INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 10/1 axa 12-13
  • Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Biblia La Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Biblia La Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 10/1 axa 12-13

Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm

NU KAE ʋã ɖetugbui aɖe si dzudzɔ agbenɔnɔ ɖe mawusubɔsubɔ ƒe hehe si wonae tso ɖevime nu la be wòtrɔ dzi me? Xlẽ eƒe numenyawo nàkpɔ ɖa.

“Tameɖoɖo vavã le nye agbe ŋu fifia.”—LISA ANDRÉ

ƑE SI ME WODZII: 1986

DUKƆ SI ME WÒTSO: LUXEMBOURG

AME SI TƆGBI WÒNYE TSÃ: VI DZEAGLÃ

AGBE SI MENƆ TSÃ: Du sue aɖe si ŋkɔe nye Bertrange, si te ɖe dugã Luxembourg ŋu ye menɔ tsi. Ganyawo de ame dzi le dua me, eye nutoa me le dzadzɛ hele dedie. Nyee nye dɔmlɔea le vi atɔ̃ dome. Dzinyelawo nye Yehowa Ðasefowo, eye woku kutri fia mía kple nɔvinyewo ale si míanɔ agbe abe Kristotɔwo ene tso míaƒe ɖevime.

Esi mege ɖe nye ƒewuiwo me teti la, nyemegava nɔ kakam ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe nufiafiawo dzi kura o. Gbã la, ɖeko meɖe susu ɖa le nu siwo ŋu menɔ ɖi kem le la ŋu, gake vivivi la, nye xɔse me va gbɔdzɔ kura. Dzinyelawo dze agbagba ɖe sia ɖe be yewoakpe ɖe ŋunye manɔ mɔ dzɔdzɔea dzi, gake megbe gbidii. Le woƒe manyamanya me la, menɔ ha dem kple sɔhɛ siwo mele hehe aɖeke te o. Mesusui be sɔhɛ mawo nɔ ablɔɖe me, eye medi be ablɔɖe ma nasu nye hã asinye. Míedea kplɔ̃ɖoƒewo agbadre, míenɔa agbe gbegblẽ, eye míezãa atike vɔ̃ɖiwo hemua aha. Le gɔmedzedzea me la, edzɔ dzi nam be menɔ ha dem kple ame siwo mesusu be wole agbe ɖum ŋutɔŋutɔ.

Gake le nyateƒe me la, nyemenɔ dzidzɔ vavãtɔ kpɔm o. Esi menɔ ha dem kple xɔ̃nyewo la, mese le ɖokuinye me be viɖe boo mele nye agbe ŋu o. Woawo metsɔ ɖeke le naneke me o, ke nye ya metsi dzi ɖe nuwo abe ale si nu madzɔmadzɔ wɔwɔ xɔ aƒe ɖe xexea me la ŋu. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, meva lé blanui vevie.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ: Gbe ɖeka, esime mexɔ ƒe 17 la, dzi ɖe le ƒonye ale gbegbe. Esi danye kpɔe be dzi menɔ dzɔyem kura o la, eɖo aɖaŋu nam be magadze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme. Ede dzi ƒo nam be madzro Biblia ƒe nufiafiawo me, ale be nye ŋutɔ matso nya me nenye be madi be manɔ agbe ɖe emenyawo nu. Vi kple vidada dome dzeɖoɖo vevi sia wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Melɔ̃ be daanye Caroline kple srɔ̃a Akif nava nɔ Biblia srɔ̃m kplim. Akif dzilawo menye Yehowa Ðasefowo o, ɖe wòtsi hafi va zu Ðasefo. Le agbe si Akif nɔ va yi ta la, enɔ bɔbɔe nam be magblɔ nye dzimenyawo nɛ faa, eye esia nɔ vevie nam.

Menyae be nye agbenɔnɔ mewɔ ɖeka kple Ðasefowo tɔ o, ke hã, menɔ esusum tsã be ale si menɔa agbee la nye nye ŋutɔ nye nya. Gake Biblia sɔsrɔ̃ na mekpɔe be nye nuwɔnawo wɔa dɔ ɖe Yehowa ƒe seselelãmewo dzi. (Psalmo 78:40, 41; Lododowo 27:11) Meva kpɔe dze sii hã be ate ŋu ana ame bubuwo nakpɔ dzidzɔ alo ase veve.

Esi meyi Biblia sɔsrɔ̃ dzi la, mede dzesii be kpeɖodzi siwo ŋu kakaɖedzi le la ɖee fia kɔtɛ be Mawu ƒe Nyae wonye vavã. Le kpɔɖeŋu me, mesrɔ̃ nu tso Biblia me nyagblɔɖi geɖe siwo va eme pɛpɛpɛ abe ale si wogblɔ wo ɖii ene la ŋu. Nu siawo sɔsrɔ̃ wɔe be nyemegava nɔ ɖi kem azɔ o.

Anɔ abe ƒe ɖeka ene tso esime medze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme la, mía kple dzinyelawo míeyi ɖasrã fonye si nɔ lɔlɔ̃nu faa dɔ wɔm le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe le Germany. Esi mekpɔ ale si fonyea nɔ dzidzɔ kpɔmee la, ewɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Dzidzɔ sia tututu dimee menɔ hafi! Ðasefo bubu siwo hã tsɔ wo ɖokui na le dɔ wɔm le afi ma la hã ƒe nu wɔ dɔ ɖe dzinye. Woƒe nɔnɔme to vovo kura na vivisese yome tila siwo meɖia anukware o siwo menɔ ha dem kplii tsã la tɔ. Esia megbe kpuie la, medo gbe ɖa na Yehowa vevie tso dzi me hedo ŋugbe nɛ be masubɔe le nye agbemeŋkekewo katã me. Esi mexɔ ƒe 19 la, mexɔ nyɔnyrɔ tsɔ ɖo kpe adzɔgbe si meɖe na Yehowa la dzi.

VIÐE SIWO MEKPƆ: Tameɖoɖo vavã le nye agbe ŋu fifia. Biblia fiafia amewo doa dzidzɔ nam, eye mekpena ɖe amewo ŋu wosrɔ̃a nu tso Yehowa, kpakple nu siwo wòdo ŋugbe be yeava wɔ na mí la ŋu. Tɔtrɔ siwo mewɔ la ɖe vi na nye ƒomea me tɔwo hã, elabena womegavɔ̃na ɖe nunye azɔ o.

Menya be meda vowo va yi ya, gake medzea agbagba be maganɔ wo ŋu bum o. Metsɔa susu ɖoa ale si Yehowa tsɔna kenae kpakple ale si wòtsɔ ɖe le eme nam lɔlɔ̃tɔe la boŋ ŋu. Meka ɖe Lododowo 10:22 me nyawo dzi tso dzi blibo me. Afi ma gblɔ be: ‘Yehowa ƒe yayra wɔa ame kesinɔtɔ, eye metsɔa vevesese aɖeke kpenɛ o.’

[Nya si ɖe dzesi si le axa 12]

“Míedea kplɔ̃ɖoƒewo agbadre, míenɔa agbe gbegblẽ, eye míezãa atike vɔ̃ɖiwo hemua aha”

[Nya si ɖe dzesi si le axa 13]

“Menya be meda vowo va yi ya, gake medzea agbagba be maganɔ wo ŋu bum o”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe