INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 3/15 axa 24-25
  • Nusi Trɔ̃subɔlawo Ðo Anyi la Dzi Yiyi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nusi Trɔ̃subɔlawo Ðo Anyi la Dzi Yiyi
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Ðekawɔwɔ Va Le Greece “Mawuxɔ” Kple Trɔ̃wo Domea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Katolikoha la le Afrika
    Nyɔ!—1995
  • Kristmas—Eƒe Dzɔtsoƒe
    Nyɔ!—1995
  • Xɔsegbegbe la—Exe Mawu Didi ƒe Mɔ La
    Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 3/15 axa 24-25

Nusi Trɔ̃subɔlawo Ðo Anyi la Dzi Yiyi

PANTHEON nye ŋkuɖodzinu wɔdɔɖeamedzi geɖe siwo modzakatsaɖilawo va kpɔna le Rome, Italy, la dometɔ ɖeka. Romatɔwo ƒe xɔtuɖaŋu ƒe xɔtutu nyui sia nye xɔ ʋee siwo le afima siwo gali abe alesi tututu wonɔ le blema ene la dometɔ ɖeka. Agrippa ye dze etutu gɔme le ƒe 27 D.M.Ŋ. me lɔƒo, eye Hadrian gbugbɔ tui le ƒe 120 M.Ŋ. me lɔƒo. Nu ɖeka si ɖe dzesi le xɔ sia ŋue nye etame si woxa gobaa wòkeke meta 43, eye egbeŋkekeawo me koe ɖewo va keke wui. Le gɔmedzedzea me la, Pantheon la nye trɔ̃subɔlawo ƒe gbedoxɔ, “mawuwo katã ƒe nɔƒe,” si nye Helagbe me nya si wozã le gɔmedzedzea me la ƒe gɔmeɖeɖe. Egbea la, wogabunɛ be enye Roma Katolikotɔwo ƒe gbedoxɔ. Aleke tɔtrɔ wɔnuku sia wɔ dzɔ?

Le ƒe 609 M.Ŋ. me la, Papa Boniface IV gbugbɔ kɔ gbedoxɔ sia si womegazãna o ɣeyiɣi didi aɖe la ŋu wòzu “Kristotɔwo” ƒe sɔlemexɔ. Ŋkɔ si wonae ɣemaɣie nye Santa Maria Rotunda ƒe Sɔlemexɔ. Le nyati aɖe si wota ɖe Italy Yesutɔwo ƒe magazine si nye La Civiltà Cattolica me le ƒe 1900 me ƒe nya nu la, nusi koŋ nɔ susu me na Boniface le alesi woazãe ŋue nye be “woanɔ Kristotɔ xɔsetakulawo katã, alo ame kɔkɔewo katã boŋ, kafum [le afima] gake gbãtɔ kple vevitɔ nanye Mawu Dada Nɔaƒe la.” Ŋkɔ siwo Roma Katolikoha tsɔ na Pantheon la egbea—siwo nye Santa Maria ad Martyres alo, be Santa Maria Rotunda le mɔ bubu nu—ɖe susu ma si menɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi o la fia.—Tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 14:8-15.

Nyati ma ke gayi edzi be: “Mehiã dɔ geɖe wɔwɔ hafi woatrɔ Pantheon la ɖe nusi wodi be woazãe na fifia nu o. Boniface wɔ ɖe Ame Kɔkɔe Gregory Gãtɔ [Papa Gregory I] si do ŋgɔ nɛ, amesi nye kpɔɖeŋuɖola kple ame bibi le trɔ̃subɔlawo ƒe gbedoxɔwo tɔtrɔ zu Kristotɔwo ƒe tadeaguƒe me ƒe se bɔbɔe siwo ɖea mɔ le nu ŋu faa siwo wòde xoxo la dzi.” Se kawoe wonye?

Le lɛta aɖe si woŋlɔ na mawunyadɔgbedela aɖe si ɖom wonɔ ɖe trɔ̃subɔdukɔ Britain me le ƒe 601 M.Ŋ. me la, Gregory na mɔfiame sia be: “Mele be woagbã trɔ̃wo ƒe gbedoxɔ siwo le dukɔ ma me o; negbe legba siwo le wo me la ɖeɖeko . . . Ne gbedoxɔ mawo kpɔtɔ li nyuie la, ehiã be woatrɔ wo tso gbɔgbɔ vɔ̃wo subɔsubɔ me ayi nyateƒe Mawu la ƒe subɔsubɔ me.” Susu si nɔ Gregory si enye be ne trɔ̃subɔlaawo kpɔe be womegbã gbedoxɔ siwo nɔ yewo si tsã o la, anɔ bɔbɔe na wo be woayi edzi anɔ wo me yim edziedzi. Papa la ŋlɔ bena yewole mɔ kpɔm be, le esi teƒe be trɔ̃subɔlawo “nawu nyitsu geɖe atsɔ asa vɔe na gbɔgbɔ vɔ̃wo la, womegatsɔ lãawo sa vɔe na gbɔgbɔ vɔ̃wo azɔ o, ke woawu wo atsɔ ado dzidzɔe na wo ɖokui be wòanye kafukafu na Mawu.”

Roma Katoliko-ha hã “gblẽ” trɔ̃subɔsubɔ me esi wòva tu sɔlemexɔ si ŋu wokɔ na “Kristotɔwo” takpɔlawo ɖe trɔ̃xɔwo xa tututu. Wote blemazãwo ɖuɖu eye wowɔe wozu “Kristotɔwo” ƒe azã veviwo. Míagblɔe abe alesi La Civiltà Cattolica gblɔe ene be: “Alesi Kristotɔ gbãtɔwo ƒe kɔnu kple subɔsubɔŋkekenyui aɖewo do ƒome kplikplikpli kple trɔ̃subɔlawo ƒe nuwɔna kple agbenɔnɔ aɖewo le nyanya na agbalẽnyalagãwo katã egbea. Wonye nuwɔna siwo ŋu ameawo de asixɔxɔe vevie, wonye kɔnu siwo ƒo ke ɖe to sesĩe eye wowɔa akpa vevi aɖe le blema xexe la me tɔwo ƒe hadomegbenɔnɔ kple ame ɖekaɖekawo ƒe agbenɔnɔ me. Ha gbãtɔa, le eƒe dɔmenyo kple nunya ta la, mekpɔe be ele be yeaɖe wo ɖa o; ke boŋ esi wòtrɔ wo wozu Kristotɔwo ƒe nu, eye wòdo wo ɖe dzi bubu kple agbe yeye va le wo ŋu la, eto mɔ si le bɔbɔe gake ŋusẽ le eŋu dzi va ɖo tɔ ɖe wo dzi, ale be wòhe ame tsɛwo kple agbalẽnyalawo siaa ƒe luʋɔ va eɖokui gbɔ ʋunyaʋunya mawɔmawɔe.”

Kpɔɖeŋu nyanyɛ ɖeka le trɔ̃subɔlawo ƒe azã xɔxɔ zu wo tɔ mee nye Kristmas. Le nyateƒe me la, December 25 lia nye ɣletiŋkeke si dzi blema Romatɔwo ɖua dies natalis Solis Invicti, si nye “ɣe si dzi womete ŋu ɖuna o ƒe dzigbe.”

Eyata esi sɔlemeha la di be yeatrɔ trɔ̃subɔlawo ƒe dzi la, mewɔ nu ɖe nyateƒea nu o. Eda asi ɖe xɔsetsakatsaka nuwɔnawo dzi, si nye trɔ̃subɔlawo ƒe dzixɔsewo kple nuwɔna siwo “ŋu amehawo meƒoa asi le o” sɔsrɔ̃. Sɔlemeha xɔsegbela nutsakawɔla si ɖe ɖe aga boo tso Kristotɔnyenye vavãtɔ ƒe nufiafiawo gbɔ lae do tso eme. Le nya siawo nu la, ɖewohĩ mewɔ nuku boo o be gbedoxɔ si nɔ Romatɔwo si tsã na “mawuwo katã”—Pantheon la—nava zu Roma Katolikotɔwo ƒe sɔlemexɔ si ŋu wokɔ na Maria kple “ame kɔkɔewo” katã.

Gake ele be wòadze ƒã be gbedoxɔ aɖe tɔtrɔ atsɔ awɔ nu bubu, alo azã aɖe ƒe ŋkɔ tɔtrɔ ɖeɖe mesɔ gbɔ atrɔ ‘gbɔgbɔ vɔ̃wo subɔsubɔ ayi nyateƒe Mawu la subɔsubɔ me o.’ Apostolo Paulo bia be: “Ðekawɔwɔ kae le mawuxɔ kple trɔ̃wo domea? . . . Mido go le wo dome, eye miɖe mia ɖokui ɖa, Aƒetɔ la gblɔe, eye migaka asi nu makɔmakɔ ŋuti o, eye nye la maxɔ mi, eye manye Fofo na mi, eye miawo hã mianye vinyeŋutsuviwo kple vinyenyɔnuviwo, Aƒetɔ, ŋusẽkatãtɔ la gblɔe.”—Korintotɔwo II, 6:16-18.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe