INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 8/1 axa 3-4
  • Nu Ka Vɔ̃m Ame Geɖe Le?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Ka Vɔ̃m Ame Geɖe Le?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nukliaʋa—Amekawoe Le Ŋɔdzia Dom?
    Nyɔ!—2004
  • Nuklia ƒe Ŋɔdzidonamea—Mewu Enu Kura Haɖe O
    Nyɔ!—1999
  • Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Nukliaʋa Ŋu?
    Nyati Bubuwo
  • Nuklia Ƒe Ŋɔdzidonamea Wu Enu Nyateƒea?
    Nyɔ!—1999
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 8/1 axa 3-4

Nu Ka Vɔ̃m Ame Geɖe Le?

“Mehiã be nànye mawusubɔla hafi anya be afɔku gã aɖe lili mí o.”—STEPHEN O’LEARY, SI NYE NUFIALAGÃ LE ANYIEHE CALIFORNIA ƑE YUNIVƐSITI.a

ÈLƆ̃ ɖe nya si wogblɔ ɖe etame la dzia? Míadzro susu siwo tae amewo le etsɔ me vɔ̃m la dometɔ aɖewo me le nyati sia kple eve siwo kplɔe ɖo me. Gake míadzro nu si tae nàte ŋu aka ɖe edzi be nu sia nu matsrɔ̃ ɖa le anyigba dzi o hã me. Togbɔ be nu siwo xlẽ ge nèle fifia la ana nàtsi dzi vie hã la, mègavɔ̃ o; mɔkpɔkpɔ li!

Vɔvɔ̃ kpɔtɔ li be woava tsɔ nukliabɔmb atsrɔ̃ anyigba la. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ƒe agbalẽ aɖe (Bulletin of the Atomic Scientists) gblɔ le ƒe 2007 me be: “Tso esime woda atɔmikbɔmb zi gbãtɔ ɖe Hiroshima kple Nagasaki dzi ko la, xexea me nɔlawo va le vɔvɔ̃m be woate ŋu ada bɔmb atsɔ agblẽ nu le xexea ŋu faa.” Nu ka tae wotsi dzi ɖe nya sia ŋu? Agbalẽa gblɔ be le ƒe 2007 me la, nukliabɔmb 27,000 kpɔtɔ li, eye be “woate ŋu ada” wo dometɔ 2,000 “ɣesiaɣi.” Ne bɔmb siawo dometɔ ʋɛ aɖewo koe woda hã la, nu si wòagblẽ la teƒe makɔ o!

Ðe vɔvɔ̃ si li be nukliabɔmb atsrɔ̃ xexea la dzi ɖe kpɔtɔ tso ƒe ma mea? Ƒegbalẽ aɖe (SIPRI Yearbook 2009) gblɔ be dukɔ atɔ̃ siwo si koŋ nukliabɔmbwo le, siwo nye China, France, Russia, United Kingdom (Royaume-Uni) kple Amerika, la dometɔ ɖe sia ɖe le “nukliabɔmb wɔwɔ mɔnu yeyewo tom vae, alo gblɔ be yewodi be yewoawɔe.”bc Ƒegbalẽa gblɔ be menye dukɔ mawo si koe nukliabɔmb le o. Numekulawo gblɔ be nukliabɔmb 60 va ɖo 80 le dukɔ siwo nye India, Pakistan, kple Israel hã si. Wogblɔ kpee hã be le xexea me godoo la, wodzra nukliabɔmb 8,392 ɖo fifia, eye wole klalo ɖe wo dada ŋu!

Ya me ƒe dzoxɔxɔ ate ŋu agblẽ nu le anyigba ŋu keŋkeŋ. Agbalẽ aɖe si míeyɔ va yi (Bulletin of the Atomic Scientists) la gblɔ be: “Afɔku siwo ya me ƒe dzoxɔxɔ ate ŋu ahe avae la ƒe nugbegblẽ ate ŋu asɔ kple nukliabɔmb tɔ.” Dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo ŋu wodea bubui, abe nufialagã Stephen Hawking, si nye akɔntafialagã tsã le Cambridge Yunivɛsiti, kple Aƒetɔ Martin Rees, si nye Nufialagã le Trinity College si le Cambridge Yunivɛsiti, hã lɔ̃ ɖe nya sia dzi. Wosusui be mɔɖaŋu ŋu dɔ mawɔmawɔ nyuie kple ale si amegbetɔ ƒe nuwɔnawo le nutoa me gblẽm la, ate ŋu agblẽ nu le nu gbagbewo ŋu keŋkeŋ le anyigba dzi alo agblẽ ŋgɔyiyi siwo katã amegbetɔwo wɔ la dome.

Tsɔtsrɔ̃ si wobe egbɔna xexea dzi la na ame miliɔn geɖe le vɔvɔ̃m. Wò ya ŋlɔ nya “end of the world” (“fin du monde”) [xexea ƒe nuwuwu] kple “2012” ɖe Internet nyatakakadiƒe ɖe sia ɖe, eye nàkpɔ nyatakaka alafa geɖe siwo me wogblɔ le be nuwuwua ava le ƒe ma me ɖa. Nu ka tae ƒe mae woyɔ? Wobu akɔnta be blematɔ siwo woyɔna be Mayawo ƒe kalɛ̃da aɖe si woyɔna be “Kalɛ̃da Diditɔ” la awu enu le ƒe ma me. Ame geɖe le vɔvɔ̃m be ɖewohĩ esia anye dzesi be ŋgɔyiyi siwo katã amegbetɔwo wɔ la ƒe nuwuƒee nye ema.

Subɔsubɔha geɖe me tɔwo ka ɖe edzi be Biblia fia nu be woatsrɔ̃ míaƒe anyigba sia. Woxɔe se be woakplɔ xɔsetɔ wɔnuteƒewo ayi dziƒo, eye woagblẽ ame susɔewo ɖi be woakpe fu le anyigba si wogblẽ keŋkeŋ la dzi alo woatsɔ wo aƒu gbe ɖe dzomavɔ me.

Ðe Biblia gblɔ nyateƒe be woagblẽ anyigba la keŋkeŋ alo atsrɔ̃ea? Apostolo Yohanes xlɔ̃ nu be: “Migaxɔ nya sia nya si tso gbɔgbɔ me la dzi se o, ke boŋ mido nya siwo tso gbɔgbɔ me la kpɔ, be Mawu gbɔe wotso hã.” (1 Yohanes 4:1) Le esi teƒe be nàxɔ nya si amewo gblɔna dzi se la, ɖe manyo be wò ŋutɔ nàtsɔ Biblia ne nàkpɔ nu si wògblɔ tso xexea ƒe nuwuwu ŋu oa? Ðewohĩ nu si nàkpɔ le eme la awɔ nuku na wò.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Eƒe nya siawo dze le nyati si nye “Dzɔdzɔmefɔkuwo Na Amewo Le Xexea Ƒe Tsɔtsrɔ̃ Gblɔm Ði” me, si dze le MSNBC ƒe Internet nyatakakadzraɖoƒe, le October 19, 2005.

b SIPRI gɔmee nye Stockholm International Peace Research Institute (Xexea Me Ŋutifafa Ƒe Numekuƒe Si Le Stockholm).

c Ame siwo ŋlɔ nyatakaka ma ɖe SIPRI Yearbook 2009 mee nye Shannon N. Kile, si nye numekulagã, eye wònye amegã na nukliabɔmb ŋuti nyawo gbɔ kpɔƒe, si le SIPRI ƒe dɔwɔƒe si kpɔa egbɔ be woaɖiɖi aʋawɔnuwo ƒe agbɔsɔsɔ dzi akpɔtɔ, eye woagakaka o la te; Vitaly Fedchenko, si nye numekula le SIPRI ƒe dɔwɔƒe si kpɔa egbɔ be woaɖiɖi aʋawɔnuwo ƒe agbɔsɔsɔ dzi akpɔtɔ, eye woagakaka o; kple Hans M. Kristensen, si nye Amerika Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ƒe Habɔbɔ ƒe dɔwɔƒe si kpɔa nukliabɔmb ŋuti nyatakakawo gbɔ la ƒe amegã.

[Picture Credit Lines on page 4]

Dzudzɔ babla: U.S. National Archives photo; ya sesẽwo: WHO/League of Red Cross and U.S. National Archives photo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe