“Ku Koe Ama Mía Dome”
SRƆ̃TƆ geɖewo gblɔa nya siawo dzidzɔtɔe le woƒe srɔ̃ɖegbe, evɔ ɖewohĩ ale si nɔnɔmeawo anɔ ne ku va ma wo dome nyateƒe la mevaa susu me na wo o. Tsitsi, dɔléle, kple afɔkuwo nye nu siwo te ŋu nana ame srɔ̃ va kuna le ame gbɔ, si wɔnɛ be akogotsitsi kple nuxaxa ɖea fu na ame si srɔ̃ ku la.—Nyagblɔla 9:11; Romatɔwo 5:12.
Akɔntabubuwo ɖee fia be nyɔnu siwo xɔ ƒe 65 alo wu nenema le xexea me godoo la ƒe afã nye ahosiwo. Esi wònye ahosiwo sɔ gbɔ wu ahowo zi gbɔ zi etɔ̃ sɔŋ ta la, ame aɖewo gblɔna be ame srɔ̃ ƒe kuku le ame gbɔ nye “nyɔnuwo ƒe nu.” Gake esia mefia be ŋutsuwo ya srɔ̃ mekuna o. Nya lae nye be nu wɔnublanui sia dzɔ ɖe ame miliɔn geɖe dzi. Ðe wòdzɔ ɖe wò hã dziwòa?
Èɖanye ŋutsu alo nyɔnu o, nu kae nàwɔ ne nu sia dzɔ ɖe dziwò? Ðe Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le nɔnɔme wɔnublanui sia mea? Alekee aho kple ahosi aɖewo wɔ nɔ te ɖe woƒe nuxaxawo nu? Togbɔ be egbɔkpɔnu ɖeka aɖe koŋ meli o hã la, gɔmeɖose kple aɖaŋuɖoɖo aɖewo li akpe ɖe ame ŋu.
Tenɔnɔ Ðe Ame Srɔ̃ Ƒe Ku Nu
Togbɔ be ame aɖewo susuna be avifafa nye gbɔdzɔgbɔdzɔ ƒe dzesi alo be egblẽa nu le ame ŋu hã la, susuŋutinunyalagã Aƒenɔ Joyce Brothers, si ŋutɔ hã nye ahosi, ya gblɔ be enye vevesesenutsitike gbãtɔ. Le nyateƒe me la, avifafa nye nuxaxa dzi ɖeɖe kpɔtɔ ƒe akpa aɖe si le eteƒe, eye wòkpena ɖe ame ŋu le vevesese nu tsitsi me. Megakpe ŋu na wò be yeafa avi o. Esia ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe dze le Biblia me. Abraham nye ame si si xɔse sẽŋu nɔ, eye mɔnukpɔkpɔ su esi be Mawu ŋutɔ yɔe be ye xɔlɔ̃. Ke hã, esi srɔ̃a lɔlɔ̃a Sara ku la, ‘efa konyi, eye wòfa avi.’—1 Mose 23:2.
Togbɔ be megblẽ be nàdi be ye ɖeɖe yeanɔ anyi ɣeaɖewoɣi o hã la, negazu numame na wò be nànɔ ɖokuiwò ɖem ɖe aga o. Lododowo 18:1 xlɔ̃ nu mí be: “Ame si ɖe eɖokui ɖe aga le eya ŋutɔ ƒe dzodzro yome dim la, etsia tre ɖe nunyanyawo katã ŋu.” Ðe eteƒe la, di kpekpeɖeŋu tso xɔ̃wò kple ƒometɔ siwo sea veve ɖe ame nu la gbɔ. Nu si ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le go sia mee nye Kristotɔwo ƒe hame la, afi si ŋutsu siwo tsi le xɔse me ate ŋu ana kpekpeɖeŋu kple aɖaŋuɖoɖo si hiã wò la le.—Yesaya 32:1, 2.
Ame aɖewo kpɔe be lɛta kple nuŋlɔɖi kpui siwo amewo ɖo ɖe yewo tsɔ fa akɔ na yewo ŋu ɖoɖo ɖea vi ŋutɔ. Esia ana mɔnukpɔkpɔ wò nàŋlɔ nu tso srɔ̃wòa ƒe nɔnɔme nyuiwo kple dzidzɔɣeyiɣi siwo me mia kpli mieto ɖekae la ŋu. Fotowo, lɛtawo, kple nuŋlɔɖi siwo ana nàɖo ŋku dzidzɔɣeyiɣi siwo me mia kplii mieto dzi la dede albɔm me hã ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ŋutɔ.
Togbɔ be ame srɔ̃ ƒe ku nana wotɔtɔna hã la, aɖe vi geɖe ne èyi edzi lé wò gbe sia gbe dɔwɔnawo kple ɖoɖowo me ɖe asi. Le kpɔɖeŋu me, ne ɣeyiɣi aɖe koŋ li si dzi nèmlɔa anyi, fɔna, ɖua nu, alo wɔa dɔ aɖe koŋ la, dze agbagba nàlé eme ɖe asi nenema. Ne tenɔnɔ ɖe nɔnɔmea nu le sesẽm na wò la, wɔ ɖoɖo tso nu siwo nàwɔ le kwasiɖanuwuwuwo alo le ŋkeke tɔxɛwo, abe ŋkeke si dzi mieɖe srɔ̃ ene, dzi la ŋu do ŋgɔ. Wò mawusubɔsubɔ dɔwɔnawo me léle ɖe asi le vevie ŋutɔ.—1 Korintotɔwo 15:58.
Nyametsotso nyuiwo wɔwɔ sesẽna ne nu te ɖe ame dzi vevie. Ðewohĩ ame siwo si susu nyui mele o ate ŋu adi be yewoakpɔ viɖe tso wò nɔnɔmea me. Eya ta, ƒo asa na dzitsitsi ɖe nyametsotsowo wɔwɔ ku ɖe wò aƒe dzadzra, gadede adzɔ aɖe me, ʋuʋu dzo le afi si nèle, alo srɔ̃ bubu ɖeɖe ŋu. Lododo aɖe si me nunya le la gblɔ be: “Veviedola ƒe tameɖoɖo hea viɖe vɛ, ke ame si tsi klokloklo la, dea hiã aƒe.” (Lododowo 21:5) Anyo be nàlala wò seselelãme nagaɖo tè nyuie hafi nàwɔ nyametsotso gã siawo dometɔ ɖe sia ɖe.
Ale si nàwɔ srɔ̃wòa ƒe nuzazãwoe la ŋu dɔwo wɔwɔ ate ŋu ate ɖe dziwò ŋutɔ, vevietɔ ne mía kpli mienɔ anyi eteƒe didi, gake esia hã nye wò nuxaxaa dzi ɖeɖe kpɔtɔ ƒe akpa aɖe. Ðeko esia wɔwɔ hehe ɖe megbe ana wò nuxaxaa anɔ anyi eteƒe nadidi madzemadzee. (Psalmo 6:7) Ame aɖewo dina be yewoawɔ esia le yewo ɖokui si; ame bubuwo hã kpɔe be aɖe vi ne yewo xɔlɔ̃ kplikplikpli aɖe si yewoate ŋu aɖo dze kpli tso nu siwo dzi nuawo aɖo ŋkui na yewo ŋu la kpe ɖe yewo ŋu. Àte ŋu ana xɔ̃wò alo ƒometɔ aɖe hã nakpe ɖe ŋuwò le agbalẽ vevi aɖewo wɔwɔ me, abe kugbalẽ, nyanyanana dziɖuɖudɔwɔƒewo kple gadzraɖoƒewo, ŋkɔwo ɖɔliɖɔli le nunɔamesigbalẽwo dzi, kple kɔdzifewo ŋuti gbalẽwo wɔwɔ ene.
Ðo ŋku edzi be agbe gbegblẽ nɔnɔ ƒe xexe mee míele. Esi srɔ̃wò ku la, ate ŋu asesẽ na wò azɔ be nàyi edzi anɔ agbe dzadzɛ. Apostolo Paulo ƒe nya siawo dzi wɔwɔ gale vevie egbea ŋutɔ: “Mia dome ame sia ame nanya ale si wòawɔ aɖu ye ŋutɔ ƒe ŋutilã dzi le kɔkɔenyenye kple bubu me, menye le gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ƒe ŋubiabiã me hã, abe ale si dukɔ siwo menya Mawu o la wɔna ene o.” (1 Tesalonikatɔwo 4:4, 5) Eya ta nunya anɔ eme be nàƒo asa na agbalẽ, televisiondziwɔna, kple haƒoƒo siwo ku ɖe lɔlɔ̃ ŋu alo nyɔa gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me.
Ƒo wo katã ta la, ɖo ŋku edzi be axɔ ɣeyiɣi hafi wò nuxaxaa nu natsi. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye USA Today ka nya ta be numekuku aɖe si wowɔ le Michigan Yunivɛsiti ɖee fia be ne ame aɖe srɔ̃ ku la, anyo be wòalala ƒe ɖeka kple afã ya teti hafi wòatso nya me be yeagaɖe srɔ̃ alo yemagaɖee o. Do gbe ɖa na Mawu be wòakpe ɖe ŋuwò nàdo dzi, eye eƒe gbɔgbɔa ƒe ku la tsetse ana nàdo dzi geɖe wu. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Togbɔ be mabui fifia be yeƒe dzi ate ŋu ava dze eme o hã la, kakaɖedzi li be wò nɔnɔmea anɔ nyonyom ɖe edzi vivivi gbe sia gbe.
Ale Si Ame Aɖewo Wɔ Nɔ Te Ðe Nɔnɔmea Nu
Esi Anna si se vivi le srɔ̃ɖegbenɔnɔ me ƒe 40 sɔŋ srɔ̃ ku nyitsɔ laa la, egbã dzi nɛ ale gbegbe. Egblɔ be: “Danye ku esime mexɔ ƒe 13, emegbe fofonye kple nɔvinyeŋutsu eve kpakple nɔvinyenyɔnu hã va ku. Gake wo dometɔ aɖeke ƒe ku mete ɖe dzinye vevie abe srɔ̃nye tɔ ene o. Ðeko wòle abe ɖee wolãm ɖe eve ene. Mese veve wu gbɔgblɔ.” Nu kae kpe ɖe eŋu wòte ŋu nɔ te ɖe vevesese sia nu? Egblɔ be: “Meƒo e-mail kple agbalẽvi siwo amewo ɖo ɖem, siwo ƒo nu tso Darryl ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu le mɔ lédzinamewo nu la nu ƒu ɖe agbalẽ gã aɖe me. Wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒo nu tso eƒe nɔnɔme nyui aɖe koŋ ŋu. Meka ɖe edzi be Yehowa hã aɖo ŋku edzi, eye be agbɔ agbee le tsitretsitsia me.”
Esther si xɔ ƒe 88 hã gblɔ nu si lée ɖe te la ale: “Esi wònye mía kple srɔ̃nye míenɔ anyi ɖekae ƒe 46 sɔŋ ta la, akogotsitsie nye nu si ɖe fu nam wu le eƒe ku megbe. Gake mekpɔe be mawusubɔsubɔ me dɔwɔnawo me léle ɖe asi kpe ɖe ŋunye ŋutɔ. Nyemedzudzɔ Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede, gbeƒãɖeɖe Biblia me gbedeasia, kple Biblia xexlẽ le ɖokuinye si o. Asaƒoƒo na ɖokuinye ɖeɖe ɖe aga hã kpe ɖe ŋunye. Medea ha kple xɔlɔ̃ vavã siwo mate ŋu agblɔ nye dzimenyawo na. Togbɔ be menye ɣesiaɣie wokpɔa akɔfanyawo gblɔna nam o hã la, mekpɔa ŋudzedze ɖe ale si wokpɔa vovo ɖe ŋunye helɔ̃na faa sea nye nyawo la ŋu.”
Robert si srɔ̃ kansa wu le woƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe 48 sɔŋ megbe la gblɔ be: “Tenɔnɔ ɖe ame srɔ̃ si wote ŋu ɖoa dze kpli, wɔa nyametsotso kpli, zɔa mɔ kpli, yia mɔkekewo kpli heɖoa dze tso ŋkekea me nudzɔdzɔwo ŋu ɖekae, ƒe ku nu menɔa bɔbɔe kura o. Avu kple kɔe wònye, gake meɖoe kplikpaa be nyemaɖe mɔ nuxaxa namim o. Nu si kpe ɖe ŋunyee nye be nyemenɔa anyi kpoo naneke mawɔmawɔe o. Gbedodoɖa edziedzi hã nye akɔfafatsoƒe gã aɖe nam.”
Dzidzemekpɔkpɔ Le Ame Srɔ̃ Ƒe Ku Megbe
Togbɔ be ame srɔ̃ ƒe ku nye nu siwo gbãa dzi na ame wu dometɔ ɖeka hã la, mefia be wɔna aɖeke megali o. Ne ède ŋugble tso eŋu nyuie la, àkpɔe be mɔnukpɔkpɔ asu asiwò azɔ be nàkpɔ gome le dɔwɔna aɖewo siwo ŋu mekpɔa vovo ɖo tsã o la me, abe mɔzɔzɔ alo modzakaɖeɖe siwo doa dzidzɔ na wò ene. Esiawo wɔwɔ mana nàse le ɖokuiwò me be yetsi akogo o. Le ame aɖewo gome la, ɖewohĩ mɔnukpɔkpɔ asu wo si azɔ be woawɔ geɖe wu le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me. Dzidzɔ kple dzidzeme geɖe anɔ kpekpe ɖe amewo ŋu le mɔ sia nu me godoo, elabena Yesu gblɔ be: “Dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.”—Dɔwɔwɔwo 20:35.
Mègasusui be yemagate ŋu akpɔ dzidzɔ abe tsã ene gbeɖe o. Ka ɖe edzi be ne ètrɔ ɖe Yehowa Mawu ŋu la, ayi edzi alé be na wò. Hakpala David gblɔ be: ‘Yehowa léa ahosiwo ɖe asi.’ (Psalmo 146:9) Efaa akɔ ŋutɔ be míanyae be menye ɖeko Biblia gblɔ be Yehowa nye “dɔmetɔtrɔwo ƒe Fofo kple akɔfafa katã ƒe Mawu” o, ke boŋ be ‘eʋua eƒe asi me, eye wòtsɔa nu gbagbewo katã ƒe nudidi ɖia ƒo na woe’ hã. (2 Korintotɔwo 1:3; Psalmo 145:16) Vavãe, ŋutete le Yehowa, Mawu lɔ̃ame la si be wòakpe ɖe ame siwo tsɔa dzi blibo biaa kpekpeɖeŋu tso egbɔ la ŋu, eye ele klalo hedi vevie be yeawɔe hã. Esɔ be nàse le ɖokuiwò me abe blema Israel viwo ene, esime wodzi ha be: “Mewu mo dzi ɖe toawo ŋu, afi ka xɔname atso ava nama? Nye xɔname atso Yehowa, dzi kple anyigba Wɔla gbɔ.”—Psalmo 121:1, 2.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 19]
Ame miliɔn geɖe tsi akogo hele nu xam le wo srɔ̃ ƒe ku ta. Wo dometɔ ɖekae nènyea?
[Aɖaka si le axa 21]
Ke Srɔ̃ Bubu Ðeɖe Ya Ðe?
Biblia gblɔ be kue nye srɔ̃ɖeɖea ƒe nuwuwu, si wɔe be ame si srɔ̃ ku la vo ate ŋu aɖe srɔ̃ bubu faa. (1 Korintotɔwo 7:39) Ke hã, ame ŋutɔ ƒe nyametsotsoe esia nye. Gake ele vevie be nyametsotso si dzilaa awɔ la nanɔ nyanya na viawo, eye woakpe ɖe eŋu wòaɖo eƒe taɖodzinua gbɔ ne ehiã. (Filipitɔwo 2:4) Le kpɔɖeŋu me, Andrés tsi tsitre ɖe fofoa ƒe nyametsotso be yeagaɖe srɔ̃ ŋu. Elɔ̃ dadaa ale gbegbe be medi be ame bubu nava xɔ ɖe eteƒe o. Egblɔ be: “Gake eteƒe medidi o, meva kpɔe be nyametsotso nyui ye fofonye wɔ. Srɔ̃ɖeɖe na wògava le dzidzɔ kpɔm. Egate nu siwo wòdzudzɔ wɔwɔ ɣeyiɣi didi aɖe la wɔwɔ ake, abe mɔzɔzɔwo ene. Eye le nyateƒe me la, mekpɔ ŋudzedze ɖe ale si srɔ̃a yeyea le be lém nɛ le ŋutilã kple seselelãme gome siaa la ŋu ŋutɔ.”
[Nɔnɔmetata siwo le axa 20, 21]
Anyimanɔmanɔ kpoo kple gbedodoɖa na Mawu be wòakpe ɖe ame ŋu nana nuxaxaa nu fana kaba