INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 8/15 axa 20
  • Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Èɖo Ŋku Wo Dzia?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ènyaa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Gilead Balsam—Ami Si Daa Gbe Le Ame Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Womewɔ Ðe Ŋugbe Si Wodo La Dzi O
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 8/15 axa 20

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Ðe Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa xexlẽ do dzidzɔ na wòa? Ekema kpɔe ɖa be yeate ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu mahã:

• Nu kae akpe ɖe ŋuwò nàhe viwòwo woava nye ame siwo ate ŋu atsɔ agbanɔamedziwo?

‘Ðo kpɔɖeŋu’ nyui na viwò le agbanɔamedziwo tsɔtsɔ me. (Yoh. 13:15) Da sɔ le nu siwo nàdi tso esi me; esi wòle tsitsim la, àte ŋu abia nu geɖe wu tso esi le dzadzɛnyenye, gamedzinɔnɔ, kple sukudɔdeasiwo wɔwɔ me. Na mɔfiame siwo me kɔ la ɖevia atsɔ amlae ɖe eya ŋutɔ ƒe agbanɔamedziwo tsɔtsɔ ŋu.—5/1, axa 19-20.

• Nu ka tae Mawu mehe to na Aron ɖe sikanyivi si wòwɔ la ta o?

Ele eme be Aron da le Mawu ƒe se si ku ɖe trɔ̃subɔsubɔ ŋu la dzi. (2 Mose 20:3-5) Ke hã, Mose ɖe kuku na Mawu ɖe Aron ta, eye ‘ŋusẽ nɔ’ eƒe kokoƒoƒoa ŋu. (Yak. 5:16) Aron wɔ nuteƒe ƒe geɖe va yi. Eye togbɔ be dukɔa ƒoe ɖe Aron nu wòwɔ sikanyivia hã la, eɖee fia emegbe be yemeda asi ɖe woƒe nuwɔna ma dzi o, elabena ewɔ ɖeka kple Lewi viwo tsɔ ɖee fia be yele Yehowa ƒe akpa dzi. (2 Mose 32:25-29)—5/15, axa 21.

• Afi kae Ofir si ŋu Biblia gblɔ le be wokpɔa sika le la nɔ?

Be Salomo nate ŋu ahe sika avae tso Ofir la, ekpa tɔdziʋuwo ɖe Ezeon-Geber. (1 Fia. 9:26-28) Ezeon-Geber nɔ Aqaba Ƒukɔme ƒe dziehe lɔƒo, si te ɖe egbegbe Elat kple Aqaba ŋu le Ƒu Dzĩa nu. Eya ta anɔ eme be Ofir nɔ Arabia le afi si te ɖe Ƒu Dzĩa nu, alo enɔ Afrika alo India ƒutanutowo me.—6/1, axa 15.

• Nu kae ‘atike si le Gilead [alo balsam]’ la nye? (Yer. 8:22)

Balsam nye ami aɖe si ʋẽna lilili, si woɖena tso ati kple gbe vovovo aɖewo me, eye wokpɔnɛ tso Gilead, le Yordan Tɔsisia ƒe ɣedzeƒe gome kple teƒe bubuwo. Esi dɔyɔyɔŋutetewo le ami sia ŋu ta la, wosisinɛ ɖe abi dzi. Ðe wòle be nɔnɔme wɔnublanui si me Israel viwo nɔ la naʋã wo woadi dɔyɔyɔ hafi, gake womewɔe nenema o. (Yer. 8:9)—6/1, axa 21-22.

• Nu kae ate ŋu akpe ɖe Kristotɔ ŋu wòado dzi ne srɔ̃a wɔ ahasi?

Ne srɔ̃tɔ maɖifɔ la dzea agbagba nɔa agbe ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu la, mehiã be wòabu fɔ eɖokui ɖe srɔ̃a si wɔ ahasi la ƒe nuteƒemawɔmawɔa ta o. Mawu nya ale si gbegbe nèhiã akɔfafa kple dzideƒoe. Ate ŋu ato hati Kristotɔwo dzi afa akɔ na wò.—6/15, axa 30-31.

• Nu kae nàte ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe ame aɖe si le dɔ lém ŋu?

Nye toɖola nyui. (Nyagb. 3:1, 7) Ðe veveseseɖeamenu kple ameŋububu fia. (Rom. 12:15) Gblɔ nya tuameɖowo eye nàna kpekpeɖeŋu si hiã. (Kol. 4:6; 1 Yoh. 3:18) Yi edzi nànɔ kadodo me kplii. (Lod. 17:17)—7/1, axa 10-13.

• Aleke míewɔ nya be gɔmedzedze meli na Mawu o?

Mose he susu yi nya sia dzi le gbedodoɖa me. (Ps. 90:2) Eya ta esɔ be Yehowa ɖeka koe wozãa dzesideŋkɔ si nye “Fia mavɔmavɔtɔ” na. (1 Tim. 1:17)—7/1, axa 28.

• Aleke nàte ŋu akpe ɖe viwòwo ŋu woalɔ̃ nuxexlẽ?

Dzilawo ƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia kple woƒe kpɔɖeŋu akpe ɖe wo viwo ŋu woalɔ̃ nuxexlẽ. Na agbalẽwo nanɔ wo si. Kɔ gbe dzi nàxlẽ nu na wo. Na woakpɔ gome le nu si nèxlẽ na wo me to emedzodzro kpli wo me. Na viwòwo naxlẽ nu nàse, eye nàde dzi ƒo na wo be woabia nya.—7/15, axa 26.

• Nu ka tae Yesu mewɔ kaba yi ɖada dɔ na xɔlɔ̃a Lazaro si dze dɔ o?

Kaka Yesu nava ɖo afi ma la, Lazaro ku ŋkeke ene xoxo. Esi Yesu lala ta la, ena wòte ŋu ɖi ɖase tso Fofoa ŋu nyuie wu. Eye esia wɔe be ame geɖe va xɔ Mawu dzi se. (Yoh. 11:45)—8/1, axa 14-15.

• Nu kawoe “nuxeƒewo [alo teƒe kɔkɔwo]” nye?

Zi geɖe la, teƒe siawo nyea xexenu le togbɛwo tame alo teƒe bubu siwo wosubɔa alakpamawuwo le. Ɣeaɖewoɣi la, woɖia vɔsamlekpuiwo, sɔti kɔkɔewo, kple nu bubu siwo wozãna ne wole ta dem agu na woƒe mawuwo la ɖe teƒe mawo tsɔ wɔa subɔsubɔkɔnu siwo nu Yehowa de se ɖo. (4 Mose 33:52)—8/1, axa 23.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe