INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w00 10/15 axa 3
  • Ðe Nàte Ŋu Ate Ðe Mawu si Womekpɔna O Ŋua?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Nàte Ŋu Ate Ðe Mawu si Womekpɔna O Ŋua?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Mia Kple Mawu Dome Le Kplikplikplia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Kpe Ðe Ŋkunɔwo Ŋu Be Woasrɔ̃ Nu Tso Yehowa Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2015
  • Agbenɔnɔmɔ Bubu Aɖeke Megali Si Nyo Wu Esia O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Àte ŋu Alɔ̃ Mawu Nyateƒea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
w00 10/15 axa 3

Ðe Nàte Ŋu Ate Ðe Mawu si Womekpɔna O Ŋua?

Ðewohĩ àbia be: ‘Aleke mawɔ ado ƒome kplikplikpli kple ame aɖe si nyemate ŋu akpɔ o?’ Ðewohĩ adze abe biabia si sɔ ene. Gake bu eŋu kpɔ:

ALEKE gbegbee nukpɔkpɔ le vevie le ƒomedodo si me lɔlɔ̃ le si anɔ anyi eteƒe nadidi mee? Ne nusiwo womekpɔna o mele vevie wu o la, ɖe woawo hã mele vevie nenema ke oa? Wole vevie! Le susu ma ta ame aɖewo do ƒome kplikplikpli kple ame bubuwo to lɛta ŋɔŋlɔ me—wotsɔa anukwareɖiɖi ŋlɔa nusiwo wolɔ̃na, nusiwo womelɔ̃na o, taɖodzinuwo, gɔmeɖosewo, nusiwo doa nukokoe na wo, kple nɔnɔme bubuwo alo nusiwo me wotsɔa ɖe le ɖe woƒe lɛtawo me.

Ŋkunɔwo hã ɖenɛ fiana be nukpɔkpɔ mele vevie bene woado ƒome kplikplikpli kple ame bubu o. De ŋugble le Edward kple Gwen, amesiwo nye srɔ̃tɔ ŋkunɔwo ŋu kpɔ.a Edward do go Gwen le ŋkunɔwo ƒe suku, afisi wònye hati sukuvi tsitsi le. Nɔnɔme siwo le Gwen si dzɔ dzi nɛ, vevietɔ alesi wòɖia anukware le nuƒoƒo kple nuwɔna me, kple alesi wòdoa vevie nu le dɔwɔwɔ me ta. Edward hã ƒe nu dze Gwen ŋu elabena, le Gwen ƒe nya nu la, “eɖe nɔnɔme siwo katã wofiam tso ɖevime be wole vevie la fia.” Wote zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe, eye le ƒe etɔ̃ megbe la, woɖe wo nɔewo.

Edward gblɔ be: “Ne mieli ɖekae la, ŋkunɔnyenye megblẽa naneke le ƒomedodo kple ame bubu ŋu o. Miate ŋu akpɔ mia nɔewo o, gake seselelãmewo ya megbã ŋku o.” Fifia, ƒe 57 enye sia la, wogakpɔtɔ lɔ̃ wo nɔewo vevie. Woɖe eme be nusi gbɔ yewoƒe ƒomedodo wɔnukua tso la lɔ nu ene ya teti ɖe eme: (1) ame kemɛa ƒe nɔnɔmewo kpɔkpɔ dze sii, (2) tamebubu le nɔnɔme mawo ŋu kple woƒe dɔwɔwɔ ɖe ame dzi, (3) dzeɖoɖo ƒe kadodo nyui, kple (4) nuwo wɔwɔ ɖekae.

Nu ene siawo le vevie le ƒomedodo nyui ɖesiaɖe me, eɖanye le xɔlɔ̃wo, srɔ̃tɔwo, alo vevietɔ wu la, amegbetɔwo kple Mawu dome o. Le nyati si kplɔe ɖo me la, míakpɔ alesi nusiawo tsɔtsɔ wɔ dɔe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatu ƒomedodo kplikplikpli kple Mawu ɖoe, togbɔ be míate ŋu akpɔe o hã.b

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Míetrɔ ŋkɔawo.

b To vovo na amegbetɔwo dome ƒomedodo la, ƒomedodo kple Mawu nɔ te ɖe edzixɔxɔse be eyama li dzi. (Hebritɔwo 11:6) Ne èle Mawu dzixɔse sẽŋu tutuɖo ŋuti numedzodzro tsitotsito dim la, taflatse kpɔ agbalẽ si nye Is There a Creator Who Cares About You?, si Watchtower Bible and Tract Society of New York Inc. ta.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe