INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 5/1 axa 3
  • Ðe Mawu Le Nu Siawo Kpɔm Hafia?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Mawu Le Nu Siawo Kpɔm Hafia?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Emenyawo
    Nyɔ!—2003
  • Dzɔdzɔmefɔkuwo—Nu Ka Tae Wobɔ Alea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu
    Nyɔ!—2013
  • Mawue Le To Hem Na Mía?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 5/1 axa 3

Ðe Mawu Le Nu Siawo Kpɔm Hafia?

September 11, 2001: Le ŋdi ga 8:46 la, yameʋu aɖe va gbã Xexeame Katã Ƒe Adzɔnuwo Dzraƒe Gã si le New York City la ƒe xɔ kɔkɔ si le dziehe gome—emae nye amedzidzela ŋɔdzinuwɔlawo ƒe nugbeɖoɖo gã aɖe ƒe gɔmedzedze. Kaka gaƒoƒo ɖeka miniti 42 nava yi la, ame 3,000 kloe ƒe agbe nu yi.

December 26, 2004

Anyigbaʋuʋu gã aɖe dzɔ le India ƒe atsiaƒu gã gbanaa la me, eye wòna tsi ɖe dukɔ 11 sɔŋ, si lɔ Afrika, si le adzɔge ʋĩ abe kilometa 5,000 sɔŋ ene la, ƒe dukɔ aɖewo hã ɖe eme. Le ŋkeke ɖeka pɛ ko me la, ame 150,000 sɔŋ ye tsi eme, eye ame miliɔn ɖeka kple edzivɔwo zu aƒemanɔsitɔwo.

August 1, 2009: Ŋutsu aɖe si xɔ ƒe 42 la kɔ viaŋutsuvi si xɔ ƒe atɔ̃ la ɖe tɔdziʋu sue aɖe si sia du ŋutɔ la me yina, eye kasia ʋua yi ɖalɔ nu le teƒe si wonɔna ɖea agba le meli me, eye wògbã. Ŋutsua ku enumake. Kaka ŋu nake la, via ŋutsuvia hã ku. Woƒe ƒometɔ aɖe xa nu vevie hegblɔ be: “Ao, míesusui be nukunu aɖe adzɔ ne via ya teti natsi agbe hafi.”

Ne ese ŋɔdzinuwɔlawo ƒe amedzidzedze, alo dzɔdzɔmefɔkuwo ŋuti nyawo, alo ne dzigbãnya aɖe dzɔ ɖe wò ŋutɔ dziwò la, ɖe nèbiaa ɖokuiwò be ɖe Mawu le nu siawo kpɔm hafia? Ðe nèsena le ɖokuiwò me be Mawu ŋlɔ mí bea? Na míakpɔ ŋuɖoɖo fakɔname si Biblia na tso biabia siawo ŋu la ɖa.

[Picture Credit Lines on page 3]

© Dieter Telemans/Panos Pictures

PRAKASH SINGH/AFP/Getty Images

© Dieter Telemans/Panos Pictures

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe