kpe ɖe gaƒoƒo 100 si menana ɣleti ɖe sia ɖe ŋu la, ele hã be maƒo dutoƒonuƒo geɖe, masrã ƒuƒoƒo etɔ̃ kpɔ, mato nuŋlɔɖiwo me eye madzra akɔntabubuwo ɖo kwasiɖa sia kwasiɖa. Aleke mate ŋu awɔ aƒle ɣeyiɣi axlẽ Mawu ƒe Nya la? Mekpɔ nu si ko mate ŋu awɔ—meɖe Biblia xoxo aɖe ƒe axawo eye metsɔa ɖewo ɖe asi. Ne eva hiã be madzɔ ame aɖe la, meɖea wo ɖe go hexlẽa wo. Ɣeyiɣi kpui mawo siwo metsɔ xlẽa Biblia la na meɖoe kplikpaa wu tsã be mayi nye dɔdeasia dzi.
Le ƒe 1967 me la, womia asi mía kple Irène be míava subɔ le Betel le Boulogne-Billancourt. Medze dɔwɔwɔ gɔme le Subɔsubɔ Dɔdzikpɔƒea, eye ƒe 40 kple edzivɔe nye esia la, mɔnukpɔkpɔ ma gakpɔtɔ le asinye. Nye dɔdeasia ƒe akpa si doa dzidzɔ nam ye nye lɛta siwo amewo ŋlɔ tsɔ bia nyawo tso Biblia ŋu la ŋu ɖoɖo. Aleke gbegbe Mawu ƒe Nya la me dzodzro tsitotsito kple “nya nyui la ta ʋiʋli” doa dzidzɔ namee nye esi! (Flp. 1:7) Ŋdi mawunyakpukpuia me dzodzro si dzi mekpɔna hafi míeɖua ŋdinu la hã doa dzidzɔ nam ŋutɔ. Le ƒe 1976 me la, woɖom Alɔdzekɔmitia me tɔ le France.
Agbenɔnɔmɔ Nyuitɔ Kekeake
Togbɔ be meto kuxiwo me ɣeaɖewoɣi hã la, kuxi gãtɔ si me tom mele le agbe me fifiae nye tsitsi kple lãmesẽkuxi siwo na be mía kple Irène míegatea ŋu wɔa geɖe abe tsã ene o. Ke hã Mawu ƒe Nya la xexlẽ kple esɔsrɔ̃ ɖekae lé míaƒe mɔkpɔkpɔ ɖe te. Ʋuɖoɖo ayi míaƒe anyigbamama me aɖagblɔ mɔkpɔkpɔ sia ŋu nya na ame bubuwo doa dzidzɔ na mí ŋutɔ. Ƒe siwo wu 120 siwo mí ame evea siaa míezã le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me kple nuteƒekpɔkpɔ geɖe siwo su mía si la ʋãa mí míetsɔa dzi blibo dea ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ƒe dzi ƒo na ame sia ame si di be yeazã yeƒe agbe le mɔ si aɖe vi eye wòana yeakpɔ dzidzɔ la nu. Esime Fia David ŋlɔ Psalmo 37:25 me nyawo la, ‘etsi’ ŋutɔ, gake abe eya ke ene la, nye hã “nyemekpɔ be, wogblẽ ame dzɔdzɔe ɖi” kpɔ o.
Yehowa do ŋusẽm le nye agbemeŋkekewo katã me to eƒe Nya la dzi. Nye ƒometɔwo gblɔe ƒe 60 ye nye esi va yi be ahiã be maxlẽ Biblia le nye agbemeŋkekewo katã me. Nyateƒee woto. Eva zu nye gbe sia gbe nuwɔna, eye mevem kpɔ gbeɖe be mexlẽa Biblia gbe sia gbe o!
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Wotae le ƒe 1944 me, gake womegale etam fifia o.
b Ne èdi nyatakaka bubuwo tso Evans Emiot ŋu la, kpɔ Gbetakpɔxɔ, January 1, 1999, axa 22 kple 23.
[Nɔnɔmetata si le axa 5]
Mía kple Simon
[Nɔnɔmetata si le axa 5]
Esi menɔ subɔsubɔm abe nutome gã dzikpɔla ene
[Nɔnɔmetata si le axa 5]
Biblia aɖe si le abe gbãtɔ si wonam la ene
[Nɔnɔmetata si le axa 6]
Le míaƒe srɔ̃ɖegbe
[Nɔnɔmetata si le axa 6]
Mía kple Irène míekpɔa dzidzɔ ɖe Mawu ƒe Nya la xexlẽ kple esɔsrɔ̃ ŋu