Ahosiwo Kple Ahowo—Nu Kae Hiã Wo? Aleke Nàte Ŋu Akpe Ðe Wo Ŋui?
Jeanne nɔ nuɖukplɔ̃ ɖom le eƒe aƒe suea ƒe dzodoƒe si me tsyɔ vie la me. Ele be wòaɖu nu ya godoo. Kaka wòakpɔ la, nuɖugba evee nye ema wòɖo kplɔ̃a dzi . . . tete wòwó avi. Esi wònye nu wòwɔna tsã ta la, egaɖo kplɔ̃a ɖe ame eve nu. Ƒe evee nye ema srɔ̃a lɔlɔ̃a ku.
AME siwo dzi medzɔ ɖo kpɔ o mate ŋu ase ale si gbegbe ame srɔ̃ ƒe ku doa nuxaxa na amee la gɔme o. Le nyateƒe me la, exɔa ɣeyiɣi hafi ame si srɔ̃ ku la nava lɔ̃ ɖe edzi be ye srɔ̃a megali o. Esi Beryl si xɔ ƒe 72 srɔ̃ ku kpata la, esesẽ nɛ be wòaxɔe ade eme. Egblɔ be: “Nyemeka ɖe edzi o. Nyemexɔe se be megale gbɔgbɔ ge ava aƒea me azɔ o.”
Ne wolã abɔ alo afɔ na ame aɖe la, esena le eɖokui me ɣeaɖewoɣi abe ɖe abɔ alo afɔ si wolã la gali ene. Le mɔ ma ke nu la, ewɔna na ame siwo srɔ̃ ku la ɣeaɖewoɣi abe ɖe wokpɔ wo srɔ̃a le amehawo dome ene, alo eva dzɔna be wonɔa nu ƒom ɖe ya me hesusuna be yewo srɔ̃e yewole nyaa gblɔm na!
Zi geɖe la, ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo menyaa ale si tututu woawɔ nu ɖe ame si le veve sem le srɔ̃a ƒe ku ta la ŋu o. Ðe nènya ame aɖe si srɔ̃ kua? Kpekpeɖeŋu kae nàte ŋu anae? Nu kawoe wòle be nànya hafi ate ŋu akpe ɖe ahosi kple aho siwo le nu xam la ŋu? Aleke nàte ŋu akpe ɖe ame si srɔ̃ ku la ŋu be wòagava te vivisese na agbea ake?
Nu Siwo Mele Be Nàwɔ O
Ðewohĩ ame si srɔ̃ ku ƒe nuxaxa ate ŋu ate ɖe eƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo dzi woatsɔ susu nyui adi be yewoagbe nɛ be wòadzudzɔ nuxaxa. Ke hã, ame aɖe si wɔ numekuku tso ahosi kple aho 700 ŋu la ŋlɔ be: “ɣeyiɣi ƒe didime gobii aɖeke meli si nuxaxa anɔ anyi ase ɖo o.” Eya ta le esi teƒe be nànɔ gbɔgblɔm na ame si srɔ̃ ku be wòadzudzɔ avifafa la, ɖe mɔ nɛ wòafae, zi ale si vevesese kpɔtɔ le dzi dzi nɛ.—1 Mose 37:34, 35; Hiob 10:1.
Togbɔ be anyo be nàkpe asi ɖe kunuwɔwɔa ƒe ɖoɖowo ŋu hã la, mègasusui be ele be yeaxɔ ɖoɖoa katã wɔ tɔwòe o. Paul si nye aho aɖe si xɔ ƒe 49 la gblɔ be: “Enyo ŋutɔ be ame siwo va kpe asi ɖe ŋunye le kunuwɔwɔa me la na ɖoɖoawo katã kpɔtɔ nɔ nye ŋutɔ nye dzikpɔkpɔ te. Edzɔ dzi nam ŋutɔ be mekpɔ egbɔ be nu sia nu yi edzi nyuie le srɔ̃nye ƒe kunuwɔwɔa me. Mese le ɖokuinye me be emae nye nu mamlɛtɔ si mate ŋu awɔ atsɔ aɖe asixɔxɔ si medea eŋu la afia.”
Le nyateƒe me la, ame geɖe kpɔa ŋudzedze ɖe kpekpeɖeŋu aɖewo ŋu godoo. Eileen si nye ahosi si xɔ ƒe 68 la gblɔ be: “Menɔ bɔbɔe nam be mawɔ kunuwɔwɔa ŋuti ɖoɖowo kple agbalẽ siwo hiã la o, le esi metɔtɔ le ɖokuinye me ta. Dzidzɔtɔe la, vinyeŋutsu kple srɔ̃a na kpekpeɖeŋu si hiã lam.”
Tsɔ kpe ɖe eŋu la, megavɔ̃ na nuƒoƒo tso ame si ku la ŋu o. Beryl, si ŋu nya míegblɔ va yi la gblɔ be: “Xɔ̃nyewo kpe ɖe ŋunye ŋutɔ. Ke hã, mede dzesii be wo dometɔ geɖe nɔ asa ƒom na nuƒoƒo tso srɔ̃nye John ŋu. Esia te ɖe dzinye vie, elabena ɖeko wòna wòdze abe ɖe srɔ̃nyea menɔ agbe kpɔ o ene.” Ne ɣeyiɣiwo va le yiyim la, ahosi kple ahowo adi be yewoaƒo nu tso yewo srɔ̃ si ku la ŋu. Ðe nèɖo ŋku dɔmenyo aɖe si ame si ku la wɔ na wò loo, alo eƒe nukokoedonamenya aɖe dzia? Ekema doe ɖe srɔ̃a gbɔ be yedi be yeagblɔe nɛ; mègaƒo asa na esia wɔwɔ le vɔvɔ̃ ta o. Ne èkpɔe be ado dzidzɔ nɛ la, ekema gblɔ nu si doa dzidzɔ na wò le srɔ̃a ŋu la nɛ, alo na wòanya be yesusua srɔ̃a ɣeaɖewoɣi. Esia akpe ɖe ame siwo le nu xam ŋu woakpɔe be ame bubuwo hã le veve sem ɖe yewo nu.—Romatɔwo 12:15.
Ƒo asa na aɖaŋu geɖe ɖoɖo ne èdi be yeafa akɔ na ame si srɔ̃ ku. Mègaƒoe ɖe enu be wòawɔ nyametsotsowo dzitsitsitɔe o.a Ke boŋ, wɔ nu ŋuɖɔɖotɔe, eye nàbia ɖokuiwò be, ‘Afɔ kawoe màɖe atsɔ akpe ɖe xɔ̃nye alo ƒometɔ aɖe ŋu be wòate ŋu anɔ te ɖe agbemekuxi sesẽtɔ kekeakewo dometɔ ɖeka sia nu?’
Nu Si Nàte Ŋu Awɔ
Anɔ eme be ame ahiã kpekpeɖeŋu ŋutɔŋutɔ aɖewo le srɔ̃a ƒe ku megbe teti. Ðe nàte ŋu aɖa nu nɛ, ana eƒe ƒometɔ siwo va esrã ge kpɔ nadze gbɔwò, alo ayi aɖado evelia nɛa?
Anyo be nàɖo ŋku edzi hã be ale si ŋutsuwo nɔa te ɖe nuxaxa kple akogotsitsi nui to vovo na nyɔnuwo. Le kpɔɖeŋu me, le xexea ƒe akpa aɖewo la, aho akpa gãtɔ trɔ ɖea srɔ̃ le ƒe ɖeka kple afã megbe, evɔ ƒãa hafi wònɔna nenema le ahosiwo ya gome. Nu ka tae?
To vovo na ale si amewo susunɛ la, menye gbɔdɔdɔ alo aƒemedɔ siwo nyɔnuwo awɔ na wo ta koe ŋutsuwo trɔ ɖea srɔ̃ kaba ɖo o. Le nyateƒe me la, ale si ŋutsuwo dina le dzɔdzɔme nu be yewoagblɔ yewoƒe dzimenyawo na yewo srɔ̃ ɖeɖe dzaa ko la wɔnɛ be akogotsitsi ɖea fu na wo vevie le wo srɔ̃ ƒe ku megbe. Gake ahosiwo ya te ŋu nɔa te ɖe akogotsitsi nu, elabena wote ŋu kpɔa ame siwo woagblɔ woƒe dzimenyawo na bɔbɔe, ne wo srɔ̃ xɔlɔ̃wo ŋlɔ wo be ɣeaɖewoɣi hã. Ŋutsuwo ƒe dzɔdzɔmedidi sia tae wo dometɔ geɖe gaɖea srɔ̃ kaba ɖo, togbɔ be afɔku ate ŋu anɔ esia me hã.
Nu kae nàte nu awɔ atsɔ akpe ɖe xɔ̃wò aɖe ŋu be wòate ŋu anɔ te ɖe akogotsitsi nu? Helen, si nye ahosi si xɔ ƒe 49 la gblɔ be: “Ame geɖe dina be yewoana kpekpeɖeŋu, gake womewɔa afɔɖeɖea o. Ðeko wogblɔna zi geɖe be, ‘ne èhiã kpekpeɖeŋu aɖe la, àte ŋu ana manya.’ Gake edzɔa dzi nam wu ne ame aɖe gblɔ nam be, ‘Meyina asime. Medi be mía kpli wò míayi.’” Paul si srɔ̃ kansa wu la ɖe nu si tae wòkpɔa ŋudzedze ɖe eŋu ne ame bubuwo kpee be yewoaɖaɖi tsa vie la me. Egblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, madzro wò be yeanɔ ame dome alo aƒo nu tso yeƒe nɔnɔmea ŋu na ame aɖeke o. Gake le hadede kple amewo fiẽ ɖeka pɛ ko megbe la, wò dzi adze eme eye màse le ɖokuiwò me be yetsi akogo o. Àkpɔe be amewo tsɔ ɖe le eme na wò vavã, eye ema nana agbaa nya tsɔna.”b
Ɣeyiɣi Si Me Veveseseɖeamenu Ðeɖe Fia Ðea Vi
Helen kpɔe be esi yeƒe ƒometɔ akpa gãtɔ gatrɔ ɖe woawo ŋutɔwo ƒe gbe sia gbe dɔwɔnawo ŋue yeva hiã akɔfala geɖe wu. Egblɔ be: “Togbɔ be xɔ̃wòwo kple ƒometɔwo anɔ ŋuwò le gɔmedzedzea me hã la, eteƒe medidina hafi wogatrɔna ɖe woƒe gbe sia gbe dɔwɔnawo ŋu o. Gake wò ya wò agbe magaɖo te kaba nenema o.” Nyateƒenya ma nyanya awɔe be xɔlɔ̃ vavãwo magblẽ ame si srɔ̃ ku la ɖi le ɣeyiɣi aɖe megbe o, ke boŋ woayi edzi anɔ kpekpem ɖe eŋu.
Ðewohĩ ahiã be woado evelia na ahosi alo aho le ŋkeke tɔxɛ aɖewo dzi, abe ŋkeke si dzi wòɖe srɔ̃ alo ŋkeke si dzi srɔ̃a ku ene. Eileen, si ŋu míeƒo nu tso va yi la gblɔ be ye viŋutsu tsitsitɔ na yemegaxaa nu hesena le ye ɖokui me be yetsi akogo le ŋkeke si dzi ye kple fofoa yewoɖe srɔ̃ le la dzi o. Egblɔ be: “Ƒe sia ƒe la, vinyeŋutsu Kevin kplɔam míeɖia tsa le ŋkeke ma dzi. Míeɖua ŋdɔnu ɖekae, eye enye vi kple nɔa dome nuwɔna si dea dzi gbɔ nam ŋutɔ.” Ðe manyo be nàde dzesi ŋkeke vevi mawo siwo dzi nu ate ŋu ate ɖe wò ƒometɔ alo xɔlɔ̃ aɖe si srɔ̃ ku dzi vevie la ɖi oa? Ekema àte ŋu awɔ ɖoɖo wò ŋutɔ alo ame bubu aɖe nanɔ wo ŋu le ŋkeke ma si menɔa bɔbɔe na wo o la dzi.—Lododowo 17:17.
Ame aɖewo kpɔe be ame siwo srɔ̃ ku va yi la ate ŋu afa akɔ na ahosi kple aho bubuwo. Annie si nye ahosi ƒe enyi sɔŋ la gblɔ tso eƒe hadede kple ahosi bubu aɖe ŋu be: “Eƒe tenɔnɔ sesĩe wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ eye wòde dzi ƒo nam be nye hã mayi edzi ado dzi.”
Ɛ̃, ne ahosiwo kple ahowo to woƒe nuxaxa ƒe ɣeyiɣi gbãtɔawo me vɔ la, woate ŋu azu akɔfaname kple mɔkpɔkpɔ tsoƒe na ame bubuwo. Ahosi eve aɖewo siwo ŋu woƒo nu tso le Biblia me, siwo nye Rut kple lɔ̃xoa Naomi, te ŋu fa akɔ na wo nɔewo. Nuŋlɔɖi lédziname ma ɖe ale si nyɔnu siawo ƒe ɖetsɔtsɔ le eme na wo nɔewo wɔe be wokpɔ akɔfafa hete ŋu nɔ te ɖe nɔnɔme sesẽ si va wo dzi nu la fia.—Rut 1:15-17; 3:1; 4:14, 15.
Gbedaɣi Li
Hafi ame siwo srɔ̃ ku nagate ŋu akpɔ dzidzɔ bliboe la, ahiã be woada asɔ le ŋkuɖoɖo wo srɔ̃a dzi kple ale si wòhiã be woalé be na wo ɖokuiwoe la gome. Fia nyanu Salomo lɔ̃ ɖe edzi be “avifaɣi li.” Gake egblɔ be ele be “gbedaɣi” hã nanɔ anyi.—Nyagblɔla 3:3, 4.
Paul si ŋu míeƒo nu tso va yi la wɔ kpɔɖeŋu aɖe tsɔ ɖɔ ale si wòsesẽ nɛ be wòaŋlɔ srɔ̃a si ku be. Egblɔ be: “Mía kple srɔ̃nye míenɔ ko abe ati fẽ eve siwo xatsa ɖe wo nɔewo ŋu hetsi ɖekae ene. Gake atia ɖeka va ku, si wɔe be evelia si susɔ la xa gɔdɔ̃gɔdɔ̃. Nenema tututue nye ametia metsi nyamaa esi srɔ̃nye gblẽm ɖi.” Ame aɖewo susuna be ne yewoŋlɔ yewo srɔ̃ si ku be la, ke yewomewɔ nuteƒe nɛ o. Ame bubuwo hã vɔ̃na be ne yewova le dzidzɔ kpɔm le yewo srɔ̃ ƒe ku megbe la, ana amewo nasusui be eƒe kua vivi yewo nu, eya ta wotsria dzidzɔdodo na wo ɖokuiwo alo hadede kple ame bubuwo. Aleke nàte ŋu akpe ɖe ahosiwo kple ahowo ŋu woahaya agakpɔ dzidzɔ le agbe me ake?
Afɔ gbãtɔ si nàte ŋu aɖee nye be nàkpe ɖe amea ŋu wòaɖe eƒe seselelãmewo agblɔ. Herbert, si srɔ̃ ku ƒe ade sɔŋ la gblɔ be: “Mekpɔa ŋudzedze ɖe eŋu ŋutɔ ne ame aɖewo va srãm kpɔ henɔ anyi ɖe gbɔnye kpoo nɔ to ɖom esime menɔa nu siwo ŋu menɔ tame bum le le ɣeyiɣi ma me la gblɔm. Menyae be menye ɣesiaɣie gbɔnye nɔnɔ avivi amewo nu ya o, gake mekpɔa ŋudzedze ɖe veveseseɖeamenu si woɖena fiana la ŋu.” Ale si Paul xɔlɔ̃ kpɔnuteƒe aɖe bianae edziedzi be aleke wòle sesẽm le eɖokui me hã la dea dzi gbɔ nɛ ŋutɔ. Paul gblɔ be: “Mekpɔa ŋudzedze ɖe ale si wòtsɔ ɖe le eme nam hetena ɖe ŋunye tufafatɔe la ŋu ŋutɔ, eye megblɔa nye seselelãmewo nɛ faa.”—Lododowo 18:24.
Ne ame si srɔ̃ ku la va le vevesese, fɔbubuameɖokui, dziku, alo seselelãme manyomanyo bubuwo ɖem gblɔ la, efia be ete lɔlɔ̃ ɖe nɔnɔme si me wòva le fifia la dzi. Le Fia David gome la, eƒe dzimenyawo gbɔgblɔ na exɔlɔ̃ vevitɔ kekeake, si nye Yehowa Mawu, ye kpe ɖe eŋu ŋusẽ gaɖo eŋu wòte ŋu “tsi tre,” eye wòlɔ̃ ɖe nublanuinya si wònye be viaŋutsuvi la megale agbe o la dzi.—2 Samuel 12:19-23.
Togbɔ be menɔa bɔbɔe ɣeaɖewoɣi o hã la, le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ele be ame si srɔ̃ ku la nagatrɔ ɖe eƒe gbe sia gbe dɔwɔnawo ŋu. Ðe nàte ŋu akpe wo woawɔ ɖeka kpli wò le wò dɔwɔna aɖewo me, abe asimeyiyi alo tsaɖiɖi le fiẽsi aɖewo me enea? Ðe nàte ŋu abia tso xɔ̃wòa si be wòakpe ɖe ŋuwò le dɔ aɖe wɔwɔ mea? Emae nye mɔ bubu si dzi nàte ŋu ato akpe ɖe eŋu be wòagase le eɖokui me be yetsi akogo o. Le kpɔɖeŋu me, ne nyɔnue la, ɖe wòate ŋu ana kpekpeɖeŋu wò le viwòwo gbɔ kpɔkpɔ me, alo afia nane si wònya ɖaɖa nyuie la ɖaɖa wòa? Ne ŋutsue la, ɖe wòate ŋu akpe ɖe ŋuwò le nanewo dzadzraɖo le aƒea ŋu mea? Tsɔ kpe ɖe ale si dɔ mawo wɔwɔ ana amea mase le eɖokui me be yetsi akogo o ŋu la, woana wòakpɔe hã be viɖe le ye ŋu.
Ne ame si srɔ̃ ku te eƒe seselelãmewo gbɔgblɔ na ame bubuwo la, ana wòagate vivisese le agbe me vivivi ahaɖo taɖodzinu yeyewo gɔ̃ hã na eɖokui. Nenemae wònɔ le Yonette, si nye ahosi kple vidada si xɔ ƒe 44 la gome. Egblɔ be: “Esesẽ nam ŋutɔ be magatrɔ ɖe nye gbe sia gbe dɔwɔnawo ŋu! Aƒemedɔwo wɔwɔ, ganyawo gbɔ kpɔkpɔ, kple beléle na vinye etɔ̃awo menɔ bɔbɔe o.” Ke hã, le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yonette te ŋu va nya ale si wòawɔ ɖoɖo ɖe eƒe dɔwo ŋu ahaɖo dze kple viawo nyuie wu. Ete ŋu va lɔ̃na hã xɔlɔ̃awo kpena ɖe eŋu.
“Asixɔxɔ Kpɔtɔ Le Agbea Ŋu”
Ebia dadasɔ hafi xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo nate ŋu ana kpekpeɖeŋu nyuitɔ. Le ɣleti, alo ƒe aɖewo gɔ̃ hã megbe la, ame si srɔ̃ ku la ƒe seselelãmewo anɔ tɔtrɔm—ɣeaɖewoɣi eƒe dzi adze eme, gake ɣebubuɣi alé blanui vevie. Le nyateƒe me la, “fuɖename, si le eƒe dzi me” nu ate ŋu asẽ ŋutɔ.—1 Fiawo 8:38, 39.
Nuxaxa ƒe ɣeyiɣi mawo mee wòhiã be woafa akɔ na ame si srɔ̃ ku bene nuŋububu masɔmasɔwo nagakpɔ ŋusẽ ɖe edzi wòaɖe eɖokui ɖe aga o. Kpekpeɖeŋu ma tɔgbi na be aho kple ahosi geɖewo gava ɖo taɖodzinu nyuiwo na wo ɖokui. Claude, si nye aho aɖe si xɔ ƒe 60, eye wònye ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔla le Afrika fifia la, gblɔ be: “Asixɔxɔ kpɔtɔ le agbea ŋu, le ame srɔ̃ ƒe ku si nyea dzigbãnya gã aɖe ŋutɔ la megbe gɔ̃ hã.”
Le ame srɔ̃ ƒe ku megbe la, agbea meganɔna abe ale si wònɔ tsã ene o. Gake nu geɖewo li ame siwo srɔ̃ ku la ate ŋu awɔ wòaɖe vi na ame bubuwo.—Nyagblɔla 11:7, 8.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Kpɔ Aɖaka si nye “Ðe Wònaa Dzidzeme Ame Loo Alo Ðe Wòdzia Nuxaxa Ðe Edzia?” le axa 12.
b Kpɔ agbalẽ gbadzaa si nye Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ Aɖe Ku, si Yehowa Ðasefowo ta la ƒe axa 20-25 hena aɖaŋuɖoɖo bubu siwo ku ɖe kpekpeɖeŋu si nàte ŋu ana ame si srɔ̃ ku la ŋu.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 11]
Xɔlɔ̃ vavãwo magblẽ ame si srɔ̃ ku la ɖi le ɣeyiɣi aɖe megbe o, ke boŋ woayi edzi anɔ kpekpem ɖe eŋu
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 12]
Ðe Wònaa Dzidzeme Ame Loo Alo Ðe Wòdzia Nuxaxa Ðe Edzia?
Helen, si srɔ̃ ku ƒe ʋɛ aɖewo koe nye esia gblɔ be: “Megblẽ srɔ̃nye ƒe nuzazã gbogbo aɖewo ɖi. Mekpɔe be esi ɣeyiɣiwo va nɔ yiyim la, nu mawo nana meɖoa ŋku dzidzɔ ɣeyiɣi siwo me mía kple srɔ̃nye míeto la dzi, eye wònana nye dzi dzea eme. Nyemedi be maɖe eƒe nuzazã aɖeke ɖa enumake o, elabena ana mava se le ɖokuinye me be metsi akogo akpa.”
To vovo na esia la, Claude si srɔ̃ ku ƒe atɔ̃ kple edzivɔwo la gblɔ be: “Nyemedi be eƒe nuzazãwo nanɔ anyi manɔ kpɔkpɔm o, elabena ana mava nɔ ŋku ɖom edzi akpa. Mekpɔe be nu mawo ɖeɖe ɖa kpe ɖe ŋunye melɔ̃ ɖe edzi be srɔ̃nyea megali o, eye ema na nyemexa nu atraɖi o.”
Nya siawo ɖee fia be ale si ame aɖe atso nya me be yeawɔ ye srɔ̃ si megali o ƒe nuzazãwoe la ato vovo na ame bubu tɔ. Eya ta anyo be xɔlɔ̃ kple ƒometɔwo nagazi woƒe nukpɔsusuwo ɖe ame si srɔ̃ ku dzi le nya sia me o.—Galatiatɔwo 6:2, 5.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 9]
Ðe ŋkeke tɔxɛ aɖewo li siwo dzi ame si srɔ̃ ku la ahiã wò kpekpeɖeŋu geɖe wua?
[Nɔnɔmetata si le axa 9]
Ðo ŋkui nàkpe wo miaɖi tsa
[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]
Kpe ahowo kple ahosiwo woakpɔ gome le wò gbe sia gbe dɔwɔna alo modzakaɖe aɖewo me