INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w00 9/1 axa 25
  • Tsidede Nyateƒea ƒe Kuwo le Chile

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Tsidede Nyateƒea ƒe Kuwo le Chile
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Telefon Dzi Ðaseɖiɖi Siwo Kpɔa Dzidzedze
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
  • Biblia-nusɔsrɔ̃ Gɔmedzedze le Ʋɔtru Nu Kple to Telefon Dzi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Nu Ka Tae Wòle Be Malɔ̃ Ðe Nye Vodadawo Dzi?
    Sɔhɛwo Biana Be
  • Nyabiaɖaka
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
w00 9/1 axa 25

Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta

Tsidede Nyateƒea ƒe Kuwo le Chile

ƑE GEÐE te ŋu va yina hafi tsi dzana le Chile dziehe ƒe dzogbe. Gake ne eva dza la, anyigba si dzi agakpewo le, si ƒu kplakplakpla la, dzi yɔna fũ kple seƒoƒowo ƒe amadede hamehame abe anyigbakuntrue woɖo ene. Modzakaɖetsaɖilawo tsoa dukɔ bliboa me va kpɔa nu dzeani sia.

Gake nu ɖedzesi aɖe si wɔ nuku wu ema le dzɔdzɔm le Chiletɔwo dome. Biblia ƒe nyateƒea ƒe tsiwo le tsatsam yi dukɔa ƒe akpa sia akpa, eye dzianukwaretɔ geɖe le ‘se ƒom’ hele Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo zum. Mɔ ɖeka si dzi wotona kakaa nyateƒea ƒe tsi siawo enye to telefon dzi. Nuteƒekpɔkpɔ siwo gbɔna la ɖe nu nyui siwo le dodom tso gbeƒãɖeɖe ƒe mɔnu sia me fia.

• Wobia tso ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔla aɖe si ŋkɔe nye Karina si be wòawɔ alesi woaɖi ɖase le telefon dzi ƒe wɔwɔfia le nutome sue takpekpe aɖe me. Gake Karina mewɔ ɖaseɖiɖidɔa ƒe akpa sia kpɔ o. Hamemegã aɖe kple srɔ̃a dzro alesi woawɔ aɖi ɖase le telefon dzi ŋu nya vevi aɖewo me kple Karina be wòade dzi ƒo nɛ wòate ŋu awɔe le takpekpea me. Woxlɔ̃ nui hã be wòado gbe ɖa abia Yehowa ƒe mɔfiame le nyaa ŋu. Ewɔe eye mlɔeba eɖoe be yeate kaƒoƒo na ame aɖe kpɔ.

Karina tia ame aɖe si le kɔƒe si te ɖe wo ŋu me ƒe telefon xexlẽdzesi. Telefondɔwɔla aɖe xɔ gbe nɛ, eye Karina ɖe susu si ta wòƒo kaa ɖo me nɛ. Edzɔ dzi na telefondɔwɔla la, eye wowɔ ɖoɖo be yewoagaƒo nu ake le ŋkeke etɔ̃agbe. Tɔtrɔyi si wowɔ to telefon dzi trɔ zu Biblia-nusɔsrɔ̃, eye wozã Nukae Mawu Di tso Mía Si? ƒe agbalẽ gbadzaa. Tso ɣemaɣi dzi la, wosrɔ̃ nu vivi dodzidzɔnamewo, eye Karina ɖo agbalẽ siwo aɖo nyɔnua ƒe biabiawo ŋu ɖee.

• Bernarda wɔ mɔnukpɔkpɔa ŋudɔ ɖi ɖase na ŋutsu aɖe si ƒo ka ɖo ɖe eƒeme vodadatɔe. Le esi teƒe be Bernarda nado dziku la, eɖe eɖokui nu be Yehowa Ðasefoe yenye eye wògblɔ be yeana kpekpeɖeŋui. Dzeɖoɖo kplɔe ɖo, eye ŋutsua nɔ to ɖomee esime wònɔ alesi eteƒe madidi o Mawu ƒe Fiaɖuƒea aɖe numadzɔmadzɔwɔwɔ ɖa me ɖem. Ŋutsua tsɔ eƒe telefon xexlẽdzesi na Bernarda, eye wòwɔ tɔtrɔyiwo le telefon la dzi. Le dzeɖoɖo mawo dometɔ ɖeka me la, exlẽ agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me ƒe akpa aɖe nɛ. Ŋutsua bia alesi wòawɔ agbalẽa ƒe ɖe nasu ye si, eye Bernarda ɖo ɖeka kple Biblia ɖee. Wowɔ ɖoɖo nɛ be nɔviŋutsu siwo le afima la dometɔ aɖe nanɔ egbɔ yim, eye wògakpɔtɔ le ‘tsi dem’ “numiemie” sia si le tsitsim la.

Ẽ, nukuwo ɣla ɖe xexe sia ƒe gbɔgbɔmenyigba si ƒu kplakplakpla me, hele lalam be woamie ne nyateƒea ƒe tsi si naa agbe la ɖo wo gbɔ. Ame akpe geɖe siwo tsikɔ le wuwum la yi edzi le ‘miemiem’ hele ‘se ƒom’ le Yehowa Mawu subɔla wɔnuteƒewo zum.—Yesaya 44:3, 4.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe