Ènyaa?
Nu kae nye du ƒe agbo si woyɔna le Biblia me zi geɖe?
▪ Le Biblia ŋlɔɣiwo la, wotua glikpɔ ƒoa xlã dugã geɖe tsɔ kpɔa wo ta. Gbadzaƒewo nɔa glikpɔ mawo ƒe agbowo nu le ememe, afi si amewo doa go, tsaa asi hegblɔa nyadzɔdzɔwo hã le. Afi mae woɖea gbeƒã nyatakakawo le, eye nyagblɔɖilawo hã anya ɖe gbeƒã Mawu ƒe gbedeasiwo le afi ma. (Yeremiya 17:19, 20) Agbalẽ si nye The Land and the Book gblɔ be: “Dɔwɔna ɖe sia ɖe ƒomevi kloe yia edzi le dua ƒe agboawo me alo le teƒe si te ɖe afi ma ŋu.” Le blema Israel la, du ƒe agbo siawoe wozãna abe ale si wozãa egbegbe ablɔme, afi si dumeviwo ƒoa ƒu ɖo hexɔa nyatakakawo tso dufiawo gbɔ le, ene.
Le kpɔɖeŋu me, Abraham ƒle anyigba aɖe le Efron si “le Xitiviawo kple ame siwo katã va dua [ƒe agboa] me la ŋku me” be wòanye ameɖibɔ na eƒe ƒomea. (1 Mose 23:7-18) Eye Boas hã bia tso Betlexem dumegã ewo si be woabɔbɔ nɔ anyi ɖe dua ƒe agbo nu, eye le wo ŋkume la, ewɔ ɖoɖo ɖe Rut kple srɔ̃a si ku la ƒe domenyinuwo ŋu le Lewi viwo ƒe amenɔvi si ku srɔ̃ ɖeɖe ɖoɖoa nu. (Rut 4:1, 2) Ne dumegãwo di be yewoakpɔ nya aɖe gbɔ la, dua ƒe agboa mee woɖia anyi ɖo drɔ̃a ʋɔnu hewɔa nyametsotsowo.—5 Mose 21:19.
Afi kae nye Ofir si ŋu Biblia gblɔ le be wokpɔa sika nyuitɔ le?
▪ Hiob ƒe agbalẽae ƒo nu tso “Ofir sika” ŋu zi gbãtɔ be enye “sika nyuitɔ.” (Hiob 28:15, 16) Anɔ abe ƒe 600 ene le Hiob ƒe ŋkekeawo megbe la, Fia David ƒo “Ofir sika” nu ƒu hena Yehowa ƒe gbedoxɔ tutu le Yerusalem. Via Solomon hã ƒle sika tso Ofir.—1 Kronika 29:3, 4; 1 Fiawo 9:28.
Ŋɔŋlɔawo gblɔ be Solomon na wokpa tɔdziʋu gbogbo aɖewo nɛ ɖe Ezeon-Geber, si le Ƒudzĩa nu, siwo tsɔa sika tso Ofir vana nɛ. (1 Fiawo 9:26) Agbalẽnyala aɖewo gblɔ be Ezeon-Geber le Aqaba Ƒukɔme ƒe dziehe lɔƒo, si te ɖe egbegbe Elat kple Aqaba ŋu. Tso afi ma la, tɔdziʋuwo ate ŋu ayi Ƒudzĩa ƒe akpa ɖe sia ɖe alo asitsadu bubu siwo le didiƒe ke, le Afrika kple India ƒutanutowo me la me, afi si Ofir hã anya nɔ. Ke hã, ame aɖewo hã gblɔ be Arabia, afi si wokpɔ blema sikakuƒewo le, si wogakua sika le va se ɖe egbe, ye Ofir nɔ.
Ne nyakpakpae wònye be sikakuƒewo nɔ Solomon si, abe ale si ame aɖewo susui ene hã la, blema Egipte ŋuti numekula Kenneth A. Kitchen ŋlɔ be: “Ofir ŋu nyawo ya menye nyakpakpa o. Nuŋlɔɖi kpui aɖe si dze le Hebritɔwo ƒe blema anyinumeme kakɛ aɖe si anya nɔ anyi tso ƒe alafa enyilia D.M.Ŋ. me ke dzi eme kɔ nyuie lae nye: ‘Ofir Sika na Bet-Xoron—Sekel 30.’ Nyagbɔgblɔ ‘Ofir sika’ ɖee fia be Ofir nye teƒe ŋutɔŋutɔ si wokua sika le, abe ale si ko Egiptetɔwo ƒe nuŋlɔɖi bubuwo ƒo nu tso ‘Amau sika,’ ‘Punt sika,’ alo ‘Kus sika’ ŋu ene—le go siawo me la, ŋkɔ siawo he susu yi afi si wokpɔ sika ƒomevi aɖe tso kple sikaa ƒe nyonyome dzi.”
[Nɔnɔmetata si le axa 15]
Abraham le dua ƒe agbo la me, be yeaƒle anyigba
[Nɔnɔmetata si le axa 15]
Hebritɔwo ƒe blema anyinumeme si dzi woŋlɔ Ofir ɖo
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Collection of Israel Antiquities Authority, Photo © The Israel Museum, Jerusalem