Èle Nu Siwo Katã Nàte Ŋui La Srɔ̃m Tso Yehowa Gbɔa?
1. Nu kae nye Yehowa ƒe nɔnɔme ɖe nufiafia ŋu?
1 Yehowa, míaƒe ‘Nufiala Gãtɔ la,’ di be míanye ame siwo woafia nui. (Yes. 30:20) Edze nufiafia gɔme le eƒe Ŋgɔgbevi la wɔwɔ vɔ megbe. (Yoh. 8:28) Le Adam ƒe aglãdzedze megbe la, Yehowa medzudzɔ nufiafia o, ke boŋ eyi edzi na mɔfiame amegbetɔ madeblibowo lɔlɔ̃tɔe.—Yes. 48:17, 18; 2 Tim. 3:14, 15.
2. Nufiafiadɔ gã kae le edzi yim fifia?
2 Yehowa le mɔ fiam nufiafiadɔ gãtɔ si wɔm wole egbea, si tɔgbi womewɔ le ŋutinya me kpɔ o la. Abe ale si Yesaya gblɔe ɖii ene la, ame miliɔn geɖewo tso xexea me godoo va le zi ƒom ɖe “Yehowa ƒe aƒe ƒe to la” ŋu. (Yes. 2:2) Nu ka tae? Be woafia nu yewo le Mawu ƒe mɔwo ŋu, ɛ̃, be Yehowa nafia nu yewo! (Yes. 2:3) Le 2010 subɔsubɔƒea me la, Yehowa Ðasefowo zã gaƒoƒo biliɔn ɖeka kple miliɔn alafa ade kple edzivɔ tsɔ ɖe gbeƒã hefia Biblia me nyateƒea amewo. Gakpe ɖe eŋu la, kwasiɖa sia kwasiɖa la, wofiaa nu amewo tso Mawu ŋu le hame siwo wu 105,000 me le anyigba dzi godoo, eye kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la le Kristotɔwo ƒe agbalẽ siwo wotsɔ fiaa nu amewo la tam ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 500 me.
3. Aleke nufiafia ƒe ɖoɖo si Yehowa wɔ la le vi ɖem na wò ŋutɔ?
3 Na Wòaɖe Vi Na Wò Bliboe: Nufiafia ƒe ɖoɖo si Mawu wɔ la le vi ɖem na mí ale gbegbe! Míesrɔ̃e be ŋkɔ le Mawu si eye be etsɔa ɖe le eme na mí. (Ps. 83:19; 1 Pet. 5:6, 7) Míaƒe nusɔsrɔ̃a kpe ɖe mía ŋu míekpɔ ŋuɖoɖo na agbe me biabia vevitɔwo dometɔ aɖewo siwo nye: Nu ka tae amewo kpea fu eye wokuna? Aleke mawɔ akpɔ dzidzɔ vavãtɔ? Tameɖoɖo kae le agbe ŋu? Yehowa na agbe nyui nɔnɔ ŋuti mɔfiamewo hã mí, siwo kpena ɖe mía ŋu be ‘nu sia nu dzea edzi na mí.’—Yos. 1:8.
4. Hehenaɖoɖo siwo ƒe mɔnukpɔkpɔ le ʋuʋu ɖi na Mawu subɔlawo la dometɔ aɖewo ɖe, eye nu ka tae wòle be míesrɔ̃ nu siwo katã míate ŋui la tso Yehowa gbɔ?
4 Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yehowa wɔ ɖoɖo ɖe hehenana tɔxɛ aɖewo ŋu be woakpe ɖe esubɔla geɖe ŋu woakeke subɔsubɔdɔ si wowɔna nɛ la ɖe enu. Hehenaɖoɖo siwo ƒe mɔnukpɔkpɔ le ʋuʋu ɖi na ame aɖewo la dze le axa 4 va se ɖe axa 6 lia. Nenye be míaƒe nɔnɔmewo maɖe mɔ na mí míakpɔ gome le hehenaɖoɖo siwo dze le afi sia me o gɔ̃ hã la, ɖe míena hehe si nam Mawu le, si me míate ŋu akpɔ gome le, la le vi ɖem na mí bliboea? Ðe míedea dzi ƒo na sɔhɛ siwo nu sukunufialawo kple ame bubuwo ƒoa nya ɖo be woati xexe sia me suku kɔkɔ dede yome la be woaɖo gbɔgbɔmetaɖodzinuwo na wo ɖokuiwo eye woati hehexɔxɔ kɔkɔtɔ, si nye hehe si Mawu nana la, yomea? Ne míesrɔ̃ nu siwo katã míate ŋui la tso Yehowa gbɔ la, akpe ɖe mía ŋu míanɔ agbe si me dzidzeme le fifia, eye míakpɔ agbe mavɔ le etsɔme.—Ps. 119:105; Yoh. 17:3.
Hehenaɖoɖo Siwo Ƒe Mɔnukpɔkpɔ Le Ʋuʋu Ði Le Yehowa Ƒe Habɔbɔa Me La Dometɔ Aɖewo
Nuxexlẽ Kple Nuŋɔŋlɔ Sɔsrɔ̃ Suku
• Taɖodzinua: Be woafia nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ amewo ale be woawo ŋutɔwo nate ŋu asrɔ̃ Biblia le ɖokuiwo si eye woafia nyateƒea ame bubuwo.
• Ɣeyiɣi Didime Si Wòxɔna: Le amea ƒe hiahiã nu.
• Teƒe Si Wowɔnɛ Le: Le Fiaɖuƒe Akpata si le nutoa me la me.
• Ame Siwo Ate Ŋu Adee: Gbeƒãɖelawo katã kple ɖetsɔlemetɔwo.
• Ale Si Woawɔ Adee: Hamemetsitsiwo wɔa ɖoɖo ɖe nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ sɔsrɔ̃a ŋu le ale si hiahiã le le wo gbɔ la nu, eye wodea dzi ƒo na ame siwo katã sukua ate ŋu aɖe vi na la be woadee.
Teokrasi Subɔsubɔ Suku
• Taɖodzinua: Be woana hehe gbeƒãɖelawo be woazu nya nyui gbeƒãɖelawo kple nufiala bibiwo.
• Ɣeyiɣi Didime Si Wòxɔna: Eyia edzi ɖaa.
• Teƒe Si Wowɔnɛ Le: Le Fiaɖuƒe Akpata si le nutoa me la me.
• Ame Siwo Ate Ŋu Akpɔ Gome Le Eme: Gbeƒãɖelawo katã. Ame bubu siwo dea ha kple hamea edziedzi, siwo lɔ̃ ɖe Biblia ƒe nufiafiawo dzi, eye woƒe agbenɔnɔ wɔ ɖeka kple Kristotɔwo ƒe dzidzenuwo la hã ate ŋu akpɔ gome le suku sia me.
• Ale Si Nàwɔ Akpɔ Gome Le Eme: Te ɖe Teokrasi Subɔsubɔ Suku dzikpɔlaa ŋu nàgblɔe nɛ.
Dutagbesrɔ̃suku
• Taɖodzinua: Be woafia gbeƒãɖelawo ale si woaɖe gbeƒã nya nyuia le gbe bubu aɖe me.
• Ɣeyiɣi Didime Si Wòxɔna: Ɣleti ene alo ɣleti atɔ̃. Zi geɖe la, wowɔa sukua gaƒoƒo ɖeka alo gaƒoƒo eve le Memleɖa ŋdiwo.
• Teƒe Si Wowɔnɛ Le: Zi geɖe la, wowɔnɛ le Fiaɖuƒe Akpata aɖe si tsɔ ɖe gbea srɔ̃lawo gbɔ me.
• Ame Siwo Ate Ŋu Adee: Gbeƒãɖela siwo si tenɔnɔ nyui le, siwo di be yewoɖe gbeƒã le dutagbe aɖe me.
• Ale Si Wowɔa Ðoɖo Ðe Eŋu: Alɔdzedɔwɔƒea ye wɔa ɖoɖo ɖe suku sia ŋu le ale si hiahiã le nu.
Fiaɖuƒe Akpata Tutudɔ
• Taɖodzinua: Be woatu Fiaɖuƒe Akpatawo alo aɖɔ wo ɖo. Menye suku ye esia nye o, gake le ɖoɖo sia me la, wofiaa aɖaŋudɔ geɖewo lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlaawo ale be woate ŋu akpe asi ɖe xɔtudɔwo ŋu.
• Ɣeyiɣi Didime Si Wòxɔna: Enɔa te ɖe lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla la ƒe ŋutete dzi.
• Teƒe Si Wowɔnɛ Le: Le nuto si wode asi na Nuto Me Xɔtukɔmitia la ƒe teƒe ɖe sia ɖe si woatia. Woate ŋu akpe lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla aɖewo be woayi aɖana kpekpeɖeŋu le didiƒe, le nuto aɖe si me dzɔdzɔmefɔkuwo gblẽ nu le la me.
• Nudidi Siwo Gbɔ Woaɖo: Ele be woanye nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu xɔnyɔnyrɔ siwo dzi hamemetsitsiwo ƒe haa da asi ɖo. Woate ŋu anye xɔtudɔwɔla bibiwo alo ame siwo menya xɔtuɖaŋu aɖeke o.
• Ale Si Nàwɔ Akpɔ Gome Le Eme: Kpe dɔbiagbalẽ si nye Kingdom Hall Volunteer Worker Questionnaire (S-82) la ɖo; àkpɔe axɔ le hamemetsitsiwo gbɔ.
Mɔɖelawo Ƒe Subɔsubɔ Suku
• Taɖodzinua: Be wòakpe ɖe mɔɖelawo ŋu ‘woawɔ woƒe subɔsubɔdɔ la ade goe.’—2 Tim. 4:5.
• Ɣeyiɣi Didime Si Wòxɔna: Kwasiɖa eve.
• Teƒe Si Wowɔnɛ Le: Alɔdzedɔwɔƒea ye tiaa teƒea; zi geɖe la, enyea Fiaɖuƒe Akpata aɖe si te ɖe ame siwo ade sukua ŋu.
• Nudidi Siwo Gbɔ Woaɖo: Ame siwo le mɔɖeɖedɔa wɔm hena ƒe ɖeka ya teti.
• Mɔ Si Dzi Woato Adee: Nutome sue dzikpɔla tiaa mɔɖela siwo dze adee la eye wònana wonyana.
Betel Vala Yeyewo Ƒe Suku
• Taɖodzinua: Wotrɔ asi le suku sia ŋu be wòakpe ɖe Betel vala yeyewo ŋu woakpɔ dzidzedze le woƒe Betel subɔsubɔdɔa me.
• Ɣeyiɣi Didime Si Wòxɔna: Gaƒoƒo ɖeka kwasiɖa sia kwasiɖa hena kwasiɖa wuiade.
• Teƒe Si Wowɔnɛ Le: Betel.
• Nudidi Siwo Gbɔ Woaɖo: Ele be woanye ame siwo dzi woda asi ɖo be wozu Betel ƒomea me tɔwo koŋ alo lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo de asi agbalẽ te be yewoawɔ dɔ le Betel ɣeyiɣi didi aɖe (abe ƒe ɖeka alo esi wu nenema ene).
• Ame Siwo Akpɔ Gome Le Eme: Wotiaa Betel ƒomea me tɔ siwo dze akpɔ gome le eme henana wonyana.
Fiaɖuƒe Subɔsubɔ Suku
• Taɖodzinua: Be woana hehe hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo be woawɔ dzikpɔkpɔdɔ kpakple hamea me dɔ siwo wode wo si la nyuie. (Dɔw. 20:28) Wowɔa suku sia ƒe ʋɛ aɖewo le mamlɛtɔ si wowɔ va yi la megbe abe ale si Dziɖuha la wɔ eŋuti ɖoɖo ene.
• Ɣeyiɣi Didime Si Wòxɔna: Le ƒe siwo va yi nyitsɔ laa me la, hamemetsitsiwo denɛ ŋkeke ɖeka kple afã eye subɔsubɔdɔwɔlawo denɛ ŋkeke ɖeka.
• Teƒe Si Wowɔnɛ Le: Zi geɖe la, wowɔnɛ le Fiaɖuƒe Akpata alo Takpexɔ si te ɖe ame siwo ade sukua ŋu la me.
• Nudidi Siwo Gbɔ Woaɖo: Ele be woanye hamemetsitsiwo alo subɔsubɔdɔwɔlawo.
• Ame Siwo Akpɔ Gome Le Eme: Nutome sue dzikpɔla tiaa hamemetsitsi kple subɔsubɔdɔwɔla siwo dze akpɔ gome le eme eye wòkpea wo.
Hamemetsitsiwo Ƒe Sukua
• Taɖodzinua: Be wòakpe ɖe hamemetsitsiwo ŋu woatsɔ agbanɔamedzi siwo wode wo si le hamea me la nyuie.
• Ɣeyiɣi Didime Si Wòxɔna: Ŋkeke atɔ̃.
• Teƒe Si Wowɔnɛ Le: Alɔdzedɔwɔƒea ye tiaa teƒea; Zi geɖe la, enyea Fiaɖuƒe Akpata alo Takpexɔ si te ɖe ame siwo ade sukua ŋu la me.
• Nudidi Siwo Gbɔ Woaɖo: Ele be woanye hamemetsitsiwo.
• Ame Siwo Akpɔ Gome Le Eme: Alɔdzedɔwɔƒea ye tiaa hamemetsitsi siwo dze akpɔ gome le eme eye wòkpea wo.
Dzikpɔla Mɔzɔlawo Kple Wo Srɔ̃wo Ƒe Sukub
• Taɖodzinua: Be woakpe ɖe nutome sue kple nutome gã dzikpɔlawo ŋu be woakpɔ dzidzedze le hameawo subɔsubɔ me, ‘ado vevie nu le nuƒoƒo kple nufiafia me,’ eye woakplɔ ame siwo le woƒe dzikpɔkpɔ te la nyuie wu.—1 Tim. 5:17; 1 Pet. 5:2, 3.
• Ɣeyiɣi Didime Si Wòxɔna: Ɣleti eve.
• Teƒe Si Wowɔnɛ Le: Alɔdzedɔwɔƒea ye tianɛ.
• Nudidi Siwo Gbɔ Woaɖo: Ele be woanye nutome sue dzikpɔlawo alo nutome gã dzikpɔlawo.
• Ame Siwo Akpɔ Gome Le Eme: Alɔdzedɔwɔƒea ye kpea dzikpɔla mɔzɔla siwo dze akpɔ gome le eme la kple wo srɔ̃wo.
Nɔviŋutsu Trewo Ƒe Bibliasrɔ̃sukuc
• Taɖodzinua: Be woana hehe hamemetsitsi kple subɔsubɔdɔwɔla siwo meɖe srɔ̃ o la be woaxɔ agbanɔamedzi geɖe wu. Woade dɔ asi na ame siwo wu suku sia nu la dometɔ akpa gãtɔ be woasubɔ le afi si hiahiã le le dukɔ si me wole la me. Woate ŋu ade dɔ asi na wo dometɔ aɖewo be woayi aɖasubɔ le dukɔ bubu me ne wona alɔdzedɔwɔƒea nya be yewole klalo na esia wɔwɔ.
• Ɣeyiɣi Didime Si Wòxɔna: Ɣleti eve.
• Teƒe Si Wowɔnɛ Le: Alɔdzedɔwɔƒea ye tianɛ; zi geɖe la, enyea Takpexɔ alo Fiaɖuƒe Akpata aɖe me.
• Nudidi Siwo Gbɔ Woaɖo: Nɔviŋutsu tre siwo xɔ tso ƒe 23 va ɖo ƒe 62 eye wole lãmesẽ nyui me, siwo di be yewoasubɔ nɔviawo ahado Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖe ŋgɔ le afi sia afi si hiahiã le. (Mar. 10:29, 30) Ele be woanye ame siwo le subɔsubɔm le agbanɔamedzinɔƒe aɖe, ne mede ɖeke o la, ƒe eve tsiã ɖe enu.
• Ale Si Nàwɔ Adee: Ne wowɔa suku sia le miaƒe alɔdzedɔwɔƒea ƒe anyigbamama me la, woawɔ kpekpe aɖe le nutome sue takpekpewo me na ame siwo di be yewoade suku sia. Wonaa nyatakaka bubuwo tso sukua ŋu le kpekpe sia me.
Kristotɔ Srɔ̃tɔwo Ƒe Bibliasrɔ̃sukud
• Taɖodzinua: Be woana hehe tɔxɛ srɔ̃tɔwo ale be Yehowa kple eƒe habɔbɔa nate ŋu azã wo geɖe wu. Woade dɔ asi na ame siwo wu suku sia nu la dometɔ akpa gãtɔ be woasubɔ le afi si hiahiã le le dukɔ si me wole me. Woate ŋu ade dɔ asi na wo dometɔ aɖewo be woayi aɖasubɔ le dukɔ bubu me, ne wona alɔdzedɔwɔƒea nya be yewole klalo na esia wɔwɔ.
• Ɣeyiɣi Didime Si Wòxɔna: Ɣleti eve.
• Teƒe Si Wowɔnɛ Le: Wole suku sia ƒe gbãtɔ ʋɛawo wɔm le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Hehenaƒe si le Patterson, New York, U.S.A. Emegbe la, woawɔ suku sia le teƒe siwo alɔdzedɔwɔƒea atia; zi geɖe la, anye Takpexɔ alo Fiaɖuƒe Akpata aɖe me.
• Nudidi Siwo Gbɔ Woaɖo: Atsu kple asi siwo xɔ tso ƒe 25 va ɖo ƒe 50 eye wole lãmesẽ nyui me, siwo ƒe nɔnɔmewo ɖe mɔ na wo be woasubɔ le afi sia afi si hiahiã le; woanye ame siwo si “Nyee nye esi! Dɔm” ƒe nɔnɔme le. (Yes. 6:8) Gakpe ɖe eŋu la, ele be woanye ame siwo ɖe wo nɔewo ƒe eve ya teti, eye wole subɔsubɔm fifia le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me, ne mede ɖeke o la, ƒe eve ya teti tsiã ɖe enu.
• Ale Si Miawɔ Adee: Ne wowɔa suku sia le miaƒe alɔdzedɔwɔƒea ƒe anyigbamama me la, woawɔ kpekpe aɖe le ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛwo me na ame siwo di be yewoade suku sia. Wonaa nyatakaka bubuwo tso sukua ŋu le kpekpe sia me.
Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Suku
• Taɖodzinua: Be woana hehe mɔɖelawo kple ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla bubuwo hena dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔwɔ.
• Ɣeyiɣi Didime Si Wòxɔna: Ɣleti atɔ̃.
• Teƒe Si Wowɔnɛ Le: Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Hehenaƒe si le Patterson, New York, U.S.A.
• Nudidi Siwo Gbɔ Woaɖo: Woanye atsu kple asi siwo xɔ nyɔnyrɔ ƒe etɔ̃ xoxo eye woxɔ tso ƒe 21 va ɖo ƒe 38 esime wokpe woƒe dɔbiagbalẽ gbãtɔ ɖo heɖoe ɖa. Ele be woase Eŋlisigbe, woanye ame siwo ɖe wo nɔewo ƒe eve ya teti, eye wole subɔsubɔm fifia le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me, ne mede ɖeke o la, ƒe eve ya teti tsiã ɖe enu. Ele be woanɔ lãmesẽ nyui me. Mɔɖela siwo le subɔsubɔm le dutadukɔ aɖe me (wo dometɔ siwo wobu abe dutanyanyuigblɔlawo ene hã le eme); dzikpɔla mɔzɔlawo; Betel ƒomea me tɔwo; kple ame siwo de Subɔsubɔdɔ Ƒe Hehenasukua va yi, Nɔviŋutsu Trewo Ƒe Bibliasrɔ̃suku nuwulawo, kpakple Kristotɔ Srɔ̃tɔwo Ƒe Bibliasrɔ̃suku nuwulawo hã ate ŋu abia be yewode suku sia ne woɖo nudidiawo gbɔ.
• Ale Si Miawɔ Adee: Wowɔa kpekpe aɖe le nutome gã takpekpewo me na srɔ̃tɔ siwo di be yewoade suku sia la le alɔdzedɔwɔƒe tiatia aɖewo ƒe anyigbamama me. Wonaa nyatakaka bubuwo tso sukua ŋu le kpekpe sia me. Ne womewɔa kpekpe sia le nutome gã takpekpewo me le dukɔ si me miele me o, evɔ miedi be yewoade suku sia la, miate ŋu aŋlɔ agbalẽ na miaƒe alɔdzedɔwɔƒea hena nyatakaka bubuwo xɔxɔ.
Alɔdzekɔmiti Me Tɔwo Kple Wo Srɔ̃wo Ƒe Suku
• Taɖodzinua: Be wòakpe ɖe Alɔdzekɔmiti me tɔwo ŋu woakpɔ Betel ƒewo dzi nyuie wu, be woakpɔ hameawo ƒe nuhiahiãwo gbɔ, eye woakpɔ nutome sue kple nutome gã siwo le woƒe anyigbamama me, kpakple gbegɔmeɖeɖe, agbalẽtata kple agbalẽwo ɖoɖo ɖe hameawo ƒe dɔawo dzi, eye woakpɔ alɔdzedɔwɔƒea ƒe dɔwɔƒe vovovoawo hã dzi.—Luka 12:48b.
• Ɣeyiɣi Didime Si Wòxɔna: Ɣleti eve.
• Teƒe Si Wowɔnɛ Le: Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Hehenaƒe si le Patterson, New York, U.S.A.
• Nudidi Siwo Gbɔ Woaɖo: Alɔdzekɔmiti alo Dukɔ Dzikpɔkɔmiti me tɔwo alo ame siwo woade dɔ sia asi na le sukua dede megbe.
• Ame Siwo Akpɔ Gome Le Eme: Dziɖuha lae kpea nɔviŋutsu siwo dze akpɔ gome le eme la kple wo srɔ̃wo.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Womele suku sia wɔm le dukɔ ɖe sia ɖe me haɖe o.
b Womele suku sia wɔm le dukɔ ɖe sia ɖe me haɖe o.
c Womele suku sia wɔm le dukɔ ɖe sia ɖe me haɖe o.
d Womele suku sia wɔm le dukɔ ɖe sia ɖe me haɖe o.