Yehowa Fiaa Nu Mí
1 Dukɔwo dome hehenaɖoɖo aɖe le edzi yim fifia le dukɔ 233 me le Mawu ƒe mɔfiafia te. Naneke mele xexe sia me si sɔ kplii o. Míaƒe Nufialagã Yehowa le alesi míawɔ nuwo nadze edzi na mí fifia fiam mí eye wògale hehe nam mí hena agbe mavɔ kpɔkpɔ.—Yes. 30:20; 48:17.
2 Suku Siwo me Mawu Fiaa Nu Mí Le: Bu suku siwo wowɔna egbea tsɔ fiaa nu Yehowa ƒe amewoe ŋu kpɔ. Wonaa hehe Fiaɖuƒegbeƒãɖela miliɔn geɖe le Teokrasi Subɔsubɔ Suku si wowɔna kwasiɖa ɖesiaɖe le hame siwo ade 87,000 me be woabi le nyanyuia gbɔgblɔ me. Èŋlɔ ŋkɔ ɖe emea? Èle ame akpe nane siwo de Mɔɖelawo ƒe Subɔsubɔ Suku si wowɔna kwasiɖa eve la domea? Ðewohĩ gbesiagbe mɔɖelawo ƒe gaƒoƒonudidi si dzi woɖe le la akpe ɖe ame geɖe ŋu be woawɔ mɔɖeɖedɔa eye woadze ade sukua. Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasuku si wowɔna dzinu eve le gbegbɔgblɔ nyanyɛwo me le xexeame godoo le hamemegã kple subɔsubɔdɔwɔla trewo dzram ɖo be woatsɔ teokrasi gbanɔamedzi siwo lolo wu. Hamemegãwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo katã xɔa nufiame tɔxɛwo le Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ Sukua me edziedzi.
3 Wowɔa suku tɔxɛ etɔ̃ tsɔ naa teokrasihehe si de ŋgɔ le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Hehenaƒe si le Patterson, New York. Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku si wowɔna dzinu atɔ̃ dzraa subɔlawo ɖo na dutanyanyuigbɔgblɔdɔ wɔwɔ. Alɔdzedɔwɔƒe ƒe Kɔmiti me tɔ siwo tso xexeame katã dea suku dzinu eve va srɔ̃a nu tso alɔdzedɔwɔƒe ƒe ɖoɖowɔwɔwo ŋu. Le May 1999 me la, wodze suku yeye si axɔ dzinu eve gɔme na dzikpɔla mɔzɔlawo eye sukuvi 48 siwo tso United States kple Canada ye nɔ sukuxɔa me. Mlɔeba hehe siwo nam Yehowa le le suku vovovo siawo me la ɖea vi na Yehowa subɔlawo katã.
4 Susu Ka Tae Wofiaa Nu Mí Ðo? Dziɖuha la me tɔ aɖe gblɔ be: “Wotrɔ asi le hehexɔxɔ ƒe ɖoɖo si le mía si fifia la ŋu be wòakplɔ Yehowa ƒe ame siwo le afisiafi aɖo tsitsi ƒe nɔnɔme nyui si ŋu woƒo nu le le Lododowo 1:1-4 la gbɔ.” Neva eme be Yehowa nayi edzi ana “nusrɔ̃viwo ƒe aɖe” mí.—Yes. 50:4.