Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
Nu ka tae Mose do dziku ɖe Aron viŋutsu Eleazar kple Itamar ŋu le wo nɔvi Nadab kple Abihu ƒe ku megbe, eye alekee wofa eƒe dzikua nu?—3 Mose 10:16-20.
Esi woɖo nunɔlanyenye ƒe ɖoɖoa anyi hena subɔsubɔnyawo gbɔ kpɔkpɔ le avɔgbadɔa me eteƒe medidi o la, Yehowa ɖe Aron viŋutsu Nadab kple Abihu ƒe agbe ɖa le esi wotsɔ dzo bubu si ŋu meɖe mɔ ɖo o la va Eŋkume ta. (3 Mose 10:1, 2) Mose gblɔ na Aron viŋutsu mamlɛawo be woagafa na wo nɔvi siwo ku la o. Le esia megbe kpuie la, Mose do dziku ɖe Eleazar kple Itamar ŋu, elabena womeɖu gbɔ̃tsu si wotsɔ sa nuvɔ̃vɔe la o. (3 Mose 9:3) Nu ka tae Mose wɔ nu alea?
Se si Yehowa tsɔ na Mose la gblɔ tẽe be, ele be nunɔla si sa nuvɔ̃vɔ la naɖu eƒe akpa aɖe le avɔgbadɔa ƒe xɔxɔnu. Wobua ewɔwɔ alea be enye ame siwo sa vɔa la ƒe vodadawo xɔxɔ ɖe akɔ. Gake ne wotsɔ nuvɔ̃vɔsalã la ƒe ʋu yi Kɔkɔeƒea, si nye agbadɔa ƒe xɔ gbãtɔ me la, ame aɖeke mekpɔ mɔ aɖui o. Ke boŋ, woatɔ dzoe.—3 Mose 6:17-19, 23.
Edze abe le ŋkeke ma ƒe nudzɔdzɔ wɔnublanuiawo megbe la, Mose kpɔ be ehiã be yeakpɔ egbɔ be wowɔ ɖe Yehowa ƒe sededewo katã dzi pɛpɛpɛ. Esi wòkpɔ be wotɔ dzo nuvɔ̃vɔsagbɔ̃tsua xoxo la, ebia Eleazar kple Itamar dzikutɔe be nu ka tae womeɖui abe ale si wode se ene o mahã, elabena wometsɔ eƒe ʋu yi Yehowa ŋkume le Kɔkɔeƒe la o.—3 Mose 10:16b-18.
Aron ɖo nya ŋu na Mose, le esi wòdze ƒãa be eya Aron ƒe mɔfiamewo dzie nunɔla siwo tsi agbe la wɔ ɖo ta. Esi Aron viŋutsu eve ku ta la, anya nɔ eɖokui biam be, ɖe nunɔla aɖe ƒe dzitsinya aɖe mɔ nɛ be wòaɖu nuvɔ̃vɔsalã la gbe ma gbe mahã. Ðewohĩ ese le eɖokui me be ne nunɔlawo ɖu nuvɔ̃vɔsalãa la, madze Yehowa ŋu o, togbɔ be menye woawo gbɔe wòtso be Nadab kple Abihu wɔ vodada o gɔ̃ hã.—3 Mose 10:19.
Nu si gale vevie wu, si ŋu Aron anya bu lae nye be, le ŋkeke ma si dzi yeƒe ƒomea me tɔwo sa vɔ na Mawu zi gbãtɔa dzi la, ele na wo be woaɖɔ ŋu ɖo vevie be woadze Mawu ŋu le nu suetɔ kekeake me. Ke hã, Nadab kple Abihu do vlo Yehowa ƒe ŋkɔ, eye Mawu ƒe dɔmedzoe bi ɖe wo ŋu. Eya ta, Aron anya bui be mele be nunɔla siwo wɔ nu vɔ̃a la ƒe ƒometɔ aɖeke nakpɔ gome le vɔsalã kɔkɔeawo ɖuɖu me o.
Edze abe Mose xɔ nɔviaŋutsua ƒe ŋuɖoɖo la de eme ene, elabena nuŋlɔɖia wu enu be: “Esi Mose see la, edze eŋu.” (3 Mose 10:20) Edze ƒãa be Aron ƒe ŋuɖoɖoa dze Yehowa hã ŋu.