INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w14 10/1 axa 8-9
  • Mawu Fiaɖuƒe La—Vi Kae Wòaɖe Na Wò?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mawu Fiaɖuƒe La—Vi Kae Wòaɖe Na Wò?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mawu Fiaɖuƒe La—Nu Si Tae Wòle Vevie Na Yesu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Mawu Fiaɖuƒe
    Nyɔ!—2013
  • Tiae Be Yeade Mawu Fiaɖuƒea Dzi Fifia!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2020
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
w14 10/1 axa 8-9
Atsu kple asi aɖe le nu si Biblia fia tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu la srɔ̃m

NYATI SI LE AKPAA DZI | MAWU FIAÐUƑE LA—VI KAE WÒAÐE NA WÒ?

Mawu Fiaɖuƒe La—Vi Kae Wòaɖe Na Wò?

Ðikeke mele o be ède dzesii le nyati gbãtɔawo me be Mawu Fiaɖuƒea le vevie na Yehowa Ðasefowo ŋutɔ. Ðewohĩ yayra siwo ŋu woƒo nu tsoe, siwo Mawu Fiaɖuƒea ahe vɛ le etsɔme, la dometɔ aɖewo hã wɔ nuku na wò. Eya ta ɖewohĩ àbia ɖokuiwò be ɖe ŋugbedodo mawo gbegbe ate ŋu ava eme nyateƒe mahã.

Esɔ be èbu nuwo ŋu nenema wu be nàxɔ wo katã dzi ase ko. (Lododowo 14:15) Le mɔ aɖe nu la, míate ŋu atsɔ wò nuŋububu alea asɔ kple ale si Beroiatɔwoa wɔ nui le blema. Esi Beroiatɔwo se Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia zi gbãtɔ la, woxɔ nya la, gake womexɔe le esi wòsɔ kple nu si dim wole be yewoase ta ko o. Ke boŋ wodzro Ŋɔŋlɔawo me tsitotsito be yewoakpɔe ɖa ‘be nya siawo le eme hã.’ (Dɔwɔwɔwo 17:11) Ne míagblɔe la, efia be Beroiatɔwo tsɔ nya nyui si wose la sɔ kple nu si Ŋɔŋlɔawo gblɔ. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, wova ka ɖe edzi be nya nyui si yewose la nye nyateƒenya siwo tso Mawu ƒe Nya la me vavã.

Yehowa Ðasefowo le kpewòm be wò hã nàdzro Biblia me abe Beroiatɔwo ke ene. Adzɔ dzi na mí be míasrɔ̃ Biblia kpli wò femaxee ale be nàte ŋu atsɔ nu siwo dzi Yehowa Ðasefowo xɔ se tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu la asɔ kple nu si Biblia fia.

Menye ɖeko Biblia sɔsrɔ̃ akpe ɖe ŋuwò nànya nu si Mawu Fiaɖuƒea nye ko evɔ o, ke akpe ɖe ŋuwò hã nàkpɔ ŋuɖoɖo na agbemebiabia vevi aɖewo.

  • Afi kae míedzɔ tso?

  • Tameɖoɖo kae le agbea ŋu?

  • Nu ka ta Mawu ɖe mɔ fukpekpe li?

  • Nu kae dzɔna ɖe mía dzi ne míeku?

  • Ðe woatsrɔ̃ anyigba la?

  • Nu kae nana ƒomewo kpɔa dzidzɔ?

Ƒo wo katã ta la, Biblia sɔsrɔ̃ akpe ɖe ŋuwò ‘nàte ɖe Mawu ŋu.’ (Yakobo 4:8) Zi ale si nèle tetem ɖe Mawu ŋu la, zi nenemae nàkpɔe be Mawu Fiaɖuƒea ahe yayra geɖe vɛ na wò​—menye na ɣeyiɣi aɖe ko o, ke boŋ tegbee. Yesu ŋutɔ do gbe ɖa na Fofoa be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.”​—Yohanes 17:3, Eʋegbe Biblia.

Yehowa Ðasefowo ate ŋu azã agbalẽ sia atsɔ asrɔ̃ Biblia kpli wò.

Ne èdi be woava srɔ̃ Biblia kpli ye femaxee la, gblɔe na Yehowa Ðasefo ɖe sia ɖe, alo àte ŋu ato Internet dzi abia be woava srɔ̃ Biblia kpli ye, le www.jw.org/ee. (Kpɔ teƒe si nye BIA BE MÍAVA SRƆ̃ BIBLIA KPLI YE le Internet Nyatakakadzraɖoƒea ƒe gɔmedzeƒea)

a Beroia nye blema Makedonia ƒe dugã aɖe.

Ale Si Mawu Fiaɖuƒea Le Vevie Nɛ

Folake

Nyitsɔ laa la, wode dɔ asi na nyɔnuvi ƒe ewo vi aɖe si ŋkɔe nye Folake le suku be wòaŋlɔ nu tso nyati si nye “Nu Si Melɔ̃ Vevie Wu Le Xexe Sia Me” la ŋu. Folake tiae be yeaŋlɔ nu tso nu si tae yelɔ̃a nuƒoƒo tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu na ame bubuwo ɖo la ŋu.

Folake ŋlɔ ɖe eƒe dɔdeasia me be: “Dziɖuɖu ŋutɔŋutɔe Mawu Fiaɖuƒea nye, gake womate ŋu akpɔe kple ŋku o, eya ta màte ŋu akpɔe o​—ne èɖɔ gaŋkui gɔ̃ hã màte ŋu akpɔe o!”

Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Folake ŋlɔ nu tso yayra siwo Fiaɖuƒea ahe vɛ, siwo wòle mɔ kpɔm na vevie la ŋu. Esi wònɔ kuxi siwo Fiaɖuƒea ava ɖe ɖa dometɔ aɖewo me ɖem la, eŋlɔ bena, “Ne mekpɔ aƒemanɔamesitɔwo le ablɔwo dzi” eye ne mekpɔ be “dɔ wua ɖeviwo wokuna le xexea ƒe akpa vovovowo la, ewɔa nublanui nam ŋutɔ.” Egblɔ hã be, “Gake dzi dzɔam ne mexlẽ nya si le Yesaya 65:21.” Mawunyakpukpui ma gblɔ tso ame siwo anɔ Mawu Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te la ŋu be: “Woatu xɔ anɔ eme, eye woade waingble aɖu eme kutsetse.”

Folake gblɔ hã be yele mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me Mawu ato eƒe Fiaɖuƒea dzi aɖe dɔlélewo katã ɖa la vevie. Eyɔ nya si le Nyaɖeɖefia 21:4 si gblɔ be Mawu “[atutu] aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevesese hã maganɔ anyi o,” hã le eƒe dɔdeasia me. Le eƒe nyataƒoƒoa me la, egagblɔ ake be nuƒoƒo tso Yehowa kple eƒe Fiaɖuƒea ŋu ye nye nu si yelɔ̃ vevie wu le xexe sia me. Eme kɔ ƒãa be nyɔnuvi dzaa sia ƒe dzi ku ɖe Mawu Fiaɖuƒea ŋu vevie.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe