INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 4/15 axa 29-32
  • Nu Nyui Geɖewo Su Asinye

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Nyui Geɖewo Su Asinye
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzidzɔ Ɣeyiɣiwo
  • Ale Si Míewɔ Ke Ðe Carlos Ŋu
  • Mɔzɔzɔ Sesẽwo Kple Amedzrowɔwɔ Dodzidzɔnamewo
  • ‘Míedi Be Míahe Ðe Megbe Kura O’
  • Subɔsubɔ Ðekae Kple Haxɔsetɔ Wɔnuteƒewo
  • Meda Akpe Ðe Yehowa Ƒe Nyuiwɔwɔ Ta
  • Nye Ŋku Kple Dzi Le Fetua Dzi Ɣesiaɣi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Mesubɔ Le Dzidziɖedzi Gãwo Ƒe Ɣeyiɣiwo Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Fiaɖuƒea Didi Gbãgbiagbã—Agbenɔnɔmɔ Si Me Dedienɔnɔ Kple Dzidzɔ Le
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Àte Ŋu Asubɔ le Dutanyigba Dzia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 4/15 axa 29-32

Nu Nyui Geɖewo Su Asinye

Abe ale si Arthur Bonno gblɔe ene

ƑE 1951 mee. Mía kple srɔ̃nye Edith míenɔ nutome gã takpekpe aɖe si me míesee woɖe gbeƒã be wole kpekpe aɖe wɔ ge kple ame siwo di be yewoazu dutanyanyuigblɔlawo.

Megblɔ na Edith be, “Na míayi aɖaɖo to!”

Eɖo eŋu nam be, “Gbeɖe, Art, míate ŋu azu dutanyanyuigblɔlawo o!”

Megblɔ nɛ be, “Edie, mègavɔ̃ o, va míyi ne míaɖase nya si gblɔ ge wole la ko.”

Le kpekpea ƒe nuwuwu la, woma Gilead Suku ƒe dɔbiagbalẽwo.

Mede dzi ƒo na Edith be, “Na míakpee ɖo.”

Gake Edith biam be, “Ke míaƒe ƒometɔwo ya ɖe?”

Anɔ abe ƒe ɖeka kple afã ene le takpekpe ma dede megbe la, míede Gilead Suku eye woɖo mí ɖa be míaɖasubɔ le Ecuador, South America.

Abe ale si nàte ŋu akpɔe le mía kple srɔ̃nye ƒe dzeɖoɖo me le takpekpe ma me ene la, mesena le ɖokuinye me ɣesiaɣi be míate ŋu awɔ nu sia nu si míeɖo be míawɔ. Ke hã, Edith nye ame fatu eye afi si eƒe ŋutetewo se ɖo la nɔa nyanya nɛ. Esime wònɔ tsitsim le du vi sue si nye Elizabeth, le Pennsylvania, U.S.A., me la, medzroe kpɔ gbeɖe be yeate ɖa le aƒe ŋu alo yeade ha kple ame aɖe si nye amedzro o. Esesẽna nɛ ŋutɔ be wòadzo le eƒe ƒomea gbɔ. Togbɔ be enɔ alea hã la, elɔ̃ faa tso dzi blibo me be yeayi aɖasubɔ le duta. Le ƒe 1954 me la, míeva ɖo Ecuador, eye míele subɔsubɔm abe dutanyanyuigblɔlawo ene le dukɔ sia me va se ɖe fifia. Le ƒe siawo siwo míetsɔ subɔ le afi sia me la, nu nyui geɖewo su mía si. Àdi be yease nu tso wo dometɔ aɖewo ŋua?

Dzidzɔ Ɣeyiɣiwo

Teƒe gbãtɔ si woɖo mí ɖa be míasubɔ le ye nye Quito, si nye Ecuador ƒe fiadu si le Andes To siwo ƒe kɔkɔme ade meta 2,850 dzi. Ɣemaɣi la, ehiã be míaɖo keteke kple agbatsɔʋuwo azɔ mɔ ŋkeke eve sɔŋ tso ƒutadu si nye Guayaquil me hafi ava ɖo Quito, gake egbea la, miniti 30 pɛ koe wòahiã be ame natsɔ azɔ mɔ sia ne eɖo yameʋu! Míesubɔ le Quito ƒe ene sɔŋ, siwo me míekpɔ nu dodzidzɔname geɖe le. Emegbe, le ƒe 1958 me la, nu nyui bubu gasu mía si: Womia asi mí be míava subɔ abe nutome sue dzikpɔlawo ene.

Ɣemaɣi la, nutome sue eve koe nɔ dukɔ bliboa me. Eya ta tsɔ kpe ɖe hamewo sasrã kpɔ ŋu la, míezãa kwasiɖa geɖe le ƒea me nɔa gbeƒã ɖem le India du suesuesue siwo me Ðasefowo menɔ o me. Xɔ sue siwo ŋu fesre menɔ o eye abati ɖeka koe nɔa wo me la koe nye teƒe si ame ate ŋu adze; naneke menɔ anyi wu nenema o. Míetsɔa aɖaka aɖe si me mlekpui si wozãa kerosene na, nuɖaze, agba gbadzɛwo, gagba si me míanya nu le, abadzivɔwo, mudɔ, awu siwo míado, nyadzɔdzɔgbalẽ xoxowo, kple nu bubuwo nɔna na mí la ɖe asi. Míezãa nyadzɔdzɔgbalẽawo tsɔ xea do siwo le gliawo ŋu la ale be wòasesẽ na afiwo vie hafi woate ŋu age ɖe xɔa me.

Togbɔ be xɔ mawo me doa viviti eye woƒoa ɖi hã la, dzi dzɔa mí ŋutɔ ne míeɖo ŋku dze siwo míeɖona le zã me ne míenɔ anyi ɖe aba dzi le nuɖuɖu tsɛ si míeɖa le míaƒe kerosenemlekpuia dzi ɖum la dzi. Esi wònye be nye nu tsɔna kabakaba, eye zi geɖe la, esia nana be megblɔa nya hafi va bua eŋu ta la, ɣeaɖewoɣi la, srɔ̃nye zãa tomefafa ƒe ɣeyiɣi mawo tsɔ hea nye susu yia mɔ siwo dzi mate ŋu ato aƒo nu na nɔvi siwo míeyi ɖasrã kpɔ la ŋuɖɔɖotɔe wu dzi. Meɖoa toe eye esia wɔe be nye sasrãkpɔawo va dea dzi ƒo na ame geɖe wu. Gakpe ɖe eŋu la, ne meƒo nu gbegblẽ tso ame bubu ŋu eŋumabumabui la, egbea gomekpɔkpɔ le dzeɖoɖoa me. Eya ta meva srɔ̃ ale si nukpɔsusu nyui nanɔ asinye ku ɖe nɔvinyewo ŋu. Gake zi geɖe la, dze siwo míeɖona le zã me la kuna ɖe nu siwo míesrɔ̃ tso nyati siwo dze le Gbetakpɔxɔ me kple nu siwo me míeto le gbeadzi gbe ma gbe la ŋu. Ɛ̃, nuteƒekpɔkpɔ lédzinamewo ŋutɔe su mía si!

Ale Si Míewɔ Ke Ðe Carlos Ŋu

Le du si woyɔna be Jipijapa si le Ecuador ƒe ɣetoɖoƒe me la, wona ɖetsɔlemetɔ aɖe ƒe ŋkɔ mí—eŋkɔ Carlos Mejía ɖeɖe koe wona mí; eƒe adrɛs ya mekpe ɖe eŋu o. Esi míedzo le xɔ si míehaya me ŋdi ma la, míenya afi si míadze edidi gɔme tsoe o, eya ta ɖeko míenɔ zɔzɔm nɔ yiyim. Esi wònye be tsi gã aɖe dza le zã si do ŋgɔ me ta la, enɔ na mí be míaƒo asa na do geɖe siwo me ba le le ablɔ siwo ƒo ɖi la dzi. Menɔ ŋgɔ na srɔ̃nye esi míenɔ zɔzɔm, eye kasia mese konyifaɣli aɖe le megbenye wòyɔm be, “Art!” Metrɔ eye mekpɔ Edie wònɔ tsitre ɖe ba yibɔ aɖe si va ɖo keke eƒe klonu ke la me. Nu sia ɖi kokoe ale gbegbe be ne menye ɖe aɖatsi lólo ɖe ŋkudzi nɛ o la, mako nu hafi.

Mete ŋu hee do go le baa me ya, gake eƒe afɔkpawo ya tsi eme. Ŋutsuvi aɖe kple nyɔnuvi aɖe nɔ mía kpɔm, eya ta megblɔ na wo be, “Ne míete ŋu ɖe afɔkpa mawo le baa me la, mana ga mi.” Le aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo ko me la, woɖe afɔkpawo do goe le baa me, gake Edie hiã teƒe aɖe si woaklɔ eƒe afɔwo ŋu le. Ðeviawo dada nɔ nu si nɔ dzɔdzɔm la kpɔm, eya ta ena míeyi eƒe aƒe me eye wòkpe ɖe srɔ̃nye ŋu wòklɔ eƒe afɔwo esime ɖeviawo nɔ afɔkpa ƒoɖiawo tutum. Hafi míadzo la, nu nyui aɖe dzɔ. Mebia nyɔnua ne enya afi si míate ŋu akpɔ ŋutsu si woyɔna be Carlos Mejía le mahã. Ewɔ nuku nɛ ŋutɔ, eye egblɔ be, “Srɔ̃nyee.” Eteƒe medidi o, míedze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme, eye ƒome ma me tɔwo katã va xɔ nyɔnyrɔ mlɔeba. Le ƒe aɖewo megbe la, Carlos kple srɔ̃a kpakple wo vi eve va zu mɔɖela veviwo.

Mɔzɔzɔ Sesẽwo Kple Amedzrowɔwɔ Dodzidzɔnamewo

Míedo go nɔnɔme sesẽwo le míaƒe mɔzɔzɔwo me le nutome sue dzi kpɔkpɔ dɔa me. Míeɖo ʋuwo, ketekewo, agbatsɔʋuwo, akrowo, kple yameʋu suewo. Gbe ɖeka la, John McLenachan si nye nutome gã dzikpɔla ɣemaɣi la kple srɔ̃a Dorothy kplɔ mí ɖo míezɔ mɔ ɖaɖe gbeƒã le tɔƒodedu siwo te ɖe Colombia dukɔa ƒe liƒo ŋu la me. Míezã akro aɖe si ŋu mɔ̃ vi sue si nana wòɖea zɔ le la. Agblolui siwo ƒe kekeme le abe akro la ŋutɔ ke ene la nɔ tsi ƒum le míaƒe axawo dzi tututu! Akro kula bibi si nɔ akroa kum la gɔ̃ hã vɔ̃ ŋutɔ esi wòkpɔ agbloluiawo eye wòtrɔ mɔ na akroa enumake wòte ɖe go ŋu.

Gake nɔnɔme sesẽ siwo míedo go le nutome sue dzi kpɔkpɔ dɔa me la ɖe vi manyagblɔwo na mí. Ena be míeva nya nɔvi amedzrowɔla siwo ƒe nu doa dzidzɔ na ame ŋutɔ la. Zi geɖe la, ƒome mawo siwo gbɔ míedzena la zia mía dzi be míaɖu nu zi etɔ̃ gbe ɖeka, evɔ woawo ŋutɔwo ɖua nu zi ɖeka pɛ ko. Alo wonaa míemlɔa aba ɖeka si ko le aƒea me la dzi, eye woawo ŋutɔwo mlɔa anyigba. Srɔ̃nye gblɔna zi geɖe be, “Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siawo nana mekpɔnɛ be nu ʋɛ aɖe koe míehiã le agbe me.”

‘Míedi Be Míahe Ðe Megbe Kura O’

Le ƒe 1960 me la, nu nyui bubu gasu mía si—womia asi mí be míava subɔ le alɔdzedɔwɔƒe si le Guayaquil. Mekpɔa Betel ƒomea ƒe dɔwɔɖoɖowo dzi eye Edith ya wɔa ɖeka kple hame aɖe si te ɖe alɔdzedɔwɔƒea ŋu wodea gbeadzi ɖekae. Nyemesusui kpɔ gbeɖe be mate ŋu awɔ ɔfisdɔ o, eye mekpɔe be nyemenya naneke le dɔa ŋu o, gake abe ale si Hebritɔwo 13:21 gblɔe ene la, Mawu tsɔ ‘nu nyui sia nu nyui dzraa mí ɖo, bene míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu.’ Ƒe eve megbe la, womia asim be mava de ɣleti ewo ƒe Gilead hehenasuku aɖe si woawɔ le Betel le Brooklyn, New York. Ɣemaɣi la, wobiana tso srɔ̃nyɔnuwo ya si be woatsi anyi ayi woƒe dɔdeasiwo dzi. Eya ta woɖo lɛta aɖe ɖe srɔ̃nye tso Brooklyn. Wobia tso esi be wòabu eŋu nyuie ne eda asi ɖe edzi be ye srɔ̃ŋutsua nadzo le ye gbɔ hena ɣleti ewo sɔŋ.

Edith ɖo lɛta sia ŋu ale: “Meka ɖe edzi be nu sia ye nye nu sesẽtɔ si ame ate ŋu awɔ le eƒe agbe me, gake míenya be Yehowa akpe ɖe mía ŋu le kuxi ɖe sia ɖe si míado goe me godoo. . . . Míedi be míahe ɖe megbe kura le subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe si ʋu ɖi na mí alo tso mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe si awɔe be míagadze nyuie wu hena míaƒe agbanɔamedziwo tsɔtsɔ la me o.” Mexɔa lɛta tso srɔ̃nye gbɔ kwasiɖa sia kwasiɖa le ɣeyiɣi siwo katã menɔ Brooklyn la me.

Subɔsubɔ Ðekae Kple Haxɔsetɔ Wɔnuteƒewo

Le ƒe 1966 me la, mía kple Edith míetrɔ gbɔ va Quito le lãmesẽkuxiwo ta, afi si míegadze míaƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa gɔme le ake ɖekae kple nutoa me nɔviwo. Woƒe nuteƒewɔwɔ ɖe dzesi ŋutɔ!

Nɔvinyɔnu wɔnuteƒe aɖe srɔ̃ si menye haxɔsetɔ o la ƒonɛ vevie zi geɖe. Gbe ɖeka ŋdi ga ade me la, ame aɖe ƒo ka na mí hegblɔ na mí be egaƒoe ake. Meɖe abla yi ɖe nɔvinyɔnua ƒe aƒe me. Esi mekpɔe la, nye nu ku. Emlɔ aba dzi, eŋu katã ɖo ʋusrã heɖa yibɔ. Srɔ̃aŋutsua ƒoe kple xati aɖe va se ɖe esime xati la ŋe ɖe eve. Eyome le ŋkeke ma ke dzi la, mekpɔ ŋutsua le aƒea me eye megblɔnɛ be vɔvɔ̃nɔtɔ ƒe nue nye ema wòwɔ. Eɖe kuku vevie.

Le ƒe 1970-awo me la, nye lãme gasẽ vie, eye míegadze nutome sue subɔsubɔdɔa gɔme ake. Du aɖe si woyɔna be Ibarra la nɔ nuto siwo míesrãna kpɔna la dome. Esi míeyi ɖasrã du ma kpɔ le 1950-awo ƒe nuwuwu la, Ðasefo eve koe nɔ dua me: dutanyanyuigblɔla ɖeka, kple nutoa me nɔviŋutsu ɖeka. Eya ta míedi vevie be míado go ame yeye gbogbo siwo va wɔ ɖeka kple hamea.

Esi míede kpekpe zi gbãtɔ la, Nɔviŋutsu Rodrigo Vaca tɔ ɖe nuƒolanɔƒea hekpɔ kpekpea ƒe akpa aɖe si nye numedzodzro kple nyaselawo dzi. Nenye be ebia nya la, nyaselawo katã doa ɣli be “Yo, yo!” (si fia “Yɔm, yɔm!”) le esi teƒe be woado woƒe asiwo ɖe dzi. Mía kple Edith míekpɔ mía nɔewo ƒe mo esi wòwɔ nuku na mí ta. Mebia ɖokuinye be: ‘Nu kae le dzɔdzɔm le afi sia?’ Emegbe la, míeva se be Nɔviŋutsu Vaca ƒe ŋkuwo gbã, gake edea dzesi hamea me tɔwo ƒe gbe ne wole ɣlia dom. Enye alẽkplɔla si nya eƒe alẽawo nyuie nyateƒe! Esia na míeɖo ŋku Yesu ƒe nya si le Yohanes 10:3, 4, 14 ku ɖe Alẽkplɔla Nyui si nya eƒe alẽawo eye eƒe alẽawo hã nyae la dzi. Egbea la, Spaingbe hame ade, Quechuagbe hame ɖeka, kple tokunɔgbe hame ɖeka ye le Ibarra. Nɔviŋutsu Vaca gakpɔtɔ nye hamemetsitsi kple mɔɖela vevi si le subɔsubɔm nuteƒewɔwɔtɔe va se ɖe egbea.a

Meda Akpe Ðe Yehowa Ƒe Nyuiwɔwɔ Ta

Le ƒe 1974 me la, míegakpɔ Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ bubu teƒe esi wogakpe mí ake be míava wɔ dɔ le Betel, afi si megava nɔ Betel ƒomea ƒe dɔwɔɖoɖowo dzi kpɔm le ake, eye emegbe la, wova da asi ɖe dzinye be manye Alɔdzekɔmiti la me tɔ. Edith wɔ dɔ le nuɖaƒe gbã, eye emegbe la, eva nɔ dɔ wɔm le ɔfis, afi si wòsubɔ le va de asi na egbea abe lɛtawo xɔxɔ kple wo ɖoɖoɖa ƒe nyawo gbɔ kpɔla ene.

Le ƒe siawo katã me la, mɔnukpɔkpɔ su mía si míexɔ Gilead Suku nuwula alafa geɖe siwo kpena ɖe hame siwo me wova le subɔsubɔm le la ŋu be woatsi le gbɔgbɔ me, eye dzo naɖo wo me la, eye esia na míekpɔ dzidzɔ geɖe. Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu akpe geɖe siwo tso dukɔ siwo wu 30 me va le subɔsubɔm le du sia me hã de dzi ƒo na mí ŋutɔ. Aleke gbegbe woƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ gbɔgbɔ la wɔ dɔ ɖe mía dzii enye esi! Wo dometɔ aɖewo dzra woƒe aƒewo kple woƒe dɔwɔƒewo ale be woate ŋu aʋu ava nuto siawo siwo me Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo hiã le wu me. Woƒle ʋuwo be woate ŋu aɖe gbeƒã le nuto saɖeagawo me, aɖo hame yeyewo, eye woakpe asi ɖe Fiaɖuƒe Akpatawo tutu ŋu. Nɔvinyɔnu tre geɖewo ʋu tso duta heva le mɔɖeɖedɔa wɔm le afi sia—dɔwɔla bibi veviedonula kawo gbegbee nye esi wonye!

Nyateƒee, nu nyui geɖewo su asinye le ƒe siwo katã metsɔ le Mawu subɔm la me. Nu siawo ƒe vevitɔ kekeake ye nye mía kple Yehowa dome ƒomedodoa. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, meda akpe na Yehowa be ena ‘kpeɖeŋutɔm.’ (1 Mose 2:18) Ne metrɔ kpɔ ƒe 69 siwo míetsɔ subɔ ɖekae abe srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu ene la, meɖoa ŋku nya si le Lododowo 18:22 dzi, afi si gblɔ be: ‘Ame si si nyɔnu su la, eƒe asi tu nu nyui.’ Dzidzɔ gã aɖe wònye nam be mía kple Edith míenɔ anyi ɖekae. Ekpe ɖe ŋunye le mɔ geɖe nu. Eɖee fia dada hã be yenye vianyɔnu si melɔ̃a nu le egbɔ o. Tso ɣeyiɣi si me míeva ɖo Ecuador la, srɔ̃nye ɖoa lɛta ɖe dadaa kwasiɖa sia kwasiɖa va se ɖe ƒe 1990 me, esime dadaa ku le eƒe ƒe 97 xɔxɔ me.

Ƒe 90 ye le asinye fifia eye Edith xɔ ƒe 89. Míekpɔa dzidzɔ be míekpe ɖe ame siwo ade 70 ŋu wova dze si Yehowa. Dzidzɔ gã aɖee wònye na mí be míekpe Gilead Suku ƒe dɔbiagbalẽ ɖo ƒe 60 enye esi va yi. Nyametsotso ma he nu nyui geɖewo vae na mí.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Nɔviŋutsu Vaca ƒe agbemeŋutinya dze le September 8, 1985, ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! me.

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Mía kple hati dutanyanyuigblɔlawo le Yankee Stadium, le New York, ƒe 1958

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Esi míeyi ɖasrã Ðasefowo ƒe ƒome aɖe kpɔ le nutome sue dzi kpɔkpɔ dɔa me, ƒe 1959

[Nɔnɔmetata si le axa 32]

Le alɔdzedɔwɔƒe si le Ecuador, ƒe 2002

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe