INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 2/13 axa 12-13
  • Plato

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Plato
  • Nyɔ!—2013
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ALEKE EŊU NYA KA WÒE?
  • ALEKE PLATO ƑE NUFIAFIAWO WƆ KAKA?
  • Dzixɔsea Ge Ðe Yuda-Subɔsubɔ, Kristodukɔa, Kple Islam Me
    Nukae Dzɔna Ðe Mía Dzi ne Míeku?
  • Agbenɔnɔ Le Ku Megbe—Nuka Dzie Amewo Xɔ Se?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Aleke Gbegbee Nèxɔ Tsitretsitsia Dzi Se?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Luʋɔ Makumaku Nufiafia—Alesi Wòwɔ Dze Egɔme
    Nukae Dzɔna Ðe Mía Dzi ne Míeku?
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2013
g 2/13 axa 12-13

BLEMATƆWO ŊUTI NYA

Plato

Plato (ƒe 427-347 Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli lɔƒo) nye trɔ̃subɔla Helatɔ si nye xexemenunyala. Wodzii le Atene ɖe ƒome xɔŋkɔ aɖe me, eye ede suku yi ŋgɔ le Hela sukuwo. Xexemenunyala xɔŋkɔ Socrates kpakple Pythagoras, si nye xexemenunyala kple akɔntanyala bibi la yomedzelawo ƒe nufiafiawo kpɔ ŋusẽ ɖe edzi.

ESI Plato ɖi tsa le Mediterranea nutoa me heƒo eɖokui ɖe Sirakusa, si nye Hela dugã aɖe si le Sicily ƒe dunyahehe me megbe la, etrɔ yi Atene heɖo suku si wotsɔ ŋkɔ na be Academy. Suku sia si ŋu wogblɔna le be enye Europa ƒe yunivɛsiti gbãtɔ la va nye akɔnta kple xexemenunya fiaƒe vevi aɖe.

ALEKE EŊU NYA KA WÒE?

Plato ƒe nufiafiawo xɔ aƒe ɖe subɔsubɔha siwo me ame miliɔn geɖe, siwo dome ame siwo be yewonye Kristotɔwo le la me, eye wo dometɔ geɖe buna vodadatɔe be Biblia mee nufiafia mawo tso. Plato ƒe nufiafia veviwo dometɔ ɖekae nye be luʋɔ makumaku aɖe le amegbetɔ me si dona le ŋutilãa me ne eku.

“Luʋɔ makumaku ŋu nyaa nye nufiafia siwo doa dzidzɔ na Plato wu la dometɔ ɖeka.”—Body and Soul in Ancient Philosophy

Nu si dzɔna le ku megbe ŋu nyawo nɔ vevie na Plato. Agbalẽ aɖe (Body and Soul in Ancient Philosophy) gblɔ be “luʋɔ makumaku ŋu nyaa nye nufiafia siwo doa dzidzɔ na Plato wu la dometɔ ɖeka.” Kakaɖedzi sẽŋu nɔ esi be “luʋɔ la doa go le ŋutilãa me ɖaxɔa teƒeɖoɖo nyui alo tohehe” le ku megbe ɖe ale si wònɔ agbee esime wònɔ anyigba dzi la nu.a

ALEKE PLATO ƑE NUFIAFIAWO WƆ KAKA?

Plato ƒe Academy la nɔ anyi ƒe alafa asieke, tso ƒe 387 Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli va se ɖe ƒe 529 Mía Ŋɔli, eye nu siwo wofiana le afi ma la kpɔ ŋusẽ ɖe ame geɖe dzi. Plato ƒe susuwo va xɔ aƒe ɖe dukɔ siwo dzi Hela kple Roma ɖu la me. Yuda xexemenunyala Philo, si tso Alexandria, va xɔ Plato ƒe nufiafiawo dzi se, abe ale si wònɔ le subɔsubɔha siwo be yewonye Kristotɔwo la ƒe kplɔlawo dometɔ geɖe hã gome ene. Esia wɔe be trɔ̃subɔlawo ƒe xexemenunya, siwo dome luʋɔ makumaku ƒe nufiafiaa le la, va tra ɖe Yuda-subɔsubɔ kple Kristotɔnyenye me.

Numekugbalẽ aɖe (The Anchor Bible Dictionary) gblɔ be, “Hela xexemenunya, vevietɔ Plato ƒe dzixɔsewo, kpɔ ŋusẽ ɖe Kristotɔwo ƒe hamenufiafiawo katã dzi va se ɖe afi aɖe ya teti, gake le Kristotɔ hakplɔla aɖewo ya gome la, . . . esɔ be woayɔ wo be Plato ƒe nusrɔ̃lawo.” Azɔ de dzesi vovototo si le Plato ƒe nufiafia kple Biblia tɔ dome.

Nya si Plato gblɔ: “[Le ku me la,] nu si míeyɔna be luʋɔ makumaku, si nye ame si míenye ŋutɔŋutɔ la, doa go ɖadona ɖe mawuawo ŋkume . . . hena akɔntabubu—ame nyuiwo kpɔa mɔ na esia kple dzideƒo, ke enyea ŋɔdzinu gã na ame vɔ̃ɖiwo.”—Plato—Laws, Book XII.

Nya si Biblia gblɔ: Luʋɔ lae nye amea ŋutɔ alo agbe si wòle. Lãwo gɔ̃ hã nye luʋɔwo. Ne ame ku la, eƒe akpa aɖeke megayia edzi nɔa agbe o.b De dzesi nu si ŋɔŋlɔ siawo gblɔ:

  • “Ame gbãtɔ, Adam, zu luʋɔ gbagbe.”—1 Korintotɔwo 15:45.

  • “Mawu gblɔ be: ‘Luʋɔ gbagbewo nedo le anyigba la dzi le wo ƒomeviwo nu, aƒemelãwo kple lã siwo tana, kpakple gbemelãwo.’”—1 Mose 1:24, NW.

  • “Nye luʋɔ neku.”—4 Mose 23:10, NW.

  • “Luʋɔ, si wɔ nu vɔ̃ la, eyae aku.”—Xezekiel 18:4.

Eme kɔ ƒãa be Biblia megblɔ be luʋɔ la nɔa agbe le ku megbe o. Eya ta bia ɖokuiwò be, ‘Biblia dzie wotu nye dzixɔsewo ɖo loo alo Plato ƒe xexemenunya dzie?’

a Togbɔ be Plato na luʋɔ makumaku ƒe nufiafiaa de du hã la, menye eyae toe vɛ o. Nufiafia ma ƒomevi xɔ aƒe ɖe blematrɔ̃subɔsubɔ me, abe ale si wònɔ le Egiptetɔwo kple Babilontɔwo hã gome ene.

b Le Biblia ƒe nya nu la, kukuawo le abe ame siwo le alɔ̃ dɔm ene, eye wole tsitretsitsi lalam. (Nyagblɔla 9:5; Yohanes 11:11-14; Dɔwɔwɔwo 24:15) Gake ne amewo xɔe se be luʋɔ mekuna o la, ke nu si woƒe nyaa fiae nye be tsitretsitsi mehiã o.

“Asesẽ be ame nakpɔ nu si ɖo kpe edzi be luʋɔ la nɔa agbe le ku megbe la le Biblia me.”—New Catholic Encyclopedia.

‘Biblia ŋɔŋlɔ vɔ megbee luʋɔ makumaku ƒe dzixɔse va ƒo ke ɖe to sesĩe wòdze ƒãa, eye wòva zu Yuda-subɔsubɔ kple Kristotɔwo ƒe sɔlemehawo ƒe nufiafia veviwo dometɔ ɖeka.’—Encyclopaedia Judaica.

“Dzixɔse si nye be luʋɔ la yia edzi nɔa agbe le ŋutilã la ƒe kuku megbe la nye xexemenunya alo sɔlemehawo ƒe nususugblɔ . . . eye nufiafia ma medze le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔea ƒe akpa aɖeke o.”—The Jewish Encyclopedia.

EŊU NYA AÐEWO

  • Plato nye blematɔ siwo ƒe susuwo kpɔ ŋusẽ ɖe Ɣedzeƒedukɔmetɔwo dzi wu la dometɔ ɖeka.

  • Eƒo eɖokui ɖe dunyahehe me esime wònye sɔhɛ, gake dunyaheɖoɖowo na dzi va ɖe le eƒo vevie.

  • Eva ŋlɔ nu tso nuwo abe agbe nyui nɔnɔ, dzɔdzɔenyenye, sidzedze, dadasɔ, mawuwo subɔsubɔ, luʋɔ kple kalẽwɔwɔ ŋu.

  • Plato ƒe nusrɔ̃vi si xɔ ŋkɔ wue nye Aristotle, si va zu nufiala, xexemenunyala kple dzɔdzɔmeŋutinunyala.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe