INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w14 10/1 axa 4-7
  • Mawu Fiaɖuƒe La—Nu Si Tae Wòle Vevie Na Yesu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mawu Fiaɖuƒe La—Nu Si Tae Wòle Vevie Na Yesu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • NU SI FIAÐUƑEA AWƆ NA YESU FOFO
  • NU SI FIAÐUƑEA AWƆ NA NUTEƑEWƆLAWO
  • Nu Si Yesu Fia Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyateƒe Si Ku Ðe Mawu Fiaɖuƒea Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2020
  • Elɔ̃ Amewo Vevie
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Tso Mawu Ƒe Fiaɖuƒea Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
w14 10/1 axa 4-7
Yesu le nu fiam eyomedzelawo tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu

NYATI SI LE AKPAA DZI | MAWU FIAÐUƑE LA—VI KAE WÒAÐE NA WÒ?

Mawu Fiaɖuƒe La—Nu Si Tae Wòle Vevie Na Yesu

Esi Yesu nɔ eƒe subɔsubɔdɔa wɔm le anyigba dzi la, eƒo nu tso nyati geɖe ŋu. Le kpɔɖeŋu me, efia eyomedzelawo ale si woado gbe ɖa, ale si woawɔ adze Mawu ŋu, kple ale si woawɔ akpɔ dzidzɔ vavãtɔ. (Mateo 6:5-13; Marko 12:17; Luka 11:28) Gake nyati si nɔ vevie na Yesu wu bubu ɖe sia ɖe, si ŋu woƒo nu tsoe wu ye nye Mawu Fiaɖuƒea.​—Luka 6:45.

Abe ale si míegblɔe le nyati gbãtɔa me ene la, dɔ si koŋ Yesu wɔ le eƒe agbe me ye nye be, enɔ “gbeƒã ɖem henɔ Mawu fiaɖuƒea ŋuti nya nyui la gblɔm” na amewo. (Luka 8:1) Edo vevie nu zɔ azɔli kilometa alafa geɖe hetsa le Israel-nyigba bliboa dzi nɔ nu fiam amewo tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu. Woŋlɔ Yesu ƒe subɔsubɔ ŋuti nya ɖe Nyanyuigbalẽ eneawo me, si me woyɔ Fiaɖuƒea ŋkɔ le wu zi 100 sɔŋ. Wo dometɔ akpa gãtɔ dze le Yesu ŋutɔ ƒe nyagbɔgblɔwo me. Ke hã menye nya siwo katã Yesu gblɔ tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu ye woŋlɔ ɖi o, ke boŋ eƒe sue aɖe koe nye ema!​—Yohanes 21:25.

Nu ka tae Fiaɖuƒea nɔ vevie na Yesu nenema gbegbe esime wonɔ anyigba dzi? Gbã, Yesu nya be Mawu tia ye be yeanye Fiaɖuƒea ƒe Fia. (Yesaya 9:5; Luka 22:28-30) Gake menye gãnyenye alo bubu ŋue Yesu tsi dzi ɖo o. (Mateo 11:29; Marko 10:17, 18) Menye viɖe si eya ŋutɔ akpɔ tae wòɖe gbeƒã Fiaɖuƒea ɖo o. Susu vevi si tae Mawu Fiaɖuƒeaa nɔ vevie na nɛ ye nye nu si Fiaɖuƒea awɔ na ame siwo wòlɔ vevie​—Fofoa si le dziƒo kple eyomedzela wɔnuteƒewo.

NU SI FIAÐUƑEA AWƆ NA YESU FOFO

Yesu lɔ̃ Fofoa si le dziƒo la vevie. (Lododowo 8:30; Yohanes 14:31) Ekpɔa dzidzɔ ɖe Fofoa ƒe nɔnɔme nyoameŋuwo, abe Eƒe lɔlɔ̃, Eƒe nublanuikpɔkpɔ kple Eƒe dzɔdzɔenyenye ene ŋu. (5 Mose 32:4; Yesaya 49:15; 1 Yohanes 4:8) Eya ta ne Yesu se alakpanya siwo amewo gblɔna ɖe Fofoa ŋu be metsɔ ɖeke le fu siwo kpem amegbetɔwo le me o eye edi hã be míanɔ fu kpem la, etena ɖe edzi vevie. Susu sia tae Yesu do vevie gbeƒãɖeɖe ‘Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia’ ɖo, elabena enyae be Fiaɖuƒea ava kɔ ye Fofo ƒe ŋkɔ ŋu. (Mateo 4:23; 6:9, 10) Aleke Fiaɖuƒea awɔ esiae?

Yehowa ato Fiaɖuƒea dzi ahe tɔtrɔ gãwo ava xexea me be wòaɖe vi na amegbetɔwo. “Eye wòatutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le” nuteƒewɔlawo katã ƒe ŋkume. Yehowa aɖe nu siwo nana amewo faa avi la ɖa, eye wòakpɔ egbɔ be “ku maganɔ anyi o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevesese hã maganɔ anyi o.” (Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Mawu ato Fiaɖuƒea dzi aɖe amegbetɔwo ƒe fukpekpewo katã ɖa.b

Mewɔ ŋku o be Yesu dze agbagba vevie be yeagblɔ Fiaɖuƒea ŋuti nya na amewo! Enyae be Fiaɖuƒea ana míanya ŋusẽ si gbegbe le ye Fofo si, kple ale si wòsea veve ɖe ame nui. (Yakobo 5:11) Yesu nyae hã be Fiaɖuƒea aɖe vi na ame bubu siwo yelɔ̃na, siwo nye amegbetɔ wɔnuteƒewo hã.

NU SI FIAÐUƑEA AWƆ NA NUTEƑEWƆLAWO

Yesu nɔ Fofoa gbɔ le dziƒo ɣeyiɣi didi aɖe ŋutɔ hafi va anyigba dzi. Vi la dzie Fofo la to wɔ nu sia nu si le xexea me​—tso nuwɔnuku siwo le dziƒowo, siwo nye ɣletiwo kple ɣletivihatsotsowo, dzi va ɖo míaƒe anyigba dzeani la kple lã siwo katã le edzi la dzi. (Kolosetɔwo 1:15, 16) Gake le nu siawo katã me la, amegbetɔwo ŋue Yesu ‘kpɔa dzidzɔ’ ɖo wu.​—Lododowo 8:31.

Ale si gbegbe Yesu lɔ̃ amegbetɔwo la ɖe dzesi ƒãa le eƒe subɔsubɔdɔa me. Tso gɔmedzedzea ke la, ena eme kɔ ƒãa be ɖe yeva anyigba dzi be ‘yeagblɔ nya nyui’ la na ame dahewo. (Luka 4:18) Gake menye ɖeko Yesu ƒo nu tso kpekpe ɖe amewo ŋu ŋuti ko evɔ o, ke eɖee fia zi gbɔ zi geɖe hã be yelɔ̃ amegbetɔwo vavã. Le kpɔɖeŋu me, esi ameha gã aɖe va ƒo ƒu nɔ to ɖom Yesu la, “woƒe nu wɔ nublanui nɛ, eye wòda gbe le woƒe dɔnɔwo ŋu.” (Mateo 14:14) Esi ŋutsu aɖe si le dɔ lém vevie la xɔe se be Yesu ate ŋu ada dɔ na ye ne enya lɔ̃ ko la, lɔlɔ̃ ʋãe wòda dɔ na ŋutsua. Yesu ƒe dɔme trɔ ɖe eŋu eye wògblɔ nɛ be, “Melɔ̃. Ŋutiwò nekɔ.” (Luka 5:12, 13) Esi Yesu kpɔ exɔlɔ̃ Maria wònɔ avi fam le nɔviaŋutsu, Lazaro, ƒe ku ta la, “eɖe hũ le gbɔgbɔ la me,” ‘exa nu vevie,’ eye ‘aɖatsi ge le mo nɛ.’ (Yohanes 11:32-36) Eyome ewɔ nane si ame aɖeke menɔ mɔ kpɔm na o​—efɔ Lazaro, si ku ŋkeke enee nye ema la, tso ku me!​—Yohanes 11:38-44.

Yesu nya nyuie be ɣeyiɣi kpuie aɖe koe nu nyui siwo yewɔ ɣemaɣi la anɔ anyi. Enya be madidi o, ame siwo katã ŋu yeda gbe le la agadze dɔ ake, eye ame siwo katã yefɔ ɖe tsitre la hã agaku ake. Yesu nyae hã be Mawu Fiaɖuƒea ye aɖe kuxi mawo katã ɖa tegbee. Esia tae Yesu menɔ nukunuwo ko wɔm o; ke eɖe gbeƒã “fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la” hã dzonɔamemetɔe. (Mateo 9:35) Nu siwo Mawu Fiaɖuƒea ava wɔ kpuie le anyigba dzi la ƒe sue aɖe koe nye ema Yesu wɔ. Kpɔ nu siwo Biblia do ŋugbe be Fiaɖuƒea ava wɔ la ɖa.

