INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w08 10/1 axa 26
  • Aɖatsiwo Le Lãgbalẽgo Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aɖatsiwo Le Lãgbalẽgo Me
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Da Ƒe Ŋutigbalẽ
    Nyɔ!—2014
  • Yehowa Nya ‘Miaƒe Taɖawo Katã Ƒe Xexlẽme’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Kpɔ Dzidzɔ Ðe Agbalẽ Si Le Ŋuwò La Ŋu
    Nyɔ!—2010
  • Ènya Nu Si Nana Nèfaa Aɖatsia?
    Nyɔ!—2014
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
w08 10/1 axa 26

Aɖatsiwo Le Lãgbalẽgo Me

SISILAE ɖekakpui la nye. Esi nuteɖeamedzi kple nuxaxa wu tsɔtsɔ nɛ, eye aɖatsiwo lolõ ɖe eƒe ŋkuwo dzi la, eɖe kuku na eƒe Mawu, Yehowa, be wòakpɔ nublanui na ye ahave ye nu. Eƒo koko nɛ be: ‘De nye aɖatsiwo wò goe [lãgbalẽgo] me!’ (Psalmo 56:9) Ðekakpui mae nye David, si va zu Israel fia emegbe. Gake nu kae nye lãgbalẽgo si ŋu wòƒo nu tsoe, eye aleke Mawu ate ŋu atsɔ míaƒe aɖatsiwo ade emee?

David nya lãgbalẽgo nyuie. Enye nugo aɖe si me wokɔa tsi, ami, wain alo nyinotsi kpeke gɔ̃ hã ɖo. Tsatsala siwo le Sahara nutowo me, abe Tuaregwo ene, gazãa lãgbalẽgo siwo wotsɔ gbɔ̃gbalẽ alo alẽgbalẽ wɔ la kokoko. Go siawo ate ŋu axɔ tsi gbogbo aɖewo le ale si lã si ƒe agbalẽ wotsɔ wɔe la ƒe lolome le nu. Wonya lãgbalẽgo siawo be ne wokɔ tsi fafɛ ɖe wo me la, tsia mexɔa dzo o, le dzogbe si dzi ŋdɔ ʋuna helĩhelĩ le la dzi gɔ̃ hã. Le blema la, tedziwo alo kposɔwoe wotsɔ kɔa woe. Egbea gɔ̃ hã la, àte ŋu akpɔ amewo woatsi go sia ɖe ʋu siwo wozãna le nuto mawo me la ƒe ŋgɔgbe!

Gɔmesese ate ŋu anɔ nya wɔdɔɖeamedzi siwo David gblɔ tso lãgbalẽgo ŋu la ŋu na míawo hã. Le mɔ ka nu? Biblia gblɔ tso Satana ŋu be ekpɔ ŋusẽ ɖe xexe sia dzi eye be “dzi le ekum vevie” le míaƒe ŋkekea me. Esia wɔe be ameƒomea le nɔnɔme sesẽ manyagblɔwo me tom. (Nyaɖeɖefia 12:12) Le susu ma ta la, ame geɖewo ƒe nɔnɔmewo sɔ kple David tɔwo, wole akɔ kpem kple seselelãme, susu me, alo ŋutilã me kuxi sesẽwo—vevietɔ wo dometɔ siwo le agbagba dzem be yewoƒe nu nadze Mawu ŋu. Ðe nèle nɔnɔme sia tɔgbi me toma? Le aɖatsi kple ‘avifafa’ me gɔ̃ hã la, nuteƒewɔla mawo menaa ta le agbagbadzedze be yewoalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi me o. (Psalmo 126:6) Woate ŋu aka ɖe edzi be wo Fofo si le dziƒo la kpɔa dodokpɔ siwo me tom wole kple ale si dodokpɔ siawo nana wosena le wo ɖokuiwo me la siaa dzea sii. Esea xaxa si me tom esubɔlawo le la gɔme, eye eɖoa ŋku woƒe aɖatsiwo kple fukpekpewo dzi veveseɖeamenutɔe eye wòtsɔa wo dea eƒe lãgbalẽgo me le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe