INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • yc nusɔsrɔ̃ 4 axa 10-11
  • Ena Fofoa Kple Yehowa Kpɔ Dzidzɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ena Fofoa Kple Yehowa Kpɔ Dzidzɔ
  • Fia Nu Viwòwo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mawu Lɔ̃e, Eye Exɔlɔ̃wo Hã Lɔ̃e
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Nuteƒewɔlawo Ƒe Nu Dzea Mawu Ŋu!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Yefta Ƒe Ŋugbedodo
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Ŋugbe Si Yefta Do
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
Kpɔ Bubuwo
Fia Nu Viwòwo
yc nusɔsrɔ̃ 4 axa 10-11
Yefta zãa ɣeyiɣi ɖe via nyɔnuvia ŋu esi wònye ɖevi

NUSƆSRƆ̃ 4

Ena Fofoa Kple Yehowa Kpɔ Dzidzɔ

Yefta le gbe dom ɖa na Yehowa esime Israel-ʋakɔa le aʋa wɔm kple woƒe futɔwo

Ŋugbe ka domee Yefta le na Yehowa?

Yefta trɔ tso aʋa eye wòle atuu wɔm na via nyɔnuvi si va kpee

Menɔ bɔbɔe na Yefta vinyɔnua o, gake ewɔ ŋugbe si fofoa do la dzi

Èkpɔ nyɔnuvi si le nɔnɔmetataa mea?​— Fofoa ŋkɔe nye Yefta. Biblia meyɔ nyɔnuvi sia ƒe ŋkɔ na mí o, gake míenya be ena fofoa kple Yehowa kpɔ dzidzɔ. Na míasrɔ̃ nu tso nyɔnuvi sia kple fofoa Yefta ŋu.

Ame nyui aɖee Yefta nye. Yefta zãa ɣeyiɣi gbogbowo tsɔ fiaa nu via tso Yehowa ŋu. Ŋutsu sesẽ aɖee Yefta nye eye wònye aʋakplɔla nyui hã. Eya ta Israel-viwo gblɔ nɛ be wòakplɔ yewo yewoawɔ aʋa kple yewoƒe futɔwo.

Yefta do gbe ɖa na Mawu be wòana yeaɖu dzi. Edo ŋugbe be ne yeɖu dzi la, yeatsɔ ame gbãtɔ si ado tso yeƒe aƒe me ava do go ye ne yetrɔ gbɔna aƒe me la ana Yehowa. Ame sia anɔ Mawu ƒe avɔgbadɔ me eye wòawɔ dɔ le afi ma eye magagbɔ va edzilawo gbɔ o. Avɔgbadɔa nye teƒe si amewo yina va subɔa Mawu le le blema. Ènyaa, Yefta ɖu aʋa dzi! Esi wòtrɔ gbɔna aƒe me la, ènya ame gbãtɔ si do go tso eƒe aƒe me va do goea?​—

Ɛ̃, Yefta vinyɔnua ye! Eya koe nye vi ɖeka si nɔ esi. Fifia ele be Yefta nana via nava subɔ le avɔgbadɔ me. Esia na Yefta lé blanui. Gake ɖo ŋku edzi be edo ŋugbe na Yehowa. Via nyɔnuvia gblɔ zi ɖeka be: ‘Papa, èdo ŋugbe na Yehowa, eya ta ele be nàwɔ ɖe edzi.’

Yefta vinyɔnua le nake fɔm hena avɔgbadɔa; exɔlɔ̃wo va srãe kpɔ

Ƒe sia ƒe la, Yefta vinyɔnua ƒe xɔlɔ̃wo yina ɖakpɔnɛ ɖa

Yefta vinyɔnua hã lé blanui. Ne eva le avɔgbadɔa me la, mate ŋu aɖe srɔ̃ o, eye mate ŋu adzi vi hã o. Gake Yefta via di vevie be yeawɔ ɖe ye fofo ƒe ŋugbedodoa dzi eye yeana dzi nadzɔ Yehowa. Fofoa ƒe ŋugbedodoa dzi wɔwɔ nɔ vevie nɛ wu be wòaɖe srɔ̃ alo adzi vi. Eya ta edzo le fofoa ƒe aƒe me yi avɔgbadɔa me eye megagbɔ va edzilawo gbɔ o.

Èsusu be ena dzi dzɔ Yehowa kple fofoa siaa?​— Ɛ̃, ena dzi dzɔ wo ŋutɔ! Ne èɖoa to Yehowa eye nèlɔ̃e la, wò hã àte ŋu anɔ abe Yefta vinyɔnua ene. Eye wò hã ana dziwòlawo kple Yehowa nakpɔ dzidzɔ ŋutɔ.

XLẼE LE WÒ BIBLIA ME

  • 5 Mose 6:4-6

  • Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:30-40

  • 1 Korintotɔwo 7:37, 38

BIABIAWO:

  • Ame kae nye Yefta? Ŋugbe kae wòdo?

  • Nu ka tae menɔ bɔbɔe na Yefta vinyɔnua be wòawɔ ɖe ŋugbe si fofoa do dzi o?

  • Nu kae nɔ vevie na Yefta vinyɔnua wu?

  • Aleke nàwɔ anɔ abe Yefta vinyɔnua ene?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe