INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/15 axa 4
  • Amekpekpedɔ Tɔxɛ Aɖe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Amekpekpedɔ Tɔxɛ Aɖe
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2015
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Amekpekpedɔ Tɔxɛ Aɖe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
  • Nu Nyuiwo Le Dodom Tso Amekpekpedɔa Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
  • Amewo Kpekpe Na Nutome Gã Takpekpea
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ (2016)
  • Míadze Ŋkuɖodzia Ƒe Amekpegbalẽvia Mama Gɔme Tso April 2 Dzi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2015
km 4/15 axa 4

Amekpekpedɔ Tɔxɛ Aɖe

1. Ɣekaɣie míadze amewo kpekpe hena nutome gã takpekpea gɔme?

1 Ne èle ɖoɖo wɔm be yeaɖo kplɔ̃ tɔxɛ aɖe na xɔ̃wòwo alo ƒometɔwo, eye esia abia be nàzã ga kple ɣeyiɣi geɖe la, ɖikeke mele eme o be, màkpe wo ɖewoɖewoe ko o. Nenema kee wozã ɣeyiɣi geɖe tsɔ trɔ asi le gbɔgbɔmenuɖukplɔ̃ si woaɖo na mí le nutome gã takpekpe si gbɔna me la ŋu. Yehowa na mɔnukpɔkpɔ mí be ne esusɔ kwasiɖa etɔ̃ míade takpekpea la, míakpe amewo be woade takpekpea kpli mí. Nu kae aʋã mí be míakpe amewo dzonɔamemetɔe?

2. Nu kae aʋã mí be míaƒo mía ɖokuiwo ɖe amekpekpedɔa me bliboe?

2 Ne míede ŋugble le ale si gbegbe gbɔgbɔmenuɖuɖu siwo Yehowa nana mí le míaƒe takpekpewo me ɖea vi na míi ŋu la, esia aʋã mí be míaƒo mía ɖokuiwo ɖe amekpekpedɔa me bliboe. (Yes. 65:13, 14) Anyo be míaɖo ŋku edzi be nu nyuiwo dona tso amekpekpedɔ si míewɔna ƒe sia ƒe la me. (Kpɔ aɖaka si nye “Nu Nyuiwo Le Dodom Tso Eme.”) Ame siwo míakpe la dometɔ aɖewo ade takpekpea kpli mí. Veviedodo le amekpekpedɔa me ahe kafukafu avɛ na Yehowa ahaɖe eƒe nyuiwɔwɔ afia, metsɔ le ame agbɔsɔsɔ si alɔ̃ ade takpekpea kpli mí me o.—Ps. 145:3, 7; Nyaɖ. 22:17.

3. Aleke míama amekpegbalẽvi lae?

3 Hamemetsitsiwo ƒe ha ɖe sia ɖe ana mɔfiame ku ɖe ale si míawɔ akpe anyigbamamaa ɖoe ŋu. Woana míanya ne asɔ be míagblẽ amekpegbalẽvia ɖi na ame siwo ŋu míeke ɖo le aƒe me o, alo ne míate ŋu ama wo le dutoƒoɖaseɖiɖidɔa me le míaƒe anyigbamamaa me. Ne míele amekpegbalẽvia mam le kwasiɖanuwuwuwo la, ele be míana magazinewo hã akpe ɖe eŋu ɣesiaɣi si wòsɔ. Ne amekpekpedɔa wu enu la, dzi adzɔ mí ŋutɔ be míekpɔ gome le dɔa me dzonɔamemetɔe hekpe ame geɖe ale si nu míate ŋui be woava gbɔgbɔmenuɖukplɔ̃ si Yehowa ɖo na mí ŋu!

Nya Kae Nàgblɔ?

Ne èdo gbe na amea vɔ la, àte ŋu agblɔ be: “Míele amewo kpem le xexea me godoo be woade takpekpe vevi aɖe kpli mí. Meɖe kuku, wò amekpegbalẽvie nye esia. Àkpɔ ɣletiŋkekea kple gamea kpakple afi si míawɔe le la le edzi.”

Nu Nyuiwo Le Dodom Tso Eme

  • Esi nɔvinyɔnu aɖe nɔ amekpekpedɔ sia wɔm ƒe aɖewoe nye esi va yi la, enɔ eŋu bum nenye be viɖe aɖe le agbagba si gbegbe dzem míele ŋu. Ebia eɖokui be, ‘Ðe ame siwo kpem míele alɔ̃ ade takpekpea kpli mí nyateƒea?’ Le takpekpea ƒe Memleɖagbe ŋdi la, ekpɔ be aƒetɔ aɖe si nye Sikhe subɔsubɔha me tɔ la bɔbɔ nɔ egbɔ lɔƒo, eya ta eɖoe be yeate ɖe eŋu ado gbe nɛ. Le dzeɖoɖo me la, nɔvinyɔnua va kpɔe be míaƒe amekpekpea dzie aƒetɔ sia zɔ ɖo va takpekpea. Ŋutsua bia nya geɖe, eye nɔvinyɔnua ɖo wo ŋu nɛ. Ŋutsua gblɔ ale si gbegbe wòle vivi sem na takpekpea kple ale si amewo ƒe dzadzraɖo kple nɔnɔme nyui wɔ dɔ ɖe edzii. Emegbe le ŋkeke ma ke dzi la, nɔvinyɔnua dze dzeɖoɖo gɔme kple atsu kple asi aɖe si nɔ anyi ɖe exa. Eva kpɔe be woawo hã woxɔ amekpegbalẽvia eye woɖo ʋu va takpekpea. Takpekpea vivi woawo hã nu ale gbegbe be woɖoe be yewoava Kwasiɖagbe hã. Esia na nɔvinyɔnua va kpɔ ale si gbegbe amekpekpedɔ si míewɔna ƒe sia ƒe la le vevie.

  • Le takpekpe aɖe si míewɔ nyitsɔ laa me la, atsu kple asi aɖe siwo nye gbesiagbe mɔɖelawo la te ɖe srɔ̃tɔ tsitsi aɖewo ŋu. Ŋutsua kple srɔ̃a gblɔ be emae nye zi gbãtɔ yewova míaƒe takpekpe. Mɔɖelaawo bia wo be, “Ame kae kpe mi?” Woɖo eŋu be: “Gbe ɖeka esi míegbɔ va aƒe me la, míekpɔ amekpegbalẽvia le ʋɔtrua te.” Woxlẽ nya siwo le edzi, eye wokpe aɖaka si le megbekpaa dzi la ɖo gɔ̃ hã. Nɔvi aɖewo ma woƒe ŋdɔnuɖuɖu kple ŋutsua kple srɔ̃a. Wokpɔ dzidzɔ ɖe takpekpea ŋu ŋutɔ, eya ta woɖoe be yewoava ŋkeke si kplɔe ɖo hã. Nɔviawo wɔ ɖoɖo be yewoayi wo gbɔ le aƒe me aɖatu woƒe ɖetsɔlemea ɖo.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe