INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w08 11/1 axa 16-17
  • Le Mɔkpɔkpɔ Si Li Na Kukuawo Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Le Mɔkpɔkpɔ Si Li Na Kukuawo Ŋu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Ka Tae Amegbetɔwo Dzea Dɔ Hekuna?
  • Nu Ka Tae Yesu Ku Ðo?
  • Nu Kae Dzɔna Ðe Ame Dzi Ne Eku?
  • Mɔkpɔkpɔ Kae Li Na Ame Kukuwo?
  • Nukae Dzɔna Ne Míeku?
    Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
  • Mɔkpɔkpɔ Vavã si Li na Wò Ame Vevi Siwo Ku
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Nu Si Ta Yesu Mewɔ Kaba Be Yeayi O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyabiase Evelia: Nu Kae Adzɔ Ðe Dzinye Ne Meku?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
w08 11/1 axa 16-17

Nu Si Míesrɔ̃ Tso Yesu Gbɔ

Le Mɔkpɔkpɔ Si Li Na Kukuawo Ŋu

Yesu fɔ ame etɔ̃ ya teti ɖe tsitre, eye wòto esia dzi ɖee fia be mɔkpɔkpɔ li na kukuawo. (Luka 7:11-17; 8:49-56; Yohanes 11:1-45) Hafi míate ŋu ase mɔkpɔkpɔ si li na kukuawo gɔme la, ele be míanya nu si tae amegbetɔwo kuna kple afi si ku dzɔ tso la gbã.

Nu Ka Tae Amegbetɔwo Dzea Dɔ Hekuna?

Esime Yesu tsɔ amewo ƒe nu vɔ̃wo ke wo la, woƒe lãme sẽ. Le kpɔɖeŋu me, esime wotsɔ lãmetututɔ aɖe va Yesu gbɔ la, Yesu gblɔ be: “‘Kae bɔbɔ wu, be woagblɔ be: Wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke loo, alo be woagblɔ be: Tso nàzɔ? Ke hã, ne mianyae be ŋusẽ le Amegbetɔvi la si be wòatsɔ nu vɔ̃wo ake le anyigba dzi . . .’ eya ta egblɔ na lãmetututɔa be: ‘Tso, tsɔ wò aba, eye nàyi aƒewò me.’” (Mateo 9:2-6) Nu vɔ̃e he dɔléle kple ku vae. Ame gbãtɔ Adam gbɔe míenyi nu vɔ̃ ƒe dome tsoe.—Luka 3:38; Romatɔwo 5:12.

Nu Ka Tae Yesu Ku Ðo?

Yesu mewɔ nu vɔ̃ kpɔ o. Eya ta medze be wòaku hafi o. Esi Yesu ku ɖe mía ta la, exe míaƒe nu vɔ̃wo ƒe fe. Egblɔ be “woakɔ [yeƒe ʋu] ɖe anyi le ame geɖewo ta hena nu vɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke.”—Mateo 26:28.

Yesu gblɔ hã be: “Amegbetɔvi la va, menye be woasubɔ ye o, ke boŋ be yeasubɔ, eye yeatsɔ yeƒe luʋɔ ana wòanye tafe ɖe ame geɖewo ta.” (Mateo 20:28) Yesu yɔ fe si wòxe ɖe amewo ta la be “tafe,” elabena eɖe ame bubuwo tso ku me. Yesu gblɔ hã be: “Nye la, meva be woakpɔ agbe, eye be woakpɔe wòasɔ gbɔ.” (Yohanes 10:10) Hafi míate ŋu ase mɔkpɔkpɔ si li na kukuawo gɔme nyuie la, ele be míanya nɔnɔme si me wole fifia hã.

Nu Kae Dzɔna Ðe Ame Dzi Ne Eku?

Esi Yesu xɔlɔ̃ Lazaro ku la, Yesu gblɔ nu si dzɔna ɖe ame dzi ne eku. Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “‘Mía xɔlɔ̃ Lazaro le ɖiɖim ɖe eme, gake meyina [Betania], be maɖanyɔe tso alɔ̃ me.’ . . . Woawo wosusui be enɔ nu ƒom tso ale si woadɔ alɔ̃ aɖi ɖe emee ŋu. Eya ta Yesu ʋu eme na wo kɔtɛ azɔ be: ‘Lazaro ku.’” Eya ta Yesu na wòdze kɔtɛ be kukuawo le alɔ̃ dɔm, eye womenyaa nu siwo le edzi yim o.—Yohanes 11:1-14.

Yesu xɔlɔ̃ Lazaro ku ŋkeke enee nye ema hafi wòva fɔe ɖe tsitre. Ke hã, nuŋlɔɖi aɖeke mele Biblia me si gblɔ be Lazaro gblɔ nya aɖe tso nɔnɔme si me wònɔ le ŋkeke ene mawo me ŋu o. Esime Lazaro ku la, meganɔ agbe o, eye meganɔ naneke nyam hã o.—Nyagblɔla 9:5, 10; Yohanes 11:17-44.

Mɔkpɔkpɔ Kae Li Na Ame Kukuwo?

Kukuawo agbɔ agbe, eye mɔkpɔkpɔ asu wo si be woanɔ agbe tegbee. Yesu gblɔ be: “Gaƒoƒo la gbɔna, esi me ame siwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la ase [Yesu ƒe] gbe, eye woado go.”—Yohanes 5:28, 29.

Mɔkpɔkpɔ si nye be woafɔ ame kukuwo ɖe tsitre la nye Mawu ƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia. Yesu gblɔ be: “Mawu lɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi la na, bene ame sia ame si ɖenɛ fiana be yexɔ edzi se la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.”—Yohanes 3:16; Nyaɖeɖefia 21:4, 5.

Kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?a ƒe ta 6 hena nyatakaka bubuwo

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

a Yehowa Ðasefowoe tae.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe