Mawu Ƒe Ŋkɔ La Kpakple Ale Si Alfonso de Zamora Di Be Nyawo Nade Pɛpɛpɛ
LE ƑE 1492 me la, Spain Fia Ferdinand kple Fianyɔnu Isabella de se gblɔ bena: “Míele se dem be kaka ƒedzinu July naku le ƒe sia me la, . . . Yuda ŋutsuwo kple Yuda nyɔnuwo katã naʋu le míaƒe fiaɖuƒewo kple anyigba siwo dzi ɖum míele la dzi, woawo kple wo viŋutsuwo, wo vinyɔnuwo, dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo, kpakple Yudatɔwo ƒe aƒemetɔwo katã, sueawo kple gãawo, ƒe ka kee woɖaxɔ o, eye atse megable wo woatrɔ agbɔ o.”
Sedede sia ƒoe ɖe Yuda ƒome siwo katã le Spain la nu be woatiae nenye be yewoayi aboyo me loo alo agbe nu le subɔsubɔha si me wole la gbɔ. Yudatɔwo ƒe subɔsubɔhaŋgɔnɔla si ŋkɔe nye Juan de Zamora, anya se le eɖokui me be ade ye dzi wu ne yetrɔ zu Katolikotɔ, bene yeatsi Spain, afi si etɔgbuiawo nɔ tso gbe aɖe gbe ke la. Esi Juan nye Yudatɔ ta la, anɔ eme be eɖo viaŋutsu Alfonso ɖe Hebrigbe sɔsrɔ̃ ƒe suku xɔŋkɔ si le Zamora. Emegbe Alfonso srɔ̃ Latingbe, Helagbe, kple Aramgbe nyuie heɖu tu na wo. Esi wòwu eƒe nusɔsrɔ̃a nu la, ete Hebrigbe fiafia le Salamanca ƒe Yunivɛsiti. Esia megbe kpuie la, ewɔ gbe siwo wòsrɔ̃ la ŋu dɔ nyuie be wòɖe vi na Biblia ŋuti nunyalawo le Europa godoo.
Le ƒe 1512 me la, Alcalá de Henares ƒe Yunivɛsiti la tia Alfonso de Zamora be wòanye Hebrigbe sɔsrɔ̃ ŋuti nufialagã. Esi Zamora nye agbalẽnyala xɔŋkɔ le eŋɔlimetɔwo dome ta la, papatenɔla Jiménez de Cisneros, si ɖo yunivɛsitia, bia tso esi be wòakpe asi ɖe dɔ vevi aɖe ŋu, si nye be wòanɔ ame siwo awɔ dɔ le Komplutensia Biblia Si Le Gbe Vovovowo Me ŋu la dome. Enye Biblia si le babla ade me, eye woŋlɔe ɖe Hebrigbe, Helagbe, kple Latingbe me, eye eƒe akpa aɖewo le Aramgbe me.a
Biblia ŋuti nunyala Mariano Revilla Rico gblɔ tso ame siwo wɔ dɔ le Biblia sia ŋu ŋuti be: “Le Yudatɔ zu Kristotɔ etɔ̃ siwo kpɔ gome le Papatenɔla [Cisneros] ƒe dɔa me dome la, wo dometɔ si ɖe dzesi wue nye Alfonso de Zamora, si nye gbeŋutisenyala, xexemenunyala, kple ame si nya Talmud la nyuie. Gawu la, eɖu tu na Latin, Hela, Hebri, kple Aram gbeawo.” Nu siwo Zamora srɔ̃ la na wòƒo nya ta be ele be ame naɖu tu na blemagbe siwo me woŋlɔ Biblia ɖo zi gbãtɔ la nyuie hafi ate ŋu aɖe egɔme ɖe gbe bubu me wòade pɛpɛpɛ. Esi Biblia ŋuti nunya va nɔ dzidzim ɖe edzi le ƒe 1500-awo ƒe gɔmedzedze la, Zamora nɔ ame siwo do Biblia ŋuti nunya sɔsrɔ̃ sia ɖe ŋgɔ vevie la dome.
Ke hã, nɔnɔmeawo mede ame dzi kura le Zamora ŋɔli o, eye Biblia ŋuti nunya dodo ɖe ŋgɔ ɣemaɣi nye nu si me afɔku nɔ. Spaintɔwo ƒe Ŋutasẽʋɔnua nɔ dɔ dzi vevie ɣemaɣi, eye Katolikoha la dea bubu tɔxɛ Biblia gɔmeɖeɖe si nye Latin Vulgate la ŋu, eye eya dzi koe “woda asi ɖo.” Ke hã, Katolikotɔwo ƒe agbalẽnyalawo de dzesii tso keke Titinaɣeyiɣiwo me ke be vodada geɖe nɔ Latin nuŋɔŋlɔ si me Vulgate Biblia nɔ la me. Le ƒe 1500-awo ƒe gɔmedzedze la, Alfonso de Zamora kple ame bubuwo tsɔe ɖo wo ɖokui dzi be yewoawɔ nane tso eŋu.
‘Gbegɔmeɖeɖe Hiã Hena Ðeɖekpɔkpɔ’
Le agbalẽ siwo Zamora wɔ dome la, Biblia ƒe akpa si le Hebrigbe me, si ame geɖe yɔna be Nubabla Xoxo la, si gɔme wòɖe ɖe Latingbe me la, nye eƒe dɔ siwo ɖe dzesi wu la dometɔ ɖeka. Anɔ eme be ɖe wòɖoe be wòanye ŋudɔwɔnu si woazã le Komplutensia Biblia Si Le Gbe Vovovowo Me la wɔwɔ me. Biblia ƒe akpa si ŋu wòwɔ dɔ le la dometɔ ɖeka le El Escorial agbalẽdzraɖoƒe si te ɖe Madrid ŋu le Spain. Wotsɔ ŋkɔ na eƒe dɔ sia be G-I-4. Enye Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ bliboa si le Hebrigbe me la gɔme ɖeɖe ɖe Latingbe me le nya ɖe nya nu ƒe gɔmeɖeɖe nu.
Egblɔ le agbalẽa ƒe ŋgɔdonya me be: “Hafi dukɔwo nakpɔ ɖeɖe la, ele be woaɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo gɔme ɖe gbe bubuwo me. . . . Míede dzesii be . . . ehiã godoo be Biblia si me woɖe nyakui ɖe sia ɖe gɔme le la nasu nuteƒewɔlawo si, eye wòanye gɔmeɖeɖe si me woakpɔ Latingbe me nya aɖe na Hebrigbe me nya ɖe sia ɖe.” Alfonso de Zamora nye ame si dze nyuie na Latin gɔmeɖeɖedɔ yeye sia, elabena enye Hebrigbenyala si dzi woka ɖo.
‘Nye Gbɔgbɔ Mekpɔ Gbɔɖemeƒe O’
Le go aɖe me la, ale si nuwo nɔ le Spain le ƒe 1500-awo me la de agbalẽnyalawo abe Zamora ene dzi. Le Titinaɣeyiɣiwo me la, Spain nye dukɔ si me Yuda dekɔnuwo xɔ aƒe ɖo. Numekugbalẽ aɖe (The Encyclopædia Britannica) gblɔ be: “Esi Moslemtɔwo kple Yudatɔwo sɔ gbɔ ɖe Spain le Titinaɣeyiɣiwo me ta la, dukɔ sia me koe ame ƒomevi kple subɔsubɔha vovovo me nɔlawo xɔ aƒe ɖo le ɣetoɖoƒe Europa ɣemaɣi, eye nu sia gbɔe wòtso be subɔsubɔhawo de ha le Spain, eye wowɔ ŋgɔyiyi le agbalẽŋɔŋlɔ, nutata, kple xɔtuɖaŋu me le Titinaɣeyiɣiawo ƒe nuwuwu lɔƒo ɖo.”
Esi Yudatɔ gbogbo aɖewo nɔ Spain ta la, Biblia ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ siwo le Hebrigbe me la bɔ. Yudatɔ agbalẽŋlɔla siwo nɔ Spain ƒe teƒe vovovowo la tsɔ kutrikuku kpɔ Ŋɔŋlɔawo ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxowo dzi ŋlɔ yeyewo bena woazã le dutoƒonuxexlẽ me le ƒuƒoƒewo. Aƒetɔ L. Goldschmidt gblɔ le eƒe agbalẽ si nye The Earliest Editions of the Hebrew Bible me be: “Yudatɔ agbalẽnyalawo ka ɖe edzi be Mose ƒe Agbalẽ Atɔ̃awo si gɔme woɖe ɖe Spain kple Portugal gbe me la de pɛpɛpɛ, eye woka ɖe asinuŋɔŋlɔgbalẽwo, kpakple Gbe Vovovowo Me Biblia siwo agbalẽnyalawo wɔ siwo dzi wokpɔ ŋlɔ wo la hã dzi.”
Togbɔ be nɔnɔmeawo de ame dzi le Spain hã la, tsitretsitsi ɖe ame siwo di be yewoaɖe Biblia gɔme ŋu la nɔ mo dom ɖa. Le ƒe 1492 me la, Fia Ferdinand kple Fianyɔnu Isabella ƒe Katoliko srafowo ɖu Moortɔwo ƒe nuto si susɔ ɖe Spain la dzi. Abe ale si míegblɔe do ŋgɔ ene la, ƒe ma ke mee dukɔa dzi ɖulawo de se be woanyã Yuda subɔsubɔha me tɔwo katã le Spain. Ƒe ewo megbe la, wogade se sia tɔgbi ake tsɔ nyã Moslemtɔwo hã. Tso ekema dzi la, Katolikoha la zu dukɔa ƒe subɔsubɔha, eye womegaɖe mɔ ɖe subɔsubɔha bubu aɖeke ŋu o.
Ŋusẽ kae nɔnɔme madeamedzi sia akpɔ ɖe Biblia gɔmeɖeɖedɔa dzi? Nu si me Alfonso de Zamora to la ɖe ale si nuwo ƒe tɔtrɔ alea gblẽ nui la fia. Togbɔ be Yudatɔ agbalẽnyala sia trɔ zu Katolikotɔ hã la, Spain ƒe haŋgɔnɔlawo ƒe susu ganɔ eƒe Yudatɔnyenye ŋu kokoko. Amewo ƒo nu tsi tre ɖe Papatenɔla Cisneros ŋu ɖe ale si wòna Yudatɔwo kpɔ gome le Gbe Vovovowo Me Biblia la wɔwɔ me ta. Zamora kpe fu geɖe le tsitretsiɖeŋu sia ta. Agbalẽ aɖe si le Madrid ƒe Yunivɛsiti la gblɔ tso ale si Zamora fa konyii ŋu ale: “Nye la, . . . xɔ̃nyewo katã lé fum hegblẽm ɖi, eye wozu nye futɔwo, eya ta nye gbɔgbɔ kple nye afɔƒome siaa mekpɔ gbɔɖemeƒe o.”
Ame siwo tsi tsitre ɖe eŋu vevie la dometɔ ɖekae nye Toledo ƒe bisiɔpgã Juan Tavera, si va zu nyagɔmekulawo ƒe tatɔ emegbe. Tavera ƒe tsitretsiɖeŋua na dzi ɖe le Zamora ƒo ale gbegbe be eƒo koko na papa la gɔ̃ hã. Kokoƒogbalẽ si wòŋlɔ la ƒe akpa aɖe yi ale: “Míele kuku ɖem na wò Papa Kɔkɔe be nàkpe ɖe mía ŋu . . . ahakpɔ mía ta tso míaƒe ketɔ Don Juan Tavera, si nye Toledo ƒe bisiɔpgã la, si me. Ewɔa fu geɖe mí tamanamanae gbe sia gbe. . . . Míele xaxa geɖe me tom, elabena míeva le ko abe lã siwo wokplɔ yina wuwu ge ene le eŋkume. . . . Papa Kɔkɔe, ne èse míaƒe kokoƒoƒo sia la, ‘Yahweh ana nànɔ dedie, eye wòadzɔ wò afɔwo ŋu be mɔ̃ magaɖe wò o.’ (Lododowo 3:23)”b
Akpa Vevi Si Alfonso de Zamora Wɔ
Le tsitretsiɖeŋu siawo me hã la, Zamora te ŋu yi eƒe dɔa dzi, dɔa kpɔ dzidzedze, eye wòɖe vi na Biblia srɔ̃la geɖe. Togbɔ be meɖe Ŋɔŋlɔawo me ɖe gbe siwo ame akpa gãtɔ dona le eŋɔli la me o hã la, dɔ si wòwɔ la nye viɖenu gã na gbegɔmeɖela bubuwo. Be míase akpa si wòwɔ gɔme la, ele be míaɖo ŋku edzi be Biblia gɔmeɖeɖe nɔ te ɖe agbalẽnyala ƒomevi eve ƒe dɔwɔna dzi. Gbã la, ele be agbalẽnyalawo nadzro ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo, siwo le Hebrigbe, Aramgbe, kple Helagbe, siwo nye gbe siwo me woŋlɔ Biblia ɖo zi gbãtɔ la me, bene woagbugbɔ aŋlɔe nyuie, eye nyawo nade pɛpɛpɛ le gbegbɔgblɔ mawo ke me. Eyome gbegɔmeɖelaa akpɔ esia dzi aɖe egɔme ɖe gbe si ame hahoowo dona la me.
Alfonso de Zamora ye nye agbalẽnyala si ɖe dzesi wu le ame siwo dzro Hebri ŋɔŋlɔawo me hegbugbɔ ŋlɔe nyuie hafi wota ɖe Komplutensia Biblia Si Le Gbe Vovovowo Me la me le ƒe 1522 me la dome. (Hebrigbe kple Latingbe me nyagbewo, kpakple Hebri gbe ŋuti se siwo dze le dɔa me la hã kpe ɖe gbegɔmeɖelawo ŋu ŋutɔ.) Zamora ŋɔlimetɔ Erasmus hã wɔ dɔ sia tɔgbi le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo, si ame geɖe yɔna be Nubabla Yeye la gome. Esi wotrɔ asi le Hebri kple Hela ŋɔŋlɔawo ŋu nyuie alea vɔ ko la, ke gbegɔmeɖelawo ate ŋu adze dɔ vevi si nye Biblia gɔme ɖeɖe ɖe gbe si ame akpa gãtɔ dona me la gɔme. Le ɣeyiɣi si me William Tyndale nɔ Biblia gɔme ɖem ɖe Eŋlisigbe me la, enye gbegɔmeɖela gbãtɔ siwo wɔ Komplutensia Biblia Si Le Gbe Vovovowo Me la ƒe akpa si le Hebrigbe me ŋu dɔ la dometɔ ɖeka.
Amewo abe Zamora ene, siwo tsɔ wo ɖokuiwo sa vɔe bene míase Ŋɔŋlɔawo gɔme nyuie wu la, ƒe agbagbadzedzewo hã le eme tae Biblia te ŋu ka ame geɖe ŋutɔ si egbea ɖo. Abe ale si Zamora de dzesii ene la, amewo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ nɔ te ɖe Mawu ƒe Nyaa gɔme sese kple edziwɔwɔ dzi. (Yohanes 17:3) Eye esia wɔwɔ bia be woaɖe Biblia gɔme ɖe gbe siwo me amewo ase egɔme le la me, elabena to esia dzi koe gbedeasia ate ŋu age ɖe susu me na ame miliɔn geɖewo ahade dzi gbɔ na wo.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Ne èdi be yeaxlẽ nu tso akpa vevi si Komplutensia Biblia Si Le Gbe Vovovowo Me wɔ ŋu la, kpɔ April 15, 2004 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 28-31.
b Nane si ɖe dzesi le agbalẽ sia mee nye ale si Zamora zã Mawu ƒe ŋkɔa, ke menye dzesideŋkɔ o, le kokoƒonya si wòŋlɔ ɖo ɖe Roma ƒe papa la me. Esi woɖe Zamora ƒe kokoƒoƒoa gɔme ɖe Spaingbe me la, woŋlɔ Mawu ƒe ŋkɔa be “Yahweh.” Ke ale si eya ŋutɔ ŋlɔ ŋkɔae zi gbãtɔ le Latingbea me ya mele nyanya o. Aɖaka si nye “Mawu Ƒe Ŋkɔa Gɔme Ðeɖe” si le axa 19 la ƒo nu tso ale si Zamora ɖe Mawu ƒe ŋkɔa gɔme kple ale si wòzãe ŋu.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 19]
Mawu Ƒe Ŋkɔa Gɔme Ðeɖe
Anyo ŋutɔ be míade dzesi ale si Alfonso de Zamora, si nye Hebritɔ agbalẽnyala la, ɖe Mawu ƒe ŋkɔa gɔme ɖe Latingbe mee. Abe ale si wòdze le foto si le axa sia dzi me ene la, le Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ si gɔme wòɖe tso Hebrigbe me ɖe Latingbe me ƒe axadzinuŋɔŋlɔ me la, eɖe Mawu ƒe ŋkɔ gɔme be “jehovah.”
Edze ƒãa be Zamora kpɔe be esɔ be woaɖe Mawu ƒe ŋkɔa gɔme alea ɖe Latingbe me. Le ƒe 1500-awo me, esime wonɔ Biblia gɔme ɖem ɖe Europa ƒe gbegbɔgblɔ veviwo me la, Biblia gɔmeɖela geɖe zã ŋkɔ sia alo bubu si de sɔsɔ ge kplii. Wo dometɔ aɖewoe nye William Tyndale (Eŋlisigbe, ƒe 1530), Sebastian Münster (Latingbe, ƒe 1534), Pierre-Robert Olivétan (Fransegbe, ƒe 1535) kple Casiodoro de Reina (Spaingbe, ƒe 1569).
Ale Zamora zu ƒe 1500-awo me Biblia ŋuti nunyala geɖe siwo kpe ɖe amewo ŋu wonya Mawu ƒe ŋkɔa la dometɔ ɖeka. Yudatɔwo ƒe alakpadzixɔse aɖe si meɖe mɔ na amewo be woayɔ Mawu ƒe ŋkɔa o la gbɔe wòtso be ame geɖe menya ŋkɔa o. Le Yudatɔwo ƒe dzixɔse sia ta la, ame siwo yɔa wo ɖokuiwo be Kristotɔwo la ƒe Biblia gɔmeɖelawo abe Jerome, si ɖe Latingbe me Biblia si nye Vulgate, gɔme la tsɔ dzesideŋkɔwo abe “Aƒetɔ” alo “Mawu” ene ɖo Mawu ƒe ŋkɔa teƒe.
[Nɔnɔmetata]
Zamora ɖe hebri ŋɔŋlɔdzesi eneawo gɔme be “jehovah” abe ale si wòdze le afi sia ene
[Nɔnɔmetata ŋu nya si le axa 18]
Spain fia kple fianyɔnu ƒe sedede, ƒe 1492
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Sedede: Courtesy of the Archivo Histórico Provincial, Ávila, Spain
[Nɔnɔmetata ŋu nya si le axa 18]
Alcalá de Henares ƒe yunivɛsiti
[Nɔnɔmetata si le axa 21]
Zamora ƒe nya ɖe nya nu ƒe gɔmeɖeɖe la ƒe ŋgɔdonyawo