INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 2/1 axa 3
  • Nu Kae Nènya Tso Dziƒo Ŋu?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Kae Nènya Tso Dziƒo Ŋu?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dziƒo
    Nyɔ!—2016
  • Alekee Dziƒo Le?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Kristotɔ Wɔnuteƒewo Katãe Ayi Dziƒoa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 2/1 axa 3

Nu Kae Nènya Tso Dziƒo Ŋu?

ALEKE gbegbe dziƒoyiyi dzroa amee nye esi! Moslemtɔwo, Hindutɔwo, Buddhatɔwo, Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo, kple ame siwo mawusubɔsubɔnyawo medoa dzidzɔ na o dometɔ geɖewo gɔ̃ hã xɔe se le mɔ vovovowo nu be amegbetɔ yia edzi nɔa agbe le ku megbe. Wosusuna zi geɖe be dziƒo nye teƒe dzeani aɖe si dzidzɔkpɔkpɔ le, afi si amewo kpɔa gbɔdzɔe tso fukpekpewo me hewɔa ɖeka kple woƒe “ame vevi siwo ku do ŋgɔ” la le. Ke hã, blemanya nyanyɛ sia nye nyateƒe le ame akpa gãtɔ gome be: Ame sia ame dina be yeayi dziƒo, gake ame aɖeke medina be yeaku o. Nu ka tae wòle nenema?

Ne ɖe wowɔ mí be míaku ahayi dziƒo la, ɖe ku manɔ ame geɖe dzrom abe ale si ametsitsi zuzu dzroa ɖeviwo, alo ale si srɔ̃ɖeɖe dzroa sɔhɛwo ene oa? Gake ame akpa gãtɔ medina be yewoaku o.

Togbɔ be ele alea hã la, mawunyagblɔlawo gblɔna be, ne míenɔ agbe le anyigbaa dzi vie vɔ la, míayi dziƒo, afi si koŋ wowɔ mí be míanɔ agbe le. Le kpɔɖeŋu me, Papatenɔla Theodore Edgar McCarrick, si nye Washington, D.C. ƒe bisiɔpgã si xɔ dzudzɔ la gblɔ be: “Menye agbe sia mee wowɔ mí be míanɔ o. Dziƒoe nye míaƒe nɔƒe.” Nenema kee United States Evangelika Habɔbɔa ƒe zimenɔla tsãtɔ aɖe hã gblɔ be: “Taɖodzinu si ta míele agbe ɖoe nye be míakafu Mawu, eye emegbe míayi dziƒo . . . elabena dziƒoe wowɔ mí be míanɔ.”

Zi geɖe la, sidzedze si mede to o dzie ame siwo xɔe se be amegbetɔwo ɖanɔa agbe le dziƒo le ku megbe la tua woƒe dzixɔsea ɖo. George Barna, si nye habɔbɔ aɖe si wɔa numekuku tso subɔsubɔhawo ƒe dzixɔsewo ŋu ƒe zimenɔla la de dzesii be, “nu siwo kpɔ ŋusẽ ɖe ame geɖe ƒe nukpɔsusu dzi ku ɖe agbe kple agbenɔnɔ le ku megbe ŋu la dometɔ aɖewoe nye sinimawo, hadzidziwo kple ŋutinyagbalẽwo.” Episkopal osɔfo aɖe si le Florida la gblɔ be: “Nu si míenya tso dziƒo ŋu koe nye be afi mae Mawu le.”

Ke hã, dziƒo nye nya vevie aɖe si ŋu woƒo nu tso le Biblia me. Aleke Mawu ƒe Nya gblɔ be dziƒo le? Ðe wowɔ amegbetɔwo be woava nɔ agbe le dziƒoa? Ne amewo yia dziƒo nyateƒe la, nu kae woawɔ le afi ma?

[Nya si ɖe dzesi si le axa 3]

Nu ka tae ame geɖewo dina be yewoayi dziƒo, gake ame ʋɛ aɖewo koe dina be yewoaku?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe