Èkpɔa Mawu Ƒe Mɔfiafia Dzea Siia?
ISRAEL viwo kple Egiptetɔwo siaa mekpɔ nu sia tɔgbi kpɔ o. Esime Israel viwo ʋu tso Egipte la, alilikpo dodo aɖe do ɖe yame le wo kasa, eye wònɔ wo ŋu ɣeawokatãɣi le woƒe Mɔzɔzɔa me. Le zã me la, etrɔna zua dzobibi. Nu wɔnuku kae nye esi! Gake afi kae alilikpo dodo la tso? Nu ka tae wòdo ɖo? Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Israel viwo bu “dzobibi kple alilikpo dodo” si nɔ wo ŋu ƒe 3,500 ye nye esi va yi la me?—2 Mose 14:24.
Mawu ƒe Nya la na míenya afi si alilikpo dodo la tso kple nu si tae wòdo ɖo. Egblɔ be: ‘Le ŋkeke me la Yehowa zɔa wo ŋgɔ le alilikpo dodo aɖe me, bena wòafia mɔ wo; eye le zã me la eklẽna na wo le dzobibi aɖe me, bena woate ŋu azɔ zã kple keli.’ (2 Mose 13:21, 22) Yehowa Mawu zã dzobibi kple alilikpo dodo la tsɔ fia mɔ eƒe amewo woʋu tso Egipte, eye wòtsɔe fia mɔ wo le woƒe mɔzɔzɔ le gbea dzi hã me. Enɔ na wo be woanɔ klalo ɣesiaɣi aho ale be woate ŋu adze eyome. Esi Egiptetɔwo ƒe asrafo siwo nɔ Mawu ƒe amewo yome tim la di be yewodze wo dzi la, alilikpo dodo la va tso woa kple Israel viwo dome eye wòkpɔ Israel viwo ta. (2 Mose 14:19, 20) Togbɔ be zi geɖe la, alilikpo dodo la mekplɔa wo toa mɔ si le tẽe dzi o hã la, ne Israel viwo dze eyome ko hafi woate ŋu aɖo Ŋugbedodonyigbaa dzi.
Alilikpo dodo si nɔ Mawu ƒe amewo ŋu la na kakaɖedzi wo be Yehowa li kpli wo. Enɔ tsitre ɖi na Yehowa, eye ɣeaɖewoɣi la, Yehowa ƒoa nu tso eme. (4 Mose 14:14; Ps. 99:7) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, alilikpo dodo la na wokpɔe be Mose ye Yehowa tia be wòakplɔ dukɔa. (2 Mose 33:9) Nenema kee zi mamlɛtɔ si woƒo nu tso alilikpo dodoa ŋu la, enɔ kpe ɖom edzi na dukɔa be Yehowa tia Yosua ɖe Mose teƒe. (5 Mose 31:14, 15) Le nyateƒe me la, hafi Israel viwo ƒe Mɔzɔzɔ le gbea dzi nakpɔ dzidzedze eye woaɖo afi si yim wonɔ la dedie la, ele be woakpɔ Mawu ƒe mɔfiafia adze sii eye woazɔ ɖe edzi.
Woƒe Susu Dzo Le Mɔfianu La Dzi
Ðikeke mele eme o be, esi Israel viwo kpɔ alilikpo dodo la zi gbãtɔ la, woƒe nu ku. Ke hã nublanuitɔe la, nukunu ma si Israel viwo kpɔna ɣesiaɣi la mewɔ dɔ ɖe wo dzi ale gbegbe be wòna wòɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ɖaa o. Wotsi tsitre ɖe Mawu ƒe mɔfiafia ŋu zi geɖe. Esime Egipte asrafowo ti wo yome la, Israel viwo meɖee fia be yewoka ɖe edzi be ŋusẽ le Yehowa si be wòaɖe yewo o. Ke boŋ wobu fɔ Mawu ƒe dɔla Mose be ekplɔ yewo yina ku me de ge. (2 Mose 14:10-12) Esi wokpɔ wo ta hekplɔ wo tso Ƒudzĩa dedie megbe la, woli liʋiliʋi le Mose, Aron, kple Yehowa ŋu, esi wosusu be yewomakpɔ tsi kple nuɖuɖu le afi ma o ta. (2 Mose 15:22-24; 16:1-3; 17:1-3, 7) Le kwasiɖa aɖewo megbe la, woƒoe ɖe Aron nu wòwɔ sikanyivi na wo. Wò ya bu eŋu kpɔ ko! Le teƒe siwo Israel viwo ƒu asaɖa anyi ɖo la dometɔ ɖeka la, wokpɔ alilikpo dodo kple dzobibi, siwo nye Ame si kplɔ wo tso Egipte la ŋuti kpeɖodzi sẽŋu la, gake womeɖo afi aɖeke hafi te tadede agu na legba si me agbe mele o henɔ gbɔgblɔm be: “Israel, esia nye wò mawu, si kplɔ wò tso Egipte-nyigba dzi.” ‘Ahɔhlɔ̃bɔbɔ’ alo bubumadeameŋu “gã” kae nye esi!—2 Mose 32:4; Nex. 9:18.
Israel viwo ƒe aglãdzenuwɔnawo ɖee fia be womebu Yehowa ƒe mɔfiafia ɖe naneke me kura o. Menye kuxiae nye be womenɔ nu kpɔm o, ke boŋ nya ku ɖe woƒe gbɔgbɔ me nugɔmesese ŋu. Wonɔ alilikpo dodo la kpɔm, gake woŋlɔ be be enɔ tsitre ɖi na Yehowa ƒe mɔfiafia. Ele eme be Israel viwo ƒe nuwɔna ‘do dziku na Israel ƒe Kɔkɔetɔ la,’ gake Yehowa kpɔ nublanui na wo, eye wòyi edzi tsɔ alilikpo dodo la fia mɔ wo va se ɖe esime woɖo Ŋugbedodonyigbaa dzi.—Ps. 78:40-42, 52-54; Nex. 9:19.
Kpɔ Ale Si Mawu Le Mɔ Fiam Egbea La Dze Sii
Le egbeŋkekeawo me hã la, Yehowa megblẽ eƒe amewo ɖi kpɔ mɔfiame si me kɔ la manamana wo o. Ale si ko Yehowa mekpɔ mɔ be Israel viwo nafia mɔ wo ɖokuiwo o la, nenema kee megblẽ míawo hã ɖi be míayi xexe yeye si ŋugbe wòdo la me le mía ɖokui si eƒe mɔfiame manɔmee o. Etia Yesu Kristo be wòanye hamea ƒe Kplɔla. (Mat. 23:10; Ef. 5:23) Yesu hã tsɔ ŋusẽ aɖe si nu na kluvi nuteƒewɔla ƒe ha aɖe, si me tɔwo nye Kristotɔ wɔnuteƒe siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na. Eye kluvi ƒe ha la hã ɖoa dzikpɔlawo le Kristo hamea me.—Mat. 24:45-47; Tito 1:5-9.
Nu kae akpe ɖe mía ŋu míakpɔ kluvi, alo aƒedzikpɔla, nuteƒewɔla ƒe ha sia adze sii? De dzesi ale si Yesu ŋutɔ ƒo nu tso kluvi ƒe ha sia ŋui. Egblɔ be: “Ame ka tututue nye aƒedzikpɔla nyateƒetɔ [alo nuteƒewɔla], si dze aɖaŋu, si eƒe aƒetɔ aɖo eƒe subɔviwo ƒe ha la nu, be wòanɔ nuɖuɖu si asu na wo la nam wo ɣesiaɣi le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi? Dzidzɔtɔe kluvi ma anye ne eƒe aƒetɔ gbɔ va kpɔe wòle ewɔm nenema!”—Luka 12:42, 43.
Eya ta aƒedzikpɔla ƒe ha la nye ‘nuteƒewɔla,’ metrɔa megbe dea Yehowa, Yesu, Biblia me nyateƒeawo, alo Mawu ƒe amewo gbeɖe o. Eye esi ‘wòdze aɖaŋu’ ta la, ebua nuwo ŋu nyuie esi wòle mɔ fiam dɔ vevitɔ kekeake, si nye gbeƒãɖeɖe “fiaɖuƒe ŋuti nya nyui” la kple ‘dukɔwo katã me tɔwo wɔwɔ be woanye nusrɔ̃lawo.’ (Mat. 24:14; 28:19, 20) Aƒedzikpɔla ƒe ha la le nu si wobia tso esi la wɔm pɛpɛpɛ hele gbɔgbɔmenuɖuɖu nyui siwo me nunyiame le la nam “le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.” Nu siwo na míekpɔe be Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe aƒedzikpɔlaa ŋu ye nye be, ele eƒe amewo yram ale be wole dzidzim ɖe edzi, efiaa mɔ wo ale be wowɔa nyametsotso veviwo, enaa wosea Biblia me nyateƒea gɔme nyuie wu, ekpɔa wo ta be woƒe futɔwo nagatsrɔ̃ wo ɖa o, eye wòna ŋutifafa kple dzidzeme wo.—Yes. 54:17; Flp. 4:7.
Wɔ Ðe Mawu Ƒe Mɔfiafia Dzi
Nu kae míate ŋu awɔ atsɔ aɖee afia be míekpɔa ŋudzedze ɖe Mawu ƒe mɔfiafiawo ŋu? Apostolo Paulo gblɔ be: “Miɖo to ame siwo le ŋgɔ xɔm le mia dome la, eye mibɔbɔ mia ɖokui.” (Heb. 13:17) Esia wɔwɔ manɔ bɔbɔe ɣesiaɣi o. Eƒe kpɔɖeŋu aɖee nye esi: Tsɔe be nènye Israel viwo dometɔ ɖeka le Mose ŋɔli. Esi miezɔ mɔ hena ɣeyiɣi aɖe la, alilikpo dodo la tɔ ɖe teƒe ɖeka. Ɣeyiɣi didi kae wòatɔ ɖi ase ɖo? Ŋkeke ɖeka? Kwasiɖa ɖeka? Alo atɔ ɖi ɣleti geɖea? Èbia ɖokuiwò be: ‘Ðe wòanyo be mafɔ nye nuzazã katã ado goe le agba mea?’ Ðewohĩ le gɔmedzedzea me la, àɖe nu siwo hiã wò vevie la ko. Ke hã ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, esi wòhiãna be nàkaka wò nuwo me hafi akpɔ nu si dim nèle ta la, èva tu wò agbawo henɔ nu sia nu fɔm le wo me. Gake esi wòsusɔ vie nàfɔ nuawo awu enu ko la, kasia, alilikpo dodo la ho—eya ta ehiã be nàgafɔ wò nuwo katã ado agbae ake! Esia wɔwɔ manɔ bɔbɔe o, eye aɖe fu na wò ŋutɔ. Ke hã nya lae nye be, ne alilikpo dodoa nya ho ko la, ele be Israel viwo hã ‘naho enumake.’—4 Mose 9:17-22, NW.
Eya ta aleke míewɔa nui ne Mawu na mɔfiame mí? Ðe míedzea agbagba wɔna ɖe edzi ‘enumakea’? Alo ɖe míeyia edzi wɔa nuwo abe ale si ko míewɔa wo xoxo enea? Ðe míenya mɔfiame siwo míexɔ nyitsɔ laa, abe esiwo ku ɖe ale si wòle be míawɔ aƒe me Biblia nusɔsrɔ̃ kple amewoe, ale si míaɖi ɖase na dutagbedolawo, ale si míawɔ ƒomenusɔsrɔ̃ edziedzi, ale si míawɔ nu aduadu kple Kɔdzi Kadododzikpɔkɔmitiwo, kple ale si wòle be míawɔ nui le mɔ nyuitɔ nu le takpekpewo me ŋu la nyuiea? Ne míewɔna ɖe aɖaŋuɖoɖowo dzi la, aɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ƒe mɔfiafia ŋu. Ne eva hiã be míawɔ nyametsotso veviwo la, míeɖoa ŋu ɖe míawo ŋutɔwo ƒe nunya ŋu o, ke boŋ míedia mɔfiame tso Yehowa kple eƒe habɔbɔa gbɔ. Abe ale si ko ɖevi dia edzilawo ƒe takpɔkpɔ ne ahom le tutum ene la, míawo hã míedia takpɔkpɔ le Yehowa ƒe habɔbɔa gbɔ ne xexe sia me kuxi siwo le abe ahom ene la va mía dzi.
Enye nyateƒe be ame siwo le ŋgɔ xɔm le Mawu ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi me la mede blibo o—nenema kee Mose hã mede blibo o. Ke hã alilikpo dodo la ɖoa kpe edzi ɣesiaɣi be Mawu tia Mose abe kpɔla ene, eye wòkpɔ ŋudzedze ɖe eŋu hã. De dzesii hã be menye Israel vi ɖe sia ɖe ŋutɔe ɖoa ɣeyiɣi si wòle be wòaho ayi mɔzɔzɔa dzi o. Ke boŋ dukɔ la ‘kpɔ Yehowa sinu, abe ale si Yehowa de se na Mose ene.’ (4 Mose 9:23) Eya ta eme kɔ ƒãa be, Mose, si dzi Mawu nɔ mɔ fiam toe, ye nana wonyana ɣeyiɣi si woaho ayi woƒe mɔzɔzɔa dzi.
Egbea la, aƒedzikpɔla ƒe ha si Yehowa ɖo la naa mɔfiame si me kɔ la mí ɣesiaɣi si wòahiã be míaɖe zɔ ayi ŋgɔ. Aleke aƒedzikpɔla la wɔa esiae? Ewɔa esia to nyati siwo wotana ɖe Gbetakpɔxɔ, Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, kple agbalẽ yeyewo me, kpakple nuƒo siwo woƒona le takpekpe suewo kple takpekpe gãwo me dzi. Wonaa mɔfiame hamea to dzikpɔla mɔzɔlawo alo lɛtawo alo to hehenasuku siwo nɔviŋutsu siwo le agbanɔamedzinɔƒewo le hamea me dena la hã dzi.
Ðe nèkpɔa Mawu ƒe mɔfiafia dzea sii kɔtɛa? Le ŋkeke mamlɛ siawo me la, Yehowa le eƒe habɔbɔa zãm tsɔ le mɔ fiam mí, eƒe amewo, to Satana ƒe xexe vɔ̃ɖi sia si le abe dzogbe aɖe ene la me. Esia wɔe be ɖekawɔwɔ kple lɔlɔ̃ le mía dome, eye míele dedie hã.
Esi Israel viwo ɖo Ŋugbedodonyigbaa dzi megbe la, Yosua gblɔ na wo be: “Mienyae tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me bena, nya aɖeke meto le nya nyui, siwo katã Yehowa, mia Mawu la, gblɔ na mi la me o, wo katã va me na mi.” (Yos. 23:14) Nenema kee Mawu ƒe ame siwo li egbea la aɖo xexe yeye si ŋugbe wòdo la me godoo. Ke hã be míawo ŋutɔwo míayi ɖe eme alo míayi o la, geɖe nɔ te ɖe ale si míebɔbɔa mía ɖokui wɔna ɖe Mawu ƒe mɔfiafia dzi la dzi. Eya ta mina mí katã míakpɔ Yehowa ƒe mɔfiafia adze sii!
[Nɔnɔmetata si le axa 5]
Yehowa le mɔ fiam mí egbea to eƒe habɔbɔa dzi
Agbalẽ yeyewo
Teokrasi ƒe hehenasuku
Hehe si míexɔna le kpekpe hena gbeadziyiyi me