Yehowa Ƒe Mɔfiamewo Xɔxɔ Kple Dzidzɔ
ABE ALESI ULYSSES V. GLASS GBLƆE ENE
Numadzɔkpɔ aɖee wònye dzɔ. Sukuvi 127 koe nɔ sukua nu wum. Gake nyasela 126,387, siwo le dzidzɔ kpɔm ale gbegbe eye wotso dukɔ geɖe mee va ƒo ƒu. Enye Gbetakpɔxɔ Gilead Biblia Suku ƒe klass 21 lia nuwuwu ƒe wɔna si wowɔ le New York City ƒe Yankee Stadium le July 19, 1953, dzi. Nukatae nusia nye nudzɔdzɔ vevi aɖe le nye agbe me? Mina magblɔ eŋunya sue aɖe na mi.
WODZIM le February 17, 1912, le Vincennes, Indiana, U.S.A., anye ƒe eve do ŋgɔ na esime wodzi Mesia Fiaɖuƒe la, abe alesi wogblɔ eŋutinyae le Nyaɖeɖefia 12:1-5 ene. Le ƒe si do ŋgɔ me la, dzinyelawo tsɔ agbalẽ si nye Studies in the Scriptures ƒe balawo dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔmee. Kwasiɖagbe ŋdi ɖesiaɖe la, Papa xlẽa agbalẽ siawo dometɔ ɖeka me nya na ƒomea, eye emegbe míeɖoa dze tso eŋu.
Dada wɔ nusiwo srɔ̃m wònɔ la ŋudɔ tsɔ ɖɔ viawo ƒe nukpɔsusu ɖoe. Ame nyui ŋutɔ aɖee wònye—eƒe dɔme nyo ale gbegbe, edina vevie be yeakpe ɖe ame ŋu. Mí ɖevi enee nɔ ƒomea me, gake Dada lɔ̃ ɖevi bubu siwo le nutoa me hã. Ekpɔa vovo ɖe mía ŋu. Biblia me ŋutinyawo gbɔgblɔ na mí kple hadzidzi kpli mí dzɔa dzi nɛ.
Azɔ hã ekpea ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔla vovovowo vaa mía ƒeme. Wonɔa anyi ŋkeke ɖeka alo eve ko eye wowɔa kpekpewo edziedzi heƒoa nuƒowo le míaƒe aƒea me. Míelɔ̃ wo dometɔ siwo wɔa kpɔɖeŋuwo hegblɔa ŋutinyawo na mí ƒe nya vevie. Gbeɖeka le ƒe 1919 me, anye ƒe ɖeka le xexemeʋa gbãtɔ ƒe nuwuwu megbe la, nɔviŋutsu si va srã mí kpɔ ƒo nu na mí ɖeviawo koŋ. Eƒo nu tso ɖokuitsɔtsɔna ŋuti—nusi míeyɔna fifia be adzɔgbeɖeɖe wòsɔ wu—eye wòkpe ɖe mía ŋu míese alesi wòlɔ míaƒe agbe ɖe emee gɔme. Emegbe esi meyi anyimlɔƒe le fiẽ ma la, medo gbe ɖa na Fofonye si le dziƒo hegblɔ nɛ be medi be masubɔe ɣesiaɣi.
Gake le ƒe 1922 megbe la, agbemenu bubuwo tutu adzɔgbeɖeɖe ma da ɖe nɔƒe evelia. Míenɔ ʋuʋum tso teƒe yi teƒe eye míegate ŋu va nɔ ha dem kple Yehowa ƒe amewo ƒe hamea o. Esi Papa nɔ dɔ wɔm le ketekedɔwɔƒe ta la, menɔ mía gbɔ o. Míegava nɔ Biblia srɔ̃m edziedzi o. Metia suku si ana mava zu adzɔnuwo ŋuti boblodola le etsɔme eye menɔ ɖoɖo wɔm be made yunivɛsiti xɔŋkɔ aɖe.
Nye Agbemetaɖodzinu Tɔtrɔ
Le ƒe 1930 ƒeawo domedome la, xexemeʋa bubu gadi be yeadzɔ. Míenɔ Cleveland, Ohio, esime Yehowa Ðasefo aɖe va míaƒe aƒeme. Míedze ŋugbledede le nusiwo míesrɔ̃ esime míenye ɖeviwo la ŋu moveviɖoɖotɔe azɔ. Fonye Russell nye amesi wɔa nu kple moveviɖoɖo ale gbegbe, eyata eyae nye ame gbãtɔ si xɔ nyɔnyrɔ. Nye ya nyemetsɔa dzo ɖe nu ŋu tututu o, gake le February 3, 1936 dzi la, nye hã mexɔ nyɔnyrɔ. Nye ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nusi adzɔgbeɖeɖe na Yehowa fia ŋu nɔ tsitsim ɖe edzi, eye menɔ agbagba dzem be maxɔ Yehowa ƒe mɔfiamewo. Le ƒe ma ke me la, nɔvinyenyɔnu eve, Kathryn kple Gertrude, hã xɔ nyɔnyrɔ. Mí katã míeva ge ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me va zu mɔɖelawo.
Gake ema mefia be míegabua nu bubu aɖeke ŋuti o. Fonye srɔ̃ gblɔ nyɔnuvi nyui dzetugbe aɖe si ŋkɔe nye Ann, “si me dzo nɔ vevie” ɖe nyateƒea si wòse ŋu eye wògbɔna kpekpeawo va ge le míaƒe aƒeme la ŋuti nya nam, eye meke to nyuie see. Ɣemaɣi la, Ann nye agbalẽŋlɔla nɔ dɔ wɔm le sedɔwɔƒe aɖe, eye kaka ƒe ɖeka nava yi la, exɔ nyɔnyrɔ. Nyemewɔ ɖoɖo ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋuti o, gake edze ƒã be Ann lé nyateƒea me ɖe asi goŋgoŋ. Edi be yeaƒo ye ɖokui ɖe Yehowa subɔsubɔ me bliboe. Megblɔna be “Ðe mate ŋu awɔe hã” gbeɖe o. Nya si wòbiana boŋue nye, “Mɔ kae nye nyuitɔ kekeake si dzi mato awɔe wòanyo wu?” Eye eɖonɛ be yeawɔ ɖe edzi. Nɔnɔme nyui ma lé dzi nam. Le ema megbe la, edze tugbe ŋutɔ, eye egakpɔtɔ dze tugbe. Eva zu srɔ̃nye, eye eteƒe medidi o eva nye nye kpeɖeŋutɔ le mɔɖeɖedɔa me.
Mɔɖeɖedɔa ƒe Hehe Xɔasi Xɔxɔ
Míesrɔ̃ alesi wòle be mí mɔɖelawo míaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afiae ne ŋutilãmenuhiahiãwo le mía si alo ne mesɔ gbɔ le mía si o siaa. (Filipitɔwo 4:11-13) Gbeɖeka zã yina dodo ge gake naneke menɔ mía si míaɖu o. Sent atɔ̃ pɛ koe nɔ mía si. Míeyi lãdzraƒe aɖe, eye mebia be, “Àte ŋu adzra lã sent atɔ̃ ƒe home na mía?” Ekpɔ míaƒe ŋkume, eye wòtso kakɛ ene na mí. Meka ɖe edzi be exɔ asi wu sent atɔ̃, eye ena míekpɔ nane ɖu.
Tsitretsiɖeŋu sesẽwo me toto le míaƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me menye nu yeye o. Míekpla akɔtagbalẽwo henɔ amekpegbalẽviwo mam le ablɔdzi le du aɖe si te ɖe Syracuse, New York, ŋu me be míahe amewo ƒe susu ɖe dutoƒo kpekpe tɔxɛ aɖe ŋu. Ŋutsu kako eve va tɔ tem madzemadzee eye wodi be yewoawɔ nu kplim adãtɔe. Wo dometɔ ɖeka nye kpovitɔwo ƒe amegã, gake menɔ awu me o, eye esi mebiae be wòatsɔ eƒe dzesidegbalẽvi afiam la, egbe. Ɣemaɣi tututu la, Grant Suiter si tso Brooklyn Betel te ɖe mía ŋu gblɔ be míayi kpovitɔwo gbɔ ava kpɔ nyaa gbɔ. Eƒo ka na Habɔbɔa ƒe ɔfis si le Brooklyn, eye wogblɔ na mí ame evea be míagakpla akɔtagbalẽawo ahatsɔ amekpegbalẽviwo ɖe asi ayi gbeadzi gbemagbe ake ale be wòanye nusi dzi woate ŋu anɔ te ɖo atsɔ nyaa ayi ʋɔnui. Abe alesi míenɔ mɔ kpɔmee ene la, wolé mí. Gake esi míegblɔ na kpovitɔawo be míele nya tsɔ ge ɖe wo ŋu le mía léle madzemadzee ta la, woɖe asi le mía ŋu.
Ŋufɔke la, nunɔla aɖe na ƒewuivi dzeaglã aɖewo va ƒo zi ɖe míaƒe takpeƒea, gake míekpɔ kpovitɔ aɖeke le teƒea o. Gbevuviawo tsɔ baseball-ƒoti nɔ ʋuƒo siwo woɖo ɖe anyigba le xɔa me la dzi ƒom, wohe zikpui le nyaselawo dometɔ aɖewo te, eye woyi ɖe nuƒolanɔƒea hedo Amerikatɔwo ƒe aflaga ɖe dzi hedo ɣli be, “Mido gbe nɛ! Mido gbe nɛ!” Emegbe wodze Amerikatɔwo ƒe ha vevi si nye “Beer Barrel Polka” la dzidzi. Wogblẽ kpekpea me keŋkeŋ. Mía ŋutɔwo míekpɔ nusi Yesu wɔnɛ la teƒe, esime wògblɔ be: “Ðe mietso xexeame la, ne xexeame alɔ̃ ye ŋutɔ tɔ; ke esi mietso xexeame o, hafi boŋ nye la metia mi tso xexeame la, eyaŋuti xexeame le fu lém mi ɖo.”—Yohanes 15:19.
Le nyateƒe me la, dutoƒonuƒoa nye J. F. Rutherford, amesi nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla ɣemaɣi ƒe nuƒo si wolé ɖe mɔ̃ dzi. Mía kple Ann míenɔ du ma me ŋkeke ʋɛ aɖewo eye míeyi amewo gbɔ be míana mɔnukpɔkpɔ wo be woase nuƒoa le woƒe aƒewo me. Ame ʋɛ aɖewo lɔ̃ be yewoasee.
Ðokuitsɔtsɔna Hena Subɔsubɔ le Duta
Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, subɔsubɔ ƒe mɔnu yeyewo ʋu. Womiã asi fonye Russell kple srɔ̃a Dorothy be woava de Gilead Sukua ƒe klass gbãtɔ le ƒe 1943 me, eye emegbe wodɔ wo ɖo ɖe Cuba ɖe dutanyanyuigblɔdɔ gbe. Nɔvinyenyɔnu Kathryn nɔ klass enelia me. Woɖo eya hã ɖe Cuba. Emegbe woɖoe ɖe Dominican Republic eye emegbe ɖe Puerto Rico. Ke mía kple Ann ya ɖe?
Esi míese nu tso Gilead Sukua ŋu kple be Habɔbɔa di be yeaɖo dutanyanyuigblɔlawo ɖe dukɔ bubuwo me la, míese le mía ɖokui me be míatsɔ mía ɖokui ana asubɔ le duta. Gbã la, míebui be ɖewohĩ míayi Mexico le mía ɖokui si. Gake míeva tso nya me be ɖewohĩ ne míelala de Gilead Sukua vɔ eye Habɔbɔa ŋutɔ de dɔ asi na mí la, anyo wu. Míekpɔe dze sii be esia nye ɖoɖo aɖe si ŋudɔ wɔm Yehowa nɔ.
Womiã asi mí be míava de Gilead Sukua ƒe klass enelia. Gake hafi sukua nadze egɔme la, N. H. Knorr, amesi nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla ɣemaɣi va nya nu tso gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe si le Ann ŋu le ɖeviwo ƒe tutudɔ si wòlé le ɖevime ta la ŋu nukutɔe. Eɖo dze tso eŋu kplim eye wòtso nya me be nunya manɔ eme be woadɔ mí be míasubɔ le dukɔ bubu me o.
Anɔ abe ƒe eve megbe esi menɔ dɔ si míewɔna doa ŋgɔ na takpekpe wɔm la, Nɔviŋutsu Knorr gakpɔm ake eye wòbiam be míedi be míade Gilead kokoko hã. Egblɔ nam be womaɖo mí ɖe duta o; nu bubu kura nɔ susu me nɛ. Eyata esi klass asiekelia deɣi ɖo edzi le February 26, 1947, me la, wotsɔ mí kpe ɖe sukuviawo ŋuti.
Gilead ŋkeke mawo nye esiwo míaŋlɔ be akpɔ gbeɖe o. Nusɔsrɔ̃awo yɔ fũ kple gbɔgbɔmenunyiame. Míedze xɔlɔ̃ siwo anɔ anyi ɖaa. Gake nye sukua dede lɔ nu geɖe ɖe eme wu esia.
Le Washington Kple Gilead Dome
Woɖo Gilead Sukua eteƒe medidi boo o. United States dziɖuɖua menya sukua ƒe taɖodzinuwo keŋkeŋ o, eyata wonɔ nya geɖe biam. Habɔbɔa di be ame aɖe nanɔ ye teƒe le Washington, D.C. Afimae woɖo mí ɖo le dodo le Gilead le dzinu ʋɛ aɖewo megbe. Nye dɔe nye be mana kpekpeɖeŋu be woate ŋu axɔ mɔzɔgbalẽ na amesiwo womiã asii tso dukɔ bubuwo me be woava Gilead kple be míaxɔ mɔɖegbalẽwo si ana woate ŋu aɖo sukua nuwulawo ɖe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me le duta. Dziɖuɖumegã aɖewo mebu nazã aɖeke o eye wokpe ɖe mía ŋu. Bubuwo melɔ̃ Ðasefowo ƒe nya kura o. Wo dometɔ ʋɛ siwo si dunyahehe ƒe nukpɔsusu sesẽwo le gblɔ be ƒomedodo aɖe nɔ mía kple amesiwo wobua ame madzedzewoe la dome.
Ŋutsu aɖe si ƒe ɔfis meyi la ƒo nu tsi tre ɖe mía ŋu vevie le esi míedoa gbe na aflaga alo yia aʋa o ta. Esi wòblu le nya ma ta ɣeyiɣi aɖe la, megblɔ mlɔeba be: “Medi be nànya, eye ènyae nyuie be Yehowa Ðasefowo mewɔa aʋa kple ame aɖeke le xexeame o. Míeƒoa mía ɖokui ɖe xexeame ƒe nuwɔnawo me o. Míeƒoa mía ɖokui ɖe woƒe aʋawo kple dunyahehewo me o. Míedea akpa aɖeke dzi kura o. Míeɖu kuxi siwo miele go domee dzi xoxo; ɖekawɔwɔ le míaƒe habɔbɔa me. . . . Azɔ, nukae nèdi be míawɔ? Ðe nèdi be míaɖe asi le alesi míewɔa míaƒe nuwoe ŋu ahatsɔ mia tɔa?” Le esia megbe la, megagblɔ nya aɖeke o.
Woɖo ŋkeke eve blibo ɖi kwasiɖa sia kwasiɖa be míatsɔ awɔ dɔe le dziɖuɖu dɔwɔƒewo. Tsɔ kpe ɖe ema ŋuti la, míenye meɖela veviwo. Ɣemaɣi la, esia bia be míatsɔ gaƒoƒo 175 awɔ gbeadzisubɔsubɔdɔae dzinu sia dzinu (emegbe wotrɔe va gaƒoƒo 140), eyata zi geɖe la, míenɔa gbeadzi vaseɖe fiẽ. Dzi dzɔ mí. Míewɔ nusɔsrɔ̃ dodzidzɔname geɖe kple ƒome blibowo eye wowɔ ŋgɔyiyi nyuiwo. Mía kple Ann míeɖoe be míadzi vi o, gake le gbɔgbɔ me gome la, menye viwo koe le mía si o, ke tɔgbui kple mama yɔviwo kpakple viviɖewo hã. Dzidzɔ ka gbegbee wonye na míaƒe dzi enye si!
Le ƒe 1948 ƒe nuwuwu lɔƒo la, wode dɔ bubu asi nam. Nɔviŋutsu Knorr ɖe nu me be vovo megbɔna Nɔviŋutsu Schroeder, amesi nye Gilead Sukua ƒe ŋkɔŋlɔla kple nufialawo dometɔ ɖeka ŋu nɔ ge o le dɔ vevi bubu si wɔ ge wògbɔna ta, eyata wobia tso asinye be ne eva hiã la mafia nu le Gilead. Dzikatsoƒoetɔe la, mía kple Ann míetrɔ gbɔ va Gilead, le South Lansing, New York, le December 18 lia dzi. Gbã la, míenɔa Gilead kwasiɖa ʋɛ aɖewo ko, eye míegatrɔna yina Washington. Gake mlɔeba la, meva nɔa Gilead wu Washington.
Abe alesi megblɔe va yii ene la, ɣeyiɣi sia mee Gilead ƒe klass 21 lia wu suku nu le Yankee Stadium le New York. Eyata esi menye nufialawo dometɔ ɖeka ta la, mɔnukpɔkpɔ su asinye mekpɔ gome le sukunuwuwu ƒe wɔna la me.
Subɔsubɔ le Xexeame Katã ƒe Dɔwɔƒe Gã La
Le February 12, 1955 dzi la, míexɔ subɔsubɔ ƒe dɔdasi bubu. Míeva zu Yehowa ƒe habɔbɔ si wokpɔna la ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒe gã la ƒe Betel-ƒomea me tɔwo. Gake nukae esia abia? Nusi wòbia koŋue nye, lɔlɔ̃ faa be míawɔ dɔ ɖesiaɖe si woade asi na mí, kple gomekpɔkpɔ le dɔ siwo abia nuwɔwɔ aduadu kple ame bubuwo me. Le nyateƒe me la, míewɔ esia kpɔ, gake fifia ya míava zu ƒuƒoƒo si lolo wu—si nye dɔwɔƒe gã la ƒe Betel-ƒomea—me tɔwo. Dzidzɔtɔe la, míexɔ dɔdasi yeye sia be enye Yehowa ƒe mɔfiafia ƒe kpeɖodzi.
Nye dɔa ƒe akpa gãtɔ ku ɖe nya siwo do ƒome kple nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo ŋu. Le nyadzɔdzɔŋlɔdɔwɔƒewo ƒe didi be yewoaŋlɔ nya siwo awɔ nuku na amewo kple nyatakaka siwo woxɔ tso nazãbulawo gbɔ ta la, woŋlɔ nya manyatalenu aɖewo tso Yehowa Ðasefowo ŋu. Míedze agbagba be míana nɔnɔmea naka ɖe eme.
Nɔviŋutsu Knorr di be yeakpɔ egbɔ be dɔ geɖe nɔ mí katã si míawɔ, eyata dɔdasi bubuwo hã nɔ anyi. Adzɔnuwo ŋuti boblododɔ si mesrɔ̃ la ŋudɔwɔwɔ va hiã le dɔdasi siawo dometɔ aɖewo me. Bubuwo ku ɖe Habɔbɔa ƒe radio-dɔwɔƒe si nye WBBR la ŋuti. Dɔ nɔ anyi ku ɖe Habɔbɔa ƒe sinima si wòwɔ la ŋuti míawɔ. Le nyateƒe me la, teokrasi ŋutinya nye Gilead nusɔsrɔ̃wo ƒe akpa aɖe, gake fifia la wole dɔ vovovowo wɔm be woatsɔ ana Yehowa ƒe ame geɖe wu nanya teokrasi habɔbɔ si li egbea ƒe ŋutinya ma tsitotsito eye be woana ame bubuwo hã nanyae. Gilead ƒe hehea ƒe akpa bubu ku ɖe dutoƒonuƒowo ƒoƒo ŋu, eye dɔ geɖe hiã be woawɔ be dutoƒonuƒowo ƒoƒo ƒe hehenanuwo nasu nɔviawo si le hameawo me. Eyata dɔ geɖe nɔ anyi míawɔ.
Gilead Yiyi Edziedzi
Le ƒe 1961 me esi wokpɔe be ava hiã le etsɔme be woana hehe dzikpɔla mɔzɔlawo kple alɔdze dzikpɔlawo ta la, woɖe Gilead Sukua yi Brooklyn, afisi Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe dɔwɔƒe gã le. Megatrɔ gbɔ va sukuxɔa me ake—fifia ya nyemeganye nufiala teƒenɔla o, ke boŋ mezu nufialawo dometɔ ɖeka koŋ. Mɔnukpɔkpɔ ka gbegbee nye esi! Kakaɖedzi blibo le asinye be Gilead Sukua nye nunana tso Yehowa gbɔ, enye nunana si ɖe vi na eƒe habɔbɔ si wokpɔna la katã.
Le Brooklyn la, mɔnukpɔkpɔwo su Gilead sukuviawo si, esiwo mesu klass siwo do ŋgɔ la si o. Wokpea nufiala geɖe wova fiaa nu eye wodea ha kple Dziɖuha la me tɔwo kplikplikpli, eye wodea ha kple dɔwɔƒe gã la me Betel-ƒomea kplikplikpli. Enɔ bɔbɔe hã na sukuviawo be woaxɔ hehe hena dɔwɔwɔ le ɔfis, le Betel-ƒewo me, kple hena dɔ vovovowo wɔwɔ le agbalẽtaƒea.
Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, sukuviawo ƒe xexlẽme nɔ vovovo, eye nenema ke nye nufialawo ƒe xexlẽme hãe. Teƒe si wowɔa sukua le hã trɔ zi geɖe. Teƒe dzeani aɖee wòle fifia le Patterson, New York.
Dɔwɔwɔ Kple Sukuviawo
Nufiafia sukuvi siawo nye dzidzɔ ale gbegbe! Ðekakpuiwoe nye siawo siwo medi be yewoaƒo yewo ɖokui ɖe nuɖoanyi xoxo sia me dɔwɔnawo me o. Wogblẽ woƒe ƒometɔwo, wo xɔlɔ̃wo, woƒe aƒewo, kple wo degbedolawo ɖi. Yame ƒe nɔnɔme, nuɖuɖu—nusianu atrɔ. Womenya dukɔ si me yi ge woala gɔ̃ hã o, gake woƒe taɖodzinue nye be yewoanye dutanyanyuigblɔlawo. Amesiawo ƒomevi la, meganye wòe ade dzo wo me o.
Ne mege ɖe sukuxɔa me la, enyea nye taɖodzinu ɣesiaɣi be mana sukuviawo ƒe dzi nadze eme. Ame aɖeke mesrɔ̃a nu nyuie ne etsi dzi eye dzi mele edzɔm o. Nyateƒee, nyee nye nufiala la, gake menya alesi wònɔna ne ènye sukuvi. Menɔ zikpui mawo dzi kpɔ. Nyateƒee wònye be wosrɔ̃a nu geɖe le Gilead kple moveviɖoɖo, gake nye hã medina be woase vivi na sukua.
Menyae be ne woyi woƒe anyigbamamawo me la, nanewo li siwo woahiã hafi akpɔ dzidzedze. Wohiã xɔse sẽŋu. Wohiã ɖokuibɔbɔ—geɖe ŋutɔ. Ehiã be woasrɔ̃ alesi woanɔ anyi kple ame bubuwoe le ŋutifafa me, alesi woatrɔ ɖe nɔnɔme ɖesiaɖe ŋui, kpakple alesi woatsɔ ake faae. Ehiã be woayi edzi anɔ gbɔgbɔa ƒe kuwo tsem. Ehiã hã be woalɔ̃ amewo eye be woalɔ̃ dɔ si wɔƒe woɖo wo ɖo. Esiawoe nye nusiwo medzea agbagba be matsɔ aɖo sukuviawo ŋkume ɣeawokatãɣi esime wonɔ Gilead.
Nyemenya sukuvi siwo mefia nui la ƒe xexlẽme ŋutɔŋutɔ o. Gake menya alesi mesena le ɖokuinye me le wo ŋuti. Le sukuxɔme nɔnɔ kpli wo dzinu atɔ̃ megbe la, woƒe nu va dzɔa dzi nam ale gbegbe. Emegbe ne mekpɔ wo wozɔ yi nuƒolanɔƒea va xɔ woƒe ɖaseɖigbalẽwo le sukunuwugbea la, menyana be wowu sukua nu dzidzedzetɔe, eye be eteƒe madidi o woadzo. Ele ko abe alesi nye ƒomea ƒe akpa aɖe nadzoe ene. Aleke nàgbe lɔlɔ ɖeɖefia amesiwo le klalo be yewoatsɔ yewo ɖokui ana faa awɔ dɔ si ɖekakpui siawo gbɔna wɔwɔ ge lae?
Le ƒe aɖewo megbe ne wotrɔ gbɔ va mía srã ge kpɔ la, mesena wonɔa dzidzɔ siwo kpɔm wole le subɔsubɔdɔa me la gblɔm, eye menyae be wokpɔtɔ le teƒe siwo woɖo wo ɖo kokoko hele nusi ƒe hehe wona wo la wɔm. Aleke mesena le ɖokuinye me le esia ta? Nyemable wò o, mekpɔa dzidzɔ ŋutɔ.
Etsɔme Kpɔkpɔ
Fifia la, nye ŋkuwo megale nu kpɔm nyuie o, eye mele dziɖeleameƒo siwo wòhena vɛ la me tom. Nyemegate ŋu fiaa nu le Gilead sukuxɔa me o. Gbã la, tɔtrɔ ɖe nɔnɔme sia ŋu sesẽ, gake le nye agbemeŋkekeawo katã me la, mesrɔ̃ alesi maxɔ nɔnɔme ɖesiaɖe ahanɔ te ɖe wo nui. Zi geɖe la, mebua apostolo Paulo kple ‘ŋù si nɔ eƒe ŋutilã me’ la ŋuti. Paulo do gbe ɖa zi etɔ̃ bena yeavo le fuwɔame ma si me, gake Aƒetɔ la gblɔ nɛ be: “Nye amenuveve sɔ gbɔ na wò; elabena nye ŋusẽ zu blibo le gbɔdzɔgbɔdzɔ me.” (Korintotɔwo II, 12:7-10) Paulo yi edzi nɔ te ɖe enu. Ne wòte ŋu nɔ te ɖe enu la, ekema ele be madze agbagba. Togbɔ be nyemegafiaa nu o hã la, edzɔ dzi nam be nye ɔfis te ɖe sukua ŋuti. Ɣeaɖewoɣi la, mete ŋu ƒoa nu kple sukuviawo, eye ne mebu gbɔgbɔ nyui si woɖe fia ŋu la, edoa dzidzɔ na nye dzi.
Ŋugbledede le nusi etsɔme ahe vɛ ŋu la wɔ nuku. Wole gɔmeɖokpe aɖe ɖom fifia. Gilead wɔ akpa vevi aɖe le eme. Ne xaxa gã la va yi eye woʋu agbalẽ siwo woyɔ le Nyaɖeɖefia 20:12 la, ƒe akpe ɖeka anɔ anyi si me woagasrɔ̃ nu le ayi ŋgɔe tso Yehowa ƒe mɔwo ŋu. (Yesaya 11:9) Gake ema kura gɔ̃ hã mase ɖe afima o. Le nyateƒe me la, eƒe gɔmedzedzea koe nye ma. Nu gbogbowo anɔ anyi míasrɔ̃ tso Yehowa ŋuti eye nu geɖe anɔ anyi míawɔ esime míele eƒe tameɖoɖowo ƒe emevava kpɔm tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Kakaɖedzi blibo le asinye be Yehowa awɔ ŋugbe siwo katã wòdo la dzi, eye medi be manɔ afima ɣemaɣi axɔ Yehowa ƒe mɔfiafia.
[Nɔnɔmetata si le axa 26]
Gilead sukunuwuwu le New York ƒe Yankee Stadium le 1953 me
[Nɔnɔmetata si le axa 26]
Gertrude, nye, Kathryn, kple Russell
[Nɔnɔmetata si le axa 26]
Dɔwɔwɔ kple N. H. Knorr (miame ɖaa) kple M. G. Henschel le takpekpeɖoɖowo wɔwɔ me
[Nɔnɔmetata si le axa26]
Le WBBR radiodɔwɔƒea
[Nɔnɔmetata si le axa 29]
Le Gilead sukuxɔa me
[Nɔnɔmetata si le axa 31]
Mía kple Ann, foto si míeɖe eteƒe medidi fũ o