  • Bunɔ si nɔ anyi ɖe keke me tsã la le azɔli zɔm azɔ

    Lãmesẽkuxiwo maganɔ anyi o.

    “Ŋkuagbãtɔwo ƒe ŋku aʋu, eye tokunɔwo ƒe to aʋu; ekema xɔdrɔ̃wo ati kpo abe zi ene, eye aɖetututɔwo ƒe aɖe atso aseye.” Eye “duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.”​—Yesaya 33:24; 35:5, 6.

  • Wofɔ nyɔnuvi aɖe si ku la ɖe tsi tre

    Ku maganɔ anyi o.

    “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”​—Psalmo 37:29.

    “Ami ku saɖagatsi tegbee, eye Aƒetɔ Yehowa atutu aɖatsi ɖa le ŋkuwo katã me.”—Yesaya 25:8.

  • Kukuawo afɔ.

    “Ame siwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la ase eƒe gbe, eye woado go.”​—Yohanes 5:28, 29.

    “Tsitretsitsi li.”​—Dɔwɔwɔwo 24:15.

  • Amewo le xɔ tum

    Aƒemanɔamesi kple dɔmakpɔwɔe nu ayi.

    “Woatu xɔ anɔ eme, eye woade waingble aɖu eme kutsetse. Womatu xɔ ame bubu nanɔ eme o, eye womaƒã nu ame bubu naɖu o; . . . nye ame tiatiawo aɖu woawo ŋutɔ ƒe asinu- dɔwɔwɔwo.”​—Yesaya 65:21, 22.

  • Dukɔ vovovo me tɔwo le ŋutifafa vavã me kple wo nɔewo

    Aʋawɔwɔ nu ayi.

    ‘Atsi aʋawɔwɔwo nu va se ɖe anyigba ƒe mlɔenu ke.’​—Psalmo 46:10.

    “Dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ hã azɔ o.”​—Yesaya 2:4.

  • Amewo le nu vovovowo ɖum

    Nuɖuɖu abɔ.

    “Anyigba mie eƒe nukuwo. Mawu, mía Mawu la, ayra mí.”​—Psalmo 67:7.

    “Bli ado kpekpekpe le anyigba dzi kple towo tame.”​—Psalmo 72:16.

  • Ahedada maganɔ anyi o.

    “Womaŋlɔ ame dahe be ɖikaa o.”—Psalmo 9:19.

    “Aɖe ame dahe, si le ɣli dom, kple hiãtɔ, si xɔnametɔ aɖeke meli na o la. Ave hiãtɔwo kple ame dahewo nu, eye wòaɖe ame dahewo ƒe luʋɔ.”​—Psalmo 72:12, 13.

Ne èbu yayra siwo gbegbe Mawu Fiaɖuƒea ahe vɛ ŋu la, èkpɔ nu si tae Fiaɖuƒea le vevie na Yesua? Esi wònɔ anyigba dzi la, eƒoa nu tso Fiaɖuƒea ŋu na ame siwo katã di be yeaɖo toe la, elabena enyae be Fiaɖuƒea ye aɖe kuxi siwo katã doa nuxaxa na mí egbea la ɖa.

Ðe nu siwo Biblia gblɔ be Fiaɖuƒea awɔ la do dzidzɔ na wòa? Ne nenemae la, aleke nàwɔ asrɔ̃ nu geɖe tso Fiaɖuƒe ma ŋu? Eye nu kae nàwɔ be Fiaɖuƒea ƒe yayrawo nàɖe vi na wò? Nyati mamlɛtɔa aɖo biabia mawo ŋu.

a Le nyati sia me la, míeƒo nu tso Yesu ƒe nuwɔnawo ŋu abe fifiae wole dzɔdzɔm ene, elabena Yesu le agbe le dziƒo fifia, eye ɖikeke mele eme o be tso esime wòtrɔ yi dziƒo la, Fiaɖuƒea ye nye nu si ŋu eƒe dzi ku ɖo vevie.​—Luka 24:51.

b Ne èdi be yeanya nu geɖe tso nu si tae Mawu ɖe mɔ ɖe fukpekpewo ŋu na ɣeyiɣi aɖe ŋu la, kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 11 lia. Yehowa Ðasefowoe tae.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe