INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 4/15 axa 28
  • Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Èɖo Ŋku Wo Dzia?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Anyigba Si Dzi Notsi Kple Anyitsi Bɔ Ðo”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • “Mexɔe Se”
    Srɔ̃ Woƒe Xɔse
  • “Mexɔe Se”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Ðe Eden Bɔa Nɔ Anyi Kpɔ Vavã?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 4/15 axa 28

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Ðe Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa xexlẽ do dzidzɔ na wòa? Ekema, kpɔe ɖa be àte ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã:

• Nu ka tae míate ŋu axɔe ase be Eden bɔa nye teƒe ŋutɔŋutɔ nɔ anyi kpɔ?

Biblia ɖɔ Eden bɔa be enye teƒe ŋutɔŋutɔ eye wòɖɔ teƒe si tututu wònɔ la nyuie. Tɔsisi siwo woyɔ le nuŋlɔɖia me la dometɔ eve gakpɔtɔ li egbea. Le nyakpakpawo kple glitotowo me la, womeƒoa nu tso teƒe siwo li ŋutɔŋutɔ ŋu tsitotsito alea o. Yesu, si nye Ðasefo si dzi woate ŋu aka ɖo wu la, gblɔ be ame ŋutɔŋutɔwoe ye Adam kple Xawa nye.—1/1, axa 5-6, 9.

• Ðe Mawu nya be Adam kple Xawa awɔ nu vɔ̃a?

Ao. Yehowa na tiatiawɔblɔɖe nuwɔwɔ nyanu deblibo siawo, si wɔe be woate ŋu atiae be yewoaɖo to Mawu alo yewomaɖo to o. Ele me baa be ŋutete le Mawu si be wòanya etsɔme, gake eya ŋutɔe tiaa ɣeyiɣi si wòawɔ eƒe etsɔmenyanya ƒe ŋutetea ŋu dɔ.—1/1, axa 13-15.

• Ðe Kristotɔ vavãwo zãa Mawu ƒe ŋkɔa abe tsila enea?

Ame aɖewo bua nanewo alo dzesi aɖewo abe tsila alo atiblɛ siwo me vivimeŋusẽ aɖe le si kpɔa wo ta ene. Menye alea ye Mawu ƒe amewo bua eƒe ŋkɔa o. Woxɔa Yehowa dzi sena, eye wodzea agbagba wɔa eƒe lɔlɔ̃nu hetoa esia me tsɔa eƒe ŋkɔa wɔa woƒe sitsoƒee. (Zef. 3:12, 13)—1/15, axa 5-6.

• Ame kawoe nukuwo fɔfɔ ƒe ɖoɖoa ɖe vi na le Israel?

Eɖe vi na amewo katã. Ena ame dahe siwo fɔa nukuawo la srɔ̃ kutrikuku, elabena menye dɔ vie nukufɔfɔ nye o. Efia ame bubuwo be woanye nunalawo ahaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu be wòayra yewo.—2/1, axa 15.

• Nu ka tae Yehowa gbe Fia Saul?

Wobia tso Saul si be wòalala ne Mawu ƒe nyagblɔɖila nava sa vɔ aɖe, gake meɖo to o, eya ŋutɔ sa vɔ la. Emegbe la, mewɔ ɖe se si Mawu de nɛ be wòatsrɔ̃ dukɔ aɖe, si nye woƒe futɔ la, dzi o.—2/15, axa 22-23.

• Aleke míaɖee afia be míelé fu sedzimawɔmawɔ?

Ele be míazã aha muame le ŋuɖɔɖo me, míaƒo asa na gbɔgbɔyɔyɔnuwɔnawo, eye míaɖo to nuxlɔ̃ame si Yesu na ku ɖe gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ ŋu. Le kpɔɖeŋu me, míatsri amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ kple gbɔdɔnuwɔna makɔmakɔwo ŋu bubu. (Mat. 5:27, 28) Gakpe ɖe eŋu la, míade ha kple ame siwo woɖe le ha me la o.—2/15, axa 29-32.

• Nu kae ɖe dzesi le anyinyiƒe aɖe si ŋu blematomenukulawo ke ɖo le egbegbe Israel la ŋu?

Blematomenukulawo ke ɖe anyinyixɔ siwo wu 30 ŋu, eye wobu akɔnta be woate ŋu akpɔ anyitsi tɔn afã sɔŋ tso wo me ƒe sia ƒe. Esia ɖee fia be wonyia anyiwo le anyigba si ŋu Mawu gblɔ le be enye afi si ‘notsi kple anyitsi bɔ ɖo’ la dzi. (2 Mose 3:8)—3/1, axa 15.

• Aleke Yeremiya nɔ “abe ati, si wodo ɖe tɔ to, eye wòɖe ke ɖe tɔʋu ŋu la ene”? (Yer. 17:7, 8)

Yeremiya nɔ tsetse dzi ɖaa; meɖe mɔ fewuɖulawo kpɔ ŋusẽ ɖe edzi o. Ke boŋ eku ɖe ‘agbetsi’ si léa ame ɖe te la Dzɔtsoƒe la ŋu sesĩe eye wòna nya si Mawu gblɔ nɛ la tsi dzi me nɛ.—3/15, axa 14.

• Nu kae Yesu wɔnɛ esi wògblɔ na Marta be “nu ʋɛ aɖewo koe hiã, alo ɖeka pɛ ko”? (Luka 10:41, 42)

Yesu menɔ gbɔgblɔm be ŋutilãmenuwo ko ŋue Marta tsia dzi ɖo esi wònɔ nuɖuɖu vovovowo ɖam o; alo be menyo be wòawɔ dɔ sesĩe o. Ke boŋ nu si wòle be wòatsɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ dzie wònɔ gbe tem ɖo. Marta menɔ mɔnukpɔkpɔ nyui sia si su esi be wòado ŋusẽ eƒe xɔse la ŋu dɔ wɔm o.—4/1, axa 12-13.

• Nu kawoe menɔ se nu o, siwo wowɔ le ʋɔnudɔdrɔ̃ Yesu me?

Ðasefo aɖeke meʋli eta le ʋɔnu be enye ame maɖifɔ o. Wodi aʋatsoɖaseɖilawo. Wodrɔ̃ nyaa le zã me. Wodrɔ̃ nya bliboa le ŋkeke ɖeka dzi.—4/1, axa 20.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe