Agbenɔnɔ Le Ku Megbe—Nuka Dzie Amewo Xɔ Se?
“Ne ŋutsu ku la, ɖe wògagbɔa agbea?”—HIOB 14:14.
1, 2. Aleke ame geɖe dia akɔfafae ne woƒe ame vevi aɖe ku?
LE New York City la, xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo nɔ fli me le ɖoɖoezizi me le kuƒe aɖe me nɔ ŋutsuvi aɖe si xɔ ƒe 17 si kansa wu kpɔm le amekukuɖaka si dzi woʋu me. Vidada si ƒe dzi gbã la tsɔ avigbe gblɔ enuenu be: “Fifia Tommy le dzidzɔ kpɔm wu. Mawu di be Tommy nava ye gbɔ le dziƒo.” Nenemae wofiae be wòaxɔ se.
2 Le afisi anye kilometa 11,000 tso afisia, si nye Jamnagar, India la, ŋutsuvi etɔ̃ ƒe tsitsitɔ de dzo nake si woli kɔ ɖe wo fofo kukua dzi be woatsɔ atɔ dzoe me. Hindu-nunɔla la kɔ gbe dzi esi dzoa nɔ bibim wònɔ gbe dom ɖa le Sanskritgbe me be: “Luʋɔ si mekuna gbeɖe o la nayi eƒe agbagbadzedze dzi be wòava wɔ ɖeka kple amesi ƒo nusianu ta.”
3. Nyabiabia kawo ŋue amewo bu tso gbaɖegbe ke?
3 Míedzea ŋgɔ ku ƒe nuŋutɔŋutɔnyenye ɣesiaɣi. (Romatɔwo 5:12) Esɔ be míabia nenye be kue nye nusianu ƒe nuwuwu. Esi Hiob si nye Yehowa Mawu subɔla nuteƒewɔla le blema nɔ nu ƒom tso nɔnɔme siwo me numiemiewo tona tsina ŋu la, egblɔ be: “Mɔkpɔkpɔ li na ati; ne wolãe la, ekema egadzena yeye, eye eƒe alɔwo nu metsina o.” Ke amegbetɔwo ya ɖe? Hiob bia be: “Ne ŋutsu ku la, ɖe wògagbɔa agbea?” (Hiob 14:7, 14) Le ƒeawo me la, amesiwo le nɔnɔme ɖesiaɖe me bu nya siawo ŋu kpɔ be: Ðe woganɔa agbe le ku megbea? Eye ne wonɔnɛ la, ke agbe ka ƒomevie wònye? Nuka dzie amewo va xɔ se? Eye nukatae?
Ŋuɖoɖo Geɖe Siwo me Nya Ðeka Dze Le
4. Nuka dzie subɔsubɔha vovovo me tɔwo xɔ se le agbenɔnɔ le ku megbe ŋu?
4 Ame geɖe siwo gblɔ be Kristotɔwo yewonye xɔe se be ne amewo ku la, woyia dziƒo loo alo yia dzomavɔ me. Gake gbugbɔgadzɔ dzi Hindutɔwo ya xɔ se. Le Islam-dzixɔse nu la, ʋɔnudrɔ̃gbe aɖe le ku megbe esime Allah adzro amesiame ƒe agbenɔnɔ me akpɔ eye wòaɖo ame ɖesiaɖe ɖe paradiso me loo alo ɖe dzomavɔ me. Le dukɔ aɖewo me la, dzixɔse siwo ku ɖe ame kukuwo ŋu la nye wo gbɔ kɔnuwo kple amesiwo gblɔ be Kristotɔwo yewonye ƒe nufiafia si tsaka tamanɔŋutɔe. Le kpɔɖeŋu me, ne ame ku le Buddhatɔwo kple Katolikotɔwo siaa ƒe aƒeme le Sri Lanka la, woʋua woƒe ʋɔtru kple fesrewo ɖi gbadzaa, eye wodaa amekukuɖakaa ɖi trɔa ame kukua ƒe afɔwo ɖe ʋɔtrua nu. Woxɔe se be ne wowɔ nusiawo la, enaa ame kukua ƒe gbɔgbɔ, alo luʋɔ te ŋu doa go le aƒea me bɔbɔe. Le Katolikotɔ kple Protestanttɔ geɖe siwo le Ɣetoɖoƒe Afrika dome la, ebɔ be ne ame ku la, woatsyɔ nu ahuhɔ̃ewo ƒe ŋkume ale be ame aɖeke nagakpɔ ame kukua ƒe gbɔgbɔ le wo me o. Azɔ ŋkeke 40 le amea ƒe ku megbe la, ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo ɖua luʋɔa ƒe dziƒoyiyi ƒe ŋkeke.
5. Dzixɔse vevi ka dzie subɔsubɔha akpa gãtɔ lɔ̃ ɖo?
5 Togbɔ be vovototo le eme alea hã, edze abe subɔsubɔha akpa gãtɔ lɔ̃ ɖe susu vevi ɖeka aɖe ya teti dzi. Woxɔe se be nane le amegbetɔ me—woɖayɔe be luʋɔ, gbɔgbɔ, alo ŋɔli o—si mekuna o eye wòyia edzi nɔa agbe le ku megbe. Kristodukɔa ƒe subɔsubɔha kple kɔmamã alafa geɖeawo katã kloe xɔ luʋɔ makumaku dzi se. Enye nufiafia si dzi woda asi ɖo le Yuda-subɔsubɔ hã me. Eya dzi koŋue Hindutɔwo tu woƒe gbugbɔgadzɔ nufiafiaa ɖo. Moslemtɔwo xɔe se be luʋɔa yia edzi nɔa agbe le ametia ƒe ku megbe. Australiatɔ Gbãtɔwo, Afrika-trɔ̃subɔlawo, Shintotɔwo, kple Buddhatɔwo katã fiaa nu vovovowo le nya ɖeka sia ŋu.
6. Aleke agbalẽnyala aɖewo bua dzixɔse si nye be luʋɔ mekuna o?
6 Gake ame aɖewo hã li siwo xɔe se be ku nye ame ƒe agbenɔnɔ ƒe nuwuwu. Wobua dzixɔse si nye be sidzeŋutete le luʋɔ makpɔmakpɔ aɖe si menye ame o si eye wòdona le ametia me ɖanɔa eɖokui si la be susu mele eme kura o. Ƒe alafa 20 lia me Spaintɔ agbalẽnyala Miguel de Unamuno ŋlɔ bena: “Be woaxɔ luʋɔ makumaku dzi ase fia be wodi be luʋɔa nagaku hafi o, gake didi vevie be wòava eme alea mana woabu nu ŋu o eye mana gɔmesese nasu ame si o.” Ame bubu siwo xɔe se nenema hã le vovovo eye wo dometɔ aɖewoe nye blema xexemenunyala xɔŋkɔ siwo nye Aristotle kple Epicurus, atikewɔla Hippocrates, Scotlandtɔ xexemenunyala David Hume, Arabtɔ agbalẽnyala Averroës, kple Jawaharlal Nehru si nye India-dziɖuɖumegãwo ƒe tatɔ gbãtɔ le woƒe ɖokuisinɔnɔ xɔxɔ megbe.
7. Luʋɔ makumaku dzixɔsea ŋuti biabia vevi kawo mee wòle be míadzro fifia?
7 Esi nya kple dzixɔse vovovo siawo dze ŋgɔ mí ta la, ele be míabia be: Ðe luʋɔ makumaku le mía si nyateƒea? Ne luʋɔ menye nusi mekuna o la, ke aleke wɔ alakpanufiafia sia va zu egbe subɔsubɔha gbogbo aɖewo ƒe nufiafia vevi? Afikae dzixɔsea dzɔ tso? Ele vevie be míakpɔ biabia siawo ƒe ŋuɖoɖo siwo nye nyateƒe henaa dzidzeme elabena eya dzie míaƒe etsɔme nɔ te ɖo. (Korintotɔwo I, 15:19) Gake gbã mina míadzro eme akpɔ alesi luʋɔ makumaku nufiafiaa wɔ dze egɔme.
Alesi Nufiafia la Wɔ Dze Egɔme
8. Akpa kae Socrates kple Plato wɔ le luʋɔ makumaku dzixɔsea dodo ɖe ŋgɔ me?
8 Wogblɔ be Helatɔ xexemenunyala siwo nye Socrates kple Plato siwo nɔ agbe le ƒe alafa atɔ̃lia D.M.Ŋ. me la nɔ ame gbãtɔ siwo lé dzixɔsea me ɖe asi be luʋɔ mekuna o dome. Gake menye woawoe to nufiafia sia vɛ o. Ke boŋ ɖe woɖe ami ɖee hetrɔe wòzu xexemenunya ƒe nufiafia, eye woto esia me na wòdzro ame ŋkutawo ƒe hatsotso siwo nɔ anyi le woƒe ɣeyiɣia me kple emegbe. Nya lae nye be Zoroastertɔ siwo nɔ blema Persia kple Egiptetɔ siwo nɔ anyi do ŋgɔ na wo hã xɔ luʋɔ makumaku dzi se. Eyata biabia lae nye be, Afikae nufiafia sia dzɔ tso?
9. Nu ɖeka kae kpɔ ŋusẽ ɖe blema Egipte, Persia, kple Hela tɔwo ƒe agbenɔnɔ dzi?
9 Agbalẽ si nye The Religion of Babylonia and Assyria gblɔ be: “Babilonia mawusubɔsubɔ kpɔ ŋusẽ ɖe Egipte, Persia, kple Hela dzi le blema xexeame.” Agbalẽa yi edzi gblɔ le Egiptetɔwo ƒe subɔsubɔdzixɔsewo ŋu be: “Esi kadodo nɔ Egipte kple Babilonia dome tso gɔmedzedzea me ke, abe alesi wòdze le El-Amarna nuŋlɔkpewo dzii ene ta la, edze ƒã be enɔ bɔbɔe ŋutɔ be Babiloniatɔwo ƒe nukpɔsusu kple kɔnuwo nava ge ɖe Egipte-vivimehawo me.”a Woate ŋu agblɔ nya ma tɔgbe ke le blema Persia kple Hela tɔwo ƒe kɔnuwo hã ŋu.
10. Nukae nye Babilontɔwo ƒe nukpɔsusu le agbenɔnɔ le ku megbe ŋu?
10 Gake ɖe blema Babilontɔwo xɔ luʋɔ makumaku dzi sea? Nufialagã Morris Jastrow, Jr., si le Pennsylvania Yunivɛsiti, U.S.A., ŋlɔ le nya sia ŋu be: “Alesi wòate ŋu adzɔ be woatsrɔ̃ agbe ɖa keŋkeŋ la meva amewo loo alo subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ [Babilonia] la ƒe susu me kpɔ o. [Wobui be] ku nye mɔ si dzi wotona yia agbenɔnɔ bubu ƒomevi aɖe me, eye alesi mate ŋu ava eme be míanɔ makumakugbe [le agbe sia me] o tea gbe ɖe edzi be womate ŋu asi le tɔtrɔ si ku hena vɛ nu o.” Ẽ, Babilontɔwo xɔe se be agbenɔnɔ ƒomevi aɖe yia edzi le nɔnɔme aɖe me le ku megbe. Woɖea esia fiana to nuwo tsɔtsɔ ɖi ame kukuwoe be woava zã le woƒe agbenɔnɔ le Ku Megbe me.
11, 12. Afikae luʋɔ makumaku nufiafiaa dzɔ tso le Tsiɖɔɖɔa megbe?
11 Edze ƒã be blema Babilon ye luʋɔ makumaku ƒe nufiafia la dzɔ tso. Ðe esia ɖe dzesia? Ẽ, elabena Biblia gblɔ be Nimrod si nye Noa tɔgbuitɔgbuiyɔvi ye tso Babilon, alo Babel, dugã la. Le Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔa megbe la, gbegbɔgblɔ ɖeka kple subɔsubɔha ɖeka koe nɔ anyi. Menye ɖeko Nimrod ‘tsi tre ɖe Yehowa ŋu’ o ke eya kple eyomedzelawo di be yewoƒe “ŋkɔ nanyɔ.” Eyata Nimrod ɖo subɔsubɔha bubu gɔme anyi esi wòtso dugã la hetu mɔ ɖe afima.—Mose I, 10:1, 6, 8-10; 11:1-4.
12 Blemanuŋlɔɖiwo gblɔ be anyrae wowɔ le Nimrod ŋu wòku. Eme kɔ be esi wònye Babilon-dugã la tsola, etula, kple eƒe fia gbãtɔ ta la, dua me tɔwo anya de bubu gã eŋu le eƒe ku megbe. Esi wobua mawu Marduk (Merodax) be enye Babilon gɔmeɖoanyila eye wotsɔ eƒe ŋkɔ gɔ̃ hã na Babilonia-fia geɖe ta la, agbalẽnyala aɖewo gblɔ be ɖewohĩ Marduk tsi tre ɖi na Nimrod si wotsɔ wɔ mawui. (Fiawo II, 25:27; Yesaya 39:1; Yeremya 50:2) Ne ele nenema la, ekema dzixɔse si nye be luʋɔ le ame si si yia edzi nɔa agbe le ku megbe la anya do teti le Nimrod ƒe kuɣi. Aleke ke o, ŋutinyamenuŋlɔɖi ɖee fia be Babel, alo Babilon, ye luʋɔ makumaku nufiafia dze egɔme tsoe le Tsiɖɔɖɔa megbe.
13. Aleke luʋɔ makumaku nufiafiaa wɔ kaka ɖe anyigba dzi katã, eye nukae do tso eme?
13 Biblia yi edzi ɖee fia be Mawu gblẽ mɔtulawo ƒe agbagbadzedze me le Babel esi wòtɔtɔ woƒe gbegbɔgblɔ. Esi womegate ŋu sea wo nɔewo ƒe gbe o ta la, wogblẽ woƒe xɔtudɔa ɖi eye wokaka “tso afima ɖe anyigba blibo la katã dzi.” (Mose I, 11:5-9) Ele be wòanɔ susu me na mí be togbɔ be wotrɔ gbe na mɔtula siawo hã la, woƒe tamebubu kple dzixɔsewo ya metrɔ o. Eyata wotsɔ woƒe mawusubɔsubɔ me dzixɔsewo yi afisiafi si woyi. Mɔ sia dzie Babilon-subɔsubɔ ƒe nufiafiawo—kple luʋɔ makumaku nufiafia hã—to kaka ɖe anyigba dzi katã eye wova zu nusi dzi wotu xexemesubɔsubɔha gãwo ɖo. Alea wòdzɔe be woɖo alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒe aɖe anyi, eye woɖɔe le Biblia me nyuie be enye “Babilon gã la, gbolowo kple anyigba dzi ŋunyɔnuwo ƒe dada.”—Nyaɖeɖefia 17:5.
Alakpasubɔsubɔ ƒe Xexemefiaɖuƒea Keke Ta Ðo Ɣedzeƒe
14. Aleke Babilonia-mawusubɔsubɔdzixɔsewo kaka yi India-nyigba ƒe nutowo mee?
14 Ŋutinyaŋlɔla aɖewo gblɔ be ƒe 3,500 kple edzivɔ enye si va yi la, amewo ƒe ʋuʋu yi teƒeteƒewo na Aryatɔ siwo ƒe ŋutigbalẽ nyɔ la ʋu tso dzieheɣetoɖoƒe yi Indus Bali, si le Pakistan kple India koŋ fifia la me. Wokaka tso afima yi Ganges Tɔsisia ƒe gbadzaƒewo heto India. Eŋutinunyala aɖewo gblɔ be blema Iran kple Babilon tɔwo ƒe nufiafiawo dzie ʋuʋulaawo ƒe subɔsubɔdzixɔsewo nɔ te ɖo. Eyata mawusubɔsubɔdzixɔse siawo dzie wotu Hindu-subɔsubɔ ɖo.
15. Aleke luʋɔ makumaku dzixɔsea va kpɔ ŋusẽ ɖe egbeŋkekea me Hindu-subɔsubɔ dzii?
15 Le India la, luʋɔ makumaku dzixɔsea nɔ gbugbɔgadzɔ nufiafiaa me. Hindu-nunyala siwo nɔ nya ʋlim le nuvɔ̃ kple amegbetɔ ƒe fukpekpe ƒe kuxi si ka amesiame ŋu la va ke ɖe nusi woyɔna be Karma ƒe se, si nye se si fia be nane gbɔe nusianu tsona la ŋu. Wotsɔ se sia kple luʋɔ makumaku dzixɔsea tsaka wòva zu gbugbɔgadzɔ nufiafia, eye wogblɔ be woɖoa nyui alo vɔ̃ si wowɔ le agbe me teƒe alo naa tohehe ɖe eta le agbe si kplɔe ɖo me. Wogblɔ be nuteƒewɔla ƒe taɖodzinue nye moksha, alo ablɔɖekpɔkpɔ tso luʋɔ ƒe gege ɖe nu bubu me eye be wòava wɔ ɖeka kple nusi woyɔna be ŋusẽ kɔkɔtɔ, alo Nirvana. Alesi Hindu-subɔsubɔ keke ta le ƒe alafaawo mee la, nenemae nufiafia sia hã keke tae. Eye ezu egbeŋkekea me Hindu-subɔsubɔ ƒe nufiafia vevi.
16. Agbenɔnɔ le Ku Megbe ŋuti dzixɔse kae va kpɔ ŋusẽ ɖe Ɣedzeƒe Asia tɔ gbogbo aɖewo ƒe mawusubɔsubɔ me nukpɔsusu kple nuwɔnawo dzi?
16 Hindu-subɔsubɔ mee subɔsubɔha bubu siwo ƒe ɖewoe nye Buddha, Jain, kple Sikh subɔsubɔhawo do tso. Wolé gbugbɔgadzɔ dzixɔsea me ɖe asi le subɔsubɔha siawo hã me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, esi Buddha-subɔsubɔ keke ta xɔ Ɣedzeƒe Asia ƒe akpa gãtɔ—China, Korea, Japan, kple teƒe bubuwo—la, ekpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe nuto bliboa katã me dekɔnu kple mawusubɔsubɔ dzi. Esia na subɔsubɔha siwo me wotsaka dzixɔse vovovowo le si me Buddhatɔwo ƒe dzixɔsewo, gbɔgbɔyɔyɔ, kple tadedeagu na tɔgbui kukuwo le va to. Esiawo dometɔ siwo kpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi wue nye Tao, Kɔnfusio, kple Shinto subɔsubɔhawo. Alea wòdzɔe be dzixɔse si nye be woyia edzi nɔa agbe le ametia ƒe ku megbe va kpɔ ŋusẽ ɖe ameƒomea ƒe akpa gãtɔ ƒe mawusubɔsubɔ me nukpɔsusu kple nuwɔnawo dzi le xexeame ƒe akpa ma.
Ke Yuda-subɔsubɔ, Kristodukɔa, Kple Islam Ya Ðe?
17. Nuka dzie blema Yudatɔwo xɔ se le agbenɔnɔ le ku megbe ŋu?
17 Nuka dzie Yuda-subɔsubɔ, Kristodukɔa, kple Islam subɔsubɔhawo me tɔwo xɔ se le agbenɔnɔ le ku megbe ŋu? Yuda-subɔsubɔ dzɔ xoxoxo do ŋgɔ na subɔsubɔha siawo katã. Edzɔɣi yi megbemegbe ʋĩ ƒe 4,000 va ɖo Abraham dzi—si nye ɣeyiɣi didi aɖe hafi Socrates kple Plato va trɔ asi le luʋɔ makumaku ƒe nufiafiaa ŋu. Yudatɔ gbãtɔwo xɔ ame kukuwo ƒe tsitretsitsi dzi se ke menye nu makumaku aɖe si le ame me o. (Mateo 22:31, 32; Hebritɔwo 11:19) Ekema aleke luʋɔ makumaku nufiafiaa wɔ ge ɖe Yuda-subɔsubɔ me? Míakpɔ ŋuɖoɖoa le ŋutinya me.
18, 19. Aleke luʋɔ makumaku nufiafiaa wɔ ge ɖe Yuda-subɔsubɔ me?
18 Le ƒe 332 D.M.Ŋ. me la, Helatɔ Alexander Gãtɔ ɖu Titinaɣedzeƒe si me Yerusalem hã nɔ dzi. Fia siwo kplɔ Alexander ɖo yi ɖoɖo si wòwɔ be Helatɔwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi nakaka la dzi eye esia na dekɔnu eve—Helatɔwo tɔ kple Yudatɔwo tɔ—va tsaka. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yudatɔwo va nya Helatɔwo ƒe nukpɔsusuwo nyuie, eye wo dometɔ aɖewo va zu xexemenunyafialawo gɔ̃ hã.
19 Philo si tso Alexandria, amesi nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me nye Yudatɔ xexemenunyafiala siawo dometɔ ɖeka. Ede bubu tɔxɛ Plato ŋu eye wòdze agbagba be yeatsɔ Helatɔwo ƒe xexemenunya aɖe Yuda-subɔsubɔ mee, eye etsɔ esia dzra mɔ dzi ɖo na Yudatɔ nunyala siwo va emegbe. Helatɔwo ƒe susuwo kpɔ ŋusẽ ɖe Talmud—si nye se siwo wogblɔ kple nu siwo rabiwo ŋlɔ ɖi ƒe totoɖeme—hã dzi. Encyclopaedia Judaica gblɔ be: “Rabi siwo ŋlɔ Talmud la xɔe se be luʋɔ yia edzi nɔa agbe le ku megbe.” Emegbe Yudatɔwo ƒe nyaɣaɣlagbalẽ, siwo ƒe ɖee nye Kabala, fia nu vovovowo ʋuu va fia gbugbɔgadzɔ gɔ̃ hã. Eyata Helatɔwo ƒe xexemenunya ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzie na luʋɔ makumaku dzixɔsea va ge ɖe Yuda-subɔsubɔ me. Nya kae míate ŋu agblɔ le alesi nufiafia sia wɔ ge ɖe Kristodukɔa me ŋu?
20, 21. (a) Aleke Kristotɔ gbãtɔwo bu Plato, alo Helatɔwo, ƒe xexemenunyae? (b) Nukae na wotsɔ Plato ƒe nukpɔsusuwo va tsaka Kristotɔwo ƒe nufiafiawo?
20 Yesu Kristo dzie Kristotɔnyenye vavãtɔ dze egɔme tsoe. Miguel de Unamuno si ƒe nya míeyɔ va yi ŋlɔ le Yesu ŋu be: “Ŋutilã ƒe tsitretsitsi, si dzi Yudatɔwo xɔ se la dzi boŋue wòxɔ se, ke menye luʋɔ makumaku, si [Helatɔ] Plato fia lae o.” Eƒo eta be: “Luʋɔ makumaku . . . nye trɔ̃subɔlawo ƒe xexemenunyafiafia dzixɔse.” Le esia ta míate ŋu akpɔ nusita apostolo Paulo xlɔ̃ nu ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo vevie le “xexemenunya kple beble dzodzro . . . le amewo ƒe nuɖoanyi kple xexeme ƒe gɔmedzenuwo la nu, eye menye le Kristo nu o” ŋu adze sii.—Kolosetɔwo 2:8.
21 Gake ɣekaɣie “trɔ̃subɔlawo ƒe xexemenunyafiafia dzixɔse” sia ge ɖe Kristotɔnyenye me eye aleke wòdzɔe? The New Encyclopædia Britannica ɖe eme be: “Tso ƒe alafa 2 lia M.Ŋ. ƒe domedome la, Kristotɔ siwo xɔ hehe vie le Helatɔwo ƒe xexemenunyafiafia me va kpɔe be ehiã be yewoazã nusiwo yewosrɔ̃ atsɔ aɖe yewoƒe xɔse mee wòadze be yewonye agbalẽnyalawo eye wòana trɔ̃subɔla agbalẽnyalawo natrɔ dzime ava yewoƒe ha me. Xexemenunya si fiafia sɔ na wo wue nye Plato ƒe xexemenunyafiafia.” Blema xexemenunyala siawo dometɔ eve siwo kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe Kristodukɔa ƒe nufiafiawo dzie nye Origen si tso Alexandria kple Augustine si tso Hippo. Plato ƒe dzixɔsewo kpɔ ŋusẽ ɖe wo ame evea dzi vevie eye wowɔ akpa vevi aɖe le dzixɔse mawo tsɔtsɔ de Kristotɔwo ƒe nufiafiawo mee me.
22. Aleke luʋɔ makumaku nufiafiaa kpɔtɔ nye nu vevi le Islam me?
22 Togbɔ be Plato ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzie na luʋɔ makumaku dzixɔsea ge ɖe Yuda-subɔsubɔ kple Kristodukɔa me hã la, wode dzixɔsea Islam ya me tso eƒe gɔmedzedze ke. Koran si nye agbalẽ kɔkɔe le Islam me fia nu be luʋɔ le amegbetɔ si si yia edzi nɔa agbe le ku megbe. Egblɔ be nu mamlɛtɔ si adzɔ ɖe luʋɔ dzie nye agbenɔnɔ le dziƒo paradisobɔ me loo alo tohehename le dzomavɔ aɖe me. Esia mefia be Arabtɔ agbalẽnyalawo medze agbagba be yewoatsɔ Islam-nufiafiawo awɔ ɖeka kple Helatɔwo ƒe xexemenunyafiafia o. Le nyateƒe me la, Aristotle ƒe agbalẽwo kpɔ ŋusẽ ɖe Arabtɔwo dzi vaseɖe afi aɖe. Gake luʋɔ makumaku kpɔtɔ nye Moslemtɔwo ƒe dzixɔse.
23. Agbenɔnɔ le ku megbe ŋuti biabia vevi kawo mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?
23 Edze ƒã be esi subɔsubɔha siwo le xexeame katã bui be luʋɔ mekuna o ta la, woto dzixɔse manyatalenu gbogbo aɖewo vɛ le Agbenɔnɔ le Ku Megbe ŋu. Eye dzixɔse siawo kpɔ ŋusẽ ɖe ame biliɔn geɖe dzi, ẽ, eɖu wo dzi hewɔ wo kluviwoe gɔ̃ hã. Esi esiawo katã dze ŋgɔ mí ta la, eʋãa mí míebiana be: Ðe míate ŋu anya nyateƒea le nusi dzɔna ɖe mía dzi ne míeku ŋua? Ðe woganɔa agbe le ku megbea? Nya kae Biblia gblɔ le eŋu? Míadzro esia me le nyati si kplɔe ɖo me.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a El-Amarna nye Egipte-dugã Akhetaton si wogblɔ be wotso le ƒe alafa 14 lia D.M.Ŋ. la ƒe dudo.
Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?
◻ Nya vevi ɖeka kae dze le subɔsubɔha akpa gãtɔ ƒe dzixɔsewo me le agbenɔnɔ le ku megbe ŋu?
◻ Aleke ŋutinya kple Biblia ɖee fia be Babilon ye luʋɔ makumaku nufiafiaa dzɔ tso?
◻ Mɔ ka nue Babilontɔwo ƒe luʋɔ makumaku dzixɔse kpɔ ŋusẽ ɖe Ɣedzeƒe subɔsubɔhawo dzi le?
◻ Aleke luʋɔ makumaku nufiafiaa wɔ ge ɖe Yuda-subɔsubɔ, Kristodukɔa, kple Islam me?
[Nɔnɔmetata siwo le axa 12, 13]
Alexander Gãtɔ ƒe aʋadziɖuɖu na Helatɔwo kple Yudatɔwo ƒe dekɔnuwo tsaka
Augustine te kpɔ be yeatsɔ Plato ƒe xexemenunya atsaka kple Kristotɔnyenye
[Afi Si Miìexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Alexander: Musei Capitolini, Roma; Augustine: From the book Great Men and Famous Women