Gomekpɔkpɔ le Gbɔgbɔmenuwo Me Ana Míakpɔ Gbɔdzɔe Na Míaƒe Luʋɔwo
“Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, . . . eye miakpɔ gbɔdzɔe na miaƒe luʋɔwo.”—MAT. 11:29.
1. Ðoɖo kae Mawu wɔ na eƒe amewo le Sinai Toa gbɔ, eye nu ka tae?
ESI woɖo Se ƒe nubabla la anyi le Sinai Toa gbɔ la, se si ku ɖe kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Sabat ɖoɖoa ŋu hã nɔ eme. Yehowa to eƒe nyanuɖela Mose dzi de se na Israel dukɔa be: “Ŋkeke ade nàwɔ wò dɔwo, ke nàƒo ŋkeke adrelia ade eme, bena wò nyi kple wò tedzi nadzudzɔ, eye wò kosi ƒe ŋutsuvi kple amedzro nagbɔ ɖe eme.” (2 Mose 23:12) Ɛ̃, esi Yehowa tsɔ ɖe le eme na ame siwo le Sea te ta la, ewɔ ɖoɖo lɔlɔ̃tɔe be ŋkeke aɖe nanɔ anyi si dzi eƒe amewo ‘nagbɔ ɖe eme’ le.
2. Aleke Sabat ƒe sea dzi wɔwɔ ɖe vi na Israel viwo?
2 Ðiɖiɖeme ƒe ŋkeke koe Sabat la nyea? Ao, Israel viwo ƒe tadedeagu na Yehowa ƒe akpa vevi aɖee wònye. Sabat ƒe sea dzi wɔwɔ na mɔnukpɔkpɔ ƒome ƒe tawo be woakpɔ ɣeyiɣi afia nu woƒe ƒomea be “woalé ŋku ɖe Yehowa ƒe mɔ ŋuti, eye woawɔ nu dzɔdzɔe.” (1 Mose 18:19) Egana mɔnukpɔkpɔ ƒomewo kple xɔlɔ̃wo be woaƒo ƒu ɖekae ade ŋugble le nu siwo Yehowa wɔ la ŋu eye woase vivi le hadede kple wo nɔewo me. (Yes. 58:13, 14) Vevietɔ wu la, Sabat la nye nyagblɔɖi me kpɔɖeŋu na ɣeyiɣi si me woato Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua dzi ana gbɔdzɔe akuakua nasu mía si. (Rom. 8:21) Ke egbea ya ɖe? Afi kae Kristotɔ vavãwo, siwo dina be yewoazɔ ɖe Yehowa ƒe mɔwo dzi la, akpɔ gbɔdzɔe sia le, eye alekee?
Hadede Kple Hati Kristotɔwo Ana Nàkpɔ Gbɔdzɔe
3. Nu kae ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo wɔ tsɔ kpe ɖe wo nɔewo ŋu, eye nu kae do tso eme?
3 Apostolo Paulo ɖɔ Kristo hamea be enye “nyateƒe la ƒe sɔti kple gɔmeɖoanyi.” (1 Tim. 3:15) Kristotɔ gbãtɔwo kpe ɖe wo nɔewo ŋu geɖe ŋutɔ to dzidede ƒo na wɔ nɔewo kple wo nɔewo tutuɖo le lɔlɔ̃ me me. (Ef. 4:11, 12, 16) Esime Paulo nɔ Efeso la, dzi ɖo eƒo ŋutɔ esi Korinto hamea me tɔwo va srãe kpɔ. Kpɔ ale si esia wɔ dɔ ɖe edzii ɖa. Egblɔ be: “Mekpɔ dzidzɔ le Stefana kple Fortunato kpakple Axaiko ƒe [vava] ŋuti. . . . Elabena wofa akɔ na nye gbɔgbɔ.” (1 Kor. 16:17, 18) Nenema kee esi Tito yi Korinto ɖasubɔ nɔviwo le afi ma megbe la, Paulo ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Korintotɔwo gblɔ bena: “Mi katã miena eƒe gbɔgbɔ kpɔ dzidzeme.” (2 Kor. 7:13) Nenema kee egbea hã, Yehowa Ðasefowo kpɔa dzidzeme akuakua to ha tuameɖowo dede kple hati Kristotɔwo me.
4. Aleke hamea ƒe kpekpewo naa míaƒe dzi dzea eme?
4 Wò ŋutɔ èkpɔe to wò nuteƒekpɔkpɔwo me be hamea ƒe kpekpewo dede naa míekpɔa dzidzɔ geɖe ŋutɔ. Le kpekpeawo me la, ‘dzidedeƒo na ame nɔewo yia edzi le mía dome; ame sia ame to nɔvia ƒe xɔse me.’ (Rom. 1:12) Menye ame nyanyɛ dzrowo, siwo míedoa goe ɣeaɖewoɣi koe mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔwo nye na mí o. Wonye xɔlɔ̃ vavãwo, ame siwo míelɔ̃ siwo ŋu míedea bubui. Ɣesiaɣi si míeƒo ƒu kpli wo ɖekae le míaƒe kpekpewo me la, dzi dzɔa mí geɖe ŋutɔ eye míaƒe dzi dzea eme.—Filem. 7.
5. Aleke míate ŋu ado dzidzɔ na mía nɔewo le takpekpe gãwo kple suewo me?
5 Nu bubu siwo me míegakpɔa dzidzɔ le ye nye takpekpe sue kple gã siwo míedena ƒe sia ƒe. Menye nyateƒea ƒe agbetsi si le Mawu ƒe Nya, Biblia la, me koe míexɔna le takpekpe siawo me o, ke wonyea mɔnukpɔkpɔ hã na mí be ‘míakeke mía ɖokui’ le hadede kple mía nɔewo me. (2 Kor. 6:12, 13) Ke ne ŋu kpea mí eye wòsesẽna na mí be míade ha kple amewo ya ɖe? Mɔ nyui aɖe si dzi míato ade ha kple mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwoe nye be míatsɔ mía ɖokui ana hena dɔwɔwɔ le takpekpeawo me. Esi nɔvinyɔnu aɖe tsɔ eɖokui na hekpe asi ɖe dɔ ŋu le dukɔwo dome takpekpe aɖe me la, egblɔ be: “To vovo na nye ƒometɔwo kple xɔlɔ̃ ʋɛ aɖewo la, nyemenya ame geɖe le afi ma o. Ke esi mena kpekpeɖeŋu le dzadzɛnyenyedɔwo wɔwɔ me la, mede ha kple nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖewo! Mekpɔ dzidzɔ ŋutɔ!”
6. Nu kae míate ŋu awɔ atsɔ ado dzidzɔ na mía ɖokuiwo le mɔkeɣiwo?
6 Le blema la, Israel viwo yia ŋkekenyuiwo ɖuƒe le Yerusalem zi etɔ̃ ƒe sia ƒe hena tadedeagu. (2 Mose 34:23) Zi geɖe la, esia biana be woagblẽ woƒe agblewo kple dɔwɔƒewo ɖi ahazɔ mɔ siwo dzi ʋuʋudedi le la ŋkeke geɖe. Ke hã, “dzidzɔ gã aɖe” wònyena na wo ne woyi gbedoxɔa me, eye wokpɔ ame siwo katã va ƒo ƒu la le ‘Yehowa kafum.’ (2 Kron. 30:21) Nenema kee egbea hã, Yehowa subɔla geɖewo kpɔa dzidzɔ ŋutɔ ne woa kple woƒe ƒometɔwo yi ɖaɖi tsa le Betel, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe, si le woƒe nutoa me. Ðe manyo be nàwɔ ɖoɖo mia kple wò ƒomea miawɔ tsaɖiɖi sia le mɔkeke si miagayi me oa?
7. (a) Aleke hadomemodzakaɖeɖewo ate ŋu aɖe vi? (b) Nu kawoe ana be modzakaɖeɣi siawo nanye dzidzɔɣi tuameɖowo?
7 Ðekawɔwɔ kple míaƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo le hadomemodzakaɖeɖewo me hã ate ŋu atu mí ɖo. Nunyala Fia Salomo gblɔ bena: “Ðe menyo na amegbetɔ wu be, wòaɖu nu ano nu, eye eƒe luʋɔ naɖu agbe akpe ɖe eƒe agbagbadzedzewo ŋu oa?” (Nyagb. 2:24) Menye ɖeko hadomemodzakaɖeɖewo doa dzidzɔ na míaƒe luʋɔ o, ke wonana hã be lɔlɔ̃ na mía nɔvi Kristotɔwo me gasẽna ɖe edzi le esi míeva dzea si wo nyuie wu ta. Be míana hadomemodzakaɖeɖe siawo nanye dzidzɔɣi tuameɖowo la, enyo wu be míakpe ame ʋɛ aɖewo ko eye míakpɔ egbɔ be wokpɔ wɔnaa dzi nyuie, vevietɔ ne aha muamewo anɔ teƒea.
Gomekpɔkpɔ Le Subɔsubɔdɔa Me Nana Míaƒe Dzi Dzea Eme
8, 9. (a) Vovototo kae le nu si Yesu fia kple agbalẽfialawo kpakple Farisitɔwo ƒe sededewo dome? (b) Aleke gbeƒãɖeɖe Biblia me nyateƒeawo na amewo ɖea vi na mí?
8 Yesu wɔ subɔsubɔdɔa dzonɔamemetɔe, eye wòde dzi ƒo na eƒe nusrɔ̃lawo be woawo hã nawɔe nenema. Esia dze le eƒe nya siawo me: “Nuŋeŋe la sɔ gbɔ, gake dɔwɔlawo ya mesɔ gbɔ o. Eya ta miɖe kuku na nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la be, wòaɖo dɔwɔlawo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.” (Mat. 9:37, 38) Nu siwo Yesu fia la fa akɔ na amewo vavã, elabena “nya nyui” ye wònye. (Mat. 4:23; 24:14) Esia to vovo kura na Farisitɔwo ƒe sedede siwo nye agba kpekpe le dukɔa dzi.—Mixlẽ Mateo 23:4, 23, 24.
9 Ne míele Fiaɖuƒegbedeasia gblɔm na amewo la, míenana woƒe dzi dzea eme, eye le ɣeyiɣi ma ke la, míenana Biblia me nyateƒe veviwo gena ɖe míaƒe dzi kple susu me nyuie. Esɔ be hakpalaa dzi ha be: “Mikafu Yehowa, elabena kafukafuhadzidzi na mía Mawu la enyo, eye wòvivina.” (Ps. 147:1) Ðe nàgate ŋu ana dzidzɔ si nèkpɔna le kafukafunyawo gbɔgblɔ tso Yehowa ŋu na wò aƒelikawo me nadzi ɖe edzia?
10. Ale si amewo xɔa míaƒe gbedeasia nyuie ye ɖenɛ fiana be míekpɔ dzidzedze le subɔsubɔdɔa mea? Ðe eme.
10 Le nyateƒe me la, amewo ɖoa to nya nyuia le teƒe aɖewo wu teƒe bubuwo. (Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 18:1, 5-8.) Ne amewo metsɔa ɖe le Fiaɖuƒegbedeasia me boo le afi si nèle o la, dze agbagba nàtsɔ wò susu aɖo nu nyui siwo nètea ŋu wɔna le subɔsubɔdɔa me la dzi. Ðo ŋku edzi be agbagba si nèdzena ɣesiaɣi be yeaɖe gbeƒã Yehowa ƒe ŋkɔ la menye dzodzro o. (1 Kor. 15:58) Gakpe ɖe eŋu la, menye ale si amewo wɔa nu ɖe nya nyuia ŋu ye ɖenɛ fiana be míekpɔ dzidzedze o. Míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa akpɔ egbɔ be mɔnukpɔkpɔ nasu dzi dzɔdzɔetɔwo si be woase Fiaɖuƒegbedeasia.—Yoh. 6:44.
Ƒometadedeagu Tua Mí Ðo
11. Agba kae le dzilawo dzi le Yehowa gbɔ, eye aleke woate ŋu atsɔe?
11 Agba le dzila mawuvɔ̃lawo dzi be woafia nu wo viwo tso Yehowa kple eƒe mɔwo ŋu. (5 Mose 11:18, 19) Ne dzilae nènye la, ɖe nèɖo ɣeyiɣi aɖe ɖi si me nèfiaa nu viwòwo tso mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒo la ŋua? Yehowa na gbɔgbɔmenuɖuɖu nyuiwo le agbɔsɔsɔ gã aɖe me to agbalẽwo, magazinewo, videowo, kple agbalẽ siwo woxlẽ lé ɖe mɔ dzi la dzi be yeakpe ɖe ŋuwò nàte ŋu atsɔ agbanɔamedzi vevi sia eye nàkpɔ ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo.
12, 13. (a) Aleke Ƒometadedeagu fiẽsi ƒe ɖoɖoa ate ŋu aɖe vi na ƒomewoe? (b) Nu kae dzilawo ate ŋu awɔ atsɔ akpɔ egbɔ be woƒe ƒomea nase vivi na ƒometadedeagua?
12 Gakpe ɖe eŋu la, kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela la wɔ Ƒometadedeagu fiẽsi ƒe ɖoɖo na mí. Esia nye fiẽsi aɖe si míeɖe ɖe vovo hena ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ kwasiɖa sia kwasiɖa. Ƒome geɖe kpɔe be ɖoɖo sia kpe ɖe yewo ŋu yewote ɖe yewo nɔewo ŋu kplikplikpli wu le lɔlɔ̃ me, eye wòdo ŋusẽ ƒomedodo si le yewo kple Yehowa hã dome. Gake nu kae dzilawo ate ŋu awɔ atsɔ akpɔ egbɔ be yewoƒe ƒometadedeagua nye gbɔgbɔmeɖoɖo si me ƒomea kpɔa dzidzeme le?
13 Mele be Ƒometadedeagu fiẽsi ƒe wɔnaa nanɔ kplalaa eye vivisese aɖeke manɔ eme o. Elabena “Mawu dzidzɔtɔ” lae míesubɔna, eye edi be míase vivi le míaƒe tadedeagua me. (1 Tim. 1:11; Flp. 4:4) Yayra ŋutɔe wònye be míaɖo fiẽsi aɖe ɖi hena gbɔgbɔmenu xɔasiwo me dzodzro tso Biblia me. Dzilawo ate ŋu awɔ aɖaŋu ŋu dɔ ato nufiafiamɔnu vovovowo vae le esia wɔwɔ me. Le kpɔɖeŋu me, ƒome aɖe na mɔnukpɔkpɔ wo viŋutsuvi si xɔ ƒe ewo, si ŋkɔe nye Brandon, be wòawɔ numekuku ava ɖe tanya si nye “Nu Ka Tae Yehowa Tsɔ Da Wɔ Kpɔɖeŋu Na Satana?” la me. Nya sia ɖea fu na Brandon, elabena dawo ƒe nu doa dzidzɔ nɛ, eya ta medzɔ dzi nɛ be wotsɔ da wɔ kpɔɖeŋu na Satana o. Ƒome aɖewo zãa Biblia ŋutinyawo tsɔ wɔa dramawo ɣeaɖewoɣi—wo dometɔ ɖe sia ɖe wɔa akpa aɖe le dramaa me eye wòxlẽa akpa si wɔm wòle la le Biblia me; alo wowɔa nudzɔdzɔ aɖewo ƒe wɔwɔfia. Menye ɖeko nufiafiamɔnu mawo doa dzidzɔ na ame ko o, ke woate ŋu ana mia viwo nakpɔ gome le nusɔsrɔ̃a me, ale be Biblia me gɔmeɖosewo nage ɖe woƒe dzi me.a
Ƒo Asa Na Nu Siwo Ate Ŋu Ate Ðeɖi Ŋuwò
14, 15. (a) Aleke nuteɖeamedzi kple dzimaɖeɖi dzi ɖe edzi le ŋkeke mamlɛ siawo me? (b) Kuxi bubu kawoe mí Kristotɔwo míate ŋu ado goe?
14 Nuteɖeamedzi kple dzimaɖeɖi dzi ɖe edzi le nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe ŋkeke mamlɛ siawo me. Dɔmakpɔwɔe kple gakuxiwo le fu ɖem na ame miliɔn geɖe. Ame siwo si dɔ le gɔ̃ hã sena le wo ɖokui me zi geɖe be kotoku ŋɔŋɔ me koe yewotsɔa ga si yewokpɔna la denɛ, si wɔnɛ be meɖea vi boo aɖeke na yewoƒe ƒomea o. (Tsɔe sɔ kple Xagai 1:4-6.) Edze abe wɔna vɔ le dunyahelawo kple kplɔla bubuwo ŋu le agbagba si dzem wole be yewoatsi nu vlo wɔlawo ƒe ŋɔdzidonamenuwɔnawo kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ bubuwo nu me ene. Dzi ɖe le ame geɖewo ƒo le woawo ŋutɔwo ƒe vodadawo ta.—Ps. 38:5.
15 Nuteɖeamedzi siwo le Satana ƒe nuɖoanyia me la ɖea fu na Kristotɔ vavãwo hã. (1 Yoh. 5:19) Ɣeaɖewoɣi la, Kristo ƒe nusrɔ̃lawo ate ŋu ado go kuxi bubuwo hã le esi wodzea agbagba be yewoawɔ nuteƒe na Yehowa ta. Yesu gblɔ be: “Ne woti yonyeme la, ekema woati miawo hã mia yome.” (Yoh. 15:20) Ke hã, ne wole ‘mía yome tim’ gɔ̃ hã la, ‘womegblẽa mí ɖi o.’ (2 Kor. 4:9) Nu ka tae míegblɔe alea ɖo?
16. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm?
16 Yesu gblɔ be: “Miva gbɔnye, mi ame siwo katã le dagbadagbam, eye agba le mia wum la, eye mana gbɔdzɔe mi.” (Mat. 11:28) To Kristo ƒe tafevɔsaa dzi xɔxɔ se bliboe me la, míetsɔa mía ɖokuiwo dea Yehowa ƒe asiwo me le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu. To esia wɔwɔ me la, míexɔa “ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu.” (2 Kor. 4:7) “Kpeɖeŋutɔ la,” si nye Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la, doa ŋusẽ míaƒe xɔse ale gbegbe be menye ɖeko míetea ŋu doa dzi le tetekpɔwo kple xaxawo me o, ke míeyia edzi nɔa dzidzɔ hã kpɔm.—Yoh. 14:26; Yak. 1:2-4.
17, 18. (a) Gbɔgbɔ ka ŋue wòle be míakpɔ mía ɖokui dzi le? (b) Nu kae ate ŋu ado tso eme ne vivisese yome nɔnɔ va zu nu vevitɔ na mí le agbe me?
17 Egbea la, ehiã be Kristotɔ vavãwo nakpɔ nyuie be xexe sia ƒe vivisese yome nɔnɔ atraɖii ƒe gbɔgbɔ la nagakpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi o. (Mixlẽ Efesotɔwo 2:2-5.) Ne menye nenema o la, “ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe nudzodzro kple ame ƒe nunɔamesiwo fiafia adegbeƒoƒotɔe be woakpɔ” ƒe mɔ̃ la aɖe mí. (1 Yoh. 2:16) Alo míate ŋu ava nɔ esusum vodadatɔe be mɔɖeɖe ɖe ŋutilã ƒe nudzodzrowo ŋu ye ana míakpɔ dzidzɔ. (Rom. 8:6) Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo ƒo wo ɖokuiwo ɖe atike muamewo zazã, aha tsu nono, amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ, fefe siwo me amewo dea woƒe agbe afɔku me le alo nuwɔna manɔsenu bubuwo me, le esi wole agbagba dzem be yewoado dzidzɔ na yewo ɖokuiwo ta. Taɖodzinu si le Satana ƒe “aɖaŋu vɔ̃wo” ŋue nye be woana nukpɔsusu totro nasu mía si le nu si naa gbɔdzɔe ame ŋu ale be woakplɔ mí atrae.—Ef. 6:11.
18 Nyateƒee, naneke megblẽ le nuɖuɖu, nunono, kple gomekpɔkpɔ le modzakaɖeɖe ɖɔʋuwo me ŋu ne wowɔe le ŋuɖɔɖo me o. Ke hã, míeɖea mɔ nu mawo va zua nu vevitɔwo na mí le agbe me o. Dadasɔ kple ɖokuidziɖuɖu le vevie, vevietɔ le afi si míeva ɖo na ɣeyiɣia ta. Míawo ŋutɔwo míaƒe taɖodzinuwo yome titi ate ŋu ate ɖeɖi mía ŋu ale gbegbe be míava zu “ame matsekuwo . . . le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ŋuti sidzedze vavãtɔ la gome.”—2 Pet. 1:8.
19, 20. Aleke míawɔ akpɔ dzidzeme vavãtɔ?
19 Ne míena míaƒe tamesusu wɔ ɖeka kple Yehowa ƒe sewo la, míekpɔnɛ dzea sii be vivisese ɖe sia ɖe si tsoa xexe sia me la manɔ anyi ɖaa o. Mose kpɔ esia dze sii, eye míawo hã míekpɔe dze sii nenema ke. (Heb. 11:25) Nyateƒea ye nye be, mía Fofo si le dziƒo la ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔe nana ame kpɔa dzidzeme vavãtɔ, si naa ame kpɔa dzidzɔ si nɔa anyi ɖaa, si tsoa ememe ke.—Mat. 5:6.
20 Mina míayi edzi anɔ gome kpɔm le gbɔgbɔmenuwo me be míakpɔ gbɔdzɔe na míaƒe luʋɔwo. Ne míewɔnɛ alea la, “míagbe mawumavɔ̃mavɔ̃ [nuwɔnawo] kple xexea me nudzodzrowo . . . esime míele dzidzɔmɔkpɔkpɔ kple Mawu gã la kpakple mía Xɔla Kristo Yesu ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ɖeɖe fia la lalam.” (Tito 2:12, 13) Eya ta mina míaɖoe kplikpaa akpɔtɔ anɔ Yesu ƒe kɔkuti la te to mía ɖokui bɔbɔ ɖe eƒe ŋusẽ kple mɔfiafia te me. Ne míewɔa esia la, míakpɔ dzidzɔ kple dzidzeme vavãtɔ!
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Kpɔ Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, January 1991, ƒe yevugbe me tɔ, axa 1-2, [Eʋegbe tɔ, Vol. 34 No.1, axa 1, kple axa 8, akpa 3 lia], hena nyatakaka bubuwo ku ɖe ale si woana ƒomenusɔsrɔ̃ navivi eye nufiame nanɔ eme la ŋu.
Aleke Nàɖo Wo Ŋui?
• Mɔ kawo dzie Yehowa ƒe amewo tona kpɔa gbɔdzɔe egbea?
• Mɔ ka nue subɔsubɔdɔa ɖea vi na míawo ŋutɔwo kple ame siwo míeɖea gbeƒã na le?
• Nu kawoe ƒome ƒe tawo ate ŋu awɔ atsɔ akpɔ egbɔ be yewoƒe ƒometadedeagua naa dzidzeme yewoƒe ƒomea?
• Nu kawoe tea ɖeɖi mía ŋu míeva zua ame matsekuwo le gbɔgbɔ me?
[Nɔnɔmetata siwo le axa 26]
Ne míetsɔ Yesu ƒe kɔkuti la ɖo mía ɖokui dzi la, nu geɖe li siwo ana dzidzeme mí