Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Hehenaƒe Ŋu Kɔkɔ—Enye Ŋkekenyui na Yehowa
DZIDZƆŊKEKENYUIWO nye tadedeagu vavãtɔ ƒe akpa aɖe tso blema ɣeyiɣiwo me ke. Ŋkekenyui siawo siwo woɖu le blema Israel dometɔ aɖewo xɔ ŋkeke geɖe eye Yehowa subɔla akpe geɖe de. Salomo ƒe gbedoxɔa nu ʋuʋu xɔ ŋkeke adre eye kwasiɖa ɖeka ƒe Agbadɔŋkekenyui kplɔe ɖo. Esia na mɔnukpɔkpɔ Israel-viwo wode ŋugble le mɔ wɔnuku si nu Yehowa wɔ nu ɖe wo ŋu le la ŋuti. Wotrɔ yi aƒeme “kple dzidzɔ, eye woƒe dzi dze eme le nu nyui, siwo katã Yehowa wɔ . . . la ŋuti.”—Fiawo I, 8:66.
Nusi yi edzi le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Hehenaƒe le Patterson, New York, U.S.A., le May 17-22, 1999 dzi na vavalawo ɖo ŋku blema dzidzɔŋkekenyui mawo dzi. Esia nye kwasiɖa ɖeka ƒe wɔna tɔxɛ si me wokɔ xɔ vovovo 28 ƒe dɔwɔƒe si wotu be woatsɔ ado Biblia-fiafia le xexeame katã ɖe ŋgɔ ŋu le. Wowɔ ɖoɖo be dɔwɔƒegã la ƒe dɔwɔla 5,400 la katã siwo le Brooklyn, Wallkill, kple Patterson naɖi tsa le Patterson-dɔwɔƒeawo akpɔ nu vovovo le kwasiɖa ma si womaŋlɔ be akpɔ o la me. Amekpekpeawo dometɔ aɖewo nye ame siwo wu 500 siwo nɔ dɔwɔƒea tsã hekpɔ gome le hehenaƒea tutu me, Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe 23 teƒenɔlawo, kple ame bubu siwo tso hame siwo te ɖe teƒea ŋu me—wo katã woade 8,100 ya teti.
Tsaɖiɖia me Nukpɔkpɔwo na Nufiame
Be amedzroawo nanya alesi hehenaƒea le la, wowɔ ɖoɖo ɖe nukpɔkpɔ tɔxɛwo kple videoɖeɖefia siwo me nufiame le ŋu, eye wowɔ ɖoɖo amewo tsa le wo ɖokui si hã. Esi amedzroawo ɖo amedzroxɔƒea la, enumake woƒe ŋku dze alesi gbedoxɔa nɔ le Yerusalem le Yesu ƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa wɔɣi ƒe kpɔɖeŋu kpememe sue aɖe dzi. Nukpɔkpɔ bubuwo ɖe Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Sukua ƒe gɔmedzedze ŋutinya, takpekpe veviwo, hame ƒe kpekpewo, alesi nuwo trɔ le egbeɣeyiɣiawo me ƒe aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ mee—si ƒe miliɔn geɖe wɔm wole kwasiɖa ɖesiaɖe fifia—kple dɔ si Se Dɔwɔƒea wɔna be mɔ naʋu ɖi na dɔ sia wɔwɔ le Yesu ƒe sedede dzi wɔwɔ me.—Mateo 28:19, 20.
Le takpexɔ si te ɖe eŋu si me ame 1,700 ate ŋu anɔ avo me la, wona amesiwo va ɖi tsa le xɔŋukɔkɔ ŋkekenyuia ɖuɣi la kpɔ aɖabaƒoƒo 33 ƒe video si ƒe tanyae nye “Menye le Ŋusẽ Me O—To Nye Gbɔgbɔa Dzie!” Wokpɔ alesi wowɔ hafi Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Hehenaƒea va li le video sia me. Nusiwo dzɔ wòdze ƒã be Yehowae le mɔ fiam le nyaawo me kple alesi eƒe yayra le agbagba siwo wodze dzi be ƒe 15 ƒe dɔ sia wu enu dzidzedzetɔe la dze le gbebiamewo me. Ame akpe geɖe kpɔ gome le xɔa tutu ŋutɔŋutɔ me. Ɣeaɖeɣi le ƒe 1994 me la, dɔwɔla 526 ye nɔ xɔtuƒea, eye wonye ɣeyiɣiawo katã ƒe lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla 350, ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe dɔwɔla 113, kple ame 63 siwo yia aƒeme gagbɔna va naa kpekpeɖeŋu. Ame bubu geɖe hã do alɔ dɔa to nudzɔdzɔwo dzi. Wo katã wodze sii be dɔ sia manya wɔ gbeɖe Yehowa ƒe gbɔgbɔa ƒe kpekpeɖeŋu manɔmee o.—Zaxarya 4:6.
Tsaɖilaawo kpɔe be dɔ si wɔm wole le hehenaƒea ƒe taɖodzinu koŋue nye be woado Mawu ƒe nufiafia ɖe ŋgɔ. Nukpɔkpɔ si le Gilead Sukua ƒe mɔ nu le sukuxɔa ƒe dzisasrã gbãtɔ dzi ɖe sukua ƒe gbɔgbɔmedomenyinu kple ŋutinya fia. Tso Gilead Sukua ƒe klass gbãtɔ dzi le ƒe 1943 me afisi sukua nɔ tsã le South Lansing, New York la, wona hehe sukuvi 7,000 kple edzivɔ na dutanyanyuigbɔgblɔdɔ wɔwɔ. Nukpɔkpɔ siwo le sukuxɔa ƒe dzisasrã evelia dzi na wonya nu tso Alɔdzedɔwɔƒe ƒe Kɔmiti me Tɔwo ƒe Suku kple Dzikpɔla Mɔzɔlawo ƒe Suku siwo katã wowɔna le afima la ŋu. Tso esime wodze alɔdzedɔwɔƒe sukua gɔme le ƒe 1995 ƒe November me la, wona hehe deŋgɔ Alɔdzedɔwɔƒe ƒe Kɔmiti me tɔ 360 siwo tso dukɔ 106 me.
Esi amedzroawo nɔ tsaa ɖim la, wova kpɔe enumake le teƒeawo ƒe akpa gãtɔ be yewokpɔ nu geɖe wu nɔnɔmetata siwo woklã ɖe teƒeawo. Wote ŋu ge ɖe dɔwɔƒe vovovoawo me, wode ɔfis kple dɔwɔƒe bubuwo, eye numekɔkɔ geɖe su wo si tso dɔ siwo wowɔna le afima ŋu. Teƒe vevi aɖe si wode le tsaa ɖiɖi mee nye Kasɛt Kple Videokasɛt Wɔƒea. Dɔwɔnu nyui kawo gbegbee nye siwo le afima wozãna tsɔ doa Biblia-fiafiadɔa ɖe ŋgɔe! Woto nukpɔkpɔ vovovo siwo me nufiame le kple video ɖeɖefia kpuiwo dzi kpe ɖe tsaɖilaawo ŋu wose alesi woléa gbeɖiɖiwo ɖi kple alesi wowɔa videowoe gɔme. Wosrɔ̃ nane tso numekuku deto si wowɔna ne wole amesiwo adze le videoawo me ƒe nuzazãwo kple nudodowo dzram ɖo. Wokpɔ alesi wowɔa nusiwo wozãna le videoawo me wòsɔna pɛpɛpɛ ɖe nusi wɔm wole nu gake womegblẽa ga geɖe ɖe wo ŋu o la. Wokpɔ alesi wodea hadzidzi video mee be wòana ekpɔlawo nase le wo ɖokui me be yewole nudzɔdzɔa kpɔm ŋutɔŋutɔ la teƒe. Tso ƒe 1990 me la, Habɔbɔa wɔ video ewo siwo ƒo nu tso Biblia me nyati vovovo ŋu le gbegbɔgblɔ 41 me, tsɔ kpe ɖe video bubu siwo wowɔ na amesiwo doa Amerika Tokunɔgbe ŋu.
Tsaɖila geɖe de Foto Dɔwɔƒea, Nutata Dɔwɔƒea, Nyatakaka Dɔwɔƒe si naa kɔmpiuta ƒe hehe kple kpekpeɖeŋu, Subɔsubɔdɔ Dzikpɔƒe si kpɔa hame 11,242 kple dzikpɔla mɔzɔla 572 ƒe dɔwɔna dzi, kpakple Agbalẽŋɔŋlɔ Dɔwɔƒe, si ɖoa biabia 14,000 kloe ŋu ƒe sia ƒe. Numekuku si gbegbe wowɔna hafi ɖoa lɛtaawo ŋu kpakple ɖetsɔleme vavã si woɖena fiaa amesiwo ƒe biabiawo ɖee fia be wole agbagba dzem be yewoakpe akɔ kple nya sesẽwo la wɔ dɔ ɖe wo dzi.
Tsaɖilaawo ƒe hatsotso vovovo de Gbegɔmeɖeƒea. Ewɔ nuku na wo esi wose be le ƒe atɔ̃ siwo va yi me la, wogatsɔ gbegbɔgblɔ 102 bubu kpe ɖe gbe siwo me Habɔbɔa taa Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɖo la ŋu. Le xexeame godoo la, Yehowa Ðasefowo dometɔ 80 le alafa me xlẽa Habɔbɔa ƒe agbalẽwo le gbe si menye Eŋlisigbe o me. Be woakpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ la, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla 1,700 kple edzivɔ le gbegɔmeɖedɔ wɔm le dukɔ 100 me. Wotsɔ Gbetakpɔxɔ le Amerika-gbewo, Europa, Asia, kple Afrika gbewo me ɖo agbae be woakpɔ. Tsaɖilaawo kpɔ New World Translation Biblia le gbegbɔgblɔ 31 siwo me wota wo ɖo la. Wona wonya be fifia la, Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽwo le gbegbɔgblɔ 332 me eye agbalẽ gbadza si nye Nukae Mawu Di tso Mía Si? le gbe siawo dometɔ 219 me.
Wona amesiwo ɖi tsa de Se Dɔwɔƒea kpɔ dɔwɔna vovovo siwo gbɔ wòhiã be senyalawo nakpɔ le xexeame katã. Le video aɖe me la, wokpɔ Ðasefo senyala aɖe wònɔ ʋudonya aɖe ʋlim le ʋɔnunya ŋutɔŋutɔ aɖe me. Azɔ hã wona wonya nusiwo wɔm wole be mɔ naʋu ɖi na gbeƒãɖeɖe nyanyuia le dutoƒo. (Filipitɔwo 1:7) Wona wose nyametsotso si nutome ʋɔnudrɔ̃ƒe aɖe wɔ le ƒe sia ƒe March me si me woɖe gbe na Oradell nuto si le New Jersey, U.S.A., be wòatrɔ eƒe sewo ale be wòaɖe mɔɖegbalẽ kple akɔtagbalẽvi ƒe nudidi si wobia tso Yehowa Ðasefo siwo di be yewoawɔ dutoƒo subɔsubɔdɔa tso aƒeme yi aƒeme le nuto ma me si la ɖa.
Menye nusiawo koe tsaɖilaawo kpɔ kura o. Wolé ŋku ɖe Kɔnkretikpemeƒea ƒe fotowo ŋu eye woɖi tsa kpɔ mɔ̃ siwo wɔa dɔ le Tsi Gbegblẽɖaƒea, Elektrikŋusẽmɔ̃ Nɔƒea, Tsiɖaƒea, kple dɔwɔƒe vovovo siwo me wodzraa mɔ̃wo ɖo le kpakple bubuwo. Agbememɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖee wònye.
Xɔŋukɔkɔ ƒe Wɔnawo Te Gbe Ðe Mawu ƒe Nufiafia Dzi
Kuɖa, May 19, dzie wowɔ xɔŋukɔkɔ wɔna ŋutɔŋutɔa, tso ɣetrɔ ga 4:00 me. Ameha kpɔdzidzɔ siwo nye ame 6,929 dometɔ aɖewo nye dɔwɔƒegã la ƒe dɔwɔlawo, Habɔbɔa ƒe amedzrowo, kple ame 372 siwo ƒo ƒu ɖe Canada alɔdzedɔwɔƒea, siwo kpɔ wɔnaawo le video dzi.
Edzɔ dzi na nyaselawo vavã esi wose Milton G. Henschel, Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla, ƒe dzaadonamenya dodzidzɔnameawo. Emegbe Theodore Jaracz, si nye Dziɖuha la me tɔ kple wɔna la ƒe zimenɔla mia asi William Malenfant. Esi wònɔ nuƒo si nye “Xɔtuwɔnawo ƒe Nya Veviwo” ƒom la, ebia gbe nɔviŋutsu etɔ̃ siwo wɔ akpa vevi aɖewo le aɖaŋudede le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Hehenaƒea ŋu, eƒe nɔnɔmetata, kple etutu me. Wogblɔe le gbebiameawo me be le xɔa tuɣi ŋutɔ la, ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe dɔwɔla siwo wu 8,700 xe woawo ŋutɔ ƒe fewo va wɔ dɔ le xɔa tuƒe. Ðaseɖiɖi nyui ka gbegbee nye si le ɖekawɔwɔ kple dɔmenyowɔwɔ si Mawu ƒe nufiafia he vɛ ŋu!
Emegbe nuƒo kpui siwo ƒe tanyae nye “Mawu ƒe Nufiafia le Xexeame Godoo” kplɔe ɖo. Dziɖuha la me tɔ enee ƒo nuƒoawo. John E. Barr te gbe ɖe edzi be Mawu ƒe Nya, Biblia, si dea dzi ƒo na Kristotɔwo be ‘woatse ku le dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me eye woƒe Mawu ŋuti sidzedze vavãtɔ nanɔ dzidzim ɖe edzi’ dzie Mawu ƒe nufiafia nɔ te ɖo. (Kolosetɔwo 1:10, 11) Daniel Sydlik ƒo nu tso alesi wowɔ ɖoɖo ɖe Mawu ƒe nufiafia ŋu wòsɔ ɖe teokrasiɖoɖo nu tso Kristo-hamea ƒe ta, Yesu Kristo, dzi va ɖo xexeame katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ me tɔ ɖesiaɖe dzi. (Korintotɔwo I, 12:12-27) Gerrit Lösch kple Carey Barber ye ƒo nuƒo kpui eve mamlɛawo, eye wofia alesi Mawu ƒe nufiafia naa subɔlawo sua te be woaɖo amewo gbɔ le afisiafi ahafia nu wo ale be woawo hã nate ŋu azɔ le Mawu ƒe mɔ dzi.—Yesaya 2:1-4; Korintotɔwo II, 3:5.
Be nyaselaawo nanya nu tso suku vovovo siwo yia edzi le hehenaƒea ŋu la, wobia gbe nufialaawo kple amesiwo kpɔa gome le sukua dzi kpɔkpɔ me eye wodzro nu me hã kpli wo. Wogblɔ akpa si sukuawo dometɔ ɖesiaɖe wɔna le Mawu ƒe nufiaɖoɖoa me le xexeame katã. Woɖee fia be wosrɔ̃a nu tso Biblia-gbalẽ ɖesiaɖe, Yehowa ƒe amewo ƒe egbegbeŋutinya, kple dzadzraɖo ɖe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa ŋu koŋ le Gilead Sukua me. Wosrɔ̃a nu tso dɔ vovovo siwo Alɔdzedɔwɔƒe ƒe Kɔmiti me tɔwo wɔna ŋu tsitotsito le Alɔdzedɔwɔƒe sukua me. Wometrɔ asi le Dzikpɔla Mɔzɔlawo ƒe Sukua ŋu be wòakpɔ nɔvi mɔzɔlaawo ƒe nuhiahiãwo ɖeɖeko gbɔ o ke be wòadzra wo ɖo bene woate ŋu ana gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu si ƒomevi aɖe vi na hameawo etɔxɛe hã.
Lloyd Barry si nye Dziɖuha la me tɔ ƒo xɔŋukɔkɔ nuƒoa si ƒe tanyae nye “Xɔtutu ɖe Mía Wɔla Gã la Ti” tsɔ ƒo wɔna nyui sia tae. Eɖee fia be Wɔla, Yehowa, kpɔa dzidzɔ ɖe eƒe nuwɔwɔwo katã ŋu eye wòle mía kpem be míakpɔ dzidzɔ kpli ye. (Yesaya 65:18) Esi ‘amesi wɔ nuwo katãe nye Mawu’ ta la, xɔ sia tutu ƒe kafukafu katã yi na Yehowa Mawu. (Hebritɔwo 3:4) Esi nuƒola la gblɔ nya siawo vɔ la, edo gbe si tso dzime ɖa tsɔ kɔ Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Hehenaƒea ŋu na Yehowa, mía Wɔla Gã la.a
Ðikeke aɖeke mele eme o be amesiwo de kwasiɖa bliboa ƒe azãɖuwɔnawo wɔƒe la aɖo ŋku wo dzi ɖaa. Nukata màwɔ ɖoɖo aɖi tsa aɖakpɔ Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Hehenaƒea o? Míeka ɖe edzi be teƒe sia vava ava ɖi tsa ade dzi ƒo na wò le agbagba siwo dzem nèle be yeasrɔ̃ nu geɖe tso mía Wɔla lɔ̃amea ŋu ahanɔ agbe ɖe eƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo nu la me.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Nɔviŋutsu Barry wu eƒe anyigbadzigbenɔnɔ nu nuteƒewɔwɔtɔe le July 2, 1999, dzi. Kpɔ Gbetakpɔxɔ, October 1, 1999, axa 16.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]
Takpexɔ si me yɔ tititi kpakple nyasela bubu siwo nɔ nuɖuxɔa me
[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]
Tsaɖiɖiawo do dzidzɔ na ame ale gbegbe