INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 2/1 axa 25-26
  • Mawu Lɔ̃e, Eye Exɔlɔ̃wo Hã Lɔ̃e

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mawu Lɔ̃e, Eye Exɔlɔ̃wo Hã Lɔ̃e
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ena Fofoa Kple Yehowa Kpɔ Dzidzɔ
    Fia Nu Viwòwo
  • Nuteƒewɔlawo Ƒe Nu Dzea Mawu Ŋu!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Yefta Ƒe Ŋugbedodo
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Yefta Wɔ Adzɔgbe Si Wòɖe Na Yehowa La dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 2/1 axa 25-26

Fia Nu Viwòwo

Mawu Lɔ̃e, Eye Exɔlɔ̃wo Hã Lɔ̃e

AME aɖeke meli egbea si nya eŋkɔ o. Fofoa Yefta, ŋu koe míenyae ɖo. Na míadzro Biblia me akpɔ ɖa be nu kae míasrɔ̃ tso ame eve siawo ŋu hã. Míakpɔe be Mawu lɔ̃ Yefta vinyɔnua, eye exɔlɔ̃wo hã lɔ̃e.

Míate ŋu axlẽ nu tso Yefta kple vianyɔnuvia ŋu le Biblia me le Ʋɔnudrɔ̃lawo ta 11 lia me. Esi Yefta nye Mawu subɔla wɔnuteƒe ta la, ɖikeke mele eme o be edzroa Ŋɔŋlɔawo me kple vianyɔnuvia edziedzi.

Yefta nɔ agbe do ŋgɔ na ɣeyiɣi si me Mawu ƒe dukɔ Israel bia be woaɖo fia na yewo la me. Yefta nye ŋutsu sesẽ si ŋu ŋutete le be wòawɔ aʋa. Eya ta Israel viwo bia tso esi be wòaxɔ ŋgɔ na yewo yewoawɔ aʋa kple Amonitɔwo. Wonye dukɔ aɖe si te ɖe Israel viwo ŋu, eye wonɔ aʋa wɔm kpli wo.

Yefta di be Mawu nakpe ɖe yewo ŋu yewoaɖu Amonitɔwo dzi, eya ta edo ŋugbe aɖe na Mawu. Yefta gblɔ be ne Yehowa na yeɖu aʋa dzi la, yeatsɔ ame gbãtɔ si ado tso yeƒe aƒe me ava kpe ye la ana Yehowa. Ame ma asubɔ Mawu le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo katã me le avɔgbadɔa me, si nye afi si amewo subɔa Mawu le ɣemaɣi. Ènya ame si do go va kpee gbã?—a

Ɛ̃, Yefta vinyɔnuviae! Ete ɖe Yefta dzi ŋutɔ. Vi ɖeka koe le esi. Ke hã, edo ŋugbe na Yehowa, eye ele nɛ be wòawɔ edzi. Enumake vianyɔnuvia gblɔ be: ‘Fofonye, ne èke nu na Yehowa la, ekema wɔm, abe ale si do tso wò nu me ene.’ Eyome egblɔ na fofoa be wòaɖe mɔ na ye dzinu eve yeayi towo dzi aɖafa konyi. Nu ka tae wòlé blanui? Elabena ne ewɔ ɖe adzɔgbe si fofoa ɖe dzi la, magate ŋu aɖe srɔ̃ adzi viwo o. Togbɔ be enɔ alea hã la, mebu eya ŋutɔ ƒe didiwo be wole vevie wu o. Edi be yeaɖo to ye fofo ahawɔ nuteƒe na Yehowa. Èsusu be ena dzi dzɔ Yehowa, kpakple fofoa siaa?—

Eya ta Yefta ɖe mɔ na vianyɔnuvia kple exɔlɔ̃wo woyi towo dzi dzinu evea. Esi wòtrɔ gbɔ la, fofoa wɔ eƒe adzɔgbeɖeɖea dzi heɖoe ɖe Mawu ƒe avɔgbadɔa me le Silo be wòanɔ afi ma eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo katã. Ƒe sia ƒe la, Israel nyɔnuwo yina Silo ɖadea dzi ƒo na Yefta vinyɔnua.

Ènya ɖevi aɖewo siwo ɖoa to wo dzilawo, eye wolɔ̃ Yehowa?— Anyo be nànya ɖevi siawo nyuie, eye nàdze xɔlɔ̃ wo. Ne èsrɔ̃ Yefta vinyɔnuvia ƒe kpɔɖeŋua, eye nèɖoa to hewɔa nuteƒe la, xɔlɔ̃ vavãwo asu asiwò. Dzi adzɔ dziwòlawo, eye Yehowa hã alɔ̃ wò.

Xlẽe le wò Biblia me

5 Mose 6:4-6

Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:30-40

1 Korintotɔwo 7:37, 38

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Ne èle nyati sia xlẽm na ɖevi la, fli kpui siawo aɖo ŋku edzi na wò be ele be nàtɔ vie bene ɖevia naɖo biabiaa ŋu.

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe