INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w09 9/1 axa 19
  • Ʋɔnudrɔ̃la Si Drɔ̃a Ʋɔnu Dzɔdzɔe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ʋɔnudrɔ̃la Si Drɔ̃a Ʋɔnu Dzɔdzɔe
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mose Ƒo Agakpe La
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Ame Ka Ŋue Wò Ŋku Le?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nɔ Mawu Ƒe Dziɖuɖu Te Nuteƒewɔwɔtɔe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
w09 9/1 axa 19

Te Ðe Mawu Ŋu

Ʋɔnudrɔ̃la Si Drɔ̃a Ʋɔnu Dzɔdzɔe

4 Mose 20:2-13

ƲƆNUDRƆ̃LA amegbetɔwo ate ŋu adrɔ̃ ʋɔnu madzɔmadzɔ alo ahe to na ame wòagbɔ eme, gake mele nenema le Yehowa Mawu, si “lɔ̃a nya dzɔdzɔe,” ya gome o. (Psalmo 37:28) Togbɔ be egbɔa dzi ɖi hã la, medea nu madzɔmadzɔ wɔwɔ dzi o. Ewɔa nu si le eteƒe ɣesiaɣi. De ŋugble tso ale si wòwɔ nu ku ɖe dzrehehe kple aglãdzedze aɖe ŋu, abe ale si wòdze le Mose Enelia ta 20 lia me ene la ŋu kpɔ.

Esi wòsusɔ vie Israel viwo nawu woƒe mɔzɔzɔa nu le gbea dzi la, wodze ŋgɔ tsi kuxi sesẽ aɖe.a Dukɔa he nya ɖe Mose kple Aron ŋu vevie be: ‘Nu ka ta gɔ̃ miekplɔ Yehowa ƒe ha la va gbe sia dzi, bena mía kple míaƒe lãwo míaku ɖe afi sia?’ (Kpukpui 4) Dukɔa to nyatoƒoe be gbea dzi nye “teƒe baɖa” si “gbotiwo, weinkawo kple yevuboɖatiwo”—siwo nye atikutsetse siwo tututu Israel ŋkutsalawo tsɔ gbɔe tso Ŋugbedodonyigbaa dzi ƒe aɖewo do ŋgɔ la—mele o, eye be enye teƒe si ‘tsi hã mele yewoano o.’ (Kpukpui 5; 4 Mose 13:23) Woto esia me nɔ fɔ bum Mose kple Aron be gbea dzi mele abe anyigba wɔnu si dzi liʋiliʋililawo ƒe dzidzime si do ŋgɔ na wo gbe be yewomayi o la ene o.

Yehowa megbe nu le liʋiliʋililaawo gbɔ o. Ke boŋ ebia tso Mose si be wòawɔ nu etɔ̃: be wòatsɔ eƒe atikplɔ, wòaƒo dukɔa nu ƒu, eye ‘wòaƒo nu kple agakpe la le woƒe ŋku me, bene wòana tsi.’ (Kpukpui 8) Mose wɔ ɖe mɔfiame eve gbãtɔawo dzi, gake mewɔ ɖe etɔ̃lia ya dzi o. Le esi teƒe be wòaƒo nu na agakpe la le xɔse me la, ɖe wòtsɔ dziku ƒo nu na dukɔa gblɔ be: “Misee, mi tosẽlawo! Ðe míate ŋu ana tsi nado tso agakpe sia me na mia?” (Kpukpui 10; Psalmo 106:32, 33) Emegbe Mose tsɔ atikplɔ la ƒo agakpe la dzi zi eve, eye “tsi do bababa.”—Kpukpui 11.

Mose kple Aron to esia me wɔ nu vɔ̃ gã aɖe. Mawu gblɔ na wo be: “Miesẽ to ɖe nye sea ŋu.” (4 Mose 20:24) Mawu ƒe se sia si dzi Mose kple Aron mewɔ ɖo o la na wova zu aglãdzelawo abe ale si wobu fɔ dukɔa be wonye aglãdzelawo ene. Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ me kɔ ƒãa: Mose kple Aron makplɔ Israel dukɔa ayi Ŋugbedodonyigba la dzi o. Ðe tohehe sia sesẽ akpa? Ao, le susu aɖewo ta.

Gbã la, Mawu megblɔ na Mose be wòaƒo nu na dukɔa ʋuu keke ahayi ʋɔnu drɔ̃ ge wo o. Evelia, Mose kple Aron metsɔ ŋutikɔkɔe na Mawu o. Mawu gblɔ na wo be: “Miekɔ ŋunye . . . o.” (Kpukpui 12) Esi Mose gblɔ be “míate ŋu ana tsi nado” la, ɖeko wònɔ fiafiam abe eya kple Aron—ke menye Mawu o—ye ana tsi dukɔa nukutɔe ene. Etɔ̃lia, ʋɔnu si Mawu drɔ̃ le go sia me la wɔ ɖeka kple esiwo wòdrɔ̃ va yi. Mawu gbe be dzidzime si dze aglã do ŋgɔ la mayi Kanaan nyigbaa dzi o, nenema kee wòwɔ na Mose kple Aron hã. (4 Mose 14:22, 23) Enelia, Mose kple Aron nye Israel viwo ƒe ŋgɔnɔlawo. Mawu dia nu geɖe tso ame siwo le agbanɔamedzinɔƒewo si.—Luka 12:48.

Yehowa medoa kpo ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ o. Esi wòlɔ̃a dzɔdzɔenyenye ta la, mate ŋu adrɔ̃ ʋɔnu madzɔmadzɔ gbeɖe o. Eme kɔ ƒãa be, edze be míaka ɖe Ʋɔnudrɔ̃la sia tɔgbi dzi ahade bubu eŋu.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Le Israel viwo ƒe ʋuʋu tso Egipte megbe la, wodi vevie be yewoage ɖe Kanaan nyigba si ŋugbe Mawu do na Abraham la dzi. Gake esi ŋkutsala ewoawo tsɔ nyatakaka vɔ̃wo gbɔe la, dukɔa li liʋiliʋi le Mose ŋu. Yehowa na wonɔ gbea dzi ƒe 40 sɔŋ, si wɔe be aglãdzelawo ƒe dzidzimea katã nu yi.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe