INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w15 2/1 axa 3
  • Ðe Dɔ Sesẽ Wɔwɔ Zu Tsigadzinua?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Dɔ Sesẽ Wɔwɔ Zu Tsigadzinua?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale Si Nàwɔ Ase Vivi Na Dɔ Sesẽ Wɔwɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Kpɔ Dzidzɔ Le Wò Dɔ Sesẽ Wɔwɔ Me
    “Minɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa”
  • Se Vivi Na Dɔ Si Nèwɔna
    Ale Si Nàwɔ Anɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa
  • Kpɔ Dzidzɔ Le Dɔ Sesẽ Siwo Nèwɔna La Ta
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ (2016)
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
w15 2/1 axa 3
Dzi ɖe le ɖekakpuia ƒo wòbɔbɔ nɔ anyi esime eƒe dɔwɔhatiwo le dɔ dzi dzidzɔtɔe

NYATI SI LE AKPAA DZI | ALE SI NÀWƆ ASE VIVI NA DƆ

Ðe Dɔ Sesẽ Wɔwɔ Zu Tsigadzinua?

Alex ɖe hũu esi wògakɔ aɖakago bubu le ʋu gã si woƒe dɔwɔƒea tsɔ fɔa agba na amewo la me, eye wòbia eɖokui be, ‘Kluvidɔ sia dzi ko nye ya manɔ ɖaa? Ɣekaɣie nye asi ava su dɔ gbagbe aɖe dzi? Ne wòanye be nyemagawɔ dɔ aɖeke le nye agbe me o la, anyo ŋutɔ.’

Abe Alex ene la, ame geɖe megakpɔa dzidzɔ ɖe dɔ sesẽ wɔwɔ ŋu egbea o. Aaron, si nye gbede la gblɔ be: “Ame geɖe gblɔna be yewomate ŋu awɔ dɔ siwo amewo buna dɔ ‘tsɛ’ la o. Eye nya si wogblɔna koe nye be: ‘Xɔɖeasi koe dɔ sia nye nam va se ɖe esime makpɔ dɔ nyui aɖe.’”

Nu ka tae ame geɖe melɔ̃a dɔ sesẽ wɔwɔ o? Ðewohĩ nya siwo wosena le nyakakamɔnuwo dzi tae, elabena wonana amewo susuna be agbe “vavã” ye nye be kesinɔnu geɖe nasu ame si eye wòaɖe dzi ɖi bɔkɔɔ. Matthew, si nye aƒemenuwo dzraɖola gblɔ be: “Amewo susuna be ne dɔ sesẽ koe nàwɔ hafi akpɔ gbe sia gbe bolo la, efia be mèkpɔ dzidzedze le agbe me o.” Shane, si nye aƒemedzraɖola hã lɔ̃ ɖe edzi be nenemae amewo susuna. Egblɔ be: “Ame aɖeke megadina be yeawɔ dɔ ŋkeke bliboa katã ahaxɔ fetu si dze nɛ o.”

Gake ame bubu siwo nu dze edzi na la lɔ̃a dɔ sesẽ wɔwɔ. Xɔtudɔwɔla si ŋkɔe nye Daniel, si xɔ ƒe 25 la, gblɔ be: “Mexɔe se be viɖe geɖe le dɔ sesẽ wɔwɔ me, vevietɔ ne taɖodzinu nyui aɖe tae wole ewɔm ɖo.” Andre, si xɔ ƒe 23 hã da asi ɖe edzi. Egblɔ be: “Mexɔe se be vivisese kple dzidzɔkpɔkpɔ kpakple dɔwɔwɔe zɔna. Menye dzidzɔkpɔkpɔ ƒe mɔe kuviawɔwɔ alo dɔmawɔmawɔ nye o, ɖeko wònana agbea va tsia ame mlɔeba!”

Aleke ame siwo le abe Daniel kple Andre ene la wɔ hafi dɔ sesẽ wɔwɔ va doa dzidzɔ na wo? Ne míagblɔe kpuie ko la, Biblia ƒe mɔfiamewo dzi wɔwɔe kpe ɖe wo ŋu. Biblia meka fu kuviawɔwɔ o, ke boŋ ɖe wògblɔ be kutrikuku kple veviedodo nyo. Ke hã menye ɖeko Biblia gblɔ be ele be míawɔ dɔ ko evɔ o, ke efia ale si míawɔ ase vivi na dɔ hã mí.

Biblia ƒe mɔfiame kawoe ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàse vivi na dɔ? Míele dzi dem ƒo na wò be nàxlẽ nu tso wo dometɔ ʋɛ aɖewo ŋu le nyati si kplɔe ɖo me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe