INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 8/15 axa 10-13
  • Hela Xexemenunya—Ðe Wòna Kristotɔnyenye Nyo Ðe Edzia?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Hela Xexemenunya—Ðe Wòna Kristotɔnyenye Nyo Ðe Edzia?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Yuda-Subɔsubɔ si Helakɔnyinyi Tsaka”
  • “Helakɔnyinyi si Kristotɔnyenye Tsaka”
  • “Kristotɔnyenye si Helakɔnyinyi Tsaka” Kple “Kristotɔwo ƒe Xexemenunya”
  • Nudomegblẽnu Gbegblẽwo
  • Nyateƒea
  • Dzixɔsea Ge Ðe Yuda-Subɔsubɔ, Kristodukɔa, Kple Islam Me
    Nukae Dzɔna Ðe Mía Dzi ne Míeku?
  • Sɔlemeha Fofowo—Ðe Wode Biblia me Nyateƒea Dzia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Plato
    Nyɔ!—2013
  • Agbenɔnɔ Le Ku Megbe—Nuka Dzie Amewo Xɔ Se?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 8/15 axa 10-13

Hela Xexemenunya—Ðe Wòna Kristotɔnyenye Nyo Ðe Edzia?

“Le nyateƒe me togbɔ be Kristotɔnyenye tsri Helatɔ kple Romatɔ trɔ̃subɔlawo ƒe kɔnyinyi hã la, esrɔ̃ dukɔ mawo ƒe xexemenunya geɖe ŋutɔ.”—The Encyclopedia Americana.

LE AMESIWO kpɔ ŋusẽ gã ɖe “Kristotɔwo” ƒe nukpɔsusu dzi dome la, ame aɖeke tɔ mede Augustine “Kɔkɔe” tɔ nu o. The New Encyclopædia Britannica gblɔ be Augustine ƒe “nukpɔsusuwoe wɔe be wova tsɔ Hela xexemenunya si nye Plato ƒe nufiafia tsaka Nubabla Yeye ƒe subɔsubɔa keŋkeŋ; eye eya dzie wòto be nufiafia tsakatsaka sia ge ɖe Titinaɣeyiɣi me Kristodukɔa ƒe ha siwo nye Roma Katoliko kple Protestant Ðɔɖɔɖowɔhawo me.”

Nusi Augustine gblẽ ɖi li ke vavã. Esi Douglas T. Holden nɔ nu ƒom tso afisi Hela xexemenunya kpɔ ŋusẽ ɖe Kristodukɔa dzi se ɖo ŋu la, egblɔ be: “Hela xexemenunya tsaka Kristotɔwo ƒe mawunyaŋununya ale gbegbe be edzi hamevi siwo si Hela-nunya alafa memama blaasieke kple Kristotɔwo ƒe nunya alafa memama ewo le.”

Agbalẽnyalagã aɖewo xɔe se vevie be xexemenunya ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi sia tu Kristotɔnyenye ɖo le gɔmedzedzea me, eye wòna eƒe nufiafia nyo ɖe edzi wòna amewo se egɔme geɖe wu. Aleae nyaa lea? Aleke Hela xexemenunya ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzia do mo ɖae eye ɣekaɣie wòdzɔ? Le nyateƒe me, ɖe wòna Kristotɔnyenye nyo ɖe edzi loo alo ɖe wògblẽea?

Míakpɔ numekɔkɔ ne míedo afɔ na nusiwo dzɔ tso ƒe alafa etɔ̃lia D.M.Ŋ. va ɖo ƒe alafa atɔ̃lia M.Ŋ., ne míedzro nyagbe wɔmoya ene me, woawoe nye: (1) “Yuda-subɔsubɔ si Helakɔnyinyi Tsaka,” (2) “Helakɔnyinyi si Kristotɔnyenye Tsaka,” (3) “Kristotɔnyenye si Helakɔnyinyi Tsaka,” kple (4) “Kristotɔwo ƒe xexemenunya.”

“Yuda-Subɔsubɔ si Helakɔnyinyi Tsaka”

Gbãtɔ si nye “Yuda-subɔsubɔ si Helakɔnyinyi Tsaka” la nye nusi mesɔ koŋ o. Womeɖoe be woatsɔ alakpasubɔsubɔ nufiafiawo atsaka Hebritɔwo ƒe subɔsubɔ adodoea si Mawu vavã, Yehowa, ɖo anyi hafi o. (Mose V, 12:32; Lododowo 30:5, 6) Gake tso gɔmedzedzea me kee alakpasubɔsubɔ nuwɔnawo kple nukpɔsusu siwo ƒo xlã subɔsubɔa—abe Egiptetɔwo, Kanaanitɔwo, kple Babilontɔwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo ene—di be yeagblẽ eƒe kɔkɔenyenye me. Nublanuitɔe la, Israel-viwo ɖe mɔ woƒe subɔsubɔ adodoea me gblẽ kura.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 2:11-13.

Le ƒe alafa geɖe megbe, esime blema Palestina va zu Hela Fiaɖuƒea ƒe akpa aɖe wònɔ Alexander Gãtɔ te le ƒe alafa enelia D.M.Ŋ. me la, nuwo gagblẽ ɖe edzi ale gbegbe eye wògblẽ nɔnɔme gblẽnu like aɖe ɖi. Alexander he Yudatɔwo de eƒe asrafowo dome. Kadodo si va nɔ Yudatɔwo kple wo dzi ɖula yeyea dome kpɔ ŋusẽ ɖe Yudatɔwo ƒe subɔsubɔnukpɔsusu dzi ale gbegbe. Helatɔwo ƒe nukpɔsusu va ge ɖe Yudatɔwo ƒe sukunufiafia me. Wonya Nunɔlagã Jason be eɖo Hela suku ɖe Yerusalem le ƒe 175 D.M.Ŋ. me be woasrɔ̃ Homer ƒe nunya.

Nukutɔe la, esi Samariatɔ aɖe nɔ agbalẽ ŋlɔm tso ƒe alafa evelia D.M.Ŋ. ƒe domedome heyina la, ete kpɔ be yeaŋlɔ Biblia me ŋutinya abe Helatɔwo ƒe ŋutinyae wònye ene. Le nyateƒe me la, Helatɔwo ƒe lɔlɔ̃wɔwɔ xotutuwo koŋ dzie Yudatɔwo ƒe Ŋɔŋlɔ Ɣaɣlawo abe Judith kple Tobit ene he susu yii. Yuda xexemenunyala geɖe do, eye wote kpɔ be yewoatsɔ Helatɔwo ƒe nukpɔsusu atsaka Yudatɔwo ƒe subɔsubɔ kple Biblia nufiafiae.

Amesi xɔ ŋkɔ wu le nya sia mee nye Philo, si nye Yudatɔ si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me. Ezã Plato (si nɔ anyi le ƒe enelia D.M.Ŋ. me), Pythagoratɔwo, kple Stoatɔwo ƒe nufiafiawo. Philo ƒe nukpɔsusuwo kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe Yudatɔwo dzi. Esi Yudatɔ agbalẽŋlɔla Max Dimont nɔ nya ta ƒom le alesi Helatɔwo ƒe nunya wɔ va ge ɖe Yudatɔwo ƒe nuwɔnawo mee ŋu la, egblɔ be: “Plato ƒe nukpɔsusu, Aristotle ƒe nuŋububu, kple Euclid ƒe dzɔdzɔmeŋutinunya va su Yuda-gbalẽnyalawo si ale gbegbe be wozãe abe dɔwɔnu yeyewo ene tsɔ srɔ̃ Torah lae. . . . Wotsɔ Helatɔwo ƒe nukpɔsusu kpe ɖe nusi woɖe fia Yudatɔwo ŋu.”

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Romatɔwo va ɖu Hela Fiaɖuƒea dzi eye woxɔ Yerusalem. Nusia ʋu mɔ na tɔtrɔ ɖedzesi bubu geɖewo. Va ɖo ƒe alafa etɔ̃lia M.Ŋ. me la, nunyala siwo dze agbagba be yewoado Plato ƒe nukpɔsusuwo ɖe ŋgɔ ahatrɔ asi le wo ŋu la ƒe xexemenunya kple subɔsubɔ nufiafiawo va zu nu ŋutɔŋutɔ nɔ anyi, eye eyae woƒo ƒu yɔna egbea be Platonufiafia Yeye. Nunyala siawo ƒe nukpɔsusuwo ava kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe Kristotɔnyenye si de megbe la dzi godoo.

“Helakɔnyinyi si Kristotɔnyenye Tsaka”

Le mía ŋɔli ƒe ƒe alafa atɔ̃ gbãtɔawo me la, agbalẽnyala aɖewo dze agbagba be yewoaɖee afia be ƒomedodo le Hela xexemenunya kple nyateƒe si woɖe fia le Biblia me la dome. Agbalẽ si nye A History of Christianity gblɔ be: “Le ƒe siwo do ŋgɔ na Kristo me la, Kristotɔ dzɔdzɔmeŋutinusrɔ̃lawo ɖoe be yewoana Helatɔwo nadze abe amesiwo le dagbadagbam numanyatɔe be yewoanya Mawu ene, hele agbagba dzem be yewoanɔ te ɖe Atene-nunya gbɔloa dzi adze si Yesu, ato yewoƒe yakatamebubu dzi ato Kristotɔnyenye vɛ.”

Plotinus (ƒe 205-270 M.Ŋ.), amesi do ŋgɔ na agbalẽnyala siawo la to nufiafia aɖe si wotu ɖe Plato ƒe nukpɔsusuwo koŋ dzi vɛ. Plotinus ye do nufiafia si nye be luʋɔ le vovo na ŋutilã ɖa. Nufialagã E. W. Hopkins gblɔ le Plotinus ŋu be: ‘Menye ŋusẽ vie eƒe mawunyaŋununya kpɔ ɖe amesiwo xɔ ŋgɔ le Kristotɔwo ƒe nufiafiawo me dzi o.’

“Kristotɔnyenye si Helakɔnyinyi Tsaka” Kple “Kristotɔwo ƒe Xexemenunya”

Tso ƒe alafa evelia M.Ŋ. me la, “Kristotɔ” siwo nye nunyalawo ɖoe kplikpaa dze agbagba be yewoaɖe yewoƒe nunyanya afia xexemegbalẽnyalawo. Togbɔ be apostolo Paulo xlɔ̃ nu eme kɔ be woatsri “dzeɖoɖo ƒuƒlu makɔmakɔwo” kple “aʋatsosidzedze ƒe nudadafiafia” hã la, nufiala siawo tsɔ xexemenunya tso Helakɔnyinyi me va tsaka woƒe nufiafiawo. (Timoteo I, 6:20) Kpɔɖeŋu si Philo ɖo na wòdze abe ɖe woate ŋu atsɔ Biblia ƒe nufiafia asɔ kple Plato ƒe nukpɔsusuwo ene.—Tsɔe sɔ kple Petro II, 1:16.

Gake Biblia ƒe nyateƒea ŋue wogblẽ nu le koŋ. “Kristotɔwo” ƒe nufialawo dze agbagba be yewoafia be Kristotɔnyenye wɔ ɖeka kple Hela kpakple Roma tɔwo ƒe agbenɔnɔŋununya. Clement si tso Alexandria kple Origen (ƒe alafa evelia kple etɔ̃lia M.Ŋ. me) wɔ Platonufiafia Yeyea wòzu gɔmeɖoanyi na “Kristotɔwo ƒe xexemenunya.” Ambrose (ƒe 339-397 M.Ŋ.), si nye Milan ƒe bisiɔp, “srɔ̃ Helatɔwo ƒe nufiafia siwo nɔ tsia dzi wu ɖesiaɖe, Kristotɔwo kple xexemetɔwo siaa tɔ—vevietɔ . . . xexemetɔ Plotinus si nye Platonufiafia Yeyea srɔ̃la tɔ.” Edze agbagba be yeana Latin-gbalẽnyalawo nanya Roma kple Hela tɔwo ƒe Kristotɔnyenye ƒomevi. Nu mae Augustine hã wɔ.

Ƒe alafa ɖeka megbe la, Dionysius si nye Areopago me nɔla (si wogayɔna be yeaɖi Dionysius), eye ɖewohĩ wònye Siriatɔ saɖagaxɔmenɔla, te kpɔ be yeatsɔ Platonufiafia Yeyea awɔ ɖeka kple “Kristotɔwo” ƒe mawunyaŋununya. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be eƒe “agbalẽwo va de Platonufiafia Yeye ƒe nuwɔna ƒomevi aɖe koŋ titinaɣeyiɣi me Kristotɔwo ƒe nufiafia kple gbɔgbɔmemenyenye ƒe akpa gã aɖe me . . . si na wɔna vovovo va le eƒe subɔsubɔ kple mawusosroɖa nuwɔnawo me va ɖo fifia.” Aleke gbegbe wodo toku apostolo Paulo ƒe nuxlɔ̃ame be woagbe ‘amewo ƒe xexemenunya kple beble dzodzro’ kura enye si!—Kolosetɔwo 2:8.

Nudomegblẽnu Gbegblẽwo

Eva ɖe dzesi be “Kristotɔ Platonufiafiasrɔ̃lawo bu Mawu ƒe ɖeɖefiawo nu vevii eye wobu Plato ƒe xexemenunya be enye mɔnu nyuitɔ kekeake si li woato edzi ase Ŋɔŋlɔawo ƒe nufiafia kple sɔleme kɔnyinyiwo gɔme ahatsɔ aʋli wo tae.”

Plato ŋutɔ se egɔme be luʋɔ makumaku li. Eɖe dzesi be alakpanufiafia vevi siwo ge ɖe “Kristotɔwo” ƒe mawunyaŋununya me dometɔ ɖekae nye luʋɔ ƒe numakumakunyenye. Wo tɔ madzɔ le mɔ aɖeke nu esi woxɔ nufiafia sia dzi se kple susu be edzixɔxɔse awɔe be Kristotɔnyenye nadze amewo ŋu o. Esime Paulo nɔ gbeƒã ɖem le Atene si nye afisi Helatɔwo ƒe kɔnyinyiwo xɔ aƒe ɖo la, mefia nusi Plato fia le luʋɔ ŋu o. Kristotɔwo ƒe tsitretsitsi nufiafia boŋue wòfia togbɔ be esesẽ na eƒe nyasela siwo nye Helatɔwo dometɔ geɖe be woaxɔ nya siwo wògblɔ dzi ase hã.—Dɔwɔwɔwo 17:22-32.

To vovo na Hela xexemenunya la, Ŋɔŋlɔawo ɖee fia kɔte be luʋɔ menye nane si le ame si o ke eyae nye amea. (Mose I, 2:7) Ne luʋɔa ku ko la, megale agbe o. (Xezekiel 18:4) Nyagblɔla 9:5 gblɔ na mí be: “Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o, fetu aɖeke megali na wo o, eye woŋlɔ woƒe ŋkɔ be.” Luʋɔ ƒe numakumakunyenye nufiafia la mele Biblia me o.

Nufiafia fluame bubu enye esi wofiana le nɔƒe si nɔ Yesu si hafi wòva zu amegbetɔ ŋu, si nye esi wogblɔna be esɔ ta kple Fofoa. Agbalẽ si nye The Church of the First Three Centuries ɖe nu me be: “Mawuɖekaetɔ̃ nufiafia la . . . metso Yudatɔwo kple Kristotɔwo ƒe Ŋɔŋlɔawo me kura o.” Afikae wokpɔe tsoe? “Platonufiafia Fialawo dzie woto trɔ asi le [nufiafia la] ŋu hetsɔe de Kristotɔnyenye me.”

Le nyateƒe me esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim eye Platonufiafia Yeyea va nɔ ŋusẽ kpɔm ɖe Sɔlememegãwo dzi geɖe wu la, Mawuɖekaetɔ̃dzixɔselawo va nɔ wo dzi dela geɖe kpɔm. Edze abe ƒe alafa etɔ̃lia me Platonufiafia Yeyea wɔe be wote ŋu na nusi mate ŋu asɔ o la va sɔ ene—si nye be woawɔ Mawu etɔ̃ wòazu Mawu ɖeka. Woto xexemenunya ƒe nuŋububu dzi gblɔ be ame etɔ̃ ate ŋu anye Mawu ɖeka evɔ woagakpɔtɔ anye ame vovovo anɔ wo ɖokui si!

Gake nyateƒe si le Biblia me fia be Yehowa ɖeɖekoe nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ, Yesu Kristo nye Via si wòwɔ eye wòle Ete, eye gbɔgbɔ kɔkɔea nye Eƒe dɔwɔŋusẽ. (Mose V, 6:4; Yesaya 45:5; Dɔwɔwɔwo 2:4; Kolosetɔwo 1:15; Nyaɖeɖefia 3:14) Mawuɖekaetɔ̃ nufiafia la ɖea bubu le Mawu vavã la ŋu eye wòtɔtɔa amewo, henyaa wo ɖa le Mawu si gɔme womete ŋu sena o la ŋu.

Nufiafia bubu si ŋu wogagblẽ nu le le Platonufiafia Yeyea ƒe ŋusẽkpɔkpɔ ɖe Kristotɔwo ƒe nukpɔsusu dzi tae nye ƒe akpe ɖeka mɔkpɔkpɔ si le Biblia me. (Nyaɖeɖefia 20:4-6) Wonya Origen be ebua fɔ ƒe akpe ɖeka dzixɔselawo. Nukatae wòtsi tre ɖe Kristo ƒe ƒe akpe ɖeka dziɖuɖu si dzi Biblia ɖo kpee nyuie ŋu alea gbegbe? The Catholic Encyclopedia ɖo eŋu be: “Le Platonufiafia Yeye si dzi wòtu eƒe nufiafiawo ɖo ta . . . la, [Origen] mate ŋu ade ƒe akpe ɖeka dzixɔselawo dzi o.”

Nyateƒea

Nusiwo dzɔ, siwo ŋu nya míegblɔ va yi la dometɔ aɖeke megogo nyateƒea kura o. Nyateƒeae nye Kristotɔwo ƒe nufiafia siwo katã le Biblia me. (Korintotɔwo II, 4:2; Tito 1:1, 14; Yohanes II, 1-4) Biblia ɖeka dzaa me koe nyateƒea le.—Yohanes 17:17; Timoteo II, 3:16.

Gake amesi nye Yehowa, nyateƒea, amegbetɔƒomea, kple agbe mavɔ ƒe futɔ—si nye Satana Abosam, “amewula” kple “aʋatsokafofo” la—to mɔ vɔ̃ vovovo dzi be yeatɔ tsi nyateƒea. (Yohanes 8:44; tsɔe sɔ kple Korintotɔwo II, 11:3.) Dɔwɔnu sesẽtɔ kekeake siwo wòzã dometɔ aɖewoe nye Helatɔ xexemenunyafialawo ƒe nufiafiawo—le nyateƒe me la, eya ŋutɔ ƒe nukpɔsusuwoe wonye—bene yeatɔtɔ Kristotɔwo ƒe nufiafiawo kple alesi wole.

Helatɔwo ƒe xexemenunya tsɔtsɔ tsaka Kristotɔwo ƒe nufiafia madzemadzee alea nye agbagbadzedze be woatɔ tsi Biblia ƒe nyateƒea, aɖi gbɔ̃e be magadzro nyateƒedila fatu, ɖianukware siwo wòle bɔbɔe be woafia nui la o. (Korintotɔwo I, 3:1, 2, 19, 20) Edoa gu Biblia ƒe nufiafia si me kɔ la ƒe kɔkɔenyenye hã, ale be wòna vovototo si le nyateƒe kple alakpa dome medzena tututu o.

Egbea la, to hamea ƒe Ta, si nye Yesu Kristo, ƒe mɔfiafia dzi la, wogaɖo Kristotɔwo ƒe nufiafiawo te. Azɔ hã la, nyateƒea dila vavãwo ate ŋu ato Kristo-hame vavã la ƒe kutsetsewo dzi ade dzesii. (Mateo 7:16, 20) Yehowa Ðasefowo lɔ̃ eye wodi vevie be yewoakpe ɖe amesiawo ŋu be woakpɔ nyateƒea ƒe tsi si womeblu o ahakpe ɖe wo ŋu be woƒe asi nasu agbe mavɔ ƒe domenyinu si mía Fofo, Yehowa, na la dzi.—Yohanes 4:14; Timoteo I, 6:19.

[Nɔnɔmetata si le axa 11

Augustine

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 10]

Hela nuŋɔŋlɔwo: Wotso agbalẽ si nye Ancient Greek Writers: Plato’s Phaedo, 1957, Ioannis N. Zacharopoulos, Athens me; Plato: Musei Capitolini, Roma

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe