INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 8/15 axa 4-7
  • Nɔ “Agbe Vavã La”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nɔ “Agbe Vavã La”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Agbe Vavã la” si Woanɔ Ɣemaɣi
  • Nu Ŋutɔŋutɔe ‘Agbe Vavãtɔ’ si Gbɔna la Nye—Minyãe!
  • “Kpɔ ɖa! Mele Nuwo Katã Wɔm Yeye”
    “Kpɔ ɖa! Mele Nuwo Katã Wɔm Yeye”
  • Yehowa Wɔa Eƒe Ŋugbedodowo Dzi Na Nuteƒewɔlawo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Ka Ðe Yehowa Dzi Be Ana Eƒe Tameɖoɖowo Nava Eme
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
  • Agbe Nɔnɔ le Ŋutifafa ƒe Xexeme Yeye Me
    Agbe Nɔnɔ le Ŋutifafa ƒe Xexeme Yeye Me
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 8/15 axa 4-7

Nɔ “Agbe Vavã La”

YEHOWA MAWU de mavɔmavɔ susu me na amegbetɔ. (Nyagblɔla 3:11) Esia wɔnɛ be ne amewo dze ŋgɔ ku la, wosena le wo ɖokui me be wɔna aɖeke mele yewo ŋu o, gake le ɣeyiɣi ma ke me la, ena wodina vevie be yewoanɔ agbe.

Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me, Biblia Kɔkɔe la, na mɔkpɔkpɔ gã aɖe mí. (Timoteo II, 3:16) Yehowa si nye lɔlɔ̃ mate ŋu ade mavɔmavɔ susu me na amegbetɔ evɔ wòaxe mɔ ɖe enu be wòanɔ agbe ƒe ʋɛ aɖewo ko o. Be Mawu nawɔ mí hena fukpekpe ko le nɔnɔme si me míele ta tsi tre ɖe eƒe amenyenye ŋu. Womewɔ mí abe “lã nyasã manɔsitɔ, siwo wodzi hena lelé kple tsɔtsrɔ̃” ene o.—Petro II, 2:12.

Nusi ‘nyo ŋutɔe’ wònye Yehowa Mawu wɔ esi wòwɔ Adam kple Xawa hetsɔ mavɔmavɔ de wo me; ewɔ wo be woate ŋu anɔ agbe tegbee. (Mose I, 1:31) Gake nublanuitɔe la, ame eve gbãtɔwo zã woƒe tiatiawɔblɔɖe ɖe mɔ gbegblẽ nu, wogbe wɔwɔ ɖe nusi ƒe se Wɔla la de na wo dzi, eye esia na wobu blibodede si nɔ wo si le gɔmedzedzea me. Eyata woku eye wogblẽ blibomademade kple ku ɖi na woƒe dzidzimeviwo.—Mose I, 2:17; 3:1-24; Romatɔwo 5:12.

Biblia megbe naneke me ɖeɖe ku ɖe tameɖoɖo si le agbe ŋu kple nusi ku nye ŋu o. Egblɔ be “nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe . . . o” eye be kukuawo “menya naneke o.” (Nyagblɔla 9:5, 10) Ne míagblɔe bubui la, kukuawo ku. Luʋɔ makumaku nufiafia la metso Biblia me o, eyata nya ɣaɣla boo aɖeke meli si me wòle be woakɔ le nɔnɔme si me ame kukuwo le ŋu o.—Mose I, 3:19; Psalmo 146:4; Nyagblɔla 3:19, 20; Xezekiel 18:4.a

Tameɖoɖo le Mawu si; mewɔ anyigba be wòatsi “ƒuƒlu” o. Ðe wòmee be amegbetɔ deblibowo ‘nanɔ edzi’ le paradiso nɔnɔmewo me, eye Mawu metrɔ eƒe tameɖoɖo o. (Yesaya 45:18; Maleaxi 3:6) Be eƒe tameɖoɖoa nava eme la, edɔ Via ɖo ɖe anyigba dzi. Esi Yesu Kristo wɔ nuteƒe se ɖe ku me ta la, ena nusi woatsɔ axe tafe aɖe ameƒomea tso nuvɔ̃ kple ku mee. Le nyateƒe me la, Yesu gblɔ be: “Ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.”—Yohanes 3:16.

Mawu do ŋugbe gbaɖegbe ke be yeawɔ “dziƒo yeye kple anyigba yeye.” (Yesaya 65:17; Petro II, 3:13) Ema bia be wòatia ameha sue aɖe tso Kristotɔ nuteƒewɔlawo dome be woanɔ agbe le dziƒo. Woawɔ ɖeka kple Yesu Kristo le dziƒo aɖu dzi. Biblia yɔe be “dziƒofiaɖuƒe” alo “Mawu ƒe fiaɖuƒe” si aɖu “nusiwo le anyigba dzi” la dzi. (Mateo 4:17; 12:28; Efesotɔwo 1:10; Nyaɖeɖefia 5:9, 10; 14:1, 3) Ne woɖe mawumavɔ̃mavɔ̃ nuwɔna ɖesiaɖe ɖa le míaƒe anyigbaa dzi hekɔ eŋu vɔ la, Mawu aɖo amewo ƒe habɔbɔ dzɔdzɔe yeye, alo “anyigba yeye” anyi. Amesiwo ta Mawu kpɔ tso nuɖoanyi sia ƒe tsɔtsrɔ̃ si gbɔna me la anɔ wo dome. (Mateo 24:3, 7-14, 21; Nyaɖeɖefia 7:9, 13, 14) Eye amesiwo woagbɔ agbee le tsitretsitsi si ŋugbe wodo me hã ava kpe ɖe wo ŋu.—Yohanes 5:28, 29; Dɔwɔwɔwo 24:15.

“Agbe Vavã la” si Woanɔ Ɣemaɣi

Be Mawu naɖo kpe dzidzɔ si anɔ Paradisonyigba si anɔ anyi le etsɔme dzi la, egblɔ be: “Kpɔ ɖa, mewɔ nuwo katã yeye!” (Nyaɖeɖefia 21:5) Amegbetɔ ƒe susu mate ŋu ase nu wɔnuku siwo Mawu awɔ na ameƒomea gɔme bliboe o. Mawu awɔ xexeame katã ƒe paradiso si aɖi esi nɔ Eden. (Luka 23:43) Abe alesi wònɔ le Eden ene la, nuwo ƒe amadede si nya kpɔ, gbeɖiɖi siwo nya sena, kple nuɖuɖu viviwo abɔ. Ahedada kple dɔwuame maganɔ anyi o, elabena Biblia gblɔ le ɣemaɣi ŋu be: “Nu gbãtɔwo nu va yi.” (Nyaɖeɖefia 21:4; Psalmo 72:16) Ame aɖeke magagblɔ be, “yele dɔ lém” o, elabena woaɖe dɔléle ɖa tegbee. (Yesaya 33:24) Ẽ, nusianu si hea vevesese vɛ nu ayi, eye woaɖe amegbetɔ ƒe futɔ xoxotɔ si nye ku hã ɖa. (Korintotɔwo I, 15:26) Yohanes se gbeɖiɖi aɖe le ŋutega wɔnuku aɖe me ku ɖe “anyigba yeye” si nye amegbetɔƒome si le Kristo ƒe dziɖuɖu te ŋu be: “Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o.” Nukae agate ŋu ahe akɔfafa kple dzidzɔ vɛ wu Mawu ƒe ŋugbedodo sia me vava?

Esi Biblia nɔ nu ƒom tso alesi agbea anɔ le etsɔme ŋu la, nɔnɔme siwo akpɔ amegbetɔ ƒe agbenɔnɔ kple gbɔgbɔmenudidiwo gbɔ koŋ dzie wòte gbe ɖo. Amegbetɔƒomea ƒe asi asu nu nyui siwo katã ta wole dagbadagbam ɖo vaseɖe egbea dzi bliboe. (Mateo 6:10) Nusiawo dometɔ ɖekae nye dzɔdzɔenyenye si dim amegbetɔ le gake eƒe asi mete ŋu su edzi kpɔ o, le esi zi geɖe la, ŋutasẽla siwo tea ame ɖe anyi wɔa fu ŋusẽmanɔŋuitɔwo ta. (Nyagblɔla 8:9) Ale hakpala la ŋlɔ nu tso nɔnɔme siwo anɔ anyi le Kristo ƒe dziɖuɖua te ŋu le nyagblɔɖi mee nye si: “Ame dzɔdzɔe la amie le eƒe ŋkekewo me, eye ŋutifafa axɔ aƒe.”—Psalmo 72:7.

Tasɔsɔ me nɔnɔ hã nye nu bubu si ta ame geɖe tsɔ wo ɖokui sa vɔe ɖo. Le ‘nuwo ƒe gbugbɔgaɖɔɖoa’ me la, Mawu aɖe vovototodedeameme ɖa. (Mateo 19:28) Bubu anɔ amesiame ŋu sɔsɔe. Esia manye tasɔsɔ me nɔnɔ si ŋutasẽdziɖuɖu aɖe azi ɖe amewo dzi o. Ke boŋ woaɖe nusi hea vovototodedeameme vɛ, esi ƒe ɖewoe nye ŋukeklẽ kple dada si na amewo dina be yewoaɖu ame bubuwo dzi alo be yewoali kɔ kesinɔnu gbogbowo ɖi la ɖa. Yesaya gblɔe ɖi be: “Woatu xɔ anɔ eme, eye woade weingble aɖu eme kutsetse. Womatu xɔ ame bubu nanɔ eme o, eye womaƒã nu ame bubu naɖu o.”—Yesaya 65:21, 22.

Aleke gbegbe amegbetɔ kpe fu le ame ɖekaɖekawo kple amehawo ƒe ʋukɔkɔɖi me enye esi! Esia yi edzi tso Abel wuwu dzi vaseɖe egbegbe aʋawɔwɔwo dzi. Aleke gbegbe amegbetɔwo kpɔ mɔ be woahe ŋutifafa vɛ eye wohelala dzodzroe enye esi! Le paradiso si woagaɖo anyi me la, amesiame anye ŋutifafalɔ̃la si fa tu; “dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.”—Psalmo 37:11.

Yesaya 11:9 gblɔ be: “sidzedze Yehowa [axɔ] anyigba la dzi, abe alesi tsi yɔ atsiaƒu me ene.” Le blibomademade si ƒe dome míenyi kple nu bubuwo ta la, míate ŋu ase nya mawo gɔme bliboe fifia o. Alesi sidzedze Mawu si de blibo ana míawɔ ɖeka kplii kple alesi ema ahe dzidzɔ blibo vɛ na mí nye nusi míava srɔ̃. Gake esi Ŋɔŋlɔawo gblɔ na mí be Mawu si si ŋusẽ, nunya, dzɔdzɔenyenye, kple lɔlɔ̃ wɔnuku le ye Yehowa nye ta la, míate ŋu aka ɖe edzi be ase ‘anyigba yeyea’ dzi nɔlawo ƒe gbedodoɖa ɖesiaɖe.

Nu Ŋutɔŋutɔe ‘Agbe Vavãtɔ’ si Gbɔna la Nye—Minyãe!

Ame geɖe buna agbe mavɔ nɔnɔ le xexe yeye me be enye drɔ̃e alo ameɖokuifuflu ko. Gake amesiwo xɔ Biblia ƒe ŋugbedodowo dzi se bliboe ya bua mɔkpɔkpɔ sia nu ŋutɔŋutɔe. Ele abe seke ene na woƒe agbe. (Hebritɔwo 6:19) Alesi seke léa meli ɖe te be wòanɔ teƒe ɖeka la, agbe mavɔ mɔkpɔkpɔa lia ke amewo naa dzi nɔa wo ƒo eye wòkpena ɖe wo ŋu wokpea akɔ kple agbemekuxi sesẽwo heɖua wo dzi gɔ̃ hã.

Míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu awɔ eƒe ŋugbedodowo dzi. Eka atam si magate ŋu atu o gɔ̃ hã tsɔ ɖo kpe edzii. Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Esi Mawu lɔ̃ be, yeaɖe yeƒe adaŋudede ƒe limaɖɔmaɖɔ afia ŋugbedodo ƒe domenyilawo kɔte wu la, etsɔ nutàta heɖo kpe edzi, bena míato nu eve, siwo meɖɔlina o, esiwo me Mawu mate ŋu aka aʋatso le o la me akpɔ dzideƒo sesẽ, . . . bene míalé mɔkpɔkpɔ, si wotsɔ ɖo mía ŋku me la, ɖe asi sesĩe.” (Hebritɔwo 6:17, 18) “Nu eve, siwo meɖɔlina o” siwo me Mawu mate ŋu ate fli ɖo o ye nye eƒe ŋugbedodo kple eƒe nutàta, siwo dzi míetu míaƒe mɔkpɔkpɔwo ɖo.

Mawu ƒe ŋugbedodowo dzixɔxɔse naa akɔfafa kple gbɔgbɔmeŋusẽ gbogbo aɖe mí. Xɔse ma ƒomevie nɔ Yosua si nye Israel-dukɔa kplɔlawo dometɔ ɖeka si. Esime Yosua ƒo eƒe nuƒo mamlɛa na Israel-viwo la, ezu ame tsitsi, eye enyae be yeƒe kuɣi ɖo vɔ. Gake eƒo nu kple ŋusẽ kpakple ŋuɖoɖeŋu blibo elabena eka ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi bliboe. Esi Yosua gblɔ be yele “demagbɔnugbe” yi ge, si fia ku si li na ameƒomea katã la, egblɔ be: “Miawo mienyae tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me bena, nya aɖeke meto le nya nyui, siwo katã Yehowa, mia Mawu la, gblɔ na mi la me o. Wo katã va me na mi, eye nya ku ɖeka hɔ̃ hã meto le eme o.” Ẽ, Yosua gblɔe zi gbɔ zi etɔ̃ be Mawu wɔa eƒe ŋugbedodowo katã dzi ɣesiaɣi.—Yosua 23:14.

Wò hã àte ŋu axɔ Mawu ƒe xexeme yeye si wòaɖo anyi kpuie ƒe ŋugbedodoa dzi ase. Ne èdoa vevie Biblia sɔsrɔ̃ la, àva se amesi Yehowa nye kple nusita wòdze be nàka ɖe edzi bliboe la gɔme. (Nyaɖeɖefia 4:11) Xɔse maʋãmaʋã si nɔ te ɖe Mawu vavãtɔ Yehowa nyanya nyuie dzi nɔ Abraham, Sara, Isak, Yakob, kple blema nuteƒewɔla bubuwo si. Mɔkpɔkpɔ sẽŋu nɔ wo si, togbɔ be “woƒe asi mesu ŋugbedodo la dzi” le woƒe agbenɔɣi “o” hã. Ke hã “wokpɔe le adzɔge, eye wodo ɖoaƒe nɛ.”—Hebritɔwo 11:13.

Biblia me nyagblɔɖiwo gɔmesese fifia na míele ekpɔm be “Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe ŋkeke gã” si me wòaɖe vɔ̃ɖinyenye katã ɖa le anyigba dzi la tu aƒe. (Nyaɖeɖefia 16:14, 16) Abe blematɔ nuteƒewɔlawo ene la, ele be xɔse kple lɔlɔ̃ na Mawu kpakple na “agbe vavã la” naʋã mí míatsɔ kakaɖedzi anɔ mɔ kpɔm na nusiwo ava dzɔ le etsɔme. Alesi xexe yeyea tu aƒee la dea dzo lãme na amesiwo xɔ Yehowa dzi se helɔ̃e la. Ehiã be míatu xɔse kple lɔlɔ̃ ma ɖo be míaƒe nu nadze Mawu ŋu eye wòakpɔ mía ta le eƒe ŋkeke gã si tu aƒe la dzi.—Zefanya 2:3; Tesalonikatɔwo II, 1:3; Hebritɔwo 10:37-39.

Eyata ɖe nèlɔ̃ agbea? Gawu la, èlɔ̃ “agbe vavã la”—be woanɔ agbe anye Mawu subɔla si dzi wòda asi ɖo, anɔ mɔ kpɔm na etsɔme dzidzɔkpɔkpɔ, ẽ, be yeanɔ agbe tegbeea? Ne emae nye wò didi la, ekema wɔ ɖe nuxlɔ̃ame si apostolo Paulo ŋlɔ la dzi be, ‘míagatsɔ míaƒe mɔkpɔkpɔ aɖo kesinɔnuwo ƒe dediemanɔmanɔ dzi o, ke boŋ ɖe Mawu dzi.’ Paulo yi edzi be: ‘Minye kesinɔtɔwo le nunyuiwɔwɔ me,’ eye esia wɔwɔ dea bubu Mawu ŋu, bene ‘míaƒe asi nasu agbe vavã la dzi.’—Timoteo I, 6:17-19.

Ne èlɔ̃ be Yehowa Ðasefowo nasrɔ̃ Biblia kpli ye la, sidzedze si ‘ana nàkpɔ agbe mavɔ’ ate ŋu asu asiwò. (Yohanes 17:3) Lɔlɔ̃tɔe la, Biblia ŋlɔ vifofo ƒe amekpekpe sia da ɖi na mí katã be: “Vinye, megaŋlɔ nye nufiame be o, eye wò dzi nedzra nye sededewo ɖo; elabena woahe agbenɔnɔ didi, ƒe nyuiwo kple ŋutifafa vɛ na wò kpaŋkpaŋ.”—Lododowo 3:1, 2.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Kpɔ agbalẽ gbadza si nye Nukae Dzɔna Ðe Mía Dzi ne Míeku?, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta hena nya sia ŋuti numeɖeɖe tsitotsito.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe