INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 2/1 axa 16-17
  • Ame Kae Nye Mawu?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ame Kae Nye Mawu?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ame Kae Nye Mawu?
    Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ!
  • Ame Kae Nye Mawu?
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Ameka Tututue Mawu Nye?
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Nu Ka Tae Wòle Be Míazã Mawu Ƒe Ŋkɔ?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 2/1 axa 16-17

Srɔ̃ Nu Tso Mawu Ƒe Nya La Me

Ame Kae Nye Mawu?

Nya siwo nànya bia kpɔ la anɔ dzedzem le nyati sia me, eye afia wò afi si nàkpɔ ŋuɖoɖoawo le axlẽ le wò Biblia me. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoadzro nyabiase siawo ƒe ŋuɖoɖowo me kpli wò.

1. Ame kae nye Mawu?

Mawu vavã lae wɔ nuwo katã. Biblia yɔe be “Fia mavɔmavɔtɔ,” si fia be gɔmedzedze meli nɛ o, eye nuwuwu hã meli nɛ o. (Nyaɖeɖefia 15:3) Esi wònye Mawu gbɔe míaƒe agbe dzɔ tso ta la, eya ɖeka koe wòle be míasubɔ.—Xlẽ Nyaɖeɖefia 4:11.

2. Ame ka ƒomevie Mawu nye?

Ame aɖeke mekpɔ Mawu kpɔ o, elabena Gbɔgbɔe wònye, eye esia fia be agbe ƒomevi si le esi la kɔ boo wu nuwɔwɔ siwo le anyigba dzi la tɔ. (Yohanes 1:18; 4:24) Mawu ƒe nɔnɔmewo dzena le nu siwo wòwɔ la me. Le kpɔɖeŋu me, ne míede ŋugble le ale si Mawu wɔ atikutsetse kple seƒoƒo vovovowoe ŋu la, eƒe lɔlɔ̃ kple nunya dzena ƒãa míekpɔna. Ale si gbegbe xexe gbahooa loloe la, ɖea eƒe ŋusẽ fiana.—Xlẽ Romatɔwo 1:20.

Míagate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso Mawu ƒe nɔnɔmewo ŋu le Biblia me. Le kpɔɖeŋu me, egblɔ nu siwo Mawu lɔ̃na kple nu siwo melɔ̃na o, ale si wòwɔa nu ɖe ame ŋui, kple ale si wòwɔa nui le nɔnɔme vovovowo me, la na mí.—Xlẽ Psalmo 103:7-10.

3. Ŋkɔ le Mawu sia?

Yesu gblɔ be: “Mía Fofo si le dziƒowo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ.” (Mateo 6:9) Togbɔ be dzesideŋkɔ geɖe le Mawu si hã la, ŋkɔ ŋutɔŋutɔ ɖeka koe le esi. Gbe vovovo dolawo kple ale si wotrɔa aɖe ɖe ŋkɔ sia ŋui. Le Eʋegbe me la, woyɔnɛ be “Yehowa.”—Xlẽ Psalmo 83:19.

Woɖe Mawu ƒe ŋkɔ ɖa le Biblia geɖe me, eye wotsɔ dzesideŋkɔ siwo nye Aƒetɔ alo Mawu ɖo eteƒe. Gake esi woŋlɔ Biblia la, ŋkɔ sia dze le eme wòde zi 7,000 sɔŋ. Yesu na amewo nya Mawu ƒe ŋkɔ to ale si wòzãnɛ ne ele Mawu ƒe Nya la me ɖem. Ekpe ɖe amewo ŋu wodze si Mawu.—Xlẽ Yohanes 17:26.

4. Ðe Yehowa tsɔ ɖe le eme na mía?

Yehowa tsɔ ɖe le eme na mí, elabena eya ŋutɔe ɖoa to míaƒe gbedodoɖawo. (Psalmo 65:3) Ðe ale si fukpekpe bɔ la fia be Mawu metsɔ ɖeke le eme na mí oa? Ame aɖewo gblɔna be Mawu hea fukpekpewo vaa mía dzi be yeatsɔ ado mí akpɔ, gake esia menye nyateƒe o. Biblia gblɔ be: “Nede megbe xaa be, Mawu nawɔ nu vɔ̃ɖi.”—Hiob 34:10; xlẽ Yakobo 1:13.

Mawu de bubu mía ŋu le esi wòna tiatiawɔblɔɖe mí. Ðe ablɔɖe si le mía si be míawo ŋutɔwo míatiae be míasubɔ Mawu la medzɔa dzi na mí oa? (Yosua 24:15) Esi ame geɖe tiae be yewoasẽ ŋuta le ame bubuwo ŋu tae fukpekpe bɔ ɖo. Nu madzɔmadzɔ mawo teƒe kpɔkpɔ vea Yehowa.—Xlẽ 1 Mose 6:5, 6.

Eteƒe madidi o, Yehowa ato Yesu dzi aɖe fukpekpewo kple ame siwo nana míekpea fu la ɖa. Ke hã, susu nyui geɖewo le Yehowa si siwo ta wòɖe mɔ fukpekpe li fifia gbɔ ɖo. Nyati bubu abe esia ene ava ɖe nu si tae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo la me.—Xlẽ Yesaya 11:4.

5. Nu kae Mawu di tso mía si?

Yehowa wɔ mí ale gbegbe be míate ŋu adze sii ahalɔ̃e. Edi be míasrɔ̃ nyateƒe si ku ɖe ye ŋu. (1 Timoteo 2:4) Ne míesrɔ̃ Biblia la, Mawu ava nɔ na mí abe Xɔlɔ̃ ene.—Xlẽ Lododowo 2:4, 5.

Esi wònye be Yehowae na agbe mí ta la, ele be míalɔ̃e wu ame bubu ɖe sia ɖe. Míate ŋu aɖee afia Mawu be míelɔ̃e ne míedoa gbe ɖa nɛ, eye míewɔa nu si wòdi tso mía si. (Lododowo 15:8) Yehowa di tso mía si be míalɔ̃ amewo.—Xlẽ Marko 12:29, 30; 1 Yohanes 5:3.

Kpɔ agbalẽ sia, Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? si Yehowa Ðasefowo ta la ƒe ta 1 be nàsrɔ̃ nu geɖe wu tso nya sia ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Ðe susu nyui aɖe ate ŋu anɔ anyi si ta woaɖe mɔ ɖe fukpekpe ŋu hena ɣeyiɣi aɖea?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe