INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 5/15 axa 3-6
  • Kristotɔ Gbãtɔwo Kple Romatɔwo Ƒe Mawuwo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kristotɔ Gbãtɔwo Kple Romatɔwo Ƒe Mawuwo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Subɔsubɔha Siwo Nɔ Roma Fiaɖuƒea Me
  • Romatɔwo Ƒe Subɔsubɔ
  • Fiagãsubɔsubɔ
  • Mawu Vavã Ðeka Pɛ Koe Lia?
    Nyɔ!—2006
  • Kristotɔnyenye Gbãtɔ Kple Dziɖuɖua
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Gliwo—Kadodo Siwo Bɔ ɖe Wo Me
    Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 5/15 axa 3-6

Kristotɔ Gbãtɔwo Kple Romatɔwo Ƒe Mawuwo

LE LƐTA aɖe si Pliny Suetɔ, si nye Bitinia ƒe nutomefia, ŋlɔ na Roma Fiagã Trajan me la, egblɔ be: “Nu si mewɔna na ame siwo nu wotso be wonye Kristotɔwo, siwo wokplɔna vae nam lae nye esi. Mebiaa wo nenye be Kristotɔwoe wonye, eye ne woʋu eme la, megabiaa wo ake zi evelia kple zi etɔ̃lia henɔa ŋɔdzi dom na wo be mahe to na wo. Ne wole egbɔgblɔ dzi be Kristotɔwoe yewonye la, meɖea gbe be woawu wo.” Ke Pliny ŋlɔ tso ame siwo gbe Kristotɔnyenye to ɖiŋudodo na Kristo me eye wolɔ̃ de ta agu na fiagã la ƒe nɔnɔmewɔwɔ kple mawuwo ƒe legba siwo Pliny tsɔ va ʋɔnua la ŋu be: “Mekpɔe be esɔ be maɖe asi le wo ŋu woadzo.”

Woti Kristotɔ gbãtɔwo yome le esi wogbe be yewomade ta agu na fiagã la kple mawu vovovowo ƒe nɔnɔmewɔwɔwo o ta. Ke subɔsubɔha bubu siwo nɔ Roma Fiaɖuƒe bliboa me ya ɖe? Mawu kawoe amewo de ta agu na, eye alekee Romatɔwo bu mawu mawo? Nu ka tae woti Kristotɔwo yome le esi wogbe be yewomasa vɔ na Roma mawuwo o ta? Nyabiase siawo ƒe ŋuɖoɖowo akpe ɖe mía ŋu míanya nu si míawɔ nenye be míedo go nɔnɔme siawo siwo me wòahiã be míawɔ nuteƒe na Yehowa le la ƒomeviwo egbea.

Subɔsubɔha Siwo Nɔ Roma Fiaɖuƒea Me

Abe ale si ko gbe vovovowo kple dekɔnu vovovowo bɔ ɖe Roma Fiaɖuƒea mee ene la, nenema kee amewo de ta agu na mawu vovovowoe. Togbɔ be ɖewohĩ Yuda subɔsubɔ dze nu sagaa na Romatɔwo hã la, wobui religio licita, alo subɔsubɔha si dzi woda asi ɖo, eye wokpɔ eta. Wotsɔa alẽvi eve kple nyitsu ɖeka saa vɔe ɖe Kaisaro kple Roma dukɔa ta le Yerusalem gbedoxɔa me gbe ɖeka zi eve. Romatɔwo metsɔ ɖeke le eme nenye be mawu ɖeka alo mawu geɖewoe wosaa vɔ mawo na o. Nu si nɔ vevie na wo koe nye be vɔsa mawo nye kpeɖodzi be Yudatɔwo bɔbɔ ɖe Roma dziɖuɖua te.

Trɔ̃subɔsubɔ ƒomevi vovovowo xɔ aƒe ɖe subɔsubɔha siwo le nuto vovovowo me la me. Fiaɖuƒea me tɔ geɖewo da asi ɖe Helatɔwo ƒe xotutuwo dzi eye afakaka bɔ. Ha siwo woyɔna be vivimehawo, siwo dzɔ tso Ɣedzeƒenutowo me la, gblɔna be yewoate ŋu ana makumakunyenye nasu hameviwo si, yewoana woaxɔ ɖeɖefia tso mawuwo gbɔ, eye yewoana woate ɖe mawuwo ŋu to subɔsubɔkɔnuwo wɔwɔ me. Subɔsubɔha siawo kaka ɖe fiaɖuƒe bliboa me. Mawu siwo ƒe subɔsubɔ de du wu le Mía Ŋɔli ƒe ƒe alafa gbãtɔawo me la dometɔ aɖewoe nye Egiptetɔwo ƒe mawu Serapis kple mawunɔ Isis, Siriatɔwo ƒe akpamawunɔ Atargatis, kple Persiatɔwo ƒe ɣemawu Mithra.

Biblia gbalẽ si nye Dɔwɔwɔwo ɖɔ trɔ̃subɔsubɔnuwɔna siwo yia edzi le Kristotɔ gbãtɔwo ƒe ɣeyiɣia me la nyuie. Le kpɔɖeŋu me, wogblɔ be Yudatɔ afakala aɖe nɔ Romatɔwo ƒe nutomegãdziɖula si nɔ Kipro dzi ɖum la ŋu. (Dɔw. 13:6, 7) Le Listra la, dua me tɔwo susui vodadatɔe be Paulo kple Barnaba nye Helatɔwo ƒe mawu siwo nye Herme kple Zeus. (Dɔw. 14:11-13) Esime Paulo nɔ Filipi la, edo go dɔlanyɔnuvi aɖe si nye afakala. (Dɔw. 16:16-18) Esime apostoloa nɔ Atene la, egblɔ le dua me tɔwo ŋu be, ‘edze abe wovɔ̃a mawuwo ŋutɔ wu ame bubuwo ene.’ Le du ma ke me la, ekpɔ vɔsamlekpui aɖe si ŋu woŋlɔ ɖo be: “Mawu Si Womenya O La Tɔe.” (Dɔw. 17:22, 23) Efesotɔwo hã subɔa mawunɔ Artemis. (Dɔw. 19:1, 23, 24, 34) Melite ƒukpoa dzi tɔwo gblɔ be mawu aɖee Paulo nye, elabena esi da ɖui la, naneke mewɔe o. (Dɔw. 28:3-6) Le nɔnɔme ma me la, enɔ na Kristotɔwo be woanɔ ŋudzɔ ɖe ŋusẽkpɔɖeamedzi siwo ate ŋu agblẽ nu le woƒe tadedeagu dzadzɛa ŋu la ŋu.

Romatɔwo Ƒe Subɔsubɔ

Esi Roma fiaɖuƒea nɔ ta kekem ɖe edzi la, Romatɔwo xɔ trɔ̃ yeye siwo ŋu wova ke ɖo la be wonye mawu siwo yewonya xoxo, siwo ɖe wo ɖokuiwo fia le nɔnɔme bubu me. Esi Romatɔwo ɖu dukɔ bubuwo dzi la, womeɖe dukɔ mawo ƒe subɔsubɔwo ɖa o, ke boŋ woxɔ wo wozu woƒe subɔsubɔ ƒe akpa aɖe. Alea wòdzɔe be subɔsubɔ ƒomevi vovovowo va sɔ gbɔ ɖe Roma fiaɖuƒea me abe ale si ko fiaɖuƒea me tɔwo tso dukɔ vovovo me ene. Romatɔwo ƒe subɔsubɔ mebia be woade ta agu na mawu ɖeka ko o. Amewo kpɔ mɔ asubɔ trɔ̃ ƒomevi vovovowo faa.

Romatɔwo ƒe mawu si ƒo woƒe mawuwo katã tae nye Jupiter, si wotsɔ ŋkɔ na be Optimus Maximus, si gɔmee nye nyuitɔ kekeake kple gãtɔ kekeake. Woxɔe se be eɖea eɖokui fiana le yaƒoƒo, tsidzadza, dzikedzo, kple dziɖegbe me. Woxɔe se be Jupiter nɔvinyɔnu kple zɔhɛ, Juno, si nye ɣletimawu la, kpɔa nyɔnuwo ƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa dzi. Vianyɔnu Minerva, nye asinudɔwo, dɔwɔɖuiwo, aɖaŋudɔwo, kple aʋawɔwɔ ƒe mawunɔ.

Ðeko wòdze abe xexlẽme meli na mawu siwo Romatɔwo subɔna la o ene. Mawu siwo nye Lares kpakple Penates nye ƒometrɔ̃wo. Vesta nye dzokpomawu. Janus, si mo eve li na la, nye gɔmedzedzewo katã ƒe mawu. Dɔwɔɖui ɖe sia ɖe kple trɔ̃ si kpɔa edzi. Nɔnɔme nyuiwo gɔ̃ hã ƒe mawuwo le Romatɔwo si. Le kpɔɖeŋu me, Pax kpɔa ŋutifafa ta, Salus nye lãmesẽtakpɔla, Pudicitia doa ɖokuibɔbɔ kple agbe ɖɔʋu nɔnɔ ɖe ŋgɔ, Fides kafua nuteƒewɔwɔ, Virtus naa dzideƒo, eye Voluptas nye dzidzɔkpɔkpɔ ƒe mawu. Woxɔe se be mawuwo kpɔa ŋusẽ ɖe Romatɔwo ƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa dzi—ame ɖekaɖekawo ƒe agbenɔnɔ kple hadomenuwɔnawo siaa. Eya ta hafi woawɔ nane la, wodoa gbe ɖa, saa vɔwo heɖua azã na mawu si kpɔa nu si wodi be yewoawɔ la dzi bene yewoakpɔ dzidzedze le nua wɔwɔ me.

Mɔ siwo dzi wotona be yewoanya trɔ̃wo ƒe lɔlɔ̃nu le nya aɖe ŋu la dometɔ ɖekae nye nukaka. Nukaka ƒe mɔnu si wozãna koŋ ye nye ŋkuléle ɖe vɔsalãwo ƒe dɔmenuwo ŋu. Woxɔe se be dɔmenu mawo ƒe nɔnɔme kple woƒe dzedzeme ɖenɛ fiana nenye be mawuawo da asi ɖe nu si wɔ ge woyina dzi loo alo womeda asi ɖe edzi o.

Kaka ƒe alafa evelia D.M.Ŋ. ƒe nuwuwu naɖo la, Romatɔwo va xɔe se be yewoƒe trɔ̃ veviwo kee nye mawu siwo Helatɔwo subɔna—wobui be Jupiter ye nye Zeus, Juno ye nye Hera, eye nenema kee wosusui le bubuawo hã gome. Romatɔwo va xɔ xotutu siwo ku ɖe Helatɔwo ƒe mawuwo ŋu la hã dzi se. Xotutu mawo mede bubu mawu mawo ŋu koŋ o, woɖee fia be vodada kple gbɔdzɔgbɔdzɔ siwo le amegbetɔwo ŋu la kee le woawo hã ŋu. Le kpɔɖeŋu me, xotutuwo gblɔ be Zeus dɔa nyɔnuwo gbɔ sesẽe heganye ɖeviwo gbɔ dɔla, si dɔna kple amegbetɔwo kpakple gbɔgbɔ makumakuwo hã. Ale si wokafua mawuawo ƒe ŋukpenanuwɔnawo le blemafefewɔƒewo zi geɖe la wɔe be wo subɔlawo hã kpɔnɛ be yewoate ŋu aƒo yewo ɖokui ɖe nuwɔna ɖigbɔ mawo wɔwɔ me faa.

Edze abe agbalẽnyala akpa gãtɔ mexɔ xotutu mawo dzi se be wonye nu siwo dzɔ ŋutɔŋutɔ o ene. Wo dometɔ aɖewo gblɔ be nyakpakpawoe wonye. Ðewohĩ esiae na be Pontio Pilato bia nya sia si amewo nya nyuie la be, “Nu kae nye nyateƒe?” (Yoh. 18:38) Amewo xɔe se be esia ɖe “nukpɔsusu si nɔ agbalẽnyala akpa gãtɔ si, si nye be, agbagba ɖe sia ɖe si ame aɖe adze be yeanya nyateƒe si ku ɖe xotutu mawo ŋu la azu dzodzro” la fia.

Fiagãsubɔsubɔ

Augusto (si ɖu dzi tso ƒe 27 D.M.Ŋ. va se ɖe ƒe 14 M.Ŋ. me) ƒe dziɖuɣie fiagãsubɔsubɔ dze egɔme. Esi wònye be Augusto ye he ŋutifafa kple nudzedziname vae le ƒe geɖe ƒe aʋawɔwɔ megbe ta la, eƒe nu lé dzi na ame geɖe, vevietɔ ame siwo nɔ Ɣedzeƒenuto siwo me wodoa Helagbe le la me. Amewo nɔ dziɖula aɖe si anye wo ta kpɔla la dim. Wonɔ nuɖoanyi aɖe si ate ŋu akpɔ subɔsubɔhawo dome masɔmasɔwo gbɔ, ado dulɔlɔ̃ ɖe ŋgɔ, ahana xexea nawɔ ɖeka le eƒe “xɔla” te la dim vevie. Le esia ta, wova bua fiagã la abe mawu aɖe ene.

Togbɔ be esime Augusto nɔ agbe la meɖe mɔ be woayɔ ye be mawu o hã la, ete tɔ ɖe edzi be woasubɔ Roma si wotsɔ wɔ mawunɔe, si wona ŋkɔe be Roma Dea la. Ke hã, esi Augusto ku la, wotsɔe wɔ mawui. Aleae wòdzɔe be le subɔsubɔ kple dulɔlɔ̃ gome la, amewo ƒe susu kple dzi va trɔ ɖe fiaɖuƒea ƒe du vevitɔ kple eƒe dziɖulawo ŋu. Eteƒe medidi o, fiagãsubɔsubɔ si woɖo anyi yeyee la va kaka ɖe fiaɖuƒea ƒe nutowo katã me, eye wòva zu mɔ si dzi dukɔa me viwo tona ɖenɛ fiana be yewodea bubu Dukɔa ŋu hewɔa nuteƒe nɛ.

Fiagã Domitian si ɖu dzi tso ƒe 81 va se ɖe ƒe 96 M.Ŋ. me lae nye Roma dziɖula gbãtɔ si bia be woasubɔ ye abe mawu ene. Le eƒe dziɖuɣi la, Romatɔwo de vovototo Kristotɔwo kple Yudatɔwo dome, eye wotsi tsitre ɖe Kristotɔnyenye si wobu subɔsubɔ yeyee la ŋu. Anye Domitian ƒe dziɖuɣie woɖe aboyo apostolo Yohanes yi Patmo ƒukpo dzi ɖe “ɖaseɖiɖi le Yesu ŋu ta.”—Nyaɖ. 1:9.

Ɣeyiɣi si me Yohanes nɔ aboyo me le Patmo ƒukpoa dzi ye wòŋlɔ Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa. Le agbalẽa me la, eƒo nu tso Kristotɔ aɖe, si ŋkɔe nye Antipa, si wowu le Pergamo, si nye du aɖe si me fiagãsubɔsubɔ xɔ aƒe ɖo, la ŋu. (Nyaɖ. 2:12, 13) Anɔ eme be kaka ɣemaɣi naɖo la, dziɖuɖua va nɔ biabiam tso Kristotɔwo si be woawɔ Dukɔa ƒe subɔsubɔkɔnuwo. Aleke kee wòɖale o, kaka ƒe 112 M.Ŋ. naɖo la, Pliny nɔ biabiam tso Kristotɔ siwo nɔ Bitinia la si be woawɔ kɔnu mawo, abe ale si wòdze le lɛta si wòŋlɔ na Trajan, si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati sia ƒe gɔmedzedze, me ene.

Trajan kafu Pliny ɖe ale si wòkpɔ nya siwo wotsɔ va egbɔe gbɔ la ta, eye wòde se be woawu Kristotɔ siwo gbe be yewomasubɔ Romatɔwo ƒe mawuwo o la. Trajan ŋlɔ bena: “Gake ne amea gblɔ be menye Kristotɔe yenye o, eye wòɖo kpe esia dzi to tadedeagu na míaƒe mawuwo me la, na woatsɔe akee ɖe eƒe dzimetɔtrɔ ta (togbɔ be wotso enu va yi hã).”

Romatɔwo mete ŋu se egɔme be subɔsubɔha aɖe abia tso emetɔwo si be woasubɔ mawu ɖeka ko o. Romatɔwo ƒe mawuwo mebia nu sia tso ame si o, ke nu ka tae wòle be wòanɔ alea le Kristotɔwo ƒe Mawu ya gome? Woƒe susue nye be ne ame aɖe subɔ Dukɔa ƒe trɔ̃wo la, nu si wòfia koe nye be ede bubu dziɖuɖua ŋu. Eya ta ne ame aɖe gbe be yemasubɔ wo o la, wobunɛ be etsi tsitre ɖe dziɖuɖua ŋu. Gake abe ale si Pliny va de dzesii le Kristotɔ akpa gãtɔ gome ene la, naneke meli wòate ŋu awɔ atsɔ azi wo dzi be woana ta o. Le Kristotɔawo gome la, nuwɔna ma anye nuteƒemawɔmawɔ na Yehowa, eya ta Kristotɔ geɖe lɔ̃ be yewoaku tsɔ wu be yewoakpɔ gome le fiagãsubɔsubɔ si nye trɔ̃subɔsubɔ la me.

Nu ka tae wòle be míatsɔ ɖe le nya sia me egbea? Le dukɔ aɖewo me la, wobiana tso dukɔmeviwo si be woade bubu tɔxɛ dukɔa teƒenɔnuwo ŋu. Le nyateƒe me la, mí Kristotɔwo míedea bubu dziɖuɖuwo ŋu. (Rom. 13:1) Ke hã, le wɔna siwo do ƒome kple gbedodo na aflaga gome la, míenaa Yehowa Mawu ƒe se si wòde be míasubɔ ye ɖeka pɛ ko kple nuxlɔ̃ame si le eƒe Nya la me be, ‘míasi le trɔ̃subɔsubɔ nu,’ eye ‘míakpɔ mía ɖokui dzi le trɔ̃wo ŋu,’ la fiaa mɔ mí. (1 Kor. 10:14; 1 Yoh. 5:21; Nax. 1:2) Yesu gblɔ be: “Yehowa wò Mawu ye wòle be nàde ta agu na, eye eya ɖeka koe wòle be nàwɔ subɔsubɔdɔ kɔkɔe na.” (Luka 4:8) Eya ta mina be míayi edzi awɔ nuteƒe na mía Mawu si míedea ta agu na la.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 5]

Yehowa ɖeka pɛ koe Kristotɔ vavãwo subɔna

[Nɔnɔmetata siwo le axa 3]

Kristotɔ gbãtɔwo gbe be yewomade ta agu na fiagã la alo mawuwo ƒe nɔnɔmewɔwɔwo o

Fiagã Domitian

Zeus

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Fiagã Domitian: Todd Bolen/Bible Places.com; Zeus: Photograph by Todd Bolen/Bible Places.com, taken at Archaeological Museum of Istanbul

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Kristotɔ siwo nɔ Efeso la gbe be yewoma de ta agu na Artemis mawunɔ xɔŋkɔ la o.—Dɔw. 19:23-41

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe