INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w09 11/1 axa 8
  • Nyakpakpa 5: Maria Nye Mawu Dada

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyakpakpa 5: Maria Nye Mawu Dada
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mariae Nye “Mawu Dadaa”?
    Nyɔ!—1996
  • Èbu Eŋu Kpɔa?
    Nyɔ!—1996
  • ‘Kpɔ Ða! Yehowa Ƒe Dɔlanyɔnue Menye!’
    Srɔ̃ Woƒe Xɔse
  • Nu Siwo Míate Ŋu Asrɔ̃ Tso Maria Ƒe Kpɔɖeŋu Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
w09 11/1 axa 8

Nyakpakpa 5: Maria Nye Mawu Dada

Afi kae nyakpakpa sia dzɔ tso? “Bubudede Maria ŋu abe Mawu dada ene dze egɔme tso esime . . . trɔ̃subɔla gbogbo aɖewo nyè zi va ge ɖe sɔlemeha la me. . . . [Trɔ̃subɔla siawo siwo va zu Kristotɔwo la] ƒe veviedodo mawusubɔsubɔ si nɔ te ɖe ‘mawunɔ gã’ la kple ‘ɖetugbui mawunɔ’ la subɔsubɔ dzi la li xoxoxo hena ƒe akpe geɖe.”—The New Encyclopædia Britannica (1988), Babla 16, axa 326 kple 327.

Nu kae Biblia fia? “Èle fu fɔ ge, eye àdzi ŋutsuvi, eye nàyɔ eŋkɔ be Yesu. Ame sia anye gã, eye woayɔe be Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi. . . . Le esia ta, woayɔ vi si nàdzi la be kɔkɔetɔ, Mawu ƒe Vi.”—Luka 1:31-35.

Mawunyakpukpui sia gblɔe eme kɔ ƒãa be Maria nye “Mawu ƒe Vi” la dada, ke menye Mawu ŋutɔ dada o. Ðe wòate ŋu atsɔ Ame si ‘dziƒowo melolo na o’ la ɖe dɔ mea? (1 Fiawo 8:27) Megblɔe kpɔ be yenye Mawu dada o. Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia lae he tɔtɔ va ame si tututu Maria nye la ŋu. Efeso Aɖaŋudetakpekpe la me nɔlawo to Maria subɔsubɔ vae tso esime wote eyɔyɔ be Theotokos (si nye Helagbe me nya si gɔmee nye “ame si dzi Mawu”), alo “Mawu Dada,” le ƒe 431 M.Ŋ. me. Efeso dugã la, afi si sɔlemeha la wɔ nyametsotso sia le, nye afi si trɔ̃subɔsubɔ si me woɖua azã na vidzidzi mawunɔ Artemis le la xɔ aƒe ɖo hena ƒe alafa geɖe.

Eya tae wowɔa wɔna vovovo siwo yia edzi le Artemis si “ge tso dziƒo” subɔsubɔ me, abe gbɔlɔlɔ ene, la le Maria subɔsubɔ hã me ɖo. (Dɔwɔwɔwo 19:35) Nuwɔna bubu si hã wova xɔ de Kristotɔwo ƒe nufiafia la mee nye Maria kple ame bubuwo ƒe nɔnɔmetatawo zazã le tadedeagu me.

Dzro mawunyakpukpui siawo hã me: Mateo 13:53-56; Marko 3:31-35; Luka 11:27, 28

NYATEƑE LAE NYE:

Maria nye “Mawu ƒe Vi” la dada, ke menye Mawu ŋutɔ dada o. Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nyakpakpa lae na woto Maria subɔsubɔ abe Mawu Dada ene vae

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe