INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w01 8/1 axa 18
  • Mawu Tutu Eƒe Aɖatsiwo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mawu Tutu Eƒe Aɖatsiwo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Li Ke Le Gbɔgbɔ Me Esi Nèle Wò Ƒometɔ Si Dze Dɔ Dzi Kpɔm
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Ne Dzimaxɔsetɔ ƒe Nu Va Lé Dzi Nam Ðe?
    Nyɔ!—1994
  • Yehowa Kpe Ðe Ŋunye Menɔ Te Ðe Agbemekuxiwo Nu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Srɔ̃ɖeɖe Me Kuxi Aɖewo Kple Ale Si Woakpɔ Wo Gbɔe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
w01 8/1 axa 18

Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta

Mawu Tutu Eƒe Aɖatsiwo

YEHOWA yraa amesiwo trɔa woƒe agbenɔnɔ be wòasɔ ɖe eƒe se kple gɔmeɖosewo nu geɖe. Togbɔ be tɔtrɔ siwo hiã la wɔwɔ menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o hã la, nusi akpe ɖe mía ŋu ahade dzi ƒo na mí la li. (Psalmo 84:12) Nuteƒekpɔkpɔ si gbɔna tso Anyieheɣedzeƒe Asia la nye esia ƒe kpɔɖeŋu.

Esi Ðasefo aɖe si tso France nɔ mɔkeke la, eƒo nu tso Yehowa ƒe tameɖoɖo le anyigba ŋu na fiasetɔ aɖe si ŋkɔe nye Kim.a Egblẽ Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi ƒe agbalẽa hã ɖe egbɔ. Esime Kim nɔ agbalẽa me tom la, eke ɖe nya siawo ŋu be, ‘atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me.’ (Nyaɖeɖefia 21:4) Kim gblɔ be: “Kpukpui sia ʋãm ŋutɔ. Esi wonɔ kpɔyem meɖo nukomo henɔ dze ɖom kple amewo le fiasea me ŋkeke bliboa la, amekae nya be ne meɖo aƒeme fiẽ me la, ɖe mefaa avi toa eme dɔa alɔ̃?” Esi wònɔ nusi naa wòfaa konyia gblɔm la, egblɔ be: “Ƒe 18 enye sia si mía kple ŋutsu aɖe míeli eye dzi mele dzɔyem kura o le esi wògbe be yemava bia tanye o ta. Medi be madzudzɔ agbe sia nɔnɔ, gake le anyinɔnɔ kplii ɣeyiɣi didi sia ta la, dzi menɔ ƒonye ɖe ewɔwɔ ŋu o.”

Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Kim lɔ̃ Yehowa Ðasefo aɖe si ŋkɔe nye Linh dze Biblia sɔsrɔ̃ kplii gɔme. Kim gblɔ be: “Medi vevie be matsɔ Biblia ƒe nufiafiawo ade dɔwɔna me. Le kpɔɖeŋu me, meɖe asi le tɔgbuinye kukuawo subɔsubɔ ŋu, togbɔ be esia na ƒonyemeawo tsi tre ɖe ŋunye hã. Gawu la, mete kpɔ be míaɖe mía nɔewo le se nu, gake nye kpeɖeŋutɔa melɔ̃ ɖe edzi o. Le ɣeyiɣi sesẽ siawo me la, Ðasefo si tso France la yi edzi nɔ Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɖom ɖem, eye Linh nɔ dzi dem ƒo nam vevie. Dzigbɔɖi kple lɔlɔ̃ ƒe kpekpeɖeŋu siwo nɔvinyɔnu eve siawo nam la kpe ɖe ŋunye mete ŋu yi nusɔsrɔ̃a dzi vaseɖe esime mete ŋu va kpɔ amesi tututu nye kpeɖeŋutɔa nye la dze sii nyuie. Meva kpɔe be ‘srɔ̃’ atɔ̃ kple vi 25 nɔ esi xoxo! Esia na dzi ɖo ƒonye medzo le egbɔ.

“Dzodzo le aƒe gã aɖe si me nusianu le me aɖanɔ xɔ sue aɖe me mele bɔbɔe o. Gakpe ɖe eŋu hã, ŋutsu sia si mía kplii míenɔ anyi tsã ƒonɛ ɖe nunye be magava nɔ ye gbɔ ake, hedoa ŋɔdzi nam gɔ̃ hã be ne megbe la, yeakɔ acid-tsi ɖe ŋunye. To Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, mete ŋu wɔ nuteƒe.” Kim yi edzi wɔ ŋgɔyiyi hexɔ nyɔnyrɔ mlɔeba le April 1998 me. Gakpe ɖe eŋu la, nɔvianyɔnu eve kple via ŋutsu ƒewuivi te Biblia sɔsrɔ̃ kple Yehowa Ðasefowo.

Kim gblɔ be: “Tsã la, mebuna be mɔkpɔkpɔ aɖeke manɔ nye agbe ŋu gbeɖe o. Gake egbea, mele dzidzɔ kpɔm, eye nyemegafaa avi le zã me o. Yehowa tutu aɖatsiwo ɖa le nye ŋku me xoxo.”

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Míetrɔ ŋkɔawo.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe