INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w13 12/1 axa 16
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Ðe Mawu Aɖo Xexea Me Katã Ƒe Dziɖuɖu Anyia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Tso Mawu Ƒe Fiaɖuƒea Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
w13 12/1 axa 16

BIBLIA ME BIABIAWO ƑE ŊUÐOÐOWO

Taɖodzinu ka tae Kristo atrɔ agbɔ ɖo?

Hafi Yesu Kristo nayi dziƒo le ƒe 33 M.Ŋ. (Mía Ŋɔli) me la, edo ŋugbe be yeagatrɔ agbɔ. Etsɔ eɖokui sɔ kple ame ŋkuta aɖe si zɔ mɔ didi aɖe eye wòtrɔ gbɔ kple ŋusẽ abe fia ene. Taɖodzinu si tae Yesu atrɔ agbɔ ɖoe nye be wòaɖu amegbetɔƒomea dzi le dzɔdzɔenyenye me.​—Xlẽ Luka 19:11, 12.

Yesu aɖu amegbetɔƒomea dzi le dzɔdzɔenyenye me

Nɔnɔme ka mee Kristo atrɔ agbɔ le? Wofɔ Yesu ɖe tsitre wònye gbɔgbɔ makpɔmakpɔ. (1 Petro 3:18) Eyome eyi dziƒo eye wònɔ Mawu ƒe ɖusime. (Psalmo 110:1) Le ɣeyiɣi geɖe megbe la, wokplɔ Yesu yi Yehowa Mawu, “Ame si li tso gbe aɖe gbe ʋĩi ke,” la ŋkume, eye wòna ŋusẽ Yesu be wòaɖu amegbetɔƒomea dzi. Eya ta Yesu trɔ gbɔ abe Fia makpɔmakpɔ ene, ke menye abe amegbetɔ ene o.​—Xlẽ Daniel 7:13, 14.

Nu kae Yesu awɔ ne eva ɖo?

Ne Yesu va ɖo kple eƒe dɔlawo la, adrɔ̃ ʋɔnu amegbetɔƒomea. Ɣemayi la, míakpɔe kple ŋku o. Atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo, gake ana agbe mavɔ ame siwo abɔbɔ ɖe eƒe fianyenye te.​—Xlẽ Mateo 25:31-33, 46.

Ne Yesu Fia la va le anyigba dzi ɖum la, woatrɔ anyigbaa wòazu paradiso. Afɔ ame kukuwo ɖe tsitre ale be woanɔ agbe le anyigba dzi ase vivi le Paradisoa me.​—Xlẽ Luka 23:42, 43.

Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le agbalẽ sia, si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?, ƒe axa 73-85 lia. Yehowa Ðasefowoe tae

Àte ŋu awɔ eƒe kɔpi le www.jw.org

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe