Èɖo Ŋku Wo Dzia?
Ðe Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa xexlẽ do dzidzɔ na wòa? Ekema, kpɔe ɖa be àte ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã:
• Ame kae nye Olivétan, eye nu ka tae wòle be míatsɔ ɖe le dɔ si wòwɔ me ɖo?
Ŋkɔ mae woyɔna na Fransetɔ Pierre Robert. Eɖe Biblia gɔme ɖe Fransegbe me le ƒe alafa 16 lia me Ðɔɖɔɖowɔɣia. Ezã “dzikpɔla” ɖe “bisiɔp” teƒe, kple “hame” ɖe “sɔleme” teƒe. Ezã Mawu ƒe ŋkɔ “Yehowa” le teƒe aɖewo.—9/1, axa 18-20.
• Nu kae Mawu wɔnɛ esi wògblɔ na Lewi viwo be: ‘Nyee nye miaƒe gɔme’?
Woma anyigba na Israel to bubuawo dometɔ ɖe sia ɖe, gake Yehowa ye nye Lewi viwo ya ƒe “gome.” (4 Mose 18:20) Lewi viwo mexɔ domenyinu si nye anyigba o, gake subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖe su wo si. Gawu la, Yehowa kpɔ woƒe ŋutilãmenuhiahiã veviwo gbɔ na wo. Egbea la, ame siwo si mɔnukpɔkpɔ su wole Fiaɖuƒea ƒe nuwo dom ɖe ŋgɔ la ate ŋu aka ɖe edzi be akpɔ woƒe agbemenuhiahiã veviwo gbɔ na wo.—9/15, axa 7-8, 13.
• Aleke míewɔ nya ƒe si me Babilontɔwo tsrɔ̃ blema Yerusalem?
Blemaŋutinyaŋlɔlawo ƒe nuŋlɔɖiwo mewɔ ɖeka le Babilon fiawo kple woƒe dziɖuɣiwo me o. Ke hã agbalẽnyalawo lɔ̃ ɖe edzi be Kores II lia ɖu Babilon dzi le ƒe 539 D.M.Ŋ., si nye ƒe ɖedzesi aɖe la, me. Woɖe asi le Yudatɔwo ŋu, eye kaka ƒe 537 D.M.Ŋ. naɖo la, wotrɔ yi wo denyigba dzi. Biblia gblɔ be wonɔ aboyo me ƒe 70 sɔŋ. Eya ta anɔ eme godoo be ƒe 607 D.M.Ŋ. mee wotsrɔ̃ Yerusalem. (2 Kron. 36:21, 22; Yer. 29:10; Dan. 9:1, 2)—10/1, axa 26-31.
• Nu kawoe ate ŋu akpe ɖe Kristotɔ aɖe ŋu wòanya ne modzakaɖeɖe ƒomevi aɖe aɖe vi nɛ loo alo maɖe vi nɛ o?
Be nànya ne modzakaɖeɖe ƒomevi aɖe aɖe vi na wò la, anyo be nàbia nya siawo ɖokuiwò: Nu kae wòlɔ ɖe eme? Ɣeyiɣi didi kae wòaxɔ? Ame kawoe wòlɔ ɖe eme?—10/15, axa 9-12.
• Nu ka tae wòanye nu gbegblẽ be woaɖe fu?
Mawu bua agbea be enye nu kɔkɔe eye ebua fugboe be enye ame gbagbe. (Ps. 139:16) Vi si womedzi haɖe o ƒe agbe ɖeɖe ɖa nye amewuwu, abe ale si nyateƒe si wònye be Sea gblɔ be woabia hlɔ̃ ame si wɔ nu vevi vi nɔdɔmee la ɖee fia ene. (2 Mose 21:22, 23)—11/1, axa 6.
• Aleke nuŋlɔɖi si le Lododowo 7:6-23 ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ?
Nuŋlɔɖi ma ƒo nu tso ɖekakpuivi aɖe si yi ɖanɔ tsatsam le kpɔdomee, afi si wonya be nyɔnu gbolo aɖe le la. Nyɔnua blee. Egbea la, anyo be míaƒo asa na Internet nyatakakadzraɖoƒe siwo dzi foto siwo nyɔa gbɔdɔdɔ ɖe ame me le la, eye ele vevie be míado gbe ɖa abia Mawu ƒe kpekpeɖeŋu hafi ahayi keke ge ɖe foto mawo ƒomevi ŋu le Internet dzi gɔ̃ hã.—11/15, axa 9-10.
• Aleke míewɔ nya be anyigba la matsrɔ̃ le ƒe 2012 me o?
Esi blema Mayatɔwo ƒe ɣletigbalẽa ƒe ŋkeke mamlɛtɔ le ɖoɖom ta la, ame aɖewo xɔe se be xexea le nu wu ge le ƒe 2012 me. Gake esia mate ŋu adzɔ o, elabena ɖe Yehowa wɔ anyigba la be woanɔ edzi. Biblia gblɔ be anyigba la anɔ anyi tegbee. (Nyagb. 1:4; Yes. 45:18)—12/1, axa 10.
• Ame siwo kpɔ gome le Biblia ŋɔŋlɔ me la dometɔ kawoe nɔ anyi le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekosteŋkekea dzi?
Edze abe ame siwo ŋlɔ Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo la dometɔ ade nɔ eteƒe ene. Apostolo etɔ̃ nɔ eteƒe—woawoe nye Mateo, Yohanes, kple Petro. Yesu dadavi eve hã nɔ eteƒe—woawoe nye Yakobo kple Yuda. Eye anɔ eme be ɖekakpuivi Marko hã nɔ eteƒe.—12/1, axa 22.