INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • my ŋutinya 53
  • Yefta Ƒe Ŋugbedodo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yefta Ƒe Ŋugbedodo
  • Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ena Fofoa Kple Yehowa Kpɔ Dzidzɔ
    Fia Nu Viwòwo
  • Mawu Lɔ̃e, Eye Exɔlɔ̃wo Hã Lɔ̃e
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Nuteƒewɔlawo Ƒe Nu Dzea Mawu Ŋu!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Ŋugbe Si Yefta Do
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
Kpɔ Bubuwo
Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
my ŋutinya 53
Yefta vinyɔnua le axatsɛ ƒom esime wòdo go va fofoa kpe ge

ŊUTINYA 53

Yefta Ƒe Ŋugbedodo

ÈDO ŋugbe aɖe kpɔ, eye emegbe nèkpɔ be edziwɔwɔ sesẽa? Ŋutsu, si le nɔnɔmetata sia me la do ŋugbe ma, eyatae wòlé blanui nenema ɖo. Ŋutsu la nye Israel ƒe ʋɔnudrɔ̃la sesẽ aɖe, si ŋkɔe nye Yefta.

Yefta nɔ anyi le ɣeyiɣi, si me Israel-viwo megale Yehowa subɔm o. Wogadze nu gbegblẽ wɔwɔ gɔme. Eyata Yehowa na Amonitɔwo wɔ nuvevi wo. Esia na Israel-viwo do ɣli yɔ Yehowa be: ‘Míewɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò. Taflatse ɖe mí!’

Eve ameawo be yewowɔ nu gbegblẽ siawo. Esi wònye eve wo ta la, wogasubɔ Yehowa ake. Eyata Yehowa gakpe ɖe wo ŋu.

Ameawo tia Yefta be wòawɔ aʋa kple Amonitɔ vɔ̃ɖiawo. Yefta di vevie be Yehowa nakpe ɖe ye ŋu le aʋa la wɔwɔ me. Eyata edo ŋugbe na Yehowa be: ‘Ne èna meɖu Amonitɔwo dzi la, matsɔ ame gbãtɔ, si ado le nye aƒeme ava kpem le nye tɔtrɔgbɔ me la na wò.’

Yefta lé blanui esi wòkpɔ be ye vinyɔnua ye nye ame gbãtɔ si do go va ye kpe ge

Yehowa se Yefta ƒe ŋugbedodo la, eyata ekpe ɖe eŋu wòɖu aʋa la dzi. Esi Yefta trɔ yina aƒeme la, ènya ame gbãtɔ, si va do goea? Vianyɔnuvi, si nye eƒe tesi lae. Yefta do ɣli be: ‘Oo, vinye, èdo nublanuitɔm. Medo ŋugbe na Yehowa, eye nyemate ŋu atrɔe o.’

Esi Yefta ƒe vi la se fofoa ƒe ŋugbedodoa la, gbã la, eya hã lé blanui. Elabena ele nɛ be wòadzo le fofoa kple exɔlɔ̃wo gbɔ. Eye wòatsɔ eƒe agbe me ŋkeke mamlɛa asubɔ Yehowa le eƒe agbadɔ me le Silo. Eyata egblɔ na fofoa be: ‘Ne èdo ŋugbe na Yehowa la, ele be nàwɔ edzi.’

Eye Yefta vinyɔnu la dzo yi Silo; eye wòtsɔ eƒe agbe me ŋkeke mamlɛa subɔ Yehowa le eƒe avɔgbadɔ me. Ƒe sia ƒe la, Israel-nyɔnuwo ɖea ŋkeke ene heyia egbɔ le afima, eye wo katã wokpɔa dzidzɔ. Ameawo lɔ̃ Yefta vinyɔnu la, elabena enye Yehowa subɔla nyui aɖe.

Ʋɔnudrɔ̃lawo 10:6-18; 11:1-40.

Nusɔsrɔ̃ Nyabiabiawo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